Psalms 123 (BOECS)
undefined Mɔzɔha. 1 Mewu mo dzi na wò,wò ame si ƒe fiazikpui le dziƒo. 2 Abe ale si kluviwo kpɔa woƒe aƒetɔ ƒe asinukple kosiviwo ƒe ŋku nɔa woƒe aƒenɔ ƒe asinu kpɔmii ene la,nenemae míele Yehowa, míaƒe Mawu laƒe asinu kpɔmii, va se ɖe esime wòakpɔ nublanui na mí. 3 O! Yehowa, kpɔ nublanui na mí,O! Kpɔ míaƒe nublanui,elabena míenɔ te ɖe vlododo nu eteƒe didi. 4 Míetsɔ dadalawo ƒe alɔmeɖeɖe gbogboawo,eye míenɔ te ɖe ɖokuiŋudzelawoƒe vlodoame gbogboawo nu eteƒe didi.