John 1 (BOECS)

1 Le gɔmedzedzea me la, Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya lae nye Mawu. 2 Eli kple Mawu le gɔmedzedzea me. 3 To eya me wowɔ nuwo katã, eye eya manɔmee la, womewɔ naneke si wowɔ la o. 4 Eya me agbe le, eye agbe siae nye amegbetɔwo ƒe kekeli. 5 Kekeli la klẽ ɖe viviti me, eye viviti la mete ŋu ɖu edzi o. 6 Ame aɖe va dzɔ si Mawu dɔ ɖo ɖa. Eŋkɔe nye Yohanes. 7 Ame sia va be yeaɖi ɖase tso kekeli la ŋu, ale be to eya dzi la, amewo katã naxɔe ase. 8 Menye Yohanes ye nye kekeli la o. Eya la, ɖeko wòva be yeaɖi ɖase le kekeli la ŋu. 9 Kekeli vavã si klẽna na amewo katã la gbɔna va xexea me. 10 Enɔ xexea me, gake xexea me mekpɔe dze sii o, evɔ eya dzi woto wɔ xexea me. 11 Eva eya ŋutɔ tɔwo gbɔ, gake eya ŋutɔ ƒe amewo mexɔe o. 12 Ke ame siwo katã xɔe, eye woxɔ eƒe ŋkɔ dzi se la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu ƒe viwo, 13 ame siwo womedzi tso ʋu alo ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o, ke boŋ tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me. 14 Nya la trɔ zu ŋutilã va nɔ mía dome, eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒe la. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ. 15 (Yohanes ɖi ɖase tso eŋuti gblɔ be, “Ame siae nye ame si ŋu menɔ nu ƒom le, esi megblɔ be, ‘Ame aɖe si li xoxoxo hafi meva dzɔ la gbɔna, ame sia de ŋgɔ wum sãa.’ ”) 16 Ena yayra geɖe mí tso eƒe amenuveve sɔ gbɔ la me. 17 Se la to Mose dzi va, ke Yesu Kristo ya tsɔ amenuveve kple nyateƒe la vɛ. 18 Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ame si nye Via ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nɔ anyi ɖe Fofo la ƒe axadzi la, eyae ɖee fia mí. 19 Azɔ esiae nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi esime Yudatɔ siwo le Yerusalem la dɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ɖo ɖe egbɔ be woabiae be, “Ame kae nènye?” 20 Megbe o, ke boŋ eʋu eme na wo faa be, “Menye nyee nye Kristo la o.” 21 Wogabiae be, “Ekema ame kae nènye, Eliyaa?”Egaɖo eŋu be, “Ao, menye Eliyae menye o.”Wogabiae be, “Nyagblɔɖila lae nènyea?”Eye wòɖo eŋu be, “Gbeɖe, menye nyee o.” 22 Wogabiae be, “Ke ame ka tututue nènye? Gblɔe na mí, ale be míanya nya si míagblɔ na ame siwo dɔ mí la. Gblɔ nya aɖe na mí tso ɖokuiwò ŋu.” 23 Yohanes ɖo eŋu na wo kple Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya siawo be, “Nyee nye ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe be, ‘Midzra Yehowa ƒe mɔ la ɖo wòanɔ dzɔdzɔe.’ ” 24 Farisitɔwo ƒe ame dɔdɔwo hã 25 biae be, “Esi menye wòe nye Kristo la alo Eliya loo alo Nyagblɔɖila la o ɖe, nu ka ta nèle mawutsi dem ta na amewo ɖo?” 26 Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Mele mawutsi dem ta na amewo kple tsi, gake ame aɖe le mia dome, 27 si le yonyeme gbɔna, eye nyemedze be matu eƒe afɔkpaka gɔ̃ hã o.” 28 Nu siawo katã dzɔ le Betania, kɔƒe aɖe si le Yɔdan tɔsisi la godo, afi si Yohanes nɔ mawutsi dem ta na amewo le la me. 29 Esi ŋu ke la, Yohanes kpɔ Yesu wògbɔna egbɔ, ale wòdo ɣli gblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi si le xexe sia me ƒe nu vɔ̃wo ɖem ɖa lae nye ekem! 30 Eya ŋutie menɔ nu ƒom le esi megblɔ be, ‘Ŋutsu aɖe gbɔna kpuie, ame si de ŋgɔ wum boo, eye wòli xoxoxo hafi nye ya meva dzɔ gɔ̃.’ 31 Nye ŋutɔ nyemenya ame si wònye o, ke nye dɔ koe nye be made mawutsi ta na amewo kple tsi, atsɔ aɖee afia Israel dukɔ la.” 32 Azɔ Yohanes ɖi ɖase le ale si wòkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wònɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me, nɔ ɖiɖim ɖe Yesu dzi tso dziƒo la ŋu. 33 Yohanes gagblɔ be, “Nye la, nyemenya be eyae nye amea o, gake esi Mawu ɖom ɖa be made mawutsi ta na amewo la, egblɔ nam be, ‘Ne èkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wòle ɖiɖim ɖe ame aɖe dzi la, nyae be eyae nye ame si dim nèle. Eyae ade mawutsi ta na amewo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.’ 34 Mekpɔe be nu sia tututue dzɔ ɖe ŋutsu sia dzi, eya ta meɖi ɖase be eyae nye Mawu ƒe Vi la.” 35 Le ŋkeke evea gbe la, Yohanes kple eƒe nusrɔ̃la eve aɖewo nɔ tsitre ɖe teƒe aɖe, eye Yesu va to wo gbɔ yina. 36 Yohanes li ŋku ɖe Yesu dzi gãa hegblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi lae nye ekem!” 37 Nusrɔ̃la eveawo se nya sia, eye wodze Yesu yome. 38 Yesu trɔ kɔ kpɔ wo wonɔ eyome, eye wòbia wo be,“Nu ka dim miele?”Woɖo eŋu be, “Rabi” (si gɔmee nye “Nufiala”), “afi ka nènɔna?” 39 Yesu gblɔ na wo be, “Miva kpɔe ɖa.” Ale wokplɔe ɖo yi aƒe si me wònɔna la me, eye wonɔ egbɔ tso ɣetrɔ ga ene me va se ɖe fiẽ hafi dzo. 40 Ame siawo dometɔ ɖekae nye Andrea si nye Simɔn Petro nɔvi. 41 Nu gbãtɔ si Andrea wɔ lae nye be edi nɔvia Simɔn, eye wògblɔ nɛ be, “Míekpɔ Mesia la” (si gɔmee nye Kristo). 42 Enumake wòkplɔ nɔvia Simɔn va Yesu gbɔ.Yesu kpɔe dũu, eye wògblɔ be, “Wòe nye Simɔn, Yohanes ƒe vi. Woayɔ wò azɔ be Kefa” (si gɔmee nye Kpe Gbadza). 43 Esi ŋu ke la, Yesu ɖoe be yeayi Galilea. Esi wònɔ mɔa dzi yina la, edo go Filipo, eye wògblɔ nɛ be, “Va, nàdze yonyeme.” 44 Filipo sia tso Betsaida si nye Andrea kple Petro wo de. 45 Filipo hã ɖe abla yi ɖadi Nataniel, eye wògblɔ nɛ be, “Nɔvi, míeke ɖe Mesia, ame si ŋuti woŋlɔ nu tsoe le Nyagblɔɖilawo kple Mose ƒe sea me la ŋu. Eŋkɔe nye Yesu, eye fofoae nye Yosef si tso Nazaret.” 46 Nataniel gblɔ be, “Nu nyui aɖe ate ŋu ado tso Nazaretia?”Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Va kpɔe ɖa.” 47 Esi Yesu kpɔ Nataniel wògbɔna egbɔ la, egblɔ be, “Israelvi vavã si me alakpa aɖeke mele o lae nye esi gbɔna.” 48 Nataniel bia Yesu be, “Aleke nèwɔ nya ame si ƒomevi menye?”Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mekpɔ wò le gboti ma te xoxoxo hafi Filipo va yɔ wò.” 49 Nataniel gblɔ be, “Nufiala, wòe nye Mawu ƒe Vi la vavã. Wòe nye Israel ƒe fia la!” 50 Yesu gabiae be, “Ɖe nèxɔ dzinye se elabena mete ŋu kpɔ wò le gboti ma tea? Nu gãwo wu esia aɖe ame si menye la afia wò. 51 Nyateƒe gblɔm mele na wò be, èle dziƒo kpɔ ge wòaʋu, eye mawudɔlawo anɔ Amegbetɔ Vi la gbɔ vam, aganɔ dziƒo yim.”

In Other Versions

John 1 in the ANGEFD

John 1 in the ANTPNG2D

John 1 in the AS21

John 1 in the BAGH

John 1 in the BBPNG

John 1 in the BBT1E

John 1 in the BDS

John 1 in the BEV

John 1 in the BHAD

John 1 in the BIB

John 1 in the BLPT

John 1 in the BNT

John 1 in the BNTABOOT

John 1 in the BNTLV

John 1 in the BOATCB

John 1 in the BOATCB2

John 1 in the BOBCV

John 1 in the BOCNT

John 1 in the BOGWICC

John 1 in the BOHCB

John 1 in the BOHCV

John 1 in the BOHLNT

John 1 in the BOHNTLTAL

John 1 in the BOICB

John 1 in the BOILNTAP

John 1 in the BOITCV

John 1 in the BOKCV

John 1 in the BOKCV2

John 1 in the BOKHWOG

John 1 in the BOKSSV

John 1 in the BOLCB

John 1 in the BOLCB2

John 1 in the BOMCV

John 1 in the BONAV

John 1 in the BONCB

John 1 in the BONLT

John 1 in the BONUT2

John 1 in the BOPLNT

John 1 in the BOSCB

John 1 in the BOSNC

John 1 in the BOTLNT

John 1 in the BOVCB

John 1 in the BOYCB

John 1 in the BPBB

John 1 in the BPH

John 1 in the BSB

John 1 in the CCB

John 1 in the CUV

John 1 in the CUVS

John 1 in the DBT

John 1 in the DGDNT

John 1 in the DHNT

John 1 in the DNT

John 1 in the ELBE

John 1 in the EMTV

John 1 in the ESV

John 1 in the FBV

John 1 in the FEB

John 1 in the GGMNT

John 1 in the GNT

John 1 in the HARY

John 1 in the HNT

John 1 in the IRVA

John 1 in the IRVB

John 1 in the IRVG

John 1 in the IRVH

John 1 in the IRVK

John 1 in the IRVM

John 1 in the IRVM2

John 1 in the IRVO

John 1 in the IRVP

John 1 in the IRVT

John 1 in the IRVT2

John 1 in the IRVU

John 1 in the ISVN

John 1 in the JSNT

John 1 in the KAPI

John 1 in the KBT1ETNIK

John 1 in the KBV

John 1 in the KJV

John 1 in the KNFD

John 1 in the LBA

John 1 in the LBLA

John 1 in the LNT

John 1 in the LSV

John 1 in the MAAL

John 1 in the MBV

John 1 in the MBV2

John 1 in the MHNT

John 1 in the MKNFD

John 1 in the MNG

John 1 in the MNT

John 1 in the MNT2

John 1 in the MRS1T

John 1 in the NAA

John 1 in the NASB

John 1 in the NBLA

John 1 in the NBS

John 1 in the NBVTP

John 1 in the NET2

John 1 in the NIV11

John 1 in the NNT

John 1 in the NNT2

John 1 in the NNT3

John 1 in the PDDPT

John 1 in the PFNT

John 1 in the RMNT

John 1 in the SBIAS

John 1 in the SBIBS

John 1 in the SBIBS2

John 1 in the SBICS

John 1 in the SBIDS

John 1 in the SBIGS

John 1 in the SBIHS

John 1 in the SBIIS

John 1 in the SBIIS2

John 1 in the SBIIS3

John 1 in the SBIKS

John 1 in the SBIKS2

John 1 in the SBIMS

John 1 in the SBIOS

John 1 in the SBIPS

John 1 in the SBISS

John 1 in the SBITS

John 1 in the SBITS2

John 1 in the SBITS3

John 1 in the SBITS4

John 1 in the SBIUS

John 1 in the SBIVS

John 1 in the SBT

John 1 in the SBT1E

John 1 in the SCHL

John 1 in the SNT

John 1 in the SUSU

John 1 in the SUSU2

John 1 in the SYNO

John 1 in the TBIAOTANT

John 1 in the TBT1E

John 1 in the TBT1E2

John 1 in the TFTIP

John 1 in the TFTU

John 1 in the TGNTATF3T

John 1 in the THAI

John 1 in the TNFD

John 1 in the TNT

John 1 in the TNTIK

John 1 in the TNTIL

John 1 in the TNTIN

John 1 in the TNTIP

John 1 in the TNTIZ

John 1 in the TOMA

John 1 in the TTENT

John 1 in the UBG

John 1 in the UGV

John 1 in the UGV2

John 1 in the UGV3

John 1 in the VBL

John 1 in the VDCC

John 1 in the YALU

John 1 in the YAPE

John 1 in the YBVTP

John 1 in the ZBP