Jeremiah 5 (BOECS)

1 “Mizɔ to Yerusalem ƒe kpɔdomewo,mitsa ŋku le teƒeteƒewo ne miabu eŋutieye miatsa to eƒe ablɔwo dzi.Ne miate ŋu akpɔ ame ɖeka teti si awɔ nu anukwaretɔe eye wòati nyateƒe ko yome la, matsɔe ake du sia. 2 Togbɔ be wogblɔ be,‘Meta Yehowa ƒe agbe’ hã la,wole nu tam alakpatɔe kokoko.” 3 O Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa?ȃo wo gake womese veve o,ègbã wo nyanyanya gake womese veve o,ègbã wo nyanyanya gake wogbe ɖɔɖɔɖowɔwɔ.Wowɔ woƒe mo wòsẽ wu kpe eye wogbe dzimetɔtrɔ. 4 Mebui be,“Ame siawo la, ame dahewo ko wonye.Wonye movitɔwo hã elabena womenya Yehowa ƒe mɔkple woƒe Mawu la ƒe didiwo o. 5 Eya ta mayi ɖe woƒe kplɔlawo gbɔ, aƒo nu na wo;woawo ya nya Yehowa ƒe mɔkple woƒe Mawu la ƒe didiwo godoo.”Gake woawo hã tsɔ lɔlɔ̃nu ɖeka ŋe kɔkuti la ɖaeye wotu kɔsasawo. 6 Eya ta dzata ado tso ave me ava dze wo dzi,amegaxi ado tso gbegbe avuvu wo,eye lãkle ava de xa ɖe woƒe duwo ƒe gbɔto, bewòavuvu ame si ake atse ado go la ʋayaʋaya,elabena woƒe aglãdzedze lolo, eye woƒe megbededewo sɔ gbɔ. 7 “Nu ka ta matsɔe ake mi ɖo?Mia viwo gbem, eye wota mawusiwo menye mawu otogbɔ be mekpɔ woƒe hiahiãwo katã gbɔ na wo hã la,wogayi ɖawɔ ahasi, eye woƒo ta kpli ɖe gboloxɔwo me. 8 Woɖi ƒo nyuie abe sɔtsu siwo le asi yɔm la ene,ɖe sia ɖe le gbe tem ɖe ame bubu srɔ̃ ŋu. 9 Ɖe mele be mahe to na wo ɖe esia ta oa?Ɖe nyemabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?”Yehowae gblɔe. 10 “Mige ɖe eƒe waingblewo meeye mialã woƒe wainkawo.Ke migagblẽ wo gbidigbidi o.Milã alɔwo elabena dukɔ sia menye Yehowa tɔ o. 11 Israel kple Yuda ƒe aƒewo meto nyateƒe nam kura o.”Yehowae gblɔe. 12 Woda alakpa tso Yehowa ŋu hegblɔ bena,“Mawɔ naneke o!Vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o eye míakpɔ dɔwuamealo yi ƒe ŋkume gbeɖe o. 13 Nyagblɔɖilawo la,ya ko wonye eye nya la mele wo me o,eya ta, na woawɔ nu si wogblɔ la na wo.” 14 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Esi dukɔ la gblɔ nya siawo ta la,mawɔ nye nya la wòazu dzo bibi anɔ wò nu meeye dukɔ la anye nake si wòabi.” 15 Yehowa be, “O Israel ƒe aƒe,mele dukɔ aɖe kplɔ ge atso didiƒe ava ƒo ɖe dziwò, blemadukɔ si li tegbee, dukɔ si ƒe gbegbɔgblɔ mènya o,eye mèse egɔme hã o. 16 Woƒe daku le abe yɔdo si le nuvo la ene.Wo katã wonye aʋawɔla kalẽtɔwo. 17 Woava ɖu wò agblemenukuwo kple wò nuɖuɖu,woaɖu viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo.Woaɖu wò alẽhawo kple nyihawo,eye woaɖu wò waintsetsewo kple gbotiwo.Woatsɔ yi agblẽ wò du sesẽ siwo ŋu nèle ŋu ɖom ɖo.” 18 Yehowa be, “Ke le ɣe ma ɣi hã la, nyematsrɔ̃ mi gbidigbidi o. 19 Ale be ne amewo bia be, ‘Nu ka ta Yehowa, míaƒe Mawu la wɔ esiawo ɖe mía ŋu hã?’ la, miagblɔ na wo be, ‘Esi miegbem hesubɔ dutamawuwo le wò ŋutɔ wò anyigba dzi ta la, azɔ la mianye kluviwo na dutatɔwo le anyigba si menye mia tɔ o la dzi.’ 20 “Ɖe gbeƒã nya sia na Yakob ƒe aƒe laeye nàdo kpo le Yuda. 21 ‘Mise nya sia, mi bometsilawo kple susumanɔsitɔwo,ame siwo ŋku li na, gake womekpɔa nu o,ame siwo to li na, gake womesea nu o.’ 22 Yehowa be, ‘Ɖe mele be miavɔ̃m oa?Mewɔ ke be wòado liƒo na atsiaƒu,wòanye dɛ mavɔ si nu mate ŋu atso o.Ƒutsotsoewo aŋe aƒo ɖe eŋu gake womate ŋui o.Woadze agbo gake womate ŋui o.Woadze agbo gake womate ŋu agbɔ liƒoa ŋu o. 23 Ke dukɔ sia la, dzi sesẽ,dzeaglãe li na wo.Wodze ɖe aga, eye wotra mɔ.’ 24 Womegblɔna na wo nɔewo be,‘Mina míavɔ̃ Yehowa, míaƒe Mawu la,ame si naa adametsi kple kelemetsi dzana na míle edzaɣi eye wòkana ɖe nuŋeɣi ƒekɔsiɖawo dzi na mí’ la o. 25 Miaƒe nu tovowo wɔwɔe xe mɔ na nu siawo katã,eye miaƒe nu vɔ̃wo te nu nyuiwo mi. 26 “Ame vɔ̃ɖiwo le nye dukɔ me,ame siwo de xa abe ale si ŋutsusiwo trea mɔ na xeviwo wɔnɛ eneeye wole abe ŋutsu siwo trea mɔ na amewo ene. 27 Abe ale si xeviwo yɔa xadzanu fũu ene la,nenema woƒe aƒewo yɔ taŋ kple beble.Ale wova zu kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo, 28 eye woda ami hezrɔ̃ lãlãlã.Seɖoƒe meli na woƒe nu tovowo wɔwɔ o,womexɔa nya ɖe tsyɔ̃eviwo nu be woaɖu dzi o,eye womeʋlia ame dahewo ƒe ablɔɖevinyenye ta o.” 29 Yehowa be,“Ɖe nyemahe to na wo le esia ta oa?Ɖe nyemabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa? 30 “Ŋɔdzinu kple dzigbãnu aɖe dzɔ le anyigba dzi. 31 Nyagblɔɖilawo gblɔ aʋatsonyawo ɖi.Nunɔlawo le nuwo wɔm le woawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ meeye wòdze nye dukɔ ŋu alea.Ke nu ka nàwɔ le nuwuwu?”

In Other Versions

Jeremiah 5 in the ANGEFD

Jeremiah 5 in the ANTPNG2D

Jeremiah 5 in the AS21

Jeremiah 5 in the BAGH

Jeremiah 5 in the BBPNG

Jeremiah 5 in the BBT1E

Jeremiah 5 in the BDS

Jeremiah 5 in the BEV

Jeremiah 5 in the BHAD

Jeremiah 5 in the BIB

Jeremiah 5 in the BLPT

Jeremiah 5 in the BNT

Jeremiah 5 in the BNTABOOT

Jeremiah 5 in the BNTLV

Jeremiah 5 in the BOATCB

Jeremiah 5 in the BOATCB2

Jeremiah 5 in the BOBCV

Jeremiah 5 in the BOCNT

Jeremiah 5 in the BOGWICC

Jeremiah 5 in the BOHCB

Jeremiah 5 in the BOHCV

Jeremiah 5 in the BOHLNT

Jeremiah 5 in the BOHNTLTAL

Jeremiah 5 in the BOICB

Jeremiah 5 in the BOILNTAP

Jeremiah 5 in the BOITCV

Jeremiah 5 in the BOKCV

Jeremiah 5 in the BOKCV2

Jeremiah 5 in the BOKHWOG

Jeremiah 5 in the BOKSSV

Jeremiah 5 in the BOLCB

Jeremiah 5 in the BOLCB2

Jeremiah 5 in the BOMCV

Jeremiah 5 in the BONAV

Jeremiah 5 in the BONCB

Jeremiah 5 in the BONLT

Jeremiah 5 in the BONUT2

Jeremiah 5 in the BOPLNT

Jeremiah 5 in the BOSCB

Jeremiah 5 in the BOSNC

Jeremiah 5 in the BOTLNT

Jeremiah 5 in the BOVCB

Jeremiah 5 in the BOYCB

Jeremiah 5 in the BPBB

Jeremiah 5 in the BPH

Jeremiah 5 in the BSB

Jeremiah 5 in the CCB

Jeremiah 5 in the CUV

Jeremiah 5 in the CUVS

Jeremiah 5 in the DBT

Jeremiah 5 in the DGDNT

Jeremiah 5 in the DHNT

Jeremiah 5 in the DNT

Jeremiah 5 in the ELBE

Jeremiah 5 in the EMTV

Jeremiah 5 in the ESV

Jeremiah 5 in the FBV

Jeremiah 5 in the FEB

Jeremiah 5 in the GGMNT

Jeremiah 5 in the GNT

Jeremiah 5 in the HARY

Jeremiah 5 in the HNT

Jeremiah 5 in the IRVA

Jeremiah 5 in the IRVB

Jeremiah 5 in the IRVG

Jeremiah 5 in the IRVH

Jeremiah 5 in the IRVK

Jeremiah 5 in the IRVM

Jeremiah 5 in the IRVM2

Jeremiah 5 in the IRVO

Jeremiah 5 in the IRVP

Jeremiah 5 in the IRVT

Jeremiah 5 in the IRVT2

Jeremiah 5 in the IRVU

Jeremiah 5 in the ISVN

Jeremiah 5 in the JSNT

Jeremiah 5 in the KAPI

Jeremiah 5 in the KBT1ETNIK

Jeremiah 5 in the KBV

Jeremiah 5 in the KJV

Jeremiah 5 in the KNFD

Jeremiah 5 in the LBA

Jeremiah 5 in the LBLA

Jeremiah 5 in the LNT

Jeremiah 5 in the LSV

Jeremiah 5 in the MAAL

Jeremiah 5 in the MBV

Jeremiah 5 in the MBV2

Jeremiah 5 in the MHNT

Jeremiah 5 in the MKNFD

Jeremiah 5 in the MNG

Jeremiah 5 in the MNT

Jeremiah 5 in the MNT2

Jeremiah 5 in the MRS1T

Jeremiah 5 in the NAA

Jeremiah 5 in the NASB

Jeremiah 5 in the NBLA

Jeremiah 5 in the NBS

Jeremiah 5 in the NBVTP

Jeremiah 5 in the NET2

Jeremiah 5 in the NIV11

Jeremiah 5 in the NNT

Jeremiah 5 in the NNT2

Jeremiah 5 in the NNT3

Jeremiah 5 in the PDDPT

Jeremiah 5 in the PFNT

Jeremiah 5 in the RMNT

Jeremiah 5 in the SBIAS

Jeremiah 5 in the SBIBS

Jeremiah 5 in the SBIBS2

Jeremiah 5 in the SBICS

Jeremiah 5 in the SBIDS

Jeremiah 5 in the SBIGS

Jeremiah 5 in the SBIHS

Jeremiah 5 in the SBIIS

Jeremiah 5 in the SBIIS2

Jeremiah 5 in the SBIIS3

Jeremiah 5 in the SBIKS

Jeremiah 5 in the SBIKS2

Jeremiah 5 in the SBIMS

Jeremiah 5 in the SBIOS

Jeremiah 5 in the SBIPS

Jeremiah 5 in the SBISS

Jeremiah 5 in the SBITS

Jeremiah 5 in the SBITS2

Jeremiah 5 in the SBITS3

Jeremiah 5 in the SBITS4

Jeremiah 5 in the SBIUS

Jeremiah 5 in the SBIVS

Jeremiah 5 in the SBT

Jeremiah 5 in the SBT1E

Jeremiah 5 in the SCHL

Jeremiah 5 in the SNT

Jeremiah 5 in the SUSU

Jeremiah 5 in the SUSU2

Jeremiah 5 in the SYNO

Jeremiah 5 in the TBIAOTANT

Jeremiah 5 in the TBT1E

Jeremiah 5 in the TBT1E2

Jeremiah 5 in the TFTIP

Jeremiah 5 in the TFTU

Jeremiah 5 in the TGNTATF3T

Jeremiah 5 in the THAI

Jeremiah 5 in the TNFD

Jeremiah 5 in the TNT

Jeremiah 5 in the TNTIK

Jeremiah 5 in the TNTIL

Jeremiah 5 in the TNTIN

Jeremiah 5 in the TNTIP

Jeremiah 5 in the TNTIZ

Jeremiah 5 in the TOMA

Jeremiah 5 in the TTENT

Jeremiah 5 in the UBG

Jeremiah 5 in the UGV

Jeremiah 5 in the UGV2

Jeremiah 5 in the UGV3

Jeremiah 5 in the VBL

Jeremiah 5 in the VDCC

Jeremiah 5 in the YALU

Jeremiah 5 in the YAPE

Jeremiah 5 in the YBVTP

Jeremiah 5 in the ZBP