Jeremiah 44 (BOECS)

1 Nya sia va na Yeremia tso Yudatɔ siwo katã le Egipte ƒe anyigbe, le Migdol, Tapanhes, Memfis kple Egipte ƒe dzigbe be, 2 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miekpɔ gbegblẽ gã si mehe va Yerusalem kple Yuda duwo katã dzi. Egbe la, wozu aƒedo siwo me ame aɖeke mele o, 3 ɖe nu vɔ̃ɖi si wowɔ la ta. Wodo dziku nam vevie elabena wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na gbetsiwo eye wode ta agu na mawu tutɔ siwo woawo ŋutɔwo loo, alo miawo alo wo fofowo menya kpɔ o. 4 Zi geɖe meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe wo, ame siwo gblɔ na wo be, ‘Migawɔ ŋunyɔnu si metsri vevie la o!’ 5 Ke womeɖo to alo tsɔ ɖeke le eme o; Womeɖe asi le woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ ŋu alo dzudzɔ dzudzɔʋeʋĩdodo na mawu tutɔwo o, 6 eya ta metrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la kɔ ɖi eye wòbi le Yuda ƒe duwo kple Yerusalem kpɔdomewo, hewɔ wo wozu aƒedo abe ale si miele ekpɔm egbea ene. 7 “Azɔ la, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Nu ka ta miehe gbegblẽ gã sia va mia ɖokuiwo dzi, be mieɖe ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩwo ɖa le Yuda eye miegble ɖeke ɖi na mia ɖokuiwo o? 8 Nu ka wɔ mietsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔwo do dziku nam, eye miedo dzudzɔʋeʋĩ na Egipte mawu tutɔwo, afi si mieva be mianɔ? Miele mia ɖokuiwo dome gblẽ ge, ahawɔe be miazu ɖiŋudonu kple ŋunyɔnu le anyigbadzidukɔwo katã dome. 9 Ɖe mieŋlɔ nu vɔ̃ɖi si mia fofowo, Yuda fiawo kple fiasrɔ̃wo wɔ kple nu vɔ̃ɖi siwo miawo kple mia srɔ̃wo miewɔ le Yudanyigba dzi kple Yerusalem kpɔdomewo bea? 10 Va se ɖe egbe sia womebɔbɔ wo ɖokuiwo, de bubu ŋunye loo, alo wɔ nye sewo kple ɖoɖo siwo metsɔ ɖo mi kple mia fofowo ŋkume la dzi o. 11 “Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Meɖoe kplikpaa be, mahe dzɔgbevɔ̃e va mia dzi, eye matsrɔ̃ Yuda katã. 12 Makplɔ Yuda ƒe ame mamlɛ siwo ɖoe be yewoayi aɖanɔ Egipte godoo la adzoe. Wo katã woatsrɔ̃ ɖe Egipte; woatsi yi nu loo, alo aku ɖe dɔwuame ƒe asi me. Tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi la, woatsi yi nu alo aku ɖe dɔwuame ƒe asi me. Woazu ɖiŋudonu, ŋɔdzinu, fiƒodenu kple fewuɖunu. 13 Matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ahe toe na ame siwo le Egipte abe ale si mehe toe na Yerusalem nɔlawo ene. 14 Yuda ƒe ame mamlɛ siwo si yi ɖe Egipte la dometɔ aɖeke masi alo atsi agbe be wòatrɔ ayi ɖe Yudanyigba dzi, afi si ŋu woƒe dzi ku ɖo vevie be woaɖanɔ o; ame aɖeke matrɔ agbɔ o, negbe aʋasila aɖewo ko.” 15 Tete ŋutsu siwo katã nya be yewo srɔ̃wo le dzudzɔ ʋeʋĩ dom na mawu tutɔwo, kpe ɖe nyɔnuawo katã ŋuti, wonye ameha gã aɖe ŋutɔ eye ame siwo katã le Egipte ƒe anyigbe kple dzigbe kpe ɖe wo ŋuti wova gblɔ na Yeremia bena, 16 “Míaɖo to nya si nègblɔ na mí le Yehowa ŋkɔ me la o! 17 Ke boŋ míawɔ nu sia nu si míegblɔ be míawɔ, míado dzudzɔʋeʋĩ na Dziƒofianyɔnu, eye míaƒo aha ɖi nɛ abe ale si ko mía fofowo, míaƒe fiawo kple dumegãwo wɔe le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdomewo ene. Le ɣe ma ɣi la, nuɖuɖu geɖe nɔ mía si, agbe hã dze dzi na mí nyuie eye míekpe hiã aɖeke o. 18 Gake tso esime míedzudzɔ dzudzɔdodo na Dziƒofianyɔnu la kple ahaƒoƒo ɖe anyi nɛ la, naneke megadzea edzi na mí o, eye míele tsɔtsrɔ̃m ɖe yi kple dɔwuame ƒe asi me boŋ.” 19 Nyɔnuawo gblɔ kpe ɖe ŋu be, “Esi míedoa dzudzɔ na Dziƒofianyɔnu la eye míeƒoa aha ɖi nɛ la, mía srɔ̃ŋutsuwo menya hã be míemea akpɔnɔ vivi si míewɔ ɖe eƒe nɔnɔme me la heƒoa aha ɖi nɛ oa?” 20 Tete Yeremia gblɔ na ameawo katã, ŋutsu kple nyɔnu siwo le nya ŋu ɖom nɛ la be, 21 “Ɖe Yehowa meɖo ŋku edzi eye wòbu dzudzɔ ʋeʋĩ si miawo ŋutɔ, mia fofowo, miaƒe fiawo, miaƒe dumegãwo kple anyigbadzitɔwo dona le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdomewo ŋuti oa? 22 Esi Yehowa magate ŋu atsɔ miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo kple miaƒe ŋunyɔnu siwo miewɔ o ta la, miaƒe anyigba zu ɖiŋudonu, aƒedo kple gbegbe eye amewo meganɔ dzi o, abe ale si wòle egbea ene. 23 Esi miedo dzudzɔ ʋeʋĩ, hewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu eye mieɖo toe alo wɔ eƒe sewo, ɖoɖowo kple dɔdeasiwo dzi o tae dzɔgbevɔ̃e sia va mia dzi ɖo, abe ale si miele ekpɔm egbea ene.” 24 Emegbe Yeremia gblɔ na ameha la katã kple nyɔnuwo siaa be, “Mi Yudatɔ siwo katã le Egiptenyigba dzi, mise Yehowa ƒe nya. 25 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miawo ŋutɔ kple mia srɔ̃nyɔnuwo, to miaƒe nuwɔnawo me, ɖe ŋugbe si miedo la fia, esi miegblɔ be, míawɔ adzɔgbe si míeɖe be míado dzudzɔ ʋeʋĩ, aƒo aha ɖi na Dziƒofianyɔnu la dzi godoo.’“Eya ta, miyi edzi, miwɔ ɖe miaƒe ŋugbedodowo dzi! Milé miaƒe adzɔgbeɖeɖewo me ɖe asi! 26 Gake mise Yehowa ƒe nya, mi Yudatɔ siwo katã le Egiptenyigba dzi: ‘Yehowa be, meta nye ŋkɔ gã la be, Yudatɔ siwo kaka ɖe Egiptenyigba dzi ƒe ɖeke magayɔ nye ŋkɔ alo aka atam be, “Meta Aƒetɔ Yehowa ƒe agbe” o, 27 elabena nye ŋku le wo ŋuti hena vɔ̃, menye nyui o. Yudatɔ siwo le Egipte la atsrɔ̃ ɖe yi kple dɔwuame ƒe asi me va se ɖe esime wo katã woavɔ. 28 Ame siwo asi le yi nu le Egipte atrɔ ayi Yudanyigba dzi la anɔ ʋɛe ko, ekema Yuda ƒe ame mamlɛawo katã, ame siwo va Egipte nɔ ge la, anya ame si ƒe nya le eteƒe, tɔnye loo, alo wo tɔ.’ 29 “Yehowa be, ‘Esia anye dzesi na mi be mele to he ge na mi le teƒe sia, ale be mianya be nye atam si meka be mawɔ vɔ̃ mi la anɔ edzi godoo.’ 30 Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matsɔ Farao Hofra, Egipte fia ade asi na eƒe futɔ siwo le eƒe agbe yome tim, abe ale si metsɔ Yuda fia Zedekia de asi na Babilonia fia Nebukadnezar si nye eƒe futɔ si le eƒe agbe yome tim la ene.’ ”

In Other Versions

Jeremiah 44 in the ANGEFD

Jeremiah 44 in the ANTPNG2D

Jeremiah 44 in the AS21

Jeremiah 44 in the BAGH

Jeremiah 44 in the BBPNG

Jeremiah 44 in the BBT1E

Jeremiah 44 in the BDS

Jeremiah 44 in the BEV

Jeremiah 44 in the BHAD

Jeremiah 44 in the BIB

Jeremiah 44 in the BLPT

Jeremiah 44 in the BNT

Jeremiah 44 in the BNTABOOT

Jeremiah 44 in the BNTLV

Jeremiah 44 in the BOATCB

Jeremiah 44 in the BOATCB2

Jeremiah 44 in the BOBCV

Jeremiah 44 in the BOCNT

Jeremiah 44 in the BOGWICC

Jeremiah 44 in the BOHCB

Jeremiah 44 in the BOHCV

Jeremiah 44 in the BOHLNT

Jeremiah 44 in the BOHNTLTAL

Jeremiah 44 in the BOICB

Jeremiah 44 in the BOILNTAP

Jeremiah 44 in the BOITCV

Jeremiah 44 in the BOKCV

Jeremiah 44 in the BOKCV2

Jeremiah 44 in the BOKHWOG

Jeremiah 44 in the BOKSSV

Jeremiah 44 in the BOLCB

Jeremiah 44 in the BOLCB2

Jeremiah 44 in the BOMCV

Jeremiah 44 in the BONAV

Jeremiah 44 in the BONCB

Jeremiah 44 in the BONLT

Jeremiah 44 in the BONUT2

Jeremiah 44 in the BOPLNT

Jeremiah 44 in the BOSCB

Jeremiah 44 in the BOSNC

Jeremiah 44 in the BOTLNT

Jeremiah 44 in the BOVCB

Jeremiah 44 in the BOYCB

Jeremiah 44 in the BPBB

Jeremiah 44 in the BPH

Jeremiah 44 in the BSB

Jeremiah 44 in the CCB

Jeremiah 44 in the CUV

Jeremiah 44 in the CUVS

Jeremiah 44 in the DBT

Jeremiah 44 in the DGDNT

Jeremiah 44 in the DHNT

Jeremiah 44 in the DNT

Jeremiah 44 in the ELBE

Jeremiah 44 in the EMTV

Jeremiah 44 in the ESV

Jeremiah 44 in the FBV

Jeremiah 44 in the FEB

Jeremiah 44 in the GGMNT

Jeremiah 44 in the GNT

Jeremiah 44 in the HARY

Jeremiah 44 in the HNT

Jeremiah 44 in the IRVA

Jeremiah 44 in the IRVB

Jeremiah 44 in the IRVG

Jeremiah 44 in the IRVH

Jeremiah 44 in the IRVK

Jeremiah 44 in the IRVM

Jeremiah 44 in the IRVM2

Jeremiah 44 in the IRVO

Jeremiah 44 in the IRVP

Jeremiah 44 in the IRVT

Jeremiah 44 in the IRVT2

Jeremiah 44 in the IRVU

Jeremiah 44 in the ISVN

Jeremiah 44 in the JSNT

Jeremiah 44 in the KAPI

Jeremiah 44 in the KBT1ETNIK

Jeremiah 44 in the KBV

Jeremiah 44 in the KJV

Jeremiah 44 in the KNFD

Jeremiah 44 in the LBA

Jeremiah 44 in the LBLA

Jeremiah 44 in the LNT

Jeremiah 44 in the LSV

Jeremiah 44 in the MAAL

Jeremiah 44 in the MBV

Jeremiah 44 in the MBV2

Jeremiah 44 in the MHNT

Jeremiah 44 in the MKNFD

Jeremiah 44 in the MNG

Jeremiah 44 in the MNT

Jeremiah 44 in the MNT2

Jeremiah 44 in the MRS1T

Jeremiah 44 in the NAA

Jeremiah 44 in the NASB

Jeremiah 44 in the NBLA

Jeremiah 44 in the NBS

Jeremiah 44 in the NBVTP

Jeremiah 44 in the NET2

Jeremiah 44 in the NIV11

Jeremiah 44 in the NNT

Jeremiah 44 in the NNT2

Jeremiah 44 in the NNT3

Jeremiah 44 in the PDDPT

Jeremiah 44 in the PFNT

Jeremiah 44 in the RMNT

Jeremiah 44 in the SBIAS

Jeremiah 44 in the SBIBS

Jeremiah 44 in the SBIBS2

Jeremiah 44 in the SBICS

Jeremiah 44 in the SBIDS

Jeremiah 44 in the SBIGS

Jeremiah 44 in the SBIHS

Jeremiah 44 in the SBIIS

Jeremiah 44 in the SBIIS2

Jeremiah 44 in the SBIIS3

Jeremiah 44 in the SBIKS

Jeremiah 44 in the SBIKS2

Jeremiah 44 in the SBIMS

Jeremiah 44 in the SBIOS

Jeremiah 44 in the SBIPS

Jeremiah 44 in the SBISS

Jeremiah 44 in the SBITS

Jeremiah 44 in the SBITS2

Jeremiah 44 in the SBITS3

Jeremiah 44 in the SBITS4

Jeremiah 44 in the SBIUS

Jeremiah 44 in the SBIVS

Jeremiah 44 in the SBT

Jeremiah 44 in the SBT1E

Jeremiah 44 in the SCHL

Jeremiah 44 in the SNT

Jeremiah 44 in the SUSU

Jeremiah 44 in the SUSU2

Jeremiah 44 in the SYNO

Jeremiah 44 in the TBIAOTANT

Jeremiah 44 in the TBT1E

Jeremiah 44 in the TBT1E2

Jeremiah 44 in the TFTIP

Jeremiah 44 in the TFTU

Jeremiah 44 in the TGNTATF3T

Jeremiah 44 in the THAI

Jeremiah 44 in the TNFD

Jeremiah 44 in the TNT

Jeremiah 44 in the TNTIK

Jeremiah 44 in the TNTIL

Jeremiah 44 in the TNTIN

Jeremiah 44 in the TNTIP

Jeremiah 44 in the TNTIZ

Jeremiah 44 in the TOMA

Jeremiah 44 in the TTENT

Jeremiah 44 in the UBG

Jeremiah 44 in the UGV

Jeremiah 44 in the UGV2

Jeremiah 44 in the UGV3

Jeremiah 44 in the VBL

Jeremiah 44 in the VDCC

Jeremiah 44 in the YALU

Jeremiah 44 in the YAPE

Jeremiah 44 in the YBVTP

Jeremiah 44 in the ZBP