Numbers 7 (BOECS)

1 Esi Mose wu agbadɔ la tutu nu la, esi ami nɛ, eye wòkɔ eya kple eŋunuwo katã ŋuti. Esi ami na vɔsamlekpui la hã, kɔ eŋuti kple eŋunuwo katã ŋuti. 2 Israel ƒe kplɔlawo, ƒometatɔ, ame siwo nye kplɔlawo kple dzikpɔlawo na ame siwo woxlẽ la wɔ nunanawo. 3 Wotsɔ woƒe nunanawo vɛ na Yehowa le tasiaɖam ade siwo dzi wotsyɔ nui la me. Nyitsu eve he tasiaɖam ɖe sia ɖe. Wotsɔ tasiaɖam ɖeka na kplɔla eve, nyitsu ɖeka na kplɔla ɖe sia ɖe, eye wotsɔ wo na Yehowa le Agbadɔ la ŋgɔ. 4 Eye Yehowa gblɔ na Mose be, 5 “Xɔ woƒe nu siawo be woatsɔ wo awɔ agbadɔ la ŋuti dɔwoe. Tsɔ wo na Levi ƒe viwo abe ale si ame sia ame ƒe dɔ hiã lae ene.” 6 Ale Mose tsɔ tasiaɖamwo kple nyitsuawo na Levi ƒe viwo. 7 Etsɔ tasiaɖam eve kple nyitsu ene na Gerson ƒe viwo, 8 eye wòtsɔ tasiaɖam ene kple nyitsu enyi na Merari ƒe viwo, ame siwo nɔ Itamar, nunɔla Aron ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. 9 Wometsɔ tasiaɖamuawo kple nyitsuawo dometɔ aɖeke na Kohat ƒe viwo o, elabena woƒe dɔdeasie nye be woakɔ agbadɔ la ƒe akpa siwo woakɔ la ɖe abɔta. 10 Kplɔlawo hã na nunanawo ɖe nuŋukɔkɔ la ta le gbe si gbe wosi ami na vɔsamlekpui la. Woda nunanawo ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ. 11 Yehowa gblɔ na Mose be, “Mina ameawo natsɔ woƒe nunanawo vɛ le ŋkeke vovovowo dzi hena vɔsamlekpui la ŋu kɔkɔ.” 12 Ale Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me tsɔ eƒe nunanawo vɛ le ŋkeke gbãtɔ dzi. 13 Eƒe nunana siwo wòtsɔ vɛ la woe nye:klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me. 14 Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ. 15 Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa, 16 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 17 Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.Esiae nye Aminadab ƒe vi, Nahson ƒe vɔsa. 18 Esi ŋu ke la, Netanel, Zuar ƒe viŋutsu, Isaka ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ. 19 Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaeve kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me. 20 Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo si yɔ banaa kple dzudzɔdonu, 21 kple nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa, 22 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 23 Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.Esiawoe nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. 24 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Eliab, Helon ƒe viŋutsu, Zebulon ƒe to la kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ. 25 Nu siwo wòna la woe nyeklosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; 26 sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ. 27 Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka hena numevɔsa, 28 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 29 Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.Esiawoe nye Eliab, Helon ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. 30 Le ŋkeke enea gbe la, Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, Ruben ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ. 31 Nu siwo wòna la woe nyeklosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram alafa ɖeka blaasiekɛ-vɔ-ɖekɛ kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; 32 sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu; 33 etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa; 34 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 35 Hekpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.Esiawoe nye Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, ƒe nunanawo. 36 Le ŋkeke atɔ̃a gbe la, Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu, Simeon ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ. 37 Nu siwo wòna la woe nyeklosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me. 38 Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu; 39 etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa; 40 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 41 Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.Esiawoe nye Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. 42 Le ŋkeke adea gbe la, Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu, Gad ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ. 43 Nu siwo wòna la woe nyeklosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; 44 sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu; 45 etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa; 46 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 47 Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.Esiawoe nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. 48 Le ŋkeke adrea gbe la, Elisama, Amihud ƒe viŋutsu, Efraim ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ. 49 Nu siwo wòna la woe nyeklosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me. 50 Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ. 51 Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa, 52 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 53 Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.Esiawoe nye Elisama, Amihud ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. 54 Le ŋkeke enyia gbe la, Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu, Manase ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ. 55 Nu siwo wòna la woe nyeklosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; 56 sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ. 57 Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la, vɛ hena numevɔsa, 58 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 59 Kpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.Esiawoe nye Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. 60 Le ŋkeke asiekɛa gbe la, Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu, Benyamin ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ. 61 Nu siwo wòna la woe nyeklosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; 62 sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu; 63 etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la, vɛ hena numevɔsa, 64 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 65 Kpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.Esiawoe nye Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. 66 Le ŋkeke ewoa gbe la, Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu, Dan ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ. 67 Nu siwo wòna la woe nyeklosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaenyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; 68 sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ. 69 Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa, 70 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 71 Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.Esiawoe nye Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. 72 Le ŋkeke wuiɖekɛa gbe la, Pagiel, Okran ƒe viŋutsu, Aser ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ. 73 Nu siwo wòna la woe nyeklosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaenyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me; 74 sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu; 75 etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa, 76 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 77 Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.Esiawoe nye Pagiel, Okran ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. 78 Le ŋkeke wuievea gbe la, Ahira, Enan ƒe viŋutsu, Naftali ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ nunanawo vɛ. 79 Nu siwo wòna la woe nyeklosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba kple ze la me; 80 sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ. 81 Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa, 82 eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 83 Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.Esiawoe nye Ahira, Enan ƒe viŋutsu ƒe nunanawo. 84 Nu siwo Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo na be woatsɔ akɔ vɔsamlekpui la ŋu, esi wosi ami nɛ lae nye:klosalogba wuieve, klosalogba wuieve kple sikanutɔgba wuieve. 85 Klosalogbawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã, eye klosalogbaawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã; wo katã ƒe kpekpemee nye kilogram blaeve-vɔ-adre kple afã; 86 sikanutɔgba wuieve siwo dzudzɔdonu yɔ banaa, nutɔgba ɖeka ƒe kpekpemee nye gram blaeve-vɔ-enyi, wo katã ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã. 87 Lã siwo katã wotsɔ vɛ hena numevɔsa la le nyi wuieve, agbo wuieve, agbovi wuieve siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, hekpe ɖe wo ŋu nuɖuvɔsanuwo ŋu; gbɔ̃tsu wuieve siwo woatsɔ awɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsae. 88 Lã siwo katã woatsɔ asa akpedavɔe la le nyitsu blaeve-vɔ-ene, agbo blaade, gbɔ̃tsu blaade kple agbovi blaade, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka. Ale si wokɔ vɔsamlekpui la ŋu, le esime wosi ami nɛ lae nye esi. 89 Esi Mose yi agbadɔ la me be yeaƒo nu kple Mawu la, ese Gbe la wònɔ nu ƒom nɛ tso teƒe si le nubablaɖaka la ƒe amenuvevezikpui la tame le Kerubi eveawo tame.

In Other Versions

Numbers 7 in the ANGEFD

Numbers 7 in the ANTPNG2D

Numbers 7 in the AS21

Numbers 7 in the BAGH

Numbers 7 in the BBPNG

Numbers 7 in the BBT1E

Numbers 7 in the BDS

Numbers 7 in the BEV

Numbers 7 in the BHAD

Numbers 7 in the BIB

Numbers 7 in the BLPT

Numbers 7 in the BNT

Numbers 7 in the BNTABOOT

Numbers 7 in the BNTLV

Numbers 7 in the BOATCB

Numbers 7 in the BOATCB2

Numbers 7 in the BOBCV

Numbers 7 in the BOCNT

Numbers 7 in the BOGWICC

Numbers 7 in the BOHCB

Numbers 7 in the BOHCV

Numbers 7 in the BOHLNT

Numbers 7 in the BOHNTLTAL

Numbers 7 in the BOICB

Numbers 7 in the BOILNTAP

Numbers 7 in the BOITCV

Numbers 7 in the BOKCV

Numbers 7 in the BOKCV2

Numbers 7 in the BOKHWOG

Numbers 7 in the BOKSSV

Numbers 7 in the BOLCB

Numbers 7 in the BOLCB2

Numbers 7 in the BOMCV

Numbers 7 in the BONAV

Numbers 7 in the BONCB

Numbers 7 in the BONLT

Numbers 7 in the BONUT2

Numbers 7 in the BOPLNT

Numbers 7 in the BOSCB

Numbers 7 in the BOSNC

Numbers 7 in the BOTLNT

Numbers 7 in the BOVCB

Numbers 7 in the BOYCB

Numbers 7 in the BPBB

Numbers 7 in the BPH

Numbers 7 in the BSB

Numbers 7 in the CCB

Numbers 7 in the CUV

Numbers 7 in the CUVS

Numbers 7 in the DBT

Numbers 7 in the DGDNT

Numbers 7 in the DHNT

Numbers 7 in the DNT

Numbers 7 in the ELBE

Numbers 7 in the EMTV

Numbers 7 in the ESV

Numbers 7 in the FBV

Numbers 7 in the FEB

Numbers 7 in the GGMNT

Numbers 7 in the GNT

Numbers 7 in the HARY

Numbers 7 in the HNT

Numbers 7 in the IRVA

Numbers 7 in the IRVB

Numbers 7 in the IRVG

Numbers 7 in the IRVH

Numbers 7 in the IRVK

Numbers 7 in the IRVM

Numbers 7 in the IRVM2

Numbers 7 in the IRVO

Numbers 7 in the IRVP

Numbers 7 in the IRVT

Numbers 7 in the IRVT2

Numbers 7 in the IRVU

Numbers 7 in the ISVN

Numbers 7 in the JSNT

Numbers 7 in the KAPI

Numbers 7 in the KBT1ETNIK

Numbers 7 in the KBV

Numbers 7 in the KJV

Numbers 7 in the KNFD

Numbers 7 in the LBA

Numbers 7 in the LBLA

Numbers 7 in the LNT

Numbers 7 in the LSV

Numbers 7 in the MAAL

Numbers 7 in the MBV

Numbers 7 in the MBV2

Numbers 7 in the MHNT

Numbers 7 in the MKNFD

Numbers 7 in the MNG

Numbers 7 in the MNT

Numbers 7 in the MNT2

Numbers 7 in the MRS1T

Numbers 7 in the NAA

Numbers 7 in the NASB

Numbers 7 in the NBLA

Numbers 7 in the NBS

Numbers 7 in the NBVTP

Numbers 7 in the NET2

Numbers 7 in the NIV11

Numbers 7 in the NNT

Numbers 7 in the NNT2

Numbers 7 in the NNT3

Numbers 7 in the PDDPT

Numbers 7 in the PFNT

Numbers 7 in the RMNT

Numbers 7 in the SBIAS

Numbers 7 in the SBIBS

Numbers 7 in the SBIBS2

Numbers 7 in the SBICS

Numbers 7 in the SBIDS

Numbers 7 in the SBIGS

Numbers 7 in the SBIHS

Numbers 7 in the SBIIS

Numbers 7 in the SBIIS2

Numbers 7 in the SBIIS3

Numbers 7 in the SBIKS

Numbers 7 in the SBIKS2

Numbers 7 in the SBIMS

Numbers 7 in the SBIOS

Numbers 7 in the SBIPS

Numbers 7 in the SBISS

Numbers 7 in the SBITS

Numbers 7 in the SBITS2

Numbers 7 in the SBITS3

Numbers 7 in the SBITS4

Numbers 7 in the SBIUS

Numbers 7 in the SBIVS

Numbers 7 in the SBT

Numbers 7 in the SBT1E

Numbers 7 in the SCHL

Numbers 7 in the SNT

Numbers 7 in the SUSU

Numbers 7 in the SUSU2

Numbers 7 in the SYNO

Numbers 7 in the TBIAOTANT

Numbers 7 in the TBT1E

Numbers 7 in the TBT1E2

Numbers 7 in the TFTIP

Numbers 7 in the TFTU

Numbers 7 in the TGNTATF3T

Numbers 7 in the THAI

Numbers 7 in the TNFD

Numbers 7 in the TNT

Numbers 7 in the TNTIK

Numbers 7 in the TNTIL

Numbers 7 in the TNTIN

Numbers 7 in the TNTIP

Numbers 7 in the TNTIZ

Numbers 7 in the TOMA

Numbers 7 in the TTENT

Numbers 7 in the UBG

Numbers 7 in the UGV

Numbers 7 in the UGV2

Numbers 7 in the UGV3

Numbers 7 in the VBL

Numbers 7 in the VDCC

Numbers 7 in the YALU

Numbers 7 in the YAPE

Numbers 7 in the YBVTP

Numbers 7 in the ZBP