Numbers 34 (BOECS)

1 Yehowa gblɔ na Mose be, 2 “Ɖe gbe na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo Kanaan la, anyigba si woana mi abe domenyinu ene la ƒe liƒowo ayi ale: 3 “ ‘Miaƒe anyigba la ƒe anyigbeme ƒe liƒo anye Zin gbegbe la, ato Edom ƒe liƒo dzi. Miaƒe anyigba ƒe dzieheliƒo anye Dzeƒu la, 4 ato afi ma aɖo ta dziehe, ato Akrabim to dzi mɔ le Zin lɔƒo. Eƒe seƒe le dziehe anye Kades Barnea, afi si wòatso aɖo ta Hazar Adar, ayi Azmon. 5 Tso Azmon la, liƒo la azɔ Egipte tɔʋu la ŋu ayi aɖatɔ Dzeƒu la. 6 Miaƒe ɣetoɖoƒeliƒo anye Domeƒu la ƒe ƒuta. 7 Miaƒe dzigbemeliƒo adze egɔme tso Domeƒu la ŋu, aɖo ta ɣedzeƒe, ayi Hor to la gbɔ. 8 Tso Hor to la gbɔ ayi Lebo Hamat, ato Zedad 9 kple Zifron, ayi Hazar Enan. Esia anye miaƒe anyieheliƒo la. 10 Miaƒe ɣedzeƒeliƒo atso Hazar Enan aɖo ta anyigbeme ayi Sefam 11 kple Ribla le Ain ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Tso afi ma la, aɖiɖi aƒo xlã gbã, aɖo ta anyigbeme gome, atrɔ aɖo ta ɣetoɖoƒe lɔƒo va se ɖe esime wòaɖo Galilea ƒu la ƒe anyigbeme nu tututu. 12 Tso afi ma la, azɔ Yɔdan tɔsisi la ŋu ahawu nu ɖe Dzeƒu la nu. “ ‘Esiae nye miaƒe anyigba kple eƒe liƒo si ƒo xlãe.’ ” 13 Mose gblɔ na Israelviwo be, “Anyigba sia dzie miadzidze nu ɖo hena emama ɖe mia dome. Mimae ɖe to asiekɛ kple afã dome, 14 elabena Ruben ƒe viwo ƒe to la kple Gad ƒe viwo ƒe to la kple Manase ƒe viwo ƒe to la ƒe afã xɔ woƒe domenyinu xoxo. 15 To eve kple afã siawo xɔ woƒe domenyinu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe le Yeriko kasa.” 16 Yehowa gblɔ na Mose be, 17 “Ame siwo metia be woakpɔ anyigba la mama dzi la ƒe ŋkɔwoe nye: nunɔla Eleazar, Yosua, Nun ƒe viŋutsu, 18 eye nàtia kplɔla tso to ɖe sia ɖe me. 19 “Ame siawoe nye: “Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me, 20 Samuel, Amihud ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me, 21 Elidad, Kislon ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me, 22 Buki, Yogli viŋutsu, tso Dan ƒe to la me, 23 Yosef ƒe dzidzimevi siwo anye tatɔwo lae nye esiwo: Haniel, Efɔd ƒe viŋutsu, tso Manase ƒe to la me, 24 Kemuel, Siftan ƒe viŋutsu, tso Efraim ƒe to la me, 25 Elizafan, Parnax viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me, 26 Paltiel, Azan ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me, 27 Ahihud, Selomi ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me, 28 Pedahel, Amihud ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me.” 29 Esiawoe nye ame siwo metia be woakpɔ anyigba la mama ɖe Israelviwo dome dzi la ƒe ŋkɔwo.

In Other Versions

Numbers 34 in the ANGEFD

Numbers 34 in the ANTPNG2D

Numbers 34 in the AS21

Numbers 34 in the BAGH

Numbers 34 in the BBPNG

Numbers 34 in the BBT1E

Numbers 34 in the BDS

Numbers 34 in the BEV

Numbers 34 in the BHAD

Numbers 34 in the BIB

Numbers 34 in the BLPT

Numbers 34 in the BNT

Numbers 34 in the BNTABOOT

Numbers 34 in the BNTLV

Numbers 34 in the BOATCB

Numbers 34 in the BOATCB2

Numbers 34 in the BOBCV

Numbers 34 in the BOCNT

Numbers 34 in the BOGWICC

Numbers 34 in the BOHCB

Numbers 34 in the BOHCV

Numbers 34 in the BOHLNT

Numbers 34 in the BOHNTLTAL

Numbers 34 in the BOICB

Numbers 34 in the BOILNTAP

Numbers 34 in the BOITCV

Numbers 34 in the BOKCV

Numbers 34 in the BOKCV2

Numbers 34 in the BOKHWOG

Numbers 34 in the BOKSSV

Numbers 34 in the BOLCB

Numbers 34 in the BOLCB2

Numbers 34 in the BOMCV

Numbers 34 in the BONAV

Numbers 34 in the BONCB

Numbers 34 in the BONLT

Numbers 34 in the BONUT2

Numbers 34 in the BOPLNT

Numbers 34 in the BOSCB

Numbers 34 in the BOSNC

Numbers 34 in the BOTLNT

Numbers 34 in the BOVCB

Numbers 34 in the BOYCB

Numbers 34 in the BPBB

Numbers 34 in the BPH

Numbers 34 in the BSB

Numbers 34 in the CCB

Numbers 34 in the CUV

Numbers 34 in the CUVS

Numbers 34 in the DBT

Numbers 34 in the DGDNT

Numbers 34 in the DHNT

Numbers 34 in the DNT

Numbers 34 in the ELBE

Numbers 34 in the EMTV

Numbers 34 in the ESV

Numbers 34 in the FBV

Numbers 34 in the FEB

Numbers 34 in the GGMNT

Numbers 34 in the GNT

Numbers 34 in the HARY

Numbers 34 in the HNT

Numbers 34 in the IRVA

Numbers 34 in the IRVB

Numbers 34 in the IRVG

Numbers 34 in the IRVH

Numbers 34 in the IRVK

Numbers 34 in the IRVM

Numbers 34 in the IRVM2

Numbers 34 in the IRVO

Numbers 34 in the IRVP

Numbers 34 in the IRVT

Numbers 34 in the IRVT2

Numbers 34 in the IRVU

Numbers 34 in the ISVN

Numbers 34 in the JSNT

Numbers 34 in the KAPI

Numbers 34 in the KBT1ETNIK

Numbers 34 in the KBV

Numbers 34 in the KJV

Numbers 34 in the KNFD

Numbers 34 in the LBA

Numbers 34 in the LBLA

Numbers 34 in the LNT

Numbers 34 in the LSV

Numbers 34 in the MAAL

Numbers 34 in the MBV

Numbers 34 in the MBV2

Numbers 34 in the MHNT

Numbers 34 in the MKNFD

Numbers 34 in the MNG

Numbers 34 in the MNT

Numbers 34 in the MNT2

Numbers 34 in the MRS1T

Numbers 34 in the NAA

Numbers 34 in the NASB

Numbers 34 in the NBLA

Numbers 34 in the NBS

Numbers 34 in the NBVTP

Numbers 34 in the NET2

Numbers 34 in the NIV11

Numbers 34 in the NNT

Numbers 34 in the NNT2

Numbers 34 in the NNT3

Numbers 34 in the PDDPT

Numbers 34 in the PFNT

Numbers 34 in the RMNT

Numbers 34 in the SBIAS

Numbers 34 in the SBIBS

Numbers 34 in the SBIBS2

Numbers 34 in the SBICS

Numbers 34 in the SBIDS

Numbers 34 in the SBIGS

Numbers 34 in the SBIHS

Numbers 34 in the SBIIS

Numbers 34 in the SBIIS2

Numbers 34 in the SBIIS3

Numbers 34 in the SBIKS

Numbers 34 in the SBIKS2

Numbers 34 in the SBIMS

Numbers 34 in the SBIOS

Numbers 34 in the SBIPS

Numbers 34 in the SBISS

Numbers 34 in the SBITS

Numbers 34 in the SBITS2

Numbers 34 in the SBITS3

Numbers 34 in the SBITS4

Numbers 34 in the SBIUS

Numbers 34 in the SBIVS

Numbers 34 in the SBT

Numbers 34 in the SBT1E

Numbers 34 in the SCHL

Numbers 34 in the SNT

Numbers 34 in the SUSU

Numbers 34 in the SUSU2

Numbers 34 in the SYNO

Numbers 34 in the TBIAOTANT

Numbers 34 in the TBT1E

Numbers 34 in the TBT1E2

Numbers 34 in the TFTIP

Numbers 34 in the TFTU

Numbers 34 in the TGNTATF3T

Numbers 34 in the THAI

Numbers 34 in the TNFD

Numbers 34 in the TNT

Numbers 34 in the TNTIK

Numbers 34 in the TNTIL

Numbers 34 in the TNTIN

Numbers 34 in the TNTIP

Numbers 34 in the TNTIZ

Numbers 34 in the TOMA

Numbers 34 in the TTENT

Numbers 34 in the UBG

Numbers 34 in the UGV

Numbers 34 in the UGV2

Numbers 34 in the UGV3

Numbers 34 in the VBL

Numbers 34 in the VDCC

Numbers 34 in the YALU

Numbers 34 in the YAPE

Numbers 34 in the YBVTP

Numbers 34 in the ZBP