Numbers 33 (BOECS)
1 Esiawoe nye Israelviwo ƒe toƒewo tso esime Mose kple Aron wokplɔ wo dzoe le Egiptenyigba dzi. 2 Mose ŋlɔ nu tso woƒe toƒewo ŋu abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene. 3 Israelviwo dze mɔ le Rameses le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe si nye Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ŋkeke evelia. Wozɔ dzideƒotɔe dzo le Egiptetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu, 4 le esime Egiptetɔwo nɔ woƒe ŋgɔgbeviwo katã, ame siwo Yehowa ƒo ƒu anyi le wo dome la ɖim, elabena Yehowa he ʋɔnudɔdrɔ̃ va woƒe mawuwo dzi. 5 Israelviwo dzo le Rameses, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Sukɔt. 6 Wodzo le Sukɔt, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Etam, le gbegbe la to. 7 Esi wodzo le Etam la, wogbugbɔ yi Pi Hahirɔt, le Baal Zefon ƒe ɣedzeƒe, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Migdol gbɔ. 8 Tso afi sia la, woto Ƒu Dzĩ la titina. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, woɖo Etam gbedzi, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Mara. 9 Tso Mara la, wova Elim, afi si vudo wuieve kple deti blaadre le. Wonɔ afi sia eteƒe didi vie. 10 Esi wodzo le Elim la, woƒu asaɖa anyi ɖe Ƒu Dzĩ la to, 11 eye woho yi Sin gbedzi. 12 Emegbe la, woyi Dofka. 13 Esi wodzo le Dofka la, woyi Alus, 14 hetso eme yi Refidim, afi si tsi menɔ na ameawo woano o. 15 Tso Refidim la, woyi Sinai gbedzi, 16 eye tso afi ma la, woyi Kibrot Hatava. 17 Tso Kibrot Hatava la, woyi Hazerot. 18 Tso Hazerot la, woyi Ritmax. 19 Tso Ritmax la, woyi Rimonparez. 20 Tso Rimonparez la, woyi Libna. 21 Tso Libna la, woyi Risa. 22 Tso Risa la, woyi Kehelata. 23 Tso Kehelata la, woyi Sefer to la gbɔ. 24 Tso Sefer to la gbɔ la, woyi Harada. 25 Tso Harada la, woyi Makhelot. 26 Tso Makhelot la, woyi Tahat. 27 Tso Tahat la, woyi Tera. 28 Tso Tera la, woyi Mitka. 29 Tso Mitka la, woyi Hasmona. 30 Tso Hasmona la, woyi Moserɔt. 31 Tso Moserɔt la, woyi Bene Yakan. 32 Tso Bene Yakan la, woyi Hor Hagidgad. 33 Tso Hor Hagidgad la, woyi Yotbata. 34 Tso Yotbata la, woyi Abrona. 35 Tso Abrona la, woyi Ezion Geber. 36 Tso Ezion Geber la, woyi Kades le Zin gbedzi. 37 Tso Kades la, woyi Hor to la gbɔ le Edomnyigba la to. 38 Le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, Nunɔla Aron yi Hor to la dzi, afi si wòku ɖo le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe le ƒe blaenelia, esi Israelviwo ʋu tso Egipte la me. 39 Aron xɔ ƒe alafa ɖeka, blaeve-vɔ-etɔ̃ esi wòku ɖe Hor to la dzi. 40 Ɣe ma ɣie Kanaantɔwo ƒe fia, Arad fia, ame si nɔ Negeb, le Kanaanyigba dzi la se be Israelviwo gbɔna yeƒe anyigba dzi. 41 Wowɔ aʋa kplii, eye wotso Hor to la gbɔ heƒu asaɖa anyi ɖe Zalmona. 42 Tso Zalmona la, woyi Punon. 43 Woho tso Punon heva ƒu asaɖa anyi ɖe Obot, 44 eye woho tso Obot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Iye Abarim le Moabtɔwo ƒe liƒo dzi. 45 Tso afi sia la, woƒo asaɖa ɖe Dibon Gad 46 woyi Dibon Gad heyi Almɔn Diblataim, 47 Abarim towo gbɔ le Nebo to la gbɔ. 48 Wotso le Abarim towo gbɔ, eye mlɔeba la, wova ɖo Moab gbegbe la le Yɔdan tɔsisi la to le Yeriko kasa. 49 Woƒu asaɖa anyi ɖe teƒe vovovowo le Yɔdan tɔsisi la to tso Bet Yesimot va se ɖe Abel Sitim le Moab tagba. 50 Le Moab tagba, le Yɔdan nu le Yeriko kasa la, Yehowa gblɔ na Mose be, 51 “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne mietso Yɔdan, eye miege ɖe Kanaanyigba dzi la, 52 ele be mianya ame siwo katã le anyigba ma dzi, eye miagbã woƒe legbawo; esiawoe nye woƒe kpe kpakpawo, legba siwo wololo ga tsɔ wɔe kple woƒe mawusubɔƒe siwo wotu ɖe toawo dzi, afi si wosubɔa woƒe legbawo le. 53 Metsɔ anyigba la na mi. Mixɔe eye mianɔ edzi. 54 Mima anyigba la ɖe miaƒe towo dome ɖe toawo ƒe lolome nu. Midzidze nu ɖe afi si anyigba la lolo le la dzi, amae ɖe to siwo me amewo sɔ gbɔ le la dome, eye miatsɔ teƒe siwo melolo o la ana to suewo. 55 “ ‘Ke ne mienya ame siwo le afi ma o la, wo dometɔ siwo asusɔ ɖe afi ma la, azu dzowɔ aɖo ŋkume na mi kple ŋu anɔ miaƒe axadame. 56 Ekema matsrɔ̃ mi abe ale si meɖo be matsrɔ̃ woe la ene.’ ”
In Other Versions
Numbers 33 in the ANGEFD
Numbers 33 in the ANTPNG2D
Numbers 33 in the AS21
Numbers 33 in the BAGH
Numbers 33 in the BBPNG
Numbers 33 in the BBT1E
Numbers 33 in the BDS
Numbers 33 in the BEV
Numbers 33 in the BHAD
Numbers 33 in the BIB
Numbers 33 in the BLPT
Numbers 33 in the BNT
Numbers 33 in the BNTABOOT
Numbers 33 in the BNTLV
Numbers 33 in the BOATCB
Numbers 33 in the BOATCB2
Numbers 33 in the BOBCV
Numbers 33 in the BOCNT
Numbers 33 in the BOGWICC
Numbers 33 in the BOHCB
Numbers 33 in the BOHCV
Numbers 33 in the BOHLNT
Numbers 33 in the BOHNTLTAL
Numbers 33 in the BOICB
Numbers 33 in the BOILNTAP
Numbers 33 in the BOITCV
Numbers 33 in the BOKCV
Numbers 33 in the BOKCV2
Numbers 33 in the BOKHWOG
Numbers 33 in the BOKSSV
Numbers 33 in the BOLCB
Numbers 33 in the BOLCB2
Numbers 33 in the BOMCV
Numbers 33 in the BONAV
Numbers 33 in the BONCB
Numbers 33 in the BONLT
Numbers 33 in the BONUT2
Numbers 33 in the BOPLNT
Numbers 33 in the BOSCB
Numbers 33 in the BOSNC
Numbers 33 in the BOTLNT
Numbers 33 in the BOVCB
Numbers 33 in the BOYCB
Numbers 33 in the BPBB
Numbers 33 in the BPH
Numbers 33 in the BSB
Numbers 33 in the CCB
Numbers 33 in the CUV
Numbers 33 in the CUVS
Numbers 33 in the DBT
Numbers 33 in the DGDNT
Numbers 33 in the DHNT
Numbers 33 in the DNT
Numbers 33 in the ELBE
Numbers 33 in the EMTV
Numbers 33 in the ESV
Numbers 33 in the FBV
Numbers 33 in the FEB
Numbers 33 in the GGMNT
Numbers 33 in the GNT
Numbers 33 in the HARY
Numbers 33 in the HNT
Numbers 33 in the IRVA
Numbers 33 in the IRVB
Numbers 33 in the IRVG
Numbers 33 in the IRVH
Numbers 33 in the IRVK
Numbers 33 in the IRVM
Numbers 33 in the IRVM2
Numbers 33 in the IRVO
Numbers 33 in the IRVP
Numbers 33 in the IRVT
Numbers 33 in the IRVT2
Numbers 33 in the IRVU
Numbers 33 in the ISVN
Numbers 33 in the JSNT
Numbers 33 in the KAPI
Numbers 33 in the KBT1ETNIK
Numbers 33 in the KBV
Numbers 33 in the KJV
Numbers 33 in the KNFD
Numbers 33 in the LBA
Numbers 33 in the LBLA
Numbers 33 in the LNT
Numbers 33 in the LSV
Numbers 33 in the MAAL
Numbers 33 in the MBV
Numbers 33 in the MBV2
Numbers 33 in the MHNT
Numbers 33 in the MKNFD
Numbers 33 in the MNG
Numbers 33 in the MNT
Numbers 33 in the MNT2
Numbers 33 in the MRS1T
Numbers 33 in the NAA
Numbers 33 in the NASB
Numbers 33 in the NBLA
Numbers 33 in the NBS
Numbers 33 in the NBVTP
Numbers 33 in the NET2
Numbers 33 in the NIV11
Numbers 33 in the NNT
Numbers 33 in the NNT2
Numbers 33 in the NNT3
Numbers 33 in the PDDPT
Numbers 33 in the PFNT
Numbers 33 in the RMNT
Numbers 33 in the SBIAS
Numbers 33 in the SBIBS
Numbers 33 in the SBIBS2
Numbers 33 in the SBICS
Numbers 33 in the SBIDS
Numbers 33 in the SBIGS
Numbers 33 in the SBIHS
Numbers 33 in the SBIIS
Numbers 33 in the SBIIS2
Numbers 33 in the SBIIS3
Numbers 33 in the SBIKS
Numbers 33 in the SBIKS2
Numbers 33 in the SBIMS
Numbers 33 in the SBIOS
Numbers 33 in the SBIPS
Numbers 33 in the SBISS
Numbers 33 in the SBITS
Numbers 33 in the SBITS2
Numbers 33 in the SBITS3
Numbers 33 in the SBITS4
Numbers 33 in the SBIUS
Numbers 33 in the SBIVS
Numbers 33 in the SBT
Numbers 33 in the SBT1E
Numbers 33 in the SCHL
Numbers 33 in the SNT
Numbers 33 in the SUSU
Numbers 33 in the SUSU2
Numbers 33 in the SYNO
Numbers 33 in the TBIAOTANT
Numbers 33 in the TBT1E
Numbers 33 in the TBT1E2
Numbers 33 in the TFTIP
Numbers 33 in the TFTU
Numbers 33 in the TGNTATF3T
Numbers 33 in the THAI
Numbers 33 in the TNFD
Numbers 33 in the TNT
Numbers 33 in the TNTIK
Numbers 33 in the TNTIL
Numbers 33 in the TNTIN
Numbers 33 in the TNTIP
Numbers 33 in the TNTIZ
Numbers 33 in the TOMA
Numbers 33 in the TTENT
Numbers 33 in the UBG
Numbers 33 in the UGV
Numbers 33 in the UGV2
Numbers 33 in the UGV3
Numbers 33 in the VBL
Numbers 33 in the VDCC
Numbers 33 in the YALU
Numbers 33 in the YAPE
Numbers 33 in the YBVTP
Numbers 33 in the ZBP