Nehemiah 5 (BOECS)
1 Ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo tsitre ɖe wo nɔvi Yudatɔwo ŋu. 2 Ɖewo le gbɔgblɔm be, “Míawo, mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo sɔ gbɔ ŋutɔ, gake be míakpɔ nu aɖu, atsi agbe la, ele na mí be míadi bli.” 3 Bubuwo hã le gbɔgblɔm be, “Míetsɔ míaƒe agblewo, waingblewo kple míaƒe aƒewo ɖo awɔbae be míaxɔ bli le dɔŋɔli sia.” 4 Ame bubuwo hã le gbɔgblɔm be, “Ele na mí be míado ga axe adzɔgae na fia la ɖe míaƒe agblewo kple waingblewo ta.” 5 Ame daheawo gblɔ be, “Wo nɔviwo míenye, eye mía viwo le ko abe woawo hã tɔwo ke ene. Ke ele be míadzra mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo hafi ate ŋu aɖu nu. Míedzra mía vinyɔnu aɖewo xoxo, eye míagate ŋu axɔ wo o, elabena míetsɔ míaƒe agblewo ɖo awɔbae na ame siawo ke!” 6 Esi mese nya sia la, medo dɔmedzoe vevie. 7 Esi mebu nu siawo katã ŋuti vɔ la, mebu fɔ bubumewo kple dɔnunɔlawo. Megblɔ na wo be, “Miele miawo ŋutɔ mia nɔviwo bam!” Ale meyɔ takpekpe gã aɖe na ame hahoawo ne maɖɔ nya sia ɖo. 8 Meka mo na wo be, “Abe ale si ke ŋutete le mía si ene ko la, miegbugbɔ mía nɔvi Yudatɔ siwo wodzra ɖe dukɔ bubuwo me la ƒle. Ke azɔ la, miegale wo dzram ale be woagbugbɔ wo agadzra na mi!” Wo katã wozi ɖoɖoe, elabena womekpɔ nya aɖeke agblɔ o. 9 Meyi edzi gblɔ na wo be, “Nu si wɔm miele la nye nu vɔ̃. Ɖe miazɔ le mawuvɔvɔ̃ me oa? Ɖe futɔ, siwo le didim be yewoatsrɔ̃ mí la mesɔ gbɔ le mía ŋuti le dukɔ siwo ƒo xlã mí la me xoxo oa? 10 Mí ame bubuawo ya míele ga kple nuɖuɖu dom na mía nɔvi Yudatɔwo, eye míele deme aɖeke xɔm o. Meɖe kuku na mi, bubumewo, midzudzɔ amebaba sia tɔgbi! 11 Migbugbɔ ame daheawo ƒe agblewo, waingblewo, amitigblewo kple aƒewo na wo egbe sia, eye deme alafa ɖekalia si miexɔna ɖe ga, bli, wain yeye kple ami dzi la natɔ.” 12 Wolɔ̃ ɖe nya sia dzi, eye wodo ŋugbe be yewoakpe ɖe yewo nɔviwo ŋuti, eye yewomagana be woatsɔ woƒe anyigbawo aɖo awɔba, eye woadzra wo viwo na amewo o.Ale meyɔ Osɔfowo, bubumewo kple dɔnunɔlawo, eye mena kesinɔtɔ siawo ɖe adzɔgbe be yewoawɔ yewoƒe ŋugbedodo dzi. 13 Meʋuʋu nye awutoga hegblɔ na wo be, “Alea kee Mawu aʋuʋu ame sia ame si mawɔ ɖe ŋugbedodo sia dzi o la, ado goe le eya ŋutɔ ƒe aƒe me, hekpe ɖe eƒe nunɔamesiwo ŋu, eya ta nenem ƒe ame ma woatrɔe akɔ ɖi, eye woaɖi gbɔloe!”Esi megblɔ esia vɔ la, ame haho la katã xɔ ɖe edzi be, “Amen.” Wo katã wokafu Yehowa, eye ameawo wɔ abe ale si wodo ŋugbee ene. 14 Le ƒe wuieve siwo me menye mɔmefia na Yuda, tso Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me va se ɖe ƒe blaetɔ̃-vɔ-evelia me la, nye kple nye kpeɖeŋutɔwo siaa míexɔ fetu aɖeke alo kpekpeɖeŋu aɖeke tso Israelviwo gbɔ o. 15 Esia to vovo sãa tso mɔmefia siwo do ŋgɔ nam la ƒe wɔnawo gbɔ. Woawo xɔa nuɖuɖu kple wain kple klosaloga blaene gbe sia gbe le dukɔa si. Wotsɔ ameawo de asi na woƒe kpeɖeŋutɔwo, eye wowɔa fu ameawo. Ke nye la, mevɔ̃a Mawu, eye nyemewɔ nenema o. 16 Mekpe asi ɖe gli la ɖoɖo ŋu, eye nyemedi anyigba aɖeke be maƒle na ɖokuinye o. Mena nye kpeɖeŋutɔwo hã kpe asi ɖe gli la ɖoɖo ŋu. 17 Mewɔ esiawo katã togbɔ be menaa nuɖuɖu Yudatɔ alafa ɖeka kple blaatɔ̃ (150) gbe sia gbe kpe ɖe amedzro siwo tsoa anyigba bubuwo dzi ŋu hã. 18 Nu siwo mehiãna gbe sia gbe la woe nye nyitsu ɖeka, alẽ dami ade kple koklo geɖewo, eye le ŋkeke ewo ɖe sia ɖe me la, mehiãa wain lita geɖe. Ke nyemeda nudzɔdzɔ tɔxɛ ɖe ameawo dzi o, elabena nuwo nɔ sesẽm na wo xoxo. 19 O! Nye Mawu, ɖo ŋku nu siwo katã mewɔ na ame siawo la dzi, eye nàyram ɖe wo ta.
In Other Versions
Nehemiah 5 in the ANGEFD
Nehemiah 5 in the ANTPNG2D
Nehemiah 5 in the AS21
Nehemiah 5 in the BAGH
Nehemiah 5 in the BBPNG
Nehemiah 5 in the BBT1E
Nehemiah 5 in the BDS
Nehemiah 5 in the BEV
Nehemiah 5 in the BHAD
Nehemiah 5 in the BIB
Nehemiah 5 in the BLPT
Nehemiah 5 in the BNT
Nehemiah 5 in the BNTABOOT
Nehemiah 5 in the BNTLV
Nehemiah 5 in the BOATCB
Nehemiah 5 in the BOATCB2
Nehemiah 5 in the BOBCV
Nehemiah 5 in the BOCNT
Nehemiah 5 in the BOGWICC
Nehemiah 5 in the BOHCB
Nehemiah 5 in the BOHCV
Nehemiah 5 in the BOHLNT
Nehemiah 5 in the BOHNTLTAL
Nehemiah 5 in the BOICB
Nehemiah 5 in the BOILNTAP
Nehemiah 5 in the BOITCV
Nehemiah 5 in the BOKCV
Nehemiah 5 in the BOKCV2
Nehemiah 5 in the BOKHWOG
Nehemiah 5 in the BOKSSV
Nehemiah 5 in the BOLCB
Nehemiah 5 in the BOLCB2
Nehemiah 5 in the BOMCV
Nehemiah 5 in the BONAV
Nehemiah 5 in the BONCB
Nehemiah 5 in the BONLT
Nehemiah 5 in the BONUT2
Nehemiah 5 in the BOPLNT
Nehemiah 5 in the BOSCB
Nehemiah 5 in the BOSNC
Nehemiah 5 in the BOTLNT
Nehemiah 5 in the BOVCB
Nehemiah 5 in the BOYCB
Nehemiah 5 in the BPBB
Nehemiah 5 in the BPH
Nehemiah 5 in the BSB
Nehemiah 5 in the CCB
Nehemiah 5 in the CUV
Nehemiah 5 in the CUVS
Nehemiah 5 in the DBT
Nehemiah 5 in the DGDNT
Nehemiah 5 in the DHNT
Nehemiah 5 in the DNT
Nehemiah 5 in the ELBE
Nehemiah 5 in the EMTV
Nehemiah 5 in the ESV
Nehemiah 5 in the FBV
Nehemiah 5 in the FEB
Nehemiah 5 in the GGMNT
Nehemiah 5 in the GNT
Nehemiah 5 in the HARY
Nehemiah 5 in the HNT
Nehemiah 5 in the IRVA
Nehemiah 5 in the IRVB
Nehemiah 5 in the IRVG
Nehemiah 5 in the IRVH
Nehemiah 5 in the IRVK
Nehemiah 5 in the IRVM
Nehemiah 5 in the IRVM2
Nehemiah 5 in the IRVO
Nehemiah 5 in the IRVP
Nehemiah 5 in the IRVT
Nehemiah 5 in the IRVT2
Nehemiah 5 in the IRVU
Nehemiah 5 in the ISVN
Nehemiah 5 in the JSNT
Nehemiah 5 in the KAPI
Nehemiah 5 in the KBT1ETNIK
Nehemiah 5 in the KBV
Nehemiah 5 in the KJV
Nehemiah 5 in the KNFD
Nehemiah 5 in the LBA
Nehemiah 5 in the LBLA
Nehemiah 5 in the LNT
Nehemiah 5 in the LSV
Nehemiah 5 in the MAAL
Nehemiah 5 in the MBV
Nehemiah 5 in the MBV2
Nehemiah 5 in the MHNT
Nehemiah 5 in the MKNFD
Nehemiah 5 in the MNG
Nehemiah 5 in the MNT
Nehemiah 5 in the MNT2
Nehemiah 5 in the MRS1T
Nehemiah 5 in the NAA
Nehemiah 5 in the NASB
Nehemiah 5 in the NBLA
Nehemiah 5 in the NBS
Nehemiah 5 in the NBVTP
Nehemiah 5 in the NET2
Nehemiah 5 in the NIV11
Nehemiah 5 in the NNT
Nehemiah 5 in the NNT2
Nehemiah 5 in the NNT3
Nehemiah 5 in the PDDPT
Nehemiah 5 in the PFNT
Nehemiah 5 in the RMNT
Nehemiah 5 in the SBIAS
Nehemiah 5 in the SBIBS
Nehemiah 5 in the SBIBS2
Nehemiah 5 in the SBICS
Nehemiah 5 in the SBIDS
Nehemiah 5 in the SBIGS
Nehemiah 5 in the SBIHS
Nehemiah 5 in the SBIIS
Nehemiah 5 in the SBIIS2
Nehemiah 5 in the SBIIS3
Nehemiah 5 in the SBIKS
Nehemiah 5 in the SBIKS2
Nehemiah 5 in the SBIMS
Nehemiah 5 in the SBIOS
Nehemiah 5 in the SBIPS
Nehemiah 5 in the SBISS
Nehemiah 5 in the SBITS
Nehemiah 5 in the SBITS2
Nehemiah 5 in the SBITS3
Nehemiah 5 in the SBITS4
Nehemiah 5 in the SBIUS
Nehemiah 5 in the SBIVS
Nehemiah 5 in the SBT
Nehemiah 5 in the SBT1E
Nehemiah 5 in the SCHL
Nehemiah 5 in the SNT
Nehemiah 5 in the SUSU
Nehemiah 5 in the SUSU2
Nehemiah 5 in the SYNO
Nehemiah 5 in the TBIAOTANT
Nehemiah 5 in the TBT1E
Nehemiah 5 in the TBT1E2
Nehemiah 5 in the TFTIP
Nehemiah 5 in the TFTU
Nehemiah 5 in the TGNTATF3T
Nehemiah 5 in the THAI
Nehemiah 5 in the TNFD
Nehemiah 5 in the TNT
Nehemiah 5 in the TNTIK
Nehemiah 5 in the TNTIL
Nehemiah 5 in the TNTIN
Nehemiah 5 in the TNTIP
Nehemiah 5 in the TNTIZ
Nehemiah 5 in the TOMA
Nehemiah 5 in the TTENT
Nehemiah 5 in the UBG
Nehemiah 5 in the UGV
Nehemiah 5 in the UGV2
Nehemiah 5 in the UGV3
Nehemiah 5 in the VBL
Nehemiah 5 in the VDCC
Nehemiah 5 in the YALU
Nehemiah 5 in the YAPE
Nehemiah 5 in the YBVTP
Nehemiah 5 in the ZBP