Numbers 27 (BOECS)
1 Zelofehad, Hefer ƒe vi, Gilead ƒe vi, Makir ƒe vi, Manase ƒe vi, tso Manase, ame si nye Yosef ƒe vi la ƒe ƒome me. Zelofehad ƒe vinyɔnuwo ƒe ŋkɔwoe nye Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza. 2 Gbe ɖeka la, Zelofehad ƒe vinyɔnu siawo yi agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wotsi tsitre ɖe Mose, nunɔla Eleazar, ameha blibo la ƒe kplɔlawo ŋkume, eye wogblɔ be, 3 “Mía fofo ku le gbedzi. Enɔ Korah yomedzelawo dome, ame siwo bla nu, eye wotsi tsitre ɖe Yehowa ŋu, ke eku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta, eye megblẽ viŋutsu aɖeke ɖe megbe o. 4 Nu ka ta mía fofo ƒe ŋkɔ nabu le eƒe hlɔ̃ me, elabena viŋutsu menɔ esi o? Na domenyinui ɖe mía fofowo ƒe ƒometɔwo dome.” 5 Mose tsɔ woƒe nya la da ɖe Yehowa ŋkume, 6 eye Yehowa gblɔ nɛ be, 7 “Nya si gblɔm Zelofehad ƒe vinyɔnuwo le la le eteƒe. Ele be miana domenyinu wo ɖe wo fofowo ƒe ƒometɔwo dome, eye miatsɔ wo fofowo ƒe domenyinu ana wo. 8 “Gawu la, gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ame aɖe ku, eye viŋutsu aɖeke menɔ esi o la, ekema eƒe domenyinu ayi via nyɔnuwo ƒe asi me. 9 Ne vinyɔnu aɖeke menɔ esi o hã la, ekema eƒe domenyinu ayi nɔvia ŋutsu ƒe asi me. 10 Ne nɔviŋutsu aɖeke hã menɔ esi o la, ekema eƒe domenyinu ayi fofoa nɔviŋutsu gbɔ. 11 Ke ne fofoa nɔviŋutsu aɖeke meli o la, woatsɔe ana eƒe ƒometɔ tututu aɖe. Esia nanye se kple ɖoɖo na Israelviwo, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.’ ” 12 Gbe ɖeka la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Yi Abarim to dzi, eye nàkpɔ anyigba si metsɔ na Israelviwo la ɖa to tɔsisi la dzi. 13 Ne èkpɔe vɔ megbe la, àku abe nɔviwò Aron ene, 14 elabena ètsi tsitre ɖe nye ɖoɖo ŋu le Zin gbedzi. Esime Israel dze aglã ɖe ŋunye la, mède bubu ŋunye le wo ŋkume to nye ɖoɖowo dzi wɔwɔ me, aɖe gbe, tsi nado to agakpe la me o.” (Yehowa nɔ nu ƒom tso nya si dzɔ le Meriba, Dzreteƒe, le Kades, le Zin gbedzi la ŋu.) 15 Mose gblɔ na Yehowa be, 16 “O! Yehowa, amegbetɔƒome la katã ƒe gbɔgbɔwo ƒe Mawu, meɖe kuku, hafi madzo le xexea me la, tia kplɔla bubu na ameawo, 17 ame si akplɔ wo ayi aʋa, eye wòakpɔ wo dzi, ale be Yehowa ƒe amewo manɔ abe alẽha si nu kplɔla aɖeke mele ene o.” 18 Yehowa ɖo eŋu be, “Yi nàkplɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ame si me Gbɔgbɔ la le la, 19 yi nunɔla Eleazar gbɔ, eye nàtsɔ ameawo kpɔkplɔ de esi le ameawo katã ŋkume. 20 Ɖe wò amekpɔkplɔ ƒe ŋusẽ da ɖe edzi ale be Israelviwo katã naɖo toe. 21 Ele be wòayi nunɔla Eleazar gbɔ, eye wòaxɔ ɖoɖowo tso Yehowa gbɔ. Yehowa agblɔ nu si woawɔ la na Eleazar to akɔdada kple ‘Urim’ me, eye Eleazar agblɔ Mawu ƒe ɖoɖowo na Yosua kple Israel dukɔ la. Yehowa ayi wo kpɔkplɔ dzi le mɔ sia nu.” 22 Mose zɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo nu, eye wòkplɔ Yosua yi nunɔla Eleazar gbɔ. Le ha blibo la ŋkume la, 23 Mose da asi ɖe Yosua dzi, eye wòtsɔ eƒe dɔdeasiwo de asi nɛ abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene.
In Other Versions
Numbers 27 in the ANGEFD
Numbers 27 in the ANTPNG2D
Numbers 27 in the AS21
Numbers 27 in the BAGH
Numbers 27 in the BBPNG
Numbers 27 in the BBT1E
Numbers 27 in the BDS
Numbers 27 in the BEV
Numbers 27 in the BHAD
Numbers 27 in the BIB
Numbers 27 in the BLPT
Numbers 27 in the BNT
Numbers 27 in the BNTABOOT
Numbers 27 in the BNTLV
Numbers 27 in the BOATCB
Numbers 27 in the BOATCB2
Numbers 27 in the BOBCV
Numbers 27 in the BOCNT
Numbers 27 in the BOGWICC
Numbers 27 in the BOHCB
Numbers 27 in the BOHCV
Numbers 27 in the BOHLNT
Numbers 27 in the BOHNTLTAL
Numbers 27 in the BOICB
Numbers 27 in the BOILNTAP
Numbers 27 in the BOITCV
Numbers 27 in the BOKCV
Numbers 27 in the BOKCV2
Numbers 27 in the BOKHWOG
Numbers 27 in the BOKSSV
Numbers 27 in the BOLCB
Numbers 27 in the BOLCB2
Numbers 27 in the BOMCV
Numbers 27 in the BONAV
Numbers 27 in the BONCB
Numbers 27 in the BONLT
Numbers 27 in the BONUT2
Numbers 27 in the BOPLNT
Numbers 27 in the BOSCB
Numbers 27 in the BOSNC
Numbers 27 in the BOTLNT
Numbers 27 in the BOVCB
Numbers 27 in the BOYCB
Numbers 27 in the BPBB
Numbers 27 in the BPH
Numbers 27 in the BSB
Numbers 27 in the CCB
Numbers 27 in the CUV
Numbers 27 in the CUVS
Numbers 27 in the DBT
Numbers 27 in the DGDNT
Numbers 27 in the DHNT
Numbers 27 in the DNT
Numbers 27 in the ELBE
Numbers 27 in the EMTV
Numbers 27 in the ESV
Numbers 27 in the FBV
Numbers 27 in the FEB
Numbers 27 in the GGMNT
Numbers 27 in the GNT
Numbers 27 in the HARY
Numbers 27 in the HNT
Numbers 27 in the IRVA
Numbers 27 in the IRVB
Numbers 27 in the IRVG
Numbers 27 in the IRVH
Numbers 27 in the IRVK
Numbers 27 in the IRVM
Numbers 27 in the IRVM2
Numbers 27 in the IRVO
Numbers 27 in the IRVP
Numbers 27 in the IRVT
Numbers 27 in the IRVT2
Numbers 27 in the IRVU
Numbers 27 in the ISVN
Numbers 27 in the JSNT
Numbers 27 in the KAPI
Numbers 27 in the KBT1ETNIK
Numbers 27 in the KBV
Numbers 27 in the KJV
Numbers 27 in the KNFD
Numbers 27 in the LBA
Numbers 27 in the LBLA
Numbers 27 in the LNT
Numbers 27 in the LSV
Numbers 27 in the MAAL
Numbers 27 in the MBV
Numbers 27 in the MBV2
Numbers 27 in the MHNT
Numbers 27 in the MKNFD
Numbers 27 in the MNG
Numbers 27 in the MNT
Numbers 27 in the MNT2
Numbers 27 in the MRS1T
Numbers 27 in the NAA
Numbers 27 in the NASB
Numbers 27 in the NBLA
Numbers 27 in the NBS
Numbers 27 in the NBVTP
Numbers 27 in the NET2
Numbers 27 in the NIV11
Numbers 27 in the NNT
Numbers 27 in the NNT2
Numbers 27 in the NNT3
Numbers 27 in the PDDPT
Numbers 27 in the PFNT
Numbers 27 in the RMNT
Numbers 27 in the SBIAS
Numbers 27 in the SBIBS
Numbers 27 in the SBIBS2
Numbers 27 in the SBICS
Numbers 27 in the SBIDS
Numbers 27 in the SBIGS
Numbers 27 in the SBIHS
Numbers 27 in the SBIIS
Numbers 27 in the SBIIS2
Numbers 27 in the SBIIS3
Numbers 27 in the SBIKS
Numbers 27 in the SBIKS2
Numbers 27 in the SBIMS
Numbers 27 in the SBIOS
Numbers 27 in the SBIPS
Numbers 27 in the SBISS
Numbers 27 in the SBITS
Numbers 27 in the SBITS2
Numbers 27 in the SBITS3
Numbers 27 in the SBITS4
Numbers 27 in the SBIUS
Numbers 27 in the SBIVS
Numbers 27 in the SBT
Numbers 27 in the SBT1E
Numbers 27 in the SCHL
Numbers 27 in the SNT
Numbers 27 in the SUSU
Numbers 27 in the SUSU2
Numbers 27 in the SYNO
Numbers 27 in the TBIAOTANT
Numbers 27 in the TBT1E
Numbers 27 in the TBT1E2
Numbers 27 in the TFTIP
Numbers 27 in the TFTU
Numbers 27 in the TGNTATF3T
Numbers 27 in the THAI
Numbers 27 in the TNFD
Numbers 27 in the TNT
Numbers 27 in the TNTIK
Numbers 27 in the TNTIL
Numbers 27 in the TNTIN
Numbers 27 in the TNTIP
Numbers 27 in the TNTIZ
Numbers 27 in the TOMA
Numbers 27 in the TTENT
Numbers 27 in the UBG
Numbers 27 in the UGV
Numbers 27 in the UGV2
Numbers 27 in the UGV3
Numbers 27 in the VBL
Numbers 27 in the VDCC
Numbers 27 in the YALU
Numbers 27 in the YAPE
Numbers 27 in the YBVTP
Numbers 27 in the ZBP