Numbers 10 (BOECS)
1 Yehowa gblɔ na Mose be, 2 “Tsɔ klosalo wɔ kpẽ eve hena ameawo yɔyɔ be woaƒo ƒu kple gbeƒãɖeɖe be woaho. 3 Ne woku kpẽ eveawo ƒo ƒui la, ameawo anya be, ele be yewoakpe ta le agbadɔ la ƒe mɔnu. 4 Ke ne woku kpẽ ɖeka ko la, ekema kplɔlawo kple Israel ƒe toawo ƒe tatɔwo ava ƒo ƒu ɖe ŋkuwòme. 5 Ne woku kpẽa la, ekema to siwo ƒu asaɖa anyi ɖe ɣedzeƒe la aho. 6 Ne kpẽa gaɖi zi evelia tu ɖe nu la, to siwo le dziehe lɔƒo la hã adze mɔ. Kpẽa ƒe ɖiɖi nye nyanyanana be woadze mɔ. 7 Ke ne wodi be dukɔ la katã nakpe ta la, woaku kpẽ la kpuie ko. 8 “Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la koe kpɔ mɔ aku kpẽawo. Esia nye nuɖoanyi na mi tso dzidzime yi dzidzime. 9 Ne mieyi aʋa kple miaƒe futɔwo, ame siwo le mia tem ɖe anyi le miawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi la, ekema miku kpẽawo. Ekema Yehowa, miaƒe Mawu la aɖo ŋku mia dzi, eye wòaɖe mi tso miaƒe futɔwo ƒe asi me. 10 Miku kpẽawo le dzidzɔɣiwo hã. Miku wo le miaƒe ƒe sia ƒe Ŋkekenyuiwo dzi kple dzinu yeye ɖe sia ɖe ƒe Ŋkekenyuiwo dzi. Miku kpẽawo hã ɖe miaƒe numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo hã ŋu, eye woanye ŋkuɖodzi na mi le miaƒe Mawu la ŋkume. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.” 11 Lilikpo la ho le agbadɔ la tame le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke blaevelia gbe. 12 Ale Israelviwo dzo le Sinai gbegbe la. Wodze lilikpo la yome va se ɖe esime wòtɔ ɖe Paran gbegbe la. 13 Esiae nye woƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ esi woxɔ Yehowa ƒe se siwo wòde na Mose tso mɔzɔzɔ la ŋuti. 14 Yuda ƒe to la dze ŋgɔ, nɔ woƒe aflaga la yome. Woƒe kplɔlae nye Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu. 15 Isaka ƒe to la kplɔ wo ɖo. Woƒe kplɔlae nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu. 16 Eliab, Helon ƒe viŋutsu kplɔ Zebulon ƒe to la dze wo yome. 17 Wokaka Agbadɔ la, eye Gerson kple Merari ƒe viwo tso Levi ƒe viwo dome kplɔ wo ɖo. Wokɔ Agbadɔ la ɖe abɔta. 18 Ruben ƒe to la kple woƒe aflaga dze wo yome le woƒe kplɔla Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. 19 Simeon ƒe to la kplɔ woawo hã ɖo. Wonɔ woƒe kplɔla Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. 20 To si kplɔ wo ɖo lae nye Gad ƒe to la. Woƒe kplɔlae nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu. 21 Kohat ƒe viwo kplɔ Gad ƒe to la ɖo. Woawoe tsɔa nu kɔkɔeawo. Wotua agbadɔ la ɖe teƒe yeyea hafi wova ɖona. 22 Efraim ƒe to la kplɔ Kohat ƒe viwo ɖo. Wonɔ woƒe aflaga yome le Elisama, Amihud ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. 23 Manase ƒe to la nɔ Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te kplɔ wo ɖo, 24 eye Benyamin ƒe to la nɔ woƒe kplɔla Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te kplɔ wo ɖo. 25 Ame mamlɛtɔwoe nye Dan ƒe to la. Wonɔ woƒe aflaga yome le woƒe kplɔla, Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. 26 Aser ƒe to la, ame siwo Pagiel, Okran ƒe viŋutsu kplɔ, 27 kple Naftali ƒe to la, ame siwo Ahira, Enan ƒe viŋutsu kplɔ la dze wo yome. 28 Ɖoɖo sia mee Israelviwo ƒe towo nɔna hezɔa mɔ. 29 Gbe ɖeka la, Mose gblɔ na srɔ̃a nɔviŋutsu, Hobab si nye Midiantɔ Reuel ƒe viŋutsu be, “Mlɔeba la, míele mɔ dzem ɖo ta Ŋugbedodonyigba la dzi. Na míayi. Míalé be na wò, elabena Yehowa do nu nyui geɖewo ŋugbe na Israel!” 30 Ke Hobab gblɔ nɛ be, “Ao, ele be matrɔ ayi mía de aɖanɔ nye amewo dome.” 31 Mose ɖe kuku nɛ be, “Nɔ mía gbɔ, elabena ènya teƒe siwo míaƒu asaɖa anyi ɖo, eye ànye ŋku na mí. 32 Ne èkplɔ mí ɖo la, àkpɔ gome le nu nyui siwo katã Yehowa wɔna na mí la me.” 33 Wozɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ tso Sinai to, Yehowa ƒe to la gbɔ. Nubablaɖaka la le wo ŋgɔ be yeatia teƒe si woatɔ ɖo la na wo. 34 Wodze mɔ le ŋkeke me. Yehowa ƒe lilikpo la nɔ zɔzɔm le ŋgɔ na wo. 35 Ne wokɔ nubablaɖaka la dze mɔ la, Mose doa ɣli be,“O! Yehowa, tsi tsitre, eye nàka wò futɔwo hlẽ.Na woasi le ŋgɔwò.” 36 Ne wodro nubablaɖaka la ɖi la, egblɔna be,“Yehowa, trɔ gbɔ vaIsraelvi akpe akpeawo gbɔ.”
In Other Versions
Numbers 10 in the ANGEFD
Numbers 10 in the ANTPNG2D
Numbers 10 in the AS21
Numbers 10 in the BAGH
Numbers 10 in the BBPNG
Numbers 10 in the BBT1E
Numbers 10 in the BDS
Numbers 10 in the BEV
Numbers 10 in the BHAD
Numbers 10 in the BIB
Numbers 10 in the BLPT
Numbers 10 in the BNT
Numbers 10 in the BNTABOOT
Numbers 10 in the BNTLV
Numbers 10 in the BOATCB
Numbers 10 in the BOATCB2
Numbers 10 in the BOBCV
Numbers 10 in the BOCNT
Numbers 10 in the BOGWICC
Numbers 10 in the BOHCB
Numbers 10 in the BOHCV
Numbers 10 in the BOHLNT
Numbers 10 in the BOHNTLTAL
Numbers 10 in the BOICB
Numbers 10 in the BOILNTAP
Numbers 10 in the BOITCV
Numbers 10 in the BOKCV
Numbers 10 in the BOKCV2
Numbers 10 in the BOKHWOG
Numbers 10 in the BOKSSV
Numbers 10 in the BOLCB
Numbers 10 in the BOLCB2
Numbers 10 in the BOMCV
Numbers 10 in the BONAV
Numbers 10 in the BONCB
Numbers 10 in the BONLT
Numbers 10 in the BONUT2
Numbers 10 in the BOPLNT
Numbers 10 in the BOSCB
Numbers 10 in the BOSNC
Numbers 10 in the BOTLNT
Numbers 10 in the BOVCB
Numbers 10 in the BOYCB
Numbers 10 in the BPBB
Numbers 10 in the BPH
Numbers 10 in the BSB
Numbers 10 in the CCB
Numbers 10 in the CUV
Numbers 10 in the CUVS
Numbers 10 in the DBT
Numbers 10 in the DGDNT
Numbers 10 in the DHNT
Numbers 10 in the DNT
Numbers 10 in the ELBE
Numbers 10 in the EMTV
Numbers 10 in the ESV
Numbers 10 in the FBV
Numbers 10 in the FEB
Numbers 10 in the GGMNT
Numbers 10 in the GNT
Numbers 10 in the HARY
Numbers 10 in the HNT
Numbers 10 in the IRVA
Numbers 10 in the IRVB
Numbers 10 in the IRVG
Numbers 10 in the IRVH
Numbers 10 in the IRVK
Numbers 10 in the IRVM
Numbers 10 in the IRVM2
Numbers 10 in the IRVO
Numbers 10 in the IRVP
Numbers 10 in the IRVT
Numbers 10 in the IRVT2
Numbers 10 in the IRVU
Numbers 10 in the ISVN
Numbers 10 in the JSNT
Numbers 10 in the KAPI
Numbers 10 in the KBT1ETNIK
Numbers 10 in the KBV
Numbers 10 in the KJV
Numbers 10 in the KNFD
Numbers 10 in the LBA
Numbers 10 in the LBLA
Numbers 10 in the LNT
Numbers 10 in the LSV
Numbers 10 in the MAAL
Numbers 10 in the MBV
Numbers 10 in the MBV2
Numbers 10 in the MHNT
Numbers 10 in the MKNFD
Numbers 10 in the MNG
Numbers 10 in the MNT
Numbers 10 in the MNT2
Numbers 10 in the MRS1T
Numbers 10 in the NAA
Numbers 10 in the NASB
Numbers 10 in the NBLA
Numbers 10 in the NBS
Numbers 10 in the NBVTP
Numbers 10 in the NET2
Numbers 10 in the NIV11
Numbers 10 in the NNT
Numbers 10 in the NNT2
Numbers 10 in the NNT3
Numbers 10 in the PDDPT
Numbers 10 in the PFNT
Numbers 10 in the RMNT
Numbers 10 in the SBIAS
Numbers 10 in the SBIBS
Numbers 10 in the SBIBS2
Numbers 10 in the SBICS
Numbers 10 in the SBIDS
Numbers 10 in the SBIGS
Numbers 10 in the SBIHS
Numbers 10 in the SBIIS
Numbers 10 in the SBIIS2
Numbers 10 in the SBIIS3
Numbers 10 in the SBIKS
Numbers 10 in the SBIKS2
Numbers 10 in the SBIMS
Numbers 10 in the SBIOS
Numbers 10 in the SBIPS
Numbers 10 in the SBISS
Numbers 10 in the SBITS
Numbers 10 in the SBITS2
Numbers 10 in the SBITS3
Numbers 10 in the SBITS4
Numbers 10 in the SBIUS
Numbers 10 in the SBIVS
Numbers 10 in the SBT
Numbers 10 in the SBT1E
Numbers 10 in the SCHL
Numbers 10 in the SNT
Numbers 10 in the SUSU
Numbers 10 in the SUSU2
Numbers 10 in the SYNO
Numbers 10 in the TBIAOTANT
Numbers 10 in the TBT1E
Numbers 10 in the TBT1E2
Numbers 10 in the TFTIP
Numbers 10 in the TFTU
Numbers 10 in the TGNTATF3T
Numbers 10 in the THAI
Numbers 10 in the TNFD
Numbers 10 in the TNT
Numbers 10 in the TNTIK
Numbers 10 in the TNTIL
Numbers 10 in the TNTIN
Numbers 10 in the TNTIP
Numbers 10 in the TNTIZ
Numbers 10 in the TOMA
Numbers 10 in the TTENT
Numbers 10 in the UBG
Numbers 10 in the UGV
Numbers 10 in the UGV2
Numbers 10 in the UGV3
Numbers 10 in the VBL
Numbers 10 in the VDCC
Numbers 10 in the YALU
Numbers 10 in the YAPE
Numbers 10 in the YBVTP
Numbers 10 in the ZBP