John 13 (BOECS)

1 Azɔ esusɔ ŋkeke ɖeka ko ne Ŋutitotoŋkekenyui la naɖo, eye Yesu nya be ɣeyiɣi la de be yeadzo le xexea me, atrɔ ayi Fofo la gbɔ. Elɔ̃ etɔ siwo le xexea me ŋutɔ, eye wògaɖe eƒe lɔlɔ̃ fia wo. 2 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Abosam dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn ƒe vi la be wòaɖade Yesu asi. 3 Yesu nya be Fofo la tsɔ ŋusẽwo katã na ye. Enya hã be Mawu gbɔe yetso va, eye yeagatrɔ ayi Mawu gbɔ. 4 Le esia ta Yesu tsi tsitre le fiẽnuɖukplɔ̃ la ŋu, eye wòɖe eƒe awu da ɖi hetsɔ tsiletsɛ sa ɖe ali. 5 Etsɔ gagba ku tsi ɖe eme, eye wòde asi nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo kɔklɔ me. Ne eklɔ ame aɖe tɔ vɔ la, etsɔa tsiletsɛ si wòsa ɖe ali la tutua afɔ nɛ. 6 Esi wòɖo Simɔn Petro dzi be wòaklɔ eƒe afɔwo nɛ la, Petro biae be, “Aƒetɔ, ɖe nèbe yeaklɔ nye afɔwoa?” 7 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Màse nu si ta mele ewɔm la gɔme fifia o, gake àva se egɔme emegbe.” 8 Petro gblɔ be, “Gbeɖe, màklɔ nye afɔwo ŋuti o.”Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne nyemeklɔ wò afɔwo o la, ekema màkpɔ gome aɖeke tso gbɔnye o.” 9 Simɔn Petro gblɔ be, “Aƒetɔ, ne ele nenema la, ekema menye nye afɔwo ko o, ke boŋ klɔ nye asiwo kple nye ta hã.” 10 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si le tsi xoxo la, afɔkɔklɔ koe hiã nɛ be eŋuti nakɔ nyuie. Mia ŋuti kɔ, gake menye mi katã ŋutie kɔ o.” 11 Yesu gblɔ nya sia elabena enya ame si gbɔna ede ge asi. 12 Esi wòklɔ nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo vɔ la, etsɔ eƒe awu do, nɔ anyi eye wòbia wo be, “Miese nu si mewɔ na mi la gɔmea? 13 Miawo la, mieyɔam be, ‘Aƒetɔ’ kple ‘Nufiala’, eye esia le eme vavã. 14 Minya be esi nye, miaƒe Aƒetɔ kple Nufiala, meklɔ miaƒe afɔwo ŋu la, ele na miawo hã be miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo. 15 Kpɔɖeŋu wònye mena mi, eya ta miwɔ nu si mewɔ na mi la. 16 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be subɔla mekɔna wu eƒe aƒetɔ o, eye dɔtsɔla hã mewua ame si dɔe la o. 17 Mienya esiawo, eya ta miwɔ nenema be woahe yayra geɖe vɛ na mi. 18 “Ele eme be menye mi katãe mele nya sia gblɔm na o, elabena menya ame siwo metia la. Mawunya gblɔ be, ‘Ame si le nu ɖum kplim lae adem asi.’ 19 “Mele egblɔm na mi hafi wòava eme. Mele nya siawo katã gblɔm na mi be ne wova eme la, miaxɔ dzinye ase. 20 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si axɔ ame si medɔ la, nyee wòxɔ, eye ame si axɔm la, xɔ ame si dɔm.” 21 Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, eʋuʋu le eɖokui me, eye wògblɔ be, “Le nyateƒe me la, mia dometɔ ɖeka adem asi.” 22 Nya siawo na be nusrɔ̃lawo trɔ kpɔ wo nɔewo ƒe ŋkume, elabena womenya wo dometɔ si wòwɔnɛ o. 23 Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, esi Yesu lɔ̃na vevie la, nɔ anyi ziɔ ɖe Yesu ŋu. 24 Simɔn Petro wɔ dzesi nɛ gblɔ nɛ be, “Bia mía dometɔ si ŋuti wòle nu ƒom tsoe lae.” 25 Nusrɔ̃la la gaziɔ ɖe Yesu ŋu, eye wòbiae be, “Aƒetɔ, ame kae?” 26 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Eyae nye ame si matsɔ abolo kakɛ sia asisi detsi atsɔ ana.” Tete wòtsɔ abolo kakɛ la sisi detsi hetsɔe na Simɔn ƒe vi, Yuda Iskariɔt. 27 Esi Yuda ɖu abolo la vɔ ko la, Satana ge ɖe eme.Yesu gblɔ nɛ be, “Ɖe abla nàyi aɖawɔ nu si nèɖo la.” 28 Ke ame siwo le kplɔ̃a ŋu la mese nya si Yesu gblɔ nɛ la gɔme o. 29 Wobu be esi Yuda nye woƒe gadzikpɔla tae Yesu le edɔm be wòayi aɖaxe fe ɖe nu si ɖum yewole la ta loo alo wòayi aɖana ga ame dahewo. 30 Esi Yuda ɖu abolo la teti ko la, edzo le xɔa me enumake hege ɖe viviti la me. 31 Esi Yuda do go le xɔa me la, Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi de be woaɖe Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go, eye woaɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to edzi. 32 Ne woɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to edzi la, Mawu aɖe Via ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to eya ŋutɔ dzi, eye wòaɖe eƒe ŋutikɔkɔe la afia enumake. 33 “Vinye lɔlɔ̃awo, ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ! Abe ale si megblɔ na Yudatɔwo ene la, miadim, gake miakpɔm o, eye afi si meyina hã la, miate ŋu ava o. 34 “Se yeye mena mi: Milɔ̃ mia nɔewo. Abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema. 35 To esia wɔwɔ me la, amewo katã anya be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne mielɔ̃ mia nɔewo.” 36 Simɔn Petro biae be, “Aƒetɔ, afi ka nèyina?”Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Afi si meyina fifia la, miate ŋu akplɔm ɖo ayi o, ke emegbe la, miava.” 37 Petro gabiae be, “Nu ka ta nyemate ŋu akplɔ wò ɖo fifia o? Nye la, mele klalo be mabu nye agbe ɖe tawò.” 38 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Èka ɖe edzi be àte ŋu abu wò agbe ɖe tanyea? Nyateƒe gblɔm mele na wò be, hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”

In Other Versions

John 13 in the ANGEFD

John 13 in the ANTPNG2D

John 13 in the AS21

John 13 in the BAGH

John 13 in the BBPNG

John 13 in the BBT1E

John 13 in the BDS

John 13 in the BEV

John 13 in the BHAD

John 13 in the BIB

John 13 in the BLPT

John 13 in the BNT

John 13 in the BNTABOOT

John 13 in the BNTLV

John 13 in the BOATCB

John 13 in the BOATCB2

John 13 in the BOBCV

John 13 in the BOCNT

John 13 in the BOGWICC

John 13 in the BOHCB

John 13 in the BOHCV

John 13 in the BOHLNT

John 13 in the BOHNTLTAL

John 13 in the BOICB

John 13 in the BOILNTAP

John 13 in the BOITCV

John 13 in the BOKCV

John 13 in the BOKCV2

John 13 in the BOKHWOG

John 13 in the BOKSSV

John 13 in the BOLCB

John 13 in the BOLCB2

John 13 in the BOMCV

John 13 in the BONAV

John 13 in the BONCB

John 13 in the BONLT

John 13 in the BONUT2

John 13 in the BOPLNT

John 13 in the BOSCB

John 13 in the BOSNC

John 13 in the BOTLNT

John 13 in the BOVCB

John 13 in the BOYCB

John 13 in the BPBB

John 13 in the BPH

John 13 in the BSB

John 13 in the CCB

John 13 in the CUV

John 13 in the CUVS

John 13 in the DBT

John 13 in the DGDNT

John 13 in the DHNT

John 13 in the DNT

John 13 in the ELBE

John 13 in the EMTV

John 13 in the ESV

John 13 in the FBV

John 13 in the FEB

John 13 in the GGMNT

John 13 in the GNT

John 13 in the HARY

John 13 in the HNT

John 13 in the IRVA

John 13 in the IRVB

John 13 in the IRVG

John 13 in the IRVH

John 13 in the IRVK

John 13 in the IRVM

John 13 in the IRVM2

John 13 in the IRVO

John 13 in the IRVP

John 13 in the IRVT

John 13 in the IRVT2

John 13 in the IRVU

John 13 in the ISVN

John 13 in the JSNT

John 13 in the KAPI

John 13 in the KBT1ETNIK

John 13 in the KBV

John 13 in the KJV

John 13 in the KNFD

John 13 in the LBA

John 13 in the LBLA

John 13 in the LNT

John 13 in the LSV

John 13 in the MAAL

John 13 in the MBV

John 13 in the MBV2

John 13 in the MHNT

John 13 in the MKNFD

John 13 in the MNG

John 13 in the MNT

John 13 in the MNT2

John 13 in the MRS1T

John 13 in the NAA

John 13 in the NASB

John 13 in the NBLA

John 13 in the NBS

John 13 in the NBVTP

John 13 in the NET2

John 13 in the NIV11

John 13 in the NNT

John 13 in the NNT2

John 13 in the NNT3

John 13 in the PDDPT

John 13 in the PFNT

John 13 in the RMNT

John 13 in the SBIAS

John 13 in the SBIBS

John 13 in the SBIBS2

John 13 in the SBICS

John 13 in the SBIDS

John 13 in the SBIGS

John 13 in the SBIHS

John 13 in the SBIIS

John 13 in the SBIIS2

John 13 in the SBIIS3

John 13 in the SBIKS

John 13 in the SBIKS2

John 13 in the SBIMS

John 13 in the SBIOS

John 13 in the SBIPS

John 13 in the SBISS

John 13 in the SBITS

John 13 in the SBITS2

John 13 in the SBITS3

John 13 in the SBITS4

John 13 in the SBIUS

John 13 in the SBIVS

John 13 in the SBT

John 13 in the SBT1E

John 13 in the SCHL

John 13 in the SNT

John 13 in the SUSU

John 13 in the SUSU2

John 13 in the SYNO

John 13 in the TBIAOTANT

John 13 in the TBT1E

John 13 in the TBT1E2

John 13 in the TFTIP

John 13 in the TFTU

John 13 in the TGNTATF3T

John 13 in the THAI

John 13 in the TNFD

John 13 in the TNT

John 13 in the TNTIK

John 13 in the TNTIL

John 13 in the TNTIN

John 13 in the TNTIP

John 13 in the TNTIZ

John 13 in the TOMA

John 13 in the TTENT

John 13 in the UBG

John 13 in the UGV

John 13 in the UGV2

John 13 in the UGV3

John 13 in the VBL

John 13 in the VDCC

John 13 in the YALU

John 13 in the YAPE

John 13 in the YBVTP

John 13 in the ZBP