Matthew 15 (BOECS)

1 Farisitɔ aɖewo kple agbalẽfialawo hã tso Yerusalem va be yewoalé nya aɖewo kpɔ kple Yesu. 2 Wobiae be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo mewɔna ɖe mí Yudatɔwo ƒe blemakɔnuwo dzi o ɖo? Womewɔa kɔnu si míewɔna heklɔa asi le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu hafi ɖua nu o.” 3 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo hã, nu ka ta miaƒe kɔnuwo tsi tsitre ɖe Mawu ƒe sewo ŋuti ɖo? 4 Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe Se gblɔ be, ‘Bu fofowò kple dawò; ame si tsi tsitre ɖe edzilawo ŋuti la, ku kee wòaku.’ 5 Ke miawo miegblɔ be, ne ame aɖe gblɔ na fofoa alo dadaa be, ‘Nu si ke matsɔ akpe ɖe ŋutiwòe la, metsɔe wɔ adzɔgbeɖeɖe ƒe nunanae na Mawu’ la, 6 megahiã be wòatsɔe ade bubu fofoa ŋuti o. Ale miegbe Mawu ƒe nyadziwɔwɔ be mialé miawo ŋutɔ ƒe nuɖoanyiwo me ɖe asi. 7 Mi alakpanuwɔlawo! Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti be, 8 “ ‘Ame siawo le buyem kple woƒe nuyiwo,gake woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye. 9 Viɖe aɖeke mele woƒe subɔsubɔ ŋuti o,elabena wofiaa woawo ŋutɔ ƒe se siwo wowɔ la,eye woɖe asi le Mawu ƒe sewo ŋuti.’ ” 10 Yesu yɔ ameha la, eye wògblɔ na wo be, “Miɖo to nya si gblɔ ge mala la, be miase egɔme nyuie. 11 Menye nu si ame ɖuna lae nana wòzua ame makɔmakɔ o, ke boŋ nu si ame buna kple nya si wògblɔna lae.” 12 Nusrɔ̃lawo va biae be, “Ènya be nya si nègblɔ la ve dɔ me na Farisitɔwo ŋutɔa?” 13 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ati sia ati si Fofonye si le dziƒo la medo o la, woahoe kple ke. 14 Miɖe asi le wo ŋuti! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye. Ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo kple eve la woage ɖe do me.” 15 Petro biae be wòaɖe lododo la me na yewo. 16 Yesu bia wo be, “Ke miawo hã, miese nya sia gɔme oa? 17 Mienyae be nu si ame ɖuna la toa eƒe dɔkaviwo me, eye wòdenɛ le nugodo me oa? 18 Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame. 19 Elabena ame ƒe dzi mee susu vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dodo, ahasiwɔwɔ, matrewɔwɔ, fififi, aʋatsokaka kple ameŋugbegblẽ doa go tsona. 20 Nu siawoe ƒoa ɖi ame, ke ne mèwɔ asikɔklɔ ƒe kɔnu hafi ɖu nu o la, maƒo ɖi wò o!” 21 Yesu dzo le nuto ma me, eye wòzɔ mɔ kilomita blaenyi sɔŋ yi Tiro kple Sidon nutowo me. 22 Kanan nyɔnu aɖe si le afi ma la va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be, “O, Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nye nublanui! Gbɔgbɔ vɔ̃ ge ɖe vinye nyɔnuvi me, eye wòwɔa fui ɣe sia ɣi.” 23 Ke Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o; mekpe kpe dee hã o. Eƒe nusrɔ̃lawo va ƒoe ɖe enu be nenyae wòadzo. Wogblɔ be, “Gblɔ nɛ be nedzo, elabena eƒe ɣlidodo le to me vem na mí.” 24 Yesu gblɔ na nyɔnu la be, “Ɖe Mawu dɔm be mava Israel dukɔ si le abe alẽ bubu ene la ko gbɔ.” 25 Ke nyɔnu la te ɖe eŋu kpokploe hede ta agu nɛ gaɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, ve nunye ko!” 26 Yesu gblɔ nɛ be, “Menyo be maxɔ nuɖuɖu le ɖeviwo si atsɔ na avuwo o.” 27 Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, ele eme nenema, gake avuvi siwo le kplɔ̃ te la ɖua abolo wuwlui siwo gena ɖe anyigba tso woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi.” 28 Yesu gblɔ nɛ be, “Nyɔnu, wò xɔse lolo ŋutɔ! Nu si dim nèle la neva eme na wò.” Eye enumake via nyɔnuvi la ƒe lãme sẽ. 29 Yesu trɔ yi Galilea ƒua nu azɔ, eye wòyi ɖanɔ togbɛ aɖe si le afi ma lɔƒo la dzi. 30 Ameha gã aɖe nye zi ɖe edzi le afi sia. Wokplɔ dɔnɔ siwo nye lãmetututɔwo, ŋkunɔwo, aɖetututɔwo, nuwɔametɔwo kple dɔ bubu ƒomevi geɖe lélawo la vɛ nɛ, eye wòyɔ dɔ wo katã. 31 Enye nukunu blibo! Aɖetututɔwo nɔ nu ƒom kple dzidzɔ, ame siwo ƒe abɔ kple atawo menyo o la gaɖo nɔnɔme nyui me, tekunɔwo alo bafawo nɔ kpo tim, nɔ yiyim, eye ŋkuagbãtɔwo nɔ nu kpɔm nyuie! Nyateƒe, ameha gã la ƒe nu ku, eye wokafu Israel ƒe Mawu la. 32 Azɔ Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo be, “Ame gbogbo siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ. Ŋkeke etɔ̃e nye esia wole yonyeme, eye nuɖuɖu hã vɔ le wo si. Nyemedi be maɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣii o, elabena ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi.” 33 Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le le dzogbe afi sia ana ame gbogbo siawo?” 34 Yesu gabia wo be, “Abolo nenie susɔ ɖe mia si?”Woɖo eŋu be, “Abolo adre kple tɔmelã vi aɖe koe susɔ.” 35 Yesu gblɔ na ameha la be woanɔ anyi ɖe anyigba. 36 Etsɔ abolo adre la kple tɔmelãwo, eye wòda akpe na Mawu ɖe wo ta. Emegbe la, eŋe wo me kakɛkakɛ, hetsɔ na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. 37 Wo katã woɖu nu ɖi ƒo, eye nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kakɛ siwo susɔ la ɖe kusi adre me woyɔ fũu. 38 Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme le ŋutsu akpe ene (4,000), nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o. 39 Azɔ edo mɔ ameha la, eye wòge ɖe ʋu la me, tso ƒua heyi Magadan nutoa me.

In Other Versions

Matthew 15 in the ANGEFD

Matthew 15 in the ANTPNG2D

Matthew 15 in the AS21

Matthew 15 in the BAGH

Matthew 15 in the BBPNG

Matthew 15 in the BBT1E

Matthew 15 in the BDS

Matthew 15 in the BEV

Matthew 15 in the BHAD

Matthew 15 in the BIB

Matthew 15 in the BLPT

Matthew 15 in the BNT

Matthew 15 in the BNTABOOT

Matthew 15 in the BNTLV

Matthew 15 in the BOATCB

Matthew 15 in the BOATCB2

Matthew 15 in the BOBCV

Matthew 15 in the BOCNT

Matthew 15 in the BOGWICC

Matthew 15 in the BOHCB

Matthew 15 in the BOHCV

Matthew 15 in the BOHLNT

Matthew 15 in the BOHNTLTAL

Matthew 15 in the BOICB

Matthew 15 in the BOILNTAP

Matthew 15 in the BOITCV

Matthew 15 in the BOKCV

Matthew 15 in the BOKCV2

Matthew 15 in the BOKHWOG

Matthew 15 in the BOKSSV

Matthew 15 in the BOLCB

Matthew 15 in the BOLCB2

Matthew 15 in the BOMCV

Matthew 15 in the BONAV

Matthew 15 in the BONCB

Matthew 15 in the BONLT

Matthew 15 in the BONUT2

Matthew 15 in the BOPLNT

Matthew 15 in the BOSCB

Matthew 15 in the BOSNC

Matthew 15 in the BOTLNT

Matthew 15 in the BOVCB

Matthew 15 in the BOYCB

Matthew 15 in the BPBB

Matthew 15 in the BPH

Matthew 15 in the BSB

Matthew 15 in the CCB

Matthew 15 in the CUV

Matthew 15 in the CUVS

Matthew 15 in the DBT

Matthew 15 in the DGDNT

Matthew 15 in the DHNT

Matthew 15 in the DNT

Matthew 15 in the ELBE

Matthew 15 in the EMTV

Matthew 15 in the ESV

Matthew 15 in the FBV

Matthew 15 in the FEB

Matthew 15 in the GGMNT

Matthew 15 in the GNT

Matthew 15 in the HARY

Matthew 15 in the HNT

Matthew 15 in the IRVA

Matthew 15 in the IRVB

Matthew 15 in the IRVG

Matthew 15 in the IRVH

Matthew 15 in the IRVK

Matthew 15 in the IRVM

Matthew 15 in the IRVM2

Matthew 15 in the IRVO

Matthew 15 in the IRVP

Matthew 15 in the IRVT

Matthew 15 in the IRVT2

Matthew 15 in the IRVU

Matthew 15 in the ISVN

Matthew 15 in the JSNT

Matthew 15 in the KAPI

Matthew 15 in the KBT1ETNIK

Matthew 15 in the KBV

Matthew 15 in the KJV

Matthew 15 in the KNFD

Matthew 15 in the LBA

Matthew 15 in the LBLA

Matthew 15 in the LNT

Matthew 15 in the LSV

Matthew 15 in the MAAL

Matthew 15 in the MBV

Matthew 15 in the MBV2

Matthew 15 in the MHNT

Matthew 15 in the MKNFD

Matthew 15 in the MNG

Matthew 15 in the MNT

Matthew 15 in the MNT2

Matthew 15 in the MRS1T

Matthew 15 in the NAA

Matthew 15 in the NASB

Matthew 15 in the NBLA

Matthew 15 in the NBS

Matthew 15 in the NBVTP

Matthew 15 in the NET2

Matthew 15 in the NIV11

Matthew 15 in the NNT

Matthew 15 in the NNT2

Matthew 15 in the NNT3

Matthew 15 in the PDDPT

Matthew 15 in the PFNT

Matthew 15 in the RMNT

Matthew 15 in the SBIAS

Matthew 15 in the SBIBS

Matthew 15 in the SBIBS2

Matthew 15 in the SBICS

Matthew 15 in the SBIDS

Matthew 15 in the SBIGS

Matthew 15 in the SBIHS

Matthew 15 in the SBIIS

Matthew 15 in the SBIIS2

Matthew 15 in the SBIIS3

Matthew 15 in the SBIKS

Matthew 15 in the SBIKS2

Matthew 15 in the SBIMS

Matthew 15 in the SBIOS

Matthew 15 in the SBIPS

Matthew 15 in the SBISS

Matthew 15 in the SBITS

Matthew 15 in the SBITS2

Matthew 15 in the SBITS3

Matthew 15 in the SBITS4

Matthew 15 in the SBIUS

Matthew 15 in the SBIVS

Matthew 15 in the SBT

Matthew 15 in the SBT1E

Matthew 15 in the SCHL

Matthew 15 in the SNT

Matthew 15 in the SUSU

Matthew 15 in the SUSU2

Matthew 15 in the SYNO

Matthew 15 in the TBIAOTANT

Matthew 15 in the TBT1E

Matthew 15 in the TBT1E2

Matthew 15 in the TFTIP

Matthew 15 in the TFTU

Matthew 15 in the TGNTATF3T

Matthew 15 in the THAI

Matthew 15 in the TNFD

Matthew 15 in the TNT

Matthew 15 in the TNTIK

Matthew 15 in the TNTIL

Matthew 15 in the TNTIN

Matthew 15 in the TNTIP

Matthew 15 in the TNTIZ

Matthew 15 in the TOMA

Matthew 15 in the TTENT

Matthew 15 in the UBG

Matthew 15 in the UGV

Matthew 15 in the UGV2

Matthew 15 in the UGV3

Matthew 15 in the VBL

Matthew 15 in the VDCC

Matthew 15 in the YALU

Matthew 15 in the YAPE

Matthew 15 in the YBVTP

Matthew 15 in the ZBP