Malachi 3 (BOECS)
1 “Kpɔ ɖa, madɔ nye dɔla ɖo ɖa be wòata mɔ le ŋgɔnye eye Aƒetɔ si miele mɔ kpɔm na la ado ɖe eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi. Dɔla si ŋugbe wodo le nubabla la me, si dim miele la ava.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 2 “Ame ka ado dzi anɔ anyi ne eva do? Ame ka anɔ te ɖe eƒe vava nu? Elabena ele abe dzo si wotsɔna loloa ga ene eye wòle abe adzalẽ si wotsɔna nyaa avɔ wòɖina keŋkeŋ la ene! 3 Anɔ anyi abe sika kple klosalo klɔla ene eye wòaklɔ Levi ƒe dzidzimeviwo ŋuti woadza abe sika alo klosalo ene, ale be woate ŋu asa vɔ na Yehowa le dzɔdzɔenyenye me. 4 Ekema Yehowa agaxɔ Yuda kple Yerusalemtɔwo ƒe vɔsa abe tsã ene. 5 “Le ɣe ma ɣi me la, nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tohehe atsɔ ŋutɔ. Manye ɖasefo zazɛ̃ aɖe ɖe nukalawo, ahasiwɔlawo, atam dzodzro kalawo, ame siwo baa woƒe dɔwɔviwo, ame siwo tea ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe to, ame siwo baa amedzrowo kple ame siwo mevɔ̃am o la ŋu.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 6 “Nyee nye Yehowa, nyemetrɔna gbeɖe o, eya tae mi Yakob ƒe dzidzimeviwo mietsrɔ̃ haɖe o, elabena nye nublanuikpɔkpɔ li ɖaa. 7 “Tso keke mia tɔgbuitɔgbuiwo ŋɔli ke la, miegbea nu le nye seawo gbɔ eye miewɔa wo dzi o. Mitrɔ ɖe ŋunye eye nye hã matrɔ ɖe mia ŋu.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Ke miebia be, ‘Aleke míawɔ atrɔ ɖe ŋutiwòe?’ 8 “Ɖe amegbetɔ ate ŋu ada adzo Mawu hafi miawo ya mieda adzom mahã?“Ke míebia be, ‘Aleke míeda adzo wòe?’“Mieda adzo nye nu ewolia kple nunana siwo nye tɔnye la eye mietsɔa wo nam o. 9 “Mawu ƒe fiƒode dziŋɔ le mia dzi elabena dukɔ blibo lae le bayem. 10 Mitsɔ miaƒe nu ewoliawo katã va nudzraɖoƒe lae ale be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ɖe nye gbedoxɔ me. Mitsɔ esia dom kpɔ be nyemaʋu dziƒo nu akɔ yayra ɖe mia dzi fũu ale gbegbe be miaƒe nuɖuɖudzraɖoƒe ayɔ agbagba o mahã? Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 11 Made se na nu siwo gblẽa agblemenukuwo la be womagblẽ míaƒe agblemenukuwo o, eye miaƒe wain tsetsewo magblẽ adudu hafi woƒe ɖiɖiɣi naɖo o.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 12 “Ale dukɔwo katã ayɔ mi be yayramewo elabena dzidzɔkpɔkpɔ deto axɔ aƒe ɖe mia me.” Esiawoe Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ. 13 “Yehowa be, ‘Miegblɔ nya vlowo ɖe ŋutinye’,“Gake miebiam be, ‘Nya kae míegblɔ ɖe ŋutiwò si mele be míagblɔ o?’ 14 “Miegblɔ be, ‘Enye nu dzodzro be woasubɔ Mawu. Viɖe ka míekpɔ to eƒe sewo dzi wɔwɔ me eye míezɔ le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkume abe konyifalawo ene?’ 15 Gake azɔ la, míegblɔna be, ‘Woyraa dadalawo. Nu dzea edzi na nu vɔ̃ wɔlawo, gawu la, ne wote Mawu kpɔ la, tohehe mevaa wo dzi o.’ 16 “Ke ame siwo vɔ̃ Yehowa, eye wolɔ̃e la ƒo nu nyui tso eŋuti na wo nɔewo eye Mawu ɖo to eye wòsee. Ena woŋlɔ ame siwo vɔ̃e, eye wolɔ̃e la ƒe ŋkɔwo ɖe ŋkuɖodzigbalẽ gã aɖe me da ɖi.” 17 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ tso wo ŋutie nye esi: “Woanye tɔnye le ŋkeke ma dzi ne mele ƒu ƒom nye nu xɔasiwo. Abe ale si ŋutsu léa be na ɖevi si ɖoa toe ene la, nenema ke malé be na woe. 18 Ekema miakpɔ vovototo si le ale si Mawu wɔna na ame dzɔdzɔe siwo ɖoa toe kple ame vɔ̃ɖi siwo meɖoa toe o la dome.”
In Other Versions
Malachi 3 in the ANGEFD
Malachi 3 in the ANTPNG2D
Malachi 3 in the AS21
Malachi 3 in the BAGH
Malachi 3 in the BBPNG
Malachi 3 in the BBT1E
Malachi 3 in the BDS
Malachi 3 in the BEV
Malachi 3 in the BHAD
Malachi 3 in the BIB
Malachi 3 in the BLPT
Malachi 3 in the BNT
Malachi 3 in the BNTABOOT
Malachi 3 in the BNTLV
Malachi 3 in the BOATCB
Malachi 3 in the BOATCB2
Malachi 3 in the BOBCV
Malachi 3 in the BOCNT
Malachi 3 in the BOGWICC
Malachi 3 in the BOHCB
Malachi 3 in the BOHCV
Malachi 3 in the BOHLNT
Malachi 3 in the BOHNTLTAL
Malachi 3 in the BOICB
Malachi 3 in the BOILNTAP
Malachi 3 in the BOITCV
Malachi 3 in the BOKCV
Malachi 3 in the BOKCV2
Malachi 3 in the BOKHWOG
Malachi 3 in the BOKSSV
Malachi 3 in the BOLCB
Malachi 3 in the BOLCB2
Malachi 3 in the BOMCV
Malachi 3 in the BONAV
Malachi 3 in the BONCB
Malachi 3 in the BONLT
Malachi 3 in the BONUT2
Malachi 3 in the BOPLNT
Malachi 3 in the BOSCB
Malachi 3 in the BOSNC
Malachi 3 in the BOTLNT
Malachi 3 in the BOVCB
Malachi 3 in the BOYCB
Malachi 3 in the BPBB
Malachi 3 in the BPH
Malachi 3 in the BSB
Malachi 3 in the CCB
Malachi 3 in the CUV
Malachi 3 in the CUVS
Malachi 3 in the DBT
Malachi 3 in the DGDNT
Malachi 3 in the DHNT
Malachi 3 in the DNT
Malachi 3 in the ELBE
Malachi 3 in the EMTV
Malachi 3 in the ESV
Malachi 3 in the FBV
Malachi 3 in the FEB
Malachi 3 in the GGMNT
Malachi 3 in the GNT
Malachi 3 in the HARY
Malachi 3 in the HNT
Malachi 3 in the IRVA
Malachi 3 in the IRVB
Malachi 3 in the IRVG
Malachi 3 in the IRVH
Malachi 3 in the IRVK
Malachi 3 in the IRVM
Malachi 3 in the IRVM2
Malachi 3 in the IRVO
Malachi 3 in the IRVP
Malachi 3 in the IRVT
Malachi 3 in the IRVT2
Malachi 3 in the IRVU
Malachi 3 in the ISVN
Malachi 3 in the JSNT
Malachi 3 in the KAPI
Malachi 3 in the KBT1ETNIK
Malachi 3 in the KBV
Malachi 3 in the KJV
Malachi 3 in the KNFD
Malachi 3 in the LBA
Malachi 3 in the LBLA
Malachi 3 in the LNT
Malachi 3 in the LSV
Malachi 3 in the MAAL
Malachi 3 in the MBV
Malachi 3 in the MBV2
Malachi 3 in the MHNT
Malachi 3 in the MKNFD
Malachi 3 in the MNG
Malachi 3 in the MNT
Malachi 3 in the MNT2
Malachi 3 in the MRS1T
Malachi 3 in the NAA
Malachi 3 in the NASB
Malachi 3 in the NBLA
Malachi 3 in the NBS
Malachi 3 in the NBVTP
Malachi 3 in the NET2
Malachi 3 in the NIV11
Malachi 3 in the NNT
Malachi 3 in the NNT2
Malachi 3 in the NNT3
Malachi 3 in the PDDPT
Malachi 3 in the PFNT
Malachi 3 in the RMNT
Malachi 3 in the SBIAS
Malachi 3 in the SBIBS
Malachi 3 in the SBIBS2
Malachi 3 in the SBICS
Malachi 3 in the SBIDS
Malachi 3 in the SBIGS
Malachi 3 in the SBIHS
Malachi 3 in the SBIIS
Malachi 3 in the SBIIS2
Malachi 3 in the SBIIS3
Malachi 3 in the SBIKS
Malachi 3 in the SBIKS2
Malachi 3 in the SBIMS
Malachi 3 in the SBIOS
Malachi 3 in the SBIPS
Malachi 3 in the SBISS
Malachi 3 in the SBITS
Malachi 3 in the SBITS2
Malachi 3 in the SBITS3
Malachi 3 in the SBITS4
Malachi 3 in the SBIUS
Malachi 3 in the SBIVS
Malachi 3 in the SBT
Malachi 3 in the SBT1E
Malachi 3 in the SCHL
Malachi 3 in the SNT
Malachi 3 in the SUSU
Malachi 3 in the SUSU2
Malachi 3 in the SYNO
Malachi 3 in the TBIAOTANT
Malachi 3 in the TBT1E
Malachi 3 in the TBT1E2
Malachi 3 in the TFTIP
Malachi 3 in the TFTU
Malachi 3 in the TGNTATF3T
Malachi 3 in the THAI
Malachi 3 in the TNFD
Malachi 3 in the TNT
Malachi 3 in the TNTIK
Malachi 3 in the TNTIL
Malachi 3 in the TNTIN
Malachi 3 in the TNTIP
Malachi 3 in the TNTIZ
Malachi 3 in the TOMA
Malachi 3 in the TTENT
Malachi 3 in the UBG
Malachi 3 in the UGV
Malachi 3 in the UGV2
Malachi 3 in the UGV3
Malachi 3 in the VBL
Malachi 3 in the VDCC
Malachi 3 in the YALU
Malachi 3 in the YAPE
Malachi 3 in the YBVTP
Malachi 3 in the ZBP