Joshua 5 (BOECS)

1 Esi Amoritɔwo, ame siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kple Kanaantɔwo, ame siwo nɔ Domeƒu la nu se be Yehowa na Yɔdan tɔsisi la mie, ale be Israelviwo te ŋu zɔ ƒuƒuiƒe le tɔʋu la me hetso tɔsisia la, dzi ɖe le wo ƒo, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔŋutɔ. 2 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsɔ kpe nàwɔ hɛwo, eye nàtso aʋa na Israel ŋutsuwo katã.” 3 Yosua wɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo la dzi, eye wòtso aʋa na Israel ŋutsuwo katã le Aralɔt togbɛ la gbɔ. 4 Azɔ la, susu si ta wòwɔe ɖo lae nye esi: ame siwo katã do tso Egipte, ŋutsu siwo katã ate ŋu ayi aʋa la ku ɖe gbea dzi esi wodo go tso Egipte. 5 Wotso aʋa na ame siwo katã do go tso Egipte, ke wometsoe na ame siwo katã wodzi le gbea dzi esi wodo go tso Egipte la o. 6 Israel dukɔ la tsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene sɔŋ va se ɖe esime ŋutsu siwo katã tsi, eye woate ŋu ade aʋa esi wodzo le Egipte la ku. Womeɖo to Yehowa o, eya ta Yehowa ka atam be yemana woade anyigba si ŋugbe yedo na Israel, “Anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la dzi o. 7 Ale Yosua tso aʋa na wo viŋutsuwo, ame siwo tsi va xɔ ɖe wo fofowo teƒe la azɔ. 8 Esi wotso aʋa na ŋutsuawo vɔ la, dukɔ blibo la tɔ ɖe asaɖa la me va se ɖe esime abiawo ku. 9 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Egbe la, miaƒe kluvinyenye le Egipte ƒe ŋukpe la ɖe ɖa,” eya ta woyɔa teƒe ma va se ɖe egbe be Gilgal, si gɔmee nye, “Ɖeɖeɖa.” 10 Esime wonɔ asaɖa me le Gilgal le Yeriko gbedzi la, woɖu Ŋutitotoŋkekenyui le ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ. 11 Gbe ma gbe ƒe fɔŋlie nye ŋkeke gbãtɔ si dzi woɖu nukuwo tso Kanaanyigba la dzi; woɖu bli meme kple amɔ maʋamaʋã. 12 Esi ŋu ke la, mana megadza o, eye womegakpɔe kpɔ va se ɖe egbe o! Eya ta tso gbe ma gbe dzi la, woɖua Kanaanyigba dzi nukuwo. 13 Esime Yosua nɔ teƒe si te ɖe Yeriko ŋu, eye wòfɔ kɔ dzi ko la, ame aɖe si lé yi ɖe asi la do ɖe eŋkume kpoyi! Yosua te ɖe eŋu, eye wòbiae be, “Mía dzie nèle loo alo míaƒe futɔe nènye?” 14 Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe aʋakɔ ƒe Aʋafiae menye.” Yosua tsyɔ mo anyi, de ta agu nɛ kple vɔvɔ̃, eye wògblɔ nɛ be, “Wò dɔlae menye; nu ka nèdi be mawɔ?” 15 Yehowa ƒe Aʋafia la gblɔ nɛ be, “Ɖe wò afɔkpa le afɔ, elabena teƒe kɔkɔe aɖee nètsi tsitre ɖo!” Yosua wɔ nu si Aʋafia la ɖo nɛ, heɖe eƒe afɔkpa la le afɔ.

In Other Versions

Joshua 5 in the ANGEFD

Joshua 5 in the ANTPNG2D

Joshua 5 in the AS21

Joshua 5 in the BAGH

Joshua 5 in the BBPNG

Joshua 5 in the BBT1E

Joshua 5 in the BDS

Joshua 5 in the BEV

Joshua 5 in the BHAD

Joshua 5 in the BIB

Joshua 5 in the BLPT

Joshua 5 in the BNT

Joshua 5 in the BNTABOOT

Joshua 5 in the BNTLV

Joshua 5 in the BOATCB

Joshua 5 in the BOATCB2

Joshua 5 in the BOBCV

Joshua 5 in the BOCNT

Joshua 5 in the BOGWICC

Joshua 5 in the BOHCB

Joshua 5 in the BOHCV

Joshua 5 in the BOHLNT

Joshua 5 in the BOHNTLTAL

Joshua 5 in the BOICB

Joshua 5 in the BOILNTAP

Joshua 5 in the BOITCV

Joshua 5 in the BOKCV

Joshua 5 in the BOKCV2

Joshua 5 in the BOKHWOG

Joshua 5 in the BOKSSV

Joshua 5 in the BOLCB

Joshua 5 in the BOLCB2

Joshua 5 in the BOMCV

Joshua 5 in the BONAV

Joshua 5 in the BONCB

Joshua 5 in the BONLT

Joshua 5 in the BONUT2

Joshua 5 in the BOPLNT

Joshua 5 in the BOSCB

Joshua 5 in the BOSNC

Joshua 5 in the BOTLNT

Joshua 5 in the BOVCB

Joshua 5 in the BOYCB

Joshua 5 in the BPBB

Joshua 5 in the BPH

Joshua 5 in the BSB

Joshua 5 in the CCB

Joshua 5 in the CUV

Joshua 5 in the CUVS

Joshua 5 in the DBT

Joshua 5 in the DGDNT

Joshua 5 in the DHNT

Joshua 5 in the DNT

Joshua 5 in the ELBE

Joshua 5 in the EMTV

Joshua 5 in the ESV

Joshua 5 in the FBV

Joshua 5 in the FEB

Joshua 5 in the GGMNT

Joshua 5 in the GNT

Joshua 5 in the HARY

Joshua 5 in the HNT

Joshua 5 in the IRVA

Joshua 5 in the IRVB

Joshua 5 in the IRVG

Joshua 5 in the IRVH

Joshua 5 in the IRVK

Joshua 5 in the IRVM

Joshua 5 in the IRVM2

Joshua 5 in the IRVO

Joshua 5 in the IRVP

Joshua 5 in the IRVT

Joshua 5 in the IRVT2

Joshua 5 in the IRVU

Joshua 5 in the ISVN

Joshua 5 in the JSNT

Joshua 5 in the KAPI

Joshua 5 in the KBT1ETNIK

Joshua 5 in the KBV

Joshua 5 in the KJV

Joshua 5 in the KNFD

Joshua 5 in the LBA

Joshua 5 in the LBLA

Joshua 5 in the LNT

Joshua 5 in the LSV

Joshua 5 in the MAAL

Joshua 5 in the MBV

Joshua 5 in the MBV2

Joshua 5 in the MHNT

Joshua 5 in the MKNFD

Joshua 5 in the MNG

Joshua 5 in the MNT

Joshua 5 in the MNT2

Joshua 5 in the MRS1T

Joshua 5 in the NAA

Joshua 5 in the NASB

Joshua 5 in the NBLA

Joshua 5 in the NBS

Joshua 5 in the NBVTP

Joshua 5 in the NET2

Joshua 5 in the NIV11

Joshua 5 in the NNT

Joshua 5 in the NNT2

Joshua 5 in the NNT3

Joshua 5 in the PDDPT

Joshua 5 in the PFNT

Joshua 5 in the RMNT

Joshua 5 in the SBIAS

Joshua 5 in the SBIBS

Joshua 5 in the SBIBS2

Joshua 5 in the SBICS

Joshua 5 in the SBIDS

Joshua 5 in the SBIGS

Joshua 5 in the SBIHS

Joshua 5 in the SBIIS

Joshua 5 in the SBIIS2

Joshua 5 in the SBIIS3

Joshua 5 in the SBIKS

Joshua 5 in the SBIKS2

Joshua 5 in the SBIMS

Joshua 5 in the SBIOS

Joshua 5 in the SBIPS

Joshua 5 in the SBISS

Joshua 5 in the SBITS

Joshua 5 in the SBITS2

Joshua 5 in the SBITS3

Joshua 5 in the SBITS4

Joshua 5 in the SBIUS

Joshua 5 in the SBIVS

Joshua 5 in the SBT

Joshua 5 in the SBT1E

Joshua 5 in the SCHL

Joshua 5 in the SNT

Joshua 5 in the SUSU

Joshua 5 in the SUSU2

Joshua 5 in the SYNO

Joshua 5 in the TBIAOTANT

Joshua 5 in the TBT1E

Joshua 5 in the TBT1E2

Joshua 5 in the TFTIP

Joshua 5 in the TFTU

Joshua 5 in the TGNTATF3T

Joshua 5 in the THAI

Joshua 5 in the TNFD

Joshua 5 in the TNT

Joshua 5 in the TNTIK

Joshua 5 in the TNTIL

Joshua 5 in the TNTIN

Joshua 5 in the TNTIP

Joshua 5 in the TNTIZ

Joshua 5 in the TOMA

Joshua 5 in the TTENT

Joshua 5 in the UBG

Joshua 5 in the UGV

Joshua 5 in the UGV2

Joshua 5 in the UGV3

Joshua 5 in the VBL

Joshua 5 in the VDCC

Joshua 5 in the YALU

Joshua 5 in the YAPE

Joshua 5 in the YBVTP

Joshua 5 in the ZBP