Philippians 1 (BOECS)

1 Nye, Paulo, kple Timoteo, Yesu Kristo ƒe dɔlawo gbɔe agbalẽ sia tso, Na dzikpɔlawo kple kpeɖeŋutɔwo kpakple Mawu ƒe ame kɔkɔe siwo katã le Filipi. 2 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ anyi kpli mi. 3 Nye gbedodoɖawo katã ɖe mia ta nye akpedada sɔŋ ko na Mawu. 4 Eye ne mele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, dzidzɔ sɔŋ yɔa nye dzi me, 5 le kpekpeɖeŋu gã siwo katã mienam le Kristo ƒe nyanyui la kaka me tso ɣeyiɣi si miesee gbã va se ɖe fifia la ta. 6 Eye meka ɖe edzi be Mawu, ame si dze dɔ nyui sia wɔwɔ gɔme le mia me la ayi edzi, akpe ɖe mia ŋu be miatsi ɖe edzi le eƒe amenuveve la me va se ɖe esime dɔ si wɔwɔ gɔme wòdze le mia me la nawu enu le ŋkeke si Yesu Kristo agatrɔ ava la dzi. 7 Ele ɖoɖo nu be, nye dzi nanɔ ɖe mia ŋu abe ale si wòle ene, elabena miekpɔ gome le Mawu ƒe yayra me, esi menɔ gaxɔ me kple esi medo, eye menɔ nyanyui la ta ʋlim henɔ gbeƒã ɖem Kristo na amewo. 8 Mawu ɖeka koe nya lɔlɔ̃ vavã si le menye ɖe mia ŋu abe ale si Yesu Kristo hã lɔ̃ mi ene. 9 Nye gbedodoɖa ɖe mia tae nye be miayɔ fũu, eye miagbã go kple lɔlɔ̃ na mia nɔewo, eye nenema ke, mianɔ tsitsim ɖe edzi le gbɔgbɔmenunya kple sidzedze me. 10 Elabena medina vevie ɣe sia ɣi be miakpɔ vovototo le nyui kple vɔ̃ dome, eye kpe ɖe esia ŋuti la, mianɔ dzadzɛ le miaƒe dziwo me, ale be ame aɖeke makpɔ kpɔtsɔtsɔ le mia ŋuti o, va se ɖe esime Kristo nagatrɔ ava. 11 Mitse dzɔdzɔenyenye ƒe ku si tso Yesu Kristo me la. Esiawoe ahe kafukafu kple ŋutikɔkɔe geɖe vɛ na Mawu. 12 Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya esia be: Nu sia nu si dzɔ ɖe dzinye le afi sia la, do gbeƒãɖeɖe Kristo ƒe nyanyui la ɖe ŋgɔ boŋ. 13 Elabena ame sia ame si le gbɔnye le afi sia hekpe ɖe asrafo siwo katã le asaɖa me ŋuti la nya kɔtɛe be, susu si ta mele game ɖo koe nye be menye kristotɔ. 14 Eye nye gamenɔnɔ na be kristotɔ siwo katã le afi sia la megavɔ̃na na gamenɔnɔ o. Ke Aƒetɔ la de dzi ƒo na wo ale gbegbe be womegavɔ̃a gbeƒãɖeɖe nyanyuie la o. 15 Nyateƒe wònye be ame aɖewo ɖea gbeƒã Kristo le ŋuʋaʋã kple dzrewɔwɔ ta, ke ame bubu aɖewo ɖea gbeƒã nya la kple dzitsinya nyui. 16 Ame evelia siawo wɔnɛ le lɔlɔ̃ me, elabena wonya be mele ga me le afi sia le nyanyui la ta ʋiʋli ŋuti. 17 Ame kemɛawo gblɔa Kristo ƒe nya la le ɖokuitɔdidi ta, ke menye tso dzi vavã me o, ke boŋ be yewoatsɔ xaxa akpe ɖe nye gaxɔmenɔnɔ ŋu. 18 Susu ka ke nu wole mawunya la gblɔm ɖo hã la, enye nyateƒe matrɔmatrɔ be wole gbeƒã ɖem Kristo ƒe nyanyui la, eye esia ta mekpɔa dzidzɔ ɖo. 19 Manɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖaa, elabena menya be zi ale si miele gbe dom ɖa ɖe tanye, eye Yesu Kristo ƒe Gbɔgbɔ la hã le kpekpem ɖe ŋunye la, esiawo katã ahe nyui vɛ nam, eye woawɔe be woaɖe asi le ŋutinye le gaxɔ me. 20 Mele lalam, eye mele mɔ kpɔm be nyemawɔ naneke atsɔ ado ŋukpe ɖokuinye o, ke boŋ manɔ klalo ɣe sia ɣi aɖe gbeƒã Kristo abe ale si mewɔnɛ tsã ene. Menya be, mele agbe o, meku o, made bubu Kristo ŋu. 21 Le gonyeme la, agbenɔnɔ nye mɔnukpɔkpɔ nam be mawɔ dɔ na Kristo. Ke ku gaɖe vi wu. 22 Ke nenye be agbenɔnɔ le ŋutilã me ana mɔnukpɔkpɔ geɖem be maɖe luʋɔwo na Kristo la, ekema nyemeganya ne agbe alo kue nyo wu o. 23 Ewɔna nam ɣe aɖewo ɣi be manɔ agbe, gake le ɣe bubu ɣiwo la, edzroam be maku, elabena medi vevie be mayi aɖanɔ Kristo gbɔ. O, adzɔ dzi nam sãa wu be manɔ kodzogbe afi sia! 24 Gake nyateƒe lae nye be mate ŋu ana kpekpeɖeŋu geɖe mi ne mele ŋutilã me. 25 Ɛ̃, ele eme be nye dɔwɔwɔ gahiã le agbe sia me, eya ta meka ɖe edzi be maganɔ agbe vie be makpe ɖe mia ŋuti miatsi ɖe edzi le xɔse me, eye miakpɔ dzidzɔ. 26 Nye agbenɔnɔ ado dzidzɔ na mi, eye wòana mɔnukpɔkpɔ mi be miakafu Yesu Kristo le ale si wòna megale agbe la ta, ne megava mia gbɔ. 27 Ke nu ka kee adzɔ ɖe dzinye hã la, miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be mianɔ agbe ɖe Kristo ƒe nyanyui la ŋu, ale be ne magakpɔ mi alo nyemakpɔ mi o hã la, manɔ ɖaseɖiɖi nyuiwo sɔŋ ko xɔm tso mia ŋuti be mi katã miele ɖeka le gbɔgbɔ me kple susu ɖeka sia be miaʋli nyanyui ƒe xɔse la ta 28 dzideƒotɔe, nu ka kee miaƒe futɔwo awɔ mi hã. Woakpɔ esia abe woƒe anyidzedze ƒe dzesi ene, ke miawo la, esia anye dzesi tso Mawu gbɔ be eli kpli mi, eye bena ena xɔxɔ mi. 29 Miawo la, menye Kristo dzi xɔxɔ se ƒe mɔnukpɔkpɔ ko wona mi o, ke boŋ be miakpe fu ɖe eta hã. 30 Mí katãe le avu sia wɔm ɖekae. Miekpɔ ale si mekpe fu ɖe eta va yi, eye fifia hã megale avu sesẽ aɖe wɔm abe ale si mienya nyuie ene.

In Other Versions

Philippians 1 in the ANGEFD

Philippians 1 in the ANTPNG2D

Philippians 1 in the AS21

Philippians 1 in the BAGH

Philippians 1 in the BBPNG

Philippians 1 in the BBT1E

Philippians 1 in the BDS

Philippians 1 in the BEV

Philippians 1 in the BHAD

Philippians 1 in the BIB

Philippians 1 in the BLPT

Philippians 1 in the BNT

Philippians 1 in the BNTABOOT

Philippians 1 in the BNTLV

Philippians 1 in the BOATCB

Philippians 1 in the BOATCB2

Philippians 1 in the BOBCV

Philippians 1 in the BOCNT

Philippians 1 in the BOGWICC

Philippians 1 in the BOHCB

Philippians 1 in the BOHCV

Philippians 1 in the BOHLNT

Philippians 1 in the BOHNTLTAL

Philippians 1 in the BOICB

Philippians 1 in the BOILNTAP

Philippians 1 in the BOITCV

Philippians 1 in the BOKCV

Philippians 1 in the BOKCV2

Philippians 1 in the BOKHWOG

Philippians 1 in the BOKSSV

Philippians 1 in the BOLCB

Philippians 1 in the BOLCB2

Philippians 1 in the BOMCV

Philippians 1 in the BONAV

Philippians 1 in the BONCB

Philippians 1 in the BONLT

Philippians 1 in the BONUT2

Philippians 1 in the BOPLNT

Philippians 1 in the BOSCB

Philippians 1 in the BOSNC

Philippians 1 in the BOTLNT

Philippians 1 in the BOVCB

Philippians 1 in the BOYCB

Philippians 1 in the BPBB

Philippians 1 in the BPH

Philippians 1 in the BSB

Philippians 1 in the CCB

Philippians 1 in the CUV

Philippians 1 in the CUVS

Philippians 1 in the DBT

Philippians 1 in the DGDNT

Philippians 1 in the DHNT

Philippians 1 in the DNT

Philippians 1 in the ELBE

Philippians 1 in the EMTV

Philippians 1 in the ESV

Philippians 1 in the FBV

Philippians 1 in the FEB

Philippians 1 in the GGMNT

Philippians 1 in the GNT

Philippians 1 in the HARY

Philippians 1 in the HNT

Philippians 1 in the IRVA

Philippians 1 in the IRVB

Philippians 1 in the IRVG

Philippians 1 in the IRVH

Philippians 1 in the IRVK

Philippians 1 in the IRVM

Philippians 1 in the IRVM2

Philippians 1 in the IRVO

Philippians 1 in the IRVP

Philippians 1 in the IRVT

Philippians 1 in the IRVT2

Philippians 1 in the IRVU

Philippians 1 in the ISVN

Philippians 1 in the JSNT

Philippians 1 in the KAPI

Philippians 1 in the KBT1ETNIK

Philippians 1 in the KBV

Philippians 1 in the KJV

Philippians 1 in the KNFD

Philippians 1 in the LBA

Philippians 1 in the LBLA

Philippians 1 in the LNT

Philippians 1 in the LSV

Philippians 1 in the MAAL

Philippians 1 in the MBV

Philippians 1 in the MBV2

Philippians 1 in the MHNT

Philippians 1 in the MKNFD

Philippians 1 in the MNG

Philippians 1 in the MNT

Philippians 1 in the MNT2

Philippians 1 in the MRS1T

Philippians 1 in the NAA

Philippians 1 in the NASB

Philippians 1 in the NBLA

Philippians 1 in the NBS

Philippians 1 in the NBVTP

Philippians 1 in the NET2

Philippians 1 in the NIV11

Philippians 1 in the NNT

Philippians 1 in the NNT2

Philippians 1 in the NNT3

Philippians 1 in the PDDPT

Philippians 1 in the PFNT

Philippians 1 in the RMNT

Philippians 1 in the SBIAS

Philippians 1 in the SBIBS

Philippians 1 in the SBIBS2

Philippians 1 in the SBICS

Philippians 1 in the SBIDS

Philippians 1 in the SBIGS

Philippians 1 in the SBIHS

Philippians 1 in the SBIIS

Philippians 1 in the SBIIS2

Philippians 1 in the SBIIS3

Philippians 1 in the SBIKS

Philippians 1 in the SBIKS2

Philippians 1 in the SBIMS

Philippians 1 in the SBIOS

Philippians 1 in the SBIPS

Philippians 1 in the SBISS

Philippians 1 in the SBITS

Philippians 1 in the SBITS2

Philippians 1 in the SBITS3

Philippians 1 in the SBITS4

Philippians 1 in the SBIUS

Philippians 1 in the SBIVS

Philippians 1 in the SBT

Philippians 1 in the SBT1E

Philippians 1 in the SCHL

Philippians 1 in the SNT

Philippians 1 in the SUSU

Philippians 1 in the SUSU2

Philippians 1 in the SYNO

Philippians 1 in the TBIAOTANT

Philippians 1 in the TBT1E

Philippians 1 in the TBT1E2

Philippians 1 in the TFTIP

Philippians 1 in the TFTU

Philippians 1 in the TGNTATF3T

Philippians 1 in the THAI

Philippians 1 in the TNFD

Philippians 1 in the TNT

Philippians 1 in the TNTIK

Philippians 1 in the TNTIL

Philippians 1 in the TNTIN

Philippians 1 in the TNTIP

Philippians 1 in the TNTIZ

Philippians 1 in the TOMA

Philippians 1 in the TTENT

Philippians 1 in the UBG

Philippians 1 in the UGV

Philippians 1 in the UGV2

Philippians 1 in the UGV3

Philippians 1 in the VBL

Philippians 1 in the VDCC

Philippians 1 in the YALU

Philippians 1 in the YAPE

Philippians 1 in the YBVTP

Philippians 1 in the ZBP