Jeremiah 39 (BOECS)
1 Le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia me la, Babilonia fia Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔwo katã ɖe Yerusalem ŋuti, eye wòva ɖe to ɖe du la. 2 Le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me, le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, wogbã du la ƒe gli ƒu anyi. 3 Tete Babilonia fia ƒe amegãwo katã va xɔ zi ɖe Domegbo la ƒe mɔnu. Amegãwoe nye: Nergal Sarezer si tso Samgar, Nebo Sarsekim, dɔnunɔlagã ɖeka, Nergal Sarezer, ame deŋgɔ ɖeka, hekpe ɖe Babilonia fia ƒe amegã bubuwo ŋuti. 4 Ke esi Yuda fia, Zedekia kple eŋusrafowo kpɔ wo la, wosi dzo, wodo le dua me le zãtitina, to fia la ƒe agble me, heto agbo si le gli eveawo dome eye woɖo ta Araba. 5 Ke Babilonia ƒe aʋakɔ la ti wo yome eye wova tu Zedekia le Yeriko gbegbe. Wolée hekplɔe vɛ na Babilonia fia Nebukadnezar, le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi si wobu fɔe le. 6 Le Ribla la, Babilonia fia wu Zedekia ƒe viŋutsuwo kple Yuda ƒe ame ŋkutawo katã le eƒe ŋkume. 7 Emegbe wògbã ŋku na Zedekia eye wòtsɔ akɔblikɔsɔkɔsɔ dee be wòakplɔe ayi Babilonia. 8 Babiloniatɔwo tɔ dzo fiasã la kple amewo ƒe aƒewo eye womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi. 9 Aʋafia Nebuzaradan kplɔ ame siwo susɔ ɖe Yerusalem, ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na wo kple ame mamlɛawo katã yi aboyo mee le Babilonia. 10 Ke aʋafia Nebuzaradan gblẽ ame dahe aɖewo ɖe Yudanyigba dzi, ame siwo si naneke mele o eye ɣe ma ɣi etsɔ waingblewo kple agblenyigbawo na wo. 11 Ke azɔ la Babilonia fia, Nebukadnezar, de se sia le Yeremia ŋuti to aʋafia Nebuzaradan dzi be, 12 “Kplɔe eye nàkpɔ edzi, mègawɔ vɔ̃ aɖekee o, ke boŋ wɔ nu sia nu si wòabia la nɛ.” 13 Ale aʋafia, Nebuzaradan, dɔnunɔla, Nebusazban, bubume Nergal Sarezer kple Babilonia fia ƒe amegã bubuwo 14 dɔ amewo ɖe Yeremia gbɔ, eye woɖee le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu. Wokplɔe de asi na Ahikam ƒe vi, Gedalia kple Safan ƒe vi be wòakplɔe ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe mee. Ale wòyi ɖanɔ eya ŋutɔ ƒe amewo dome. 15 Ke esi Yeremia gale dzɔlawo ƒe xɔxɔm ko la, Yehowa ƒe gbe va nɛ be: 16 “Yi nàgblɔ na Kusitɔ, Ebed Melek be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa mana nye nyawo nava eme ɖe du sia ŋuti to gbegblẽ me, menye to dzidzedze me o. Mana woava eme le ŋkuwòme le ɣe ma ɣi me. 17 Gake maɖe wò gbe ma gbe eye womatsɔ wò ade asi na ame siwo vɔ̃m nèle la o. Yehowae gblɔe. 18 Maɖe wò agbe elabena ètsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe dzinye. Yehowae gblɔe.’ ”
In Other Versions
Jeremiah 39 in the ANGEFD
Jeremiah 39 in the ANTPNG2D
Jeremiah 39 in the AS21
Jeremiah 39 in the BAGH
Jeremiah 39 in the BBPNG
Jeremiah 39 in the BBT1E
Jeremiah 39 in the BDS
Jeremiah 39 in the BEV
Jeremiah 39 in the BHAD
Jeremiah 39 in the BIB
Jeremiah 39 in the BLPT
Jeremiah 39 in the BNT
Jeremiah 39 in the BNTABOOT
Jeremiah 39 in the BNTLV
Jeremiah 39 in the BOATCB
Jeremiah 39 in the BOATCB2
Jeremiah 39 in the BOBCV
Jeremiah 39 in the BOCNT
Jeremiah 39 in the BOGWICC
Jeremiah 39 in the BOHCB
Jeremiah 39 in the BOHCV
Jeremiah 39 in the BOHLNT
Jeremiah 39 in the BOHNTLTAL
Jeremiah 39 in the BOICB
Jeremiah 39 in the BOILNTAP
Jeremiah 39 in the BOITCV
Jeremiah 39 in the BOKCV
Jeremiah 39 in the BOKCV2
Jeremiah 39 in the BOKHWOG
Jeremiah 39 in the BOKSSV
Jeremiah 39 in the BOLCB
Jeremiah 39 in the BOLCB2
Jeremiah 39 in the BOMCV
Jeremiah 39 in the BONAV
Jeremiah 39 in the BONCB
Jeremiah 39 in the BONLT
Jeremiah 39 in the BONUT2
Jeremiah 39 in the BOPLNT
Jeremiah 39 in the BOSCB
Jeremiah 39 in the BOSNC
Jeremiah 39 in the BOTLNT
Jeremiah 39 in the BOVCB
Jeremiah 39 in the BOYCB
Jeremiah 39 in the BPBB
Jeremiah 39 in the BPH
Jeremiah 39 in the BSB
Jeremiah 39 in the CCB
Jeremiah 39 in the CUV
Jeremiah 39 in the CUVS
Jeremiah 39 in the DBT
Jeremiah 39 in the DGDNT
Jeremiah 39 in the DHNT
Jeremiah 39 in the DNT
Jeremiah 39 in the ELBE
Jeremiah 39 in the EMTV
Jeremiah 39 in the ESV
Jeremiah 39 in the FBV
Jeremiah 39 in the FEB
Jeremiah 39 in the GGMNT
Jeremiah 39 in the GNT
Jeremiah 39 in the HARY
Jeremiah 39 in the HNT
Jeremiah 39 in the IRVA
Jeremiah 39 in the IRVB
Jeremiah 39 in the IRVG
Jeremiah 39 in the IRVH
Jeremiah 39 in the IRVK
Jeremiah 39 in the IRVM
Jeremiah 39 in the IRVM2
Jeremiah 39 in the IRVO
Jeremiah 39 in the IRVP
Jeremiah 39 in the IRVT
Jeremiah 39 in the IRVT2
Jeremiah 39 in the IRVU
Jeremiah 39 in the ISVN
Jeremiah 39 in the JSNT
Jeremiah 39 in the KAPI
Jeremiah 39 in the KBT1ETNIK
Jeremiah 39 in the KBV
Jeremiah 39 in the KJV
Jeremiah 39 in the KNFD
Jeremiah 39 in the LBA
Jeremiah 39 in the LBLA
Jeremiah 39 in the LNT
Jeremiah 39 in the LSV
Jeremiah 39 in the MAAL
Jeremiah 39 in the MBV
Jeremiah 39 in the MBV2
Jeremiah 39 in the MHNT
Jeremiah 39 in the MKNFD
Jeremiah 39 in the MNG
Jeremiah 39 in the MNT
Jeremiah 39 in the MNT2
Jeremiah 39 in the MRS1T
Jeremiah 39 in the NAA
Jeremiah 39 in the NASB
Jeremiah 39 in the NBLA
Jeremiah 39 in the NBS
Jeremiah 39 in the NBVTP
Jeremiah 39 in the NET2
Jeremiah 39 in the NIV11
Jeremiah 39 in the NNT
Jeremiah 39 in the NNT2
Jeremiah 39 in the NNT3
Jeremiah 39 in the PDDPT
Jeremiah 39 in the PFNT
Jeremiah 39 in the RMNT
Jeremiah 39 in the SBIAS
Jeremiah 39 in the SBIBS
Jeremiah 39 in the SBIBS2
Jeremiah 39 in the SBICS
Jeremiah 39 in the SBIDS
Jeremiah 39 in the SBIGS
Jeremiah 39 in the SBIHS
Jeremiah 39 in the SBIIS
Jeremiah 39 in the SBIIS2
Jeremiah 39 in the SBIIS3
Jeremiah 39 in the SBIKS
Jeremiah 39 in the SBIKS2
Jeremiah 39 in the SBIMS
Jeremiah 39 in the SBIOS
Jeremiah 39 in the SBIPS
Jeremiah 39 in the SBISS
Jeremiah 39 in the SBITS
Jeremiah 39 in the SBITS2
Jeremiah 39 in the SBITS3
Jeremiah 39 in the SBITS4
Jeremiah 39 in the SBIUS
Jeremiah 39 in the SBIVS
Jeremiah 39 in the SBT
Jeremiah 39 in the SBT1E
Jeremiah 39 in the SCHL
Jeremiah 39 in the SNT
Jeremiah 39 in the SUSU
Jeremiah 39 in the SUSU2
Jeremiah 39 in the SYNO
Jeremiah 39 in the TBIAOTANT
Jeremiah 39 in the TBT1E
Jeremiah 39 in the TBT1E2
Jeremiah 39 in the TFTIP
Jeremiah 39 in the TFTU
Jeremiah 39 in the TGNTATF3T
Jeremiah 39 in the THAI
Jeremiah 39 in the TNFD
Jeremiah 39 in the TNT
Jeremiah 39 in the TNTIK
Jeremiah 39 in the TNTIL
Jeremiah 39 in the TNTIN
Jeremiah 39 in the TNTIP
Jeremiah 39 in the TNTIZ
Jeremiah 39 in the TOMA
Jeremiah 39 in the TTENT
Jeremiah 39 in the UBG
Jeremiah 39 in the UGV
Jeremiah 39 in the UGV2
Jeremiah 39 in the UGV3
Jeremiah 39 in the VBL
Jeremiah 39 in the VDCC
Jeremiah 39 in the YALU
Jeremiah 39 in the YAPE
Jeremiah 39 in the YBVTP
Jeremiah 39 in the ZBP