Luke 3 (BOECS)

1 Le Kaisaro Tibero ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato nye mɔmefia le Yudea eye Herod nye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo hã nye dziɖula le Iturea kple Trakonitis, eye Lisania hã nɔ Abilene dzi ɖum, 2 esime Anas kple Kayafa wonye nunɔlagãwo la, Mawu ƒe nya va na Yohanes, ame si nye Zekaria ƒe vi la le gbedzi. 3 Yohanes nɔ tsatsam tso teƒe yi teƒe le Yɔdan tɔsisi la ƒe go eveawo dzi, nɔ mawunya gblɔm be amewo nede tsi ta; ne wòafia be wotrɔ dzi me, ale be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo. 4 Abe ale si woŋlɔe le Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽ me ene be,“Ame si le ɣli dom tso gbea dzi ƒe gbee nye esi,‘Miɖe mɔ na Yehowa be wòazɔ edzi!Miwɔ eƒe mɔwo dzɔdzɔe. 5 Balimewo katã akɔ kpo,eye woabɔbɔ to kple togbɛ ɖe sia ɖe ɖe anyi.Mixe ʋe siwo le baliwo me!Miwɔ mɔ gɔglɔ̃wo woadzɔ!Miwɔ mɔ tsakliwo zɔzrɔ̃e. 6 Ekema amegbetɔƒomea katã akpɔ ɖeɖe si Mawu ɖo ɖa la.’ ” 7 Yohanes gblɔ mawunya na ame siwo vaa egbɔ be wòade mawutsi ta na yewo be, “Ame kae xlɔ̃ nu mi dawo ƒe dzidzimeviwo be miasi le Mawu ƒe dɔmedzoe si gbɔna la nu? 8 Gbã la, miyi ne miaɖee fia be yewotrɔ dzi me to agbe nyui nɔnɔ me. Migabu be nya vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mia dzi, elabena mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta o. Esia ɖeɖe menye naneke o, elabena Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ zu viwo na Abraham. 9 Woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fiá atiwo ƒe kewo dzi. Ɛ̃, le nyateƒe me la, ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe ƒu anyi, eye woatsɔe ade dzo me.” 10 Ameha la ɖo eŋu nɛ be, “Nu ka nèdi tso mía si be míawɔ?” 11 Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Ne awu eve le ame aɖe si la, nena ame si ɖeke mele esi o, eye ame si si nuɖuɖu le la newɔ nenema ke.” 12 Dugadzɔla siwo nye amebala vɔ̃ɖiwo la gɔ̃ hã va do ɖe egbɔ be wòade mawutsi ta na yewo. Wobiae be, “Nufiala nu ka míawɔ?” 13 Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Mito nyateƒe le miaƒe dugadzɔdzɔ me. Mikpɔ nyuie be miagadzɔ ga le ame aɖeke si wu ale si woɖo na mi la o.” 14 Asrafo aɖewo siwo le afi ma la biae be, “Míawo ya ɖe aleke míawɔ?”Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Migaxɔ ga le amewo si akpasesẽtɔe o. Ne mienya be ame aɖe mewɔ nane o la, migahe nya ɖe eŋu alakpatɔe o. Fetu si miexɔna la hã nedze mia ŋu!” 15 Ame sia ame kloe nɔ mɔ kpɔm be ava kpuie le ŋkeke mawo me, ale be wotsi dzi vevie be yewoanya nenye be Yohanes ye nye Kristo loo alo menye eyae o? 16 Yohanes ɖo woƒe biabia la ŋu hegblɔ na wo be, “Nye la, tsi metsɔ le tsi dem ta na amewoe, gake ame aɖe gbɔna kpuie, ame si si ŋusẽ le wum boo, ame si nyemedze ŋutɔ gɔ̃ hã be matu eƒe atokotawo nu ka o. Eya ade mawutsi ta na mi kple dzo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe. 17 Ame si si lugbɔnu le, be wòatsɔ akplɔ eƒe lugbɔƒe ƒiaƒiaƒia, alɔ lu la ɖe eƒe ava me. Ke atɔ dzo tsroa kple dzo matsimatsi.” 18 Yohanes xlɔ̃ nu amewo vevie kple nya siawo esime wònɔ nyanyui la gblɔm na wo. 19 Yohanes he nya ɖe Herod si nye dziɖula nɔ Galilea ŋu le dutoƒe, elabena exɔ nɔvia srɔ̃ Herodia ɖe. Hekpe ɖe nu vɔ̃ bubu geɖe siwo hã wòwɔ ŋu la, 20 Herod lé Yohanes hã de gaxɔ me. 21 Gbe ɖeka la, Yesu ŋutɔ hã va ge ɖe ame siwo Yohanes nɔ mawutsi dem ta na la dome. Yohanes de mawutsi ta nɛ, eye esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, dziƒowo nu ʋu, 22 eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖiɖi ɖe edzi le akpakpa ƒe nɔnɔme me, eye gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze le.” 23 Yesu xɔ abe ƒe blaetɔ̃ ene hafi dze mawunyagbɔgblɔ gɔme le dutoƒo. Amewo nya Yesu abe Yosef ƒe vi ene. Yosef fofoe nye Heli, 24 Heli fofoe nye Matat,Matat fofoe nye Levi, Levi fofoe nye Melki,Melki fofoe nye Yanai, Yanai fofoe nye Yosef, 25 Yosef fofoe nye Matatias, Matatias fofoe nye Amos,Amos fofoe nye Nahum, Nahum fofoe nye Esli,Esli fofoe nye Nagai, 26 Nagai fofoe nye Mat,Mat fofoe nye Matatias, Matatias fofoe nye Semein,Semein fofoe nye Yosek, Yosek fofoe nye Yoda,Yoda fofoe nye Yoana. 27 Yoana fofoe nye Resa,Resa fofoe nye Zerubabel, Zerubabel fofoe nye Sealtiel,Sealtiel fofoe nye Neri. 28 Neri fofoe nye Melki,Melki fofoe nye Adi, Adi fofoe nye Kosam,Kosam fofoe nye Elmadam, Elmadam fofoe nye Er, 29 Er fofoe nye Yosua, Yosua fofoe nye Elieza,Elieza fofoe nye Yorim, Yorim fofoe nye Matat,Matat fofoe nye Levi, 30 Levi fofoe nye Simeon,Simeon fofoe nye Yuda, Yuda fofoe nye Yosef,Yosef fofoe nye Yonam, Yonam fofoe nye Eliakim, 31 Eliakim fofoe nye Melea, Melea fofoe nye Mena,Mena fofoe nye Matata, Matata fofoe nye Natan,Natan fofoe nye David, 32 David fofoe nye Yese,Yese fofoe nye Obed, Obed fofoe nye Boaz,Boaz fofoe nye Salmon, Salmon fofoe nye Naheson, 33 Naheson fofoe nye Aminadab, Aminadab fofoe nye Ram,Ram fofoe nye Arni, Arni fofoe nye Hezron,Hezron fofoe nye Perez. Perez fofoe nye Yuda, 34 Yuda fofoe nye Yakob, Yakob fofoe nye Isak,Isak fofoe nye Abraham, Abraham fofoe Tera,Tera fofoe nye Nahɔ, 35 Nahɔ fofoe nye Serug,Serug fofoe nye Reu, Reu fofoe nye Peleg,Peleg fofoe nye Eber, Eber fofoe nye Sela, 36 Sela fofoe nye Kainan, Kainan fofoe nye Arfaxad,Arfaxad fofoe nye Sem, Sem fofoe nye Noa,Noa fofoe nye Lamek, 37 Lamek fofoe nye Metusela,Metusela fofoe nye Enɔk, Enɔk fofoe nye Yared,Yared fofoe nye Mahalalel, Mahalalel fofoe nye Kenan, 38 Kenan fofoe nye Enos, Enos fofoe nye Set,Set fofoe nye Adam, Adam fofoe nye Mawu.

In Other Versions

Luke 3 in the ANGEFD

Luke 3 in the ANTPNG2D

Luke 3 in the AS21

Luke 3 in the BAGH

Luke 3 in the BBPNG

Luke 3 in the BBT1E

Luke 3 in the BDS

Luke 3 in the BEV

Luke 3 in the BHAD

Luke 3 in the BIB

Luke 3 in the BLPT

Luke 3 in the BNT

Luke 3 in the BNTABOOT

Luke 3 in the BNTLV

Luke 3 in the BOATCB

Luke 3 in the BOATCB2

Luke 3 in the BOBCV

Luke 3 in the BOCNT

Luke 3 in the BOGWICC

Luke 3 in the BOHCB

Luke 3 in the BOHCV

Luke 3 in the BOHLNT

Luke 3 in the BOHNTLTAL

Luke 3 in the BOICB

Luke 3 in the BOILNTAP

Luke 3 in the BOITCV

Luke 3 in the BOKCV

Luke 3 in the BOKCV2

Luke 3 in the BOKHWOG

Luke 3 in the BOKSSV

Luke 3 in the BOLCB

Luke 3 in the BOLCB2

Luke 3 in the BOMCV

Luke 3 in the BONAV

Luke 3 in the BONCB

Luke 3 in the BONLT

Luke 3 in the BONUT2

Luke 3 in the BOPLNT

Luke 3 in the BOSCB

Luke 3 in the BOSNC

Luke 3 in the BOTLNT

Luke 3 in the BOVCB

Luke 3 in the BOYCB

Luke 3 in the BPBB

Luke 3 in the BPH

Luke 3 in the BSB

Luke 3 in the CCB

Luke 3 in the CUV

Luke 3 in the CUVS

Luke 3 in the DBT

Luke 3 in the DGDNT

Luke 3 in the DHNT

Luke 3 in the DNT

Luke 3 in the ELBE

Luke 3 in the EMTV

Luke 3 in the ESV

Luke 3 in the FBV

Luke 3 in the FEB

Luke 3 in the GGMNT

Luke 3 in the GNT

Luke 3 in the HARY

Luke 3 in the HNT

Luke 3 in the IRVA

Luke 3 in the IRVB

Luke 3 in the IRVG

Luke 3 in the IRVH

Luke 3 in the IRVK

Luke 3 in the IRVM

Luke 3 in the IRVM2

Luke 3 in the IRVO

Luke 3 in the IRVP

Luke 3 in the IRVT

Luke 3 in the IRVT2

Luke 3 in the IRVU

Luke 3 in the ISVN

Luke 3 in the JSNT

Luke 3 in the KAPI

Luke 3 in the KBT1ETNIK

Luke 3 in the KBV

Luke 3 in the KJV

Luke 3 in the KNFD

Luke 3 in the LBA

Luke 3 in the LBLA

Luke 3 in the LNT

Luke 3 in the LSV

Luke 3 in the MAAL

Luke 3 in the MBV

Luke 3 in the MBV2

Luke 3 in the MHNT

Luke 3 in the MKNFD

Luke 3 in the MNG

Luke 3 in the MNT

Luke 3 in the MNT2

Luke 3 in the MRS1T

Luke 3 in the NAA

Luke 3 in the NASB

Luke 3 in the NBLA

Luke 3 in the NBS

Luke 3 in the NBVTP

Luke 3 in the NET2

Luke 3 in the NIV11

Luke 3 in the NNT

Luke 3 in the NNT2

Luke 3 in the NNT3

Luke 3 in the PDDPT

Luke 3 in the PFNT

Luke 3 in the RMNT

Luke 3 in the SBIAS

Luke 3 in the SBIBS

Luke 3 in the SBIBS2

Luke 3 in the SBICS

Luke 3 in the SBIDS

Luke 3 in the SBIGS

Luke 3 in the SBIHS

Luke 3 in the SBIIS

Luke 3 in the SBIIS2

Luke 3 in the SBIIS3

Luke 3 in the SBIKS

Luke 3 in the SBIKS2

Luke 3 in the SBIMS

Luke 3 in the SBIOS

Luke 3 in the SBIPS

Luke 3 in the SBISS

Luke 3 in the SBITS

Luke 3 in the SBITS2

Luke 3 in the SBITS3

Luke 3 in the SBITS4

Luke 3 in the SBIUS

Luke 3 in the SBIVS

Luke 3 in the SBT

Luke 3 in the SBT1E

Luke 3 in the SCHL

Luke 3 in the SNT

Luke 3 in the SUSU

Luke 3 in the SUSU2

Luke 3 in the SYNO

Luke 3 in the TBIAOTANT

Luke 3 in the TBT1E

Luke 3 in the TBT1E2

Luke 3 in the TFTIP

Luke 3 in the TFTU

Luke 3 in the TGNTATF3T

Luke 3 in the THAI

Luke 3 in the TNFD

Luke 3 in the TNT

Luke 3 in the TNTIK

Luke 3 in the TNTIL

Luke 3 in the TNTIN

Luke 3 in the TNTIP

Luke 3 in the TNTIZ

Luke 3 in the TOMA

Luke 3 in the TTENT

Luke 3 in the UBG

Luke 3 in the UGV

Luke 3 in the UGV2

Luke 3 in the UGV3

Luke 3 in the VBL

Luke 3 in the VDCC

Luke 3 in the YALU

Luke 3 in the YAPE

Luke 3 in the YBVTP

Luke 3 in the ZBP