Leviticus 20 (BOECS)

1 Yehowa gblɔ na Mose be, 2 “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be woawu Israelvi alo amedzro si le Israel, ame si atsɔ viawo dometɔ aɖe ana Molek. Teƒe ma nɔlawo naƒu kpee. 3 Emegbe nye ŋutɔ mado dɔmedzoe ɖe eŋu, eye maɖee ɖa le eƒe amewo dome, elabena etsɔ via sa vɔe na Molek, eto esia me wɔ nye Agbadɔ wòzu teƒe si medze be maganɔ o, eye wòdo vlo nye ŋkɔ kɔkɔe la. 4 Ne anyigba la dzi tɔwo wɔ abe ɖe womenya naneke tso ame si tsɔ via na Molek ŋu o, eye wogbe be yewomawui o la, 5 ekema nye ŋutɔ mado dɔmedzoe ɖe amea kple eƒe ƒometɔwo ŋu, eye matsrɔ̃ ame siwo katã subɔa Molek alo mawu bubuwo. 6 “ ‘Maɖe ŋku atɔ ame sia ame si adze ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo yome, eye madze nye boŋ yome o; matsrɔ̃e ɖa le eƒe amewo dome. 7 “ ‘Eya ta mikɔ mia ɖokuiwo ŋu, eye mianɔ kɔkɔe, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. 8 Miwɔ nye seawo katã dzi, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa mia ŋuti. 9 “ ‘Ame sia ame si aƒo fi ade fofoa alo dadaa la, ele be woawui kokoko, elabena eƒo fi de eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kple ʋu. 10 “ ‘Ne ŋutsu aɖe wɔ ahasi kple ehavi srɔ̃ la, ele be woawu ŋutsu ahasiwɔla la kple nyɔnu ahasiwɔla la siaa. 11 “ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ fofoa srɔ̃ gbɔ la, eɖe fofoa ƒe amama ɖe go. Ele be woawu ŋutsu la kple nyɔnu la siaa, elabena woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui. 12 “ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ toyɔvia gbɔ la, woawu wo ame eve la siaa; woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui to ɖiƒoƒo wo nɔewo me. 13 “ ‘Tohehe si woana ŋutsu eve siwo dɔ wo nɔewo gbɔe nye woawu wo ame eve la. Woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui. 14 “ ‘Ŋutsu si dɔ nyɔnu aɖe kple nyɔnu la dada gbɔ la, wɔ nu vɔ̃ triakɔ aɖe. Woatɔ dzo wo ame etɔ̃ la katã agbagbee be wòaɖe ŋukpenanu vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome. 15 “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi lãnɔ aɖe ŋu la, ele be woawu ŋutsu la kple lãnɔ la siaa, elabena woƒe ʋu anɔ woawo ŋutɔ ƒe ta dzi. 16 “ ‘Ne nyɔnu aɖe na lã aɖe de asi eŋu la, ele be woawu nyɔnu la kple lã la siaa, elabena tohehe mae dze na wo. 17 “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia nyɔnu, eɖanye fofoa ƒe vinyɔnu alo dadaa ƒe vinyɔnu ŋu la, enye ŋukpenanu, eye ele be woatsrɔ̃ wo ame eve la ɖa tso Israelviwo dome. Fɔɖiɖi la anɔ ŋutsu la dzi. 18 “ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnu aɖe si tsi gbɔto gbɔ la, woatsrɔ̃ wo ame eve la, elabena ŋutsu la ɖe nyɔnu la ƒe makɔmakɔnyenye ɖe go. 19 “ ‘Ŋutsu aɖeke made asi fofoa nɔvinyɔnu alo dadaa nɔvinyɔnu ŋu o, elabena ƒometɔ tututu wonye na wo nɔewo. Woƒe fɔɖiɖi anɔ woawo ŋutɔ dzi. 20 “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi fofoa nɔviŋutsu srɔ̃ alo dadaa nɔviŋutsu srɔ̃ ŋu la, ekema eɖe fofoa nɔviŋutsu alo dadaa nɔviŋutsu la ƒe amama ɖe go. Woƒe tohehee nye woƒe nu vɔ̃ anɔ woƒe ta dzi, eye woatsi ko va se ɖe woƒe kugbe. 21 “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia ŋutsu srɔ̃ ŋuti la, ewɔ nu makɔmakɔ, elabena eɖe nɔvia ŋutsu la ƒe amama ɖe go. Woatsi ko va se ɖe woƒe kugbe. 22 “ ‘Eya ta miwɔ nye seawo kple nye ɖoɖowo katã dzi, ale be anyigba si metsɔ na mi la matu mi aƒu gbe o. 23 Migawɔ dukɔ siwo manya ɖa le mia ŋgɔ la ƒe kɔnuwo o, elabena nu tovo siwo katã ŋu mede se na mi le la, woawoe wowɔna. Nu sia tae melé fu wo ɖo. 24 Medo woƒe anyigba ŋugbe na mi. Matsɔe na mi wòazu mia tɔ. Enye anyigba aɖe si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la, ame si de vovototo miawo kple dukɔ bubuwo ƒe amewo dome. 25 “ ‘Eya ta ele be miade vovototo xe kple lã siwo meɖe mɔ na mi be miaɖu kple esiwo mebe migaɖu o la dome. Migaƒo ɖi mia ɖokui, eye miana magbe nu le mia gbɔ to miaƒe lã kple xe siwo mede se na mi be migaɖu o la ɖuɖu me o, togbɔ be wobɔ ɖe anyigba la dzi fũu hã. 26 Ele be mianye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la, kɔkɔetɔe menye, eye meɖe mi ɖe aga tso dukɔ bubuwo me tɔwo katã gbɔ be mianye tɔnyewo. 27 “ ‘Ele kokoko be woaƒu kpe ŋɔliyɔlawo alo bokɔwo, woɖanye ŋutsuwo alo nyɔnuwo o, woaku. Woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui.’ ”

In Other Versions

Leviticus 20 in the ANGEFD

Leviticus 20 in the ANTPNG2D

Leviticus 20 in the AS21

Leviticus 20 in the BAGH

Leviticus 20 in the BBPNG

Leviticus 20 in the BBT1E

Leviticus 20 in the BDS

Leviticus 20 in the BEV

Leviticus 20 in the BHAD

Leviticus 20 in the BIB

Leviticus 20 in the BLPT

Leviticus 20 in the BNT

Leviticus 20 in the BNTABOOT

Leviticus 20 in the BNTLV

Leviticus 20 in the BOATCB

Leviticus 20 in the BOATCB2

Leviticus 20 in the BOBCV

Leviticus 20 in the BOCNT

Leviticus 20 in the BOGWICC

Leviticus 20 in the BOHCB

Leviticus 20 in the BOHCV

Leviticus 20 in the BOHLNT

Leviticus 20 in the BOHNTLTAL

Leviticus 20 in the BOICB

Leviticus 20 in the BOILNTAP

Leviticus 20 in the BOITCV

Leviticus 20 in the BOKCV

Leviticus 20 in the BOKCV2

Leviticus 20 in the BOKHWOG

Leviticus 20 in the BOKSSV

Leviticus 20 in the BOLCB

Leviticus 20 in the BOLCB2

Leviticus 20 in the BOMCV

Leviticus 20 in the BONAV

Leviticus 20 in the BONCB

Leviticus 20 in the BONLT

Leviticus 20 in the BONUT2

Leviticus 20 in the BOPLNT

Leviticus 20 in the BOSCB

Leviticus 20 in the BOSNC

Leviticus 20 in the BOTLNT

Leviticus 20 in the BOVCB

Leviticus 20 in the BOYCB

Leviticus 20 in the BPBB

Leviticus 20 in the BPH

Leviticus 20 in the BSB

Leviticus 20 in the CCB

Leviticus 20 in the CUV

Leviticus 20 in the CUVS

Leviticus 20 in the DBT

Leviticus 20 in the DGDNT

Leviticus 20 in the DHNT

Leviticus 20 in the DNT

Leviticus 20 in the ELBE

Leviticus 20 in the EMTV

Leviticus 20 in the ESV

Leviticus 20 in the FBV

Leviticus 20 in the FEB

Leviticus 20 in the GGMNT

Leviticus 20 in the GNT

Leviticus 20 in the HARY

Leviticus 20 in the HNT

Leviticus 20 in the IRVA

Leviticus 20 in the IRVB

Leviticus 20 in the IRVG

Leviticus 20 in the IRVH

Leviticus 20 in the IRVK

Leviticus 20 in the IRVM

Leviticus 20 in the IRVM2

Leviticus 20 in the IRVO

Leviticus 20 in the IRVP

Leviticus 20 in the IRVT

Leviticus 20 in the IRVT2

Leviticus 20 in the IRVU

Leviticus 20 in the ISVN

Leviticus 20 in the JSNT

Leviticus 20 in the KAPI

Leviticus 20 in the KBT1ETNIK

Leviticus 20 in the KBV

Leviticus 20 in the KJV

Leviticus 20 in the KNFD

Leviticus 20 in the LBA

Leviticus 20 in the LBLA

Leviticus 20 in the LNT

Leviticus 20 in the LSV

Leviticus 20 in the MAAL

Leviticus 20 in the MBV

Leviticus 20 in the MBV2

Leviticus 20 in the MHNT

Leviticus 20 in the MKNFD

Leviticus 20 in the MNG

Leviticus 20 in the MNT

Leviticus 20 in the MNT2

Leviticus 20 in the MRS1T

Leviticus 20 in the NAA

Leviticus 20 in the NASB

Leviticus 20 in the NBLA

Leviticus 20 in the NBS

Leviticus 20 in the NBVTP

Leviticus 20 in the NET2

Leviticus 20 in the NIV11

Leviticus 20 in the NNT

Leviticus 20 in the NNT2

Leviticus 20 in the NNT3

Leviticus 20 in the PDDPT

Leviticus 20 in the PFNT

Leviticus 20 in the RMNT

Leviticus 20 in the SBIAS

Leviticus 20 in the SBIBS

Leviticus 20 in the SBIBS2

Leviticus 20 in the SBICS

Leviticus 20 in the SBIDS

Leviticus 20 in the SBIGS

Leviticus 20 in the SBIHS

Leviticus 20 in the SBIIS

Leviticus 20 in the SBIIS2

Leviticus 20 in the SBIIS3

Leviticus 20 in the SBIKS

Leviticus 20 in the SBIKS2

Leviticus 20 in the SBIMS

Leviticus 20 in the SBIOS

Leviticus 20 in the SBIPS

Leviticus 20 in the SBISS

Leviticus 20 in the SBITS

Leviticus 20 in the SBITS2

Leviticus 20 in the SBITS3

Leviticus 20 in the SBITS4

Leviticus 20 in the SBIUS

Leviticus 20 in the SBIVS

Leviticus 20 in the SBT

Leviticus 20 in the SBT1E

Leviticus 20 in the SCHL

Leviticus 20 in the SNT

Leviticus 20 in the SUSU

Leviticus 20 in the SUSU2

Leviticus 20 in the SYNO

Leviticus 20 in the TBIAOTANT

Leviticus 20 in the TBT1E

Leviticus 20 in the TBT1E2

Leviticus 20 in the TFTIP

Leviticus 20 in the TFTU

Leviticus 20 in the TGNTATF3T

Leviticus 20 in the THAI

Leviticus 20 in the TNFD

Leviticus 20 in the TNT

Leviticus 20 in the TNTIK

Leviticus 20 in the TNTIL

Leviticus 20 in the TNTIN

Leviticus 20 in the TNTIP

Leviticus 20 in the TNTIZ

Leviticus 20 in the TOMA

Leviticus 20 in the TTENT

Leviticus 20 in the UBG

Leviticus 20 in the UGV

Leviticus 20 in the UGV2

Leviticus 20 in the UGV3

Leviticus 20 in the VBL

Leviticus 20 in the VDCC

Leviticus 20 in the YALU

Leviticus 20 in the YAPE

Leviticus 20 in the YBVTP

Leviticus 20 in the ZBP