Zechariah 14 (BOECS)
1 Yehowa ƒe ŋkeke gbɔna esi woama wò nuhahawo na mi. 2 Maƒo dukɔwo katã nu ƒu be woava awɔ avu kple Yerusalem, woaxɔ du la, woalɔ aƒewo katã ƒioƒioƒio, eye woalé nyɔnuwo sesẽtɔe adɔ kpli wo. Woakplɔ du la ƒe afã ayi aboyo mee, gake ame mamlɛawo atsi dua me. 3 Ekema Yehowa ado, awɔ aʋa kple dukɔ siawo abe ale si wòwɔa aʋae le aʋagbedzi ene. 4 Gbe ma gbe la, atsi tsitre ɖe Amito si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe la dzi, eye Amito la ama ɖe eve kpla, ɖeka ayi ɣedzeƒe, evelia ayi ɣetoɖoƒe. Bali gã aɖe anɔ wo dome ale be to la ƒe afã ayi anyiehe, eye afã ayi dziehe. 5 Miasi ato nye to la ƒe balime, elabena akeke va se ɖe keke Azel. Miasi abe ale si miesi le Yuda fia Uzia ƒe ŋkekewo me esime anyigba ʋuʋu la ene. Ekema Yehowa, nye Mawu la ava, eye kɔkɔetɔwo katã anɔ eŋu. 6 Gbe ma gbe la, akaɖi, vuvɔ alo afu manɔ anyi o. 7 Anye ŋkeke tɔxɛ, elabena ŋkeke alo zã manɔ anyi o. Yehowa koe nya ŋkeke sia. Ne zã do la, kekeli ava. 8 Gbe ma gbe la, agbetsi asi tso Yerusalem, afã asi ayi ɖe ɣedzeƒeƒu la me, eye afã asi ayi ɣetoɖoƒeƒu la me. Anɔ alea le dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli siaa. 9 Yehowa aɖu fia ɖe anyigba blibo la dzi. Gbe ma gbe la, Yehowa ɖeka koe anɔ anyi, eye eya ko ƒe ŋkɔe anɔ anyi. 10 Anyigba blibo la, tso Geba yi Rimon le Yerusalem ƒe dziehe, anɔ abe Araba ene. Ke woakɔ Yerusalem ɖe dzi, eye wòanɔ eteƒe tso Benyamingbo la nu yi ɖe Agbo Gbãtɔ nu, yi ɖe Dzogoegbo la nu, eye tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe fiawo ƒe wainfiaƒe. 11 Amewo anɔ eme, eye womagagbãe azɔ o. Dedinɔnɔ anɔ Yerusalem ɖaa. 12 Esiae nye dɔvɔ̃ si Yehowa akplɔ aƒu dukɔ siwo katã wɔ avu kple Yerusalem: woƒe ŋutilãwo aƒaƒã le esime wogale afɔ dzi le yiyim. Woƒe ŋkuwo avo ɖe tome na wo, eye woƒe aɖewo aƒaƒã ɖe nu me na wo. 13 Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ ŋɔdzi aƒo ŋutsuwoe; ŋutsu ɖe sia ɖe aku ɖe nɔvia ƒe asi ŋu, eye woawɔ avu kple wo nɔewo. 14 Yuda hã awɔ avu le Yerusalem; woaƒo dukɔ siwo katã ƒo xlã wo la ƒe kesinɔnuwo nu ƒu, sika kple klosalo gbogbo aɖe kple nudodowo. 15 Dɔvɔ̃ sia tɔgbi adze sɔwo, lãɖisɔwo, kposɔwo, tedziwo kple lã siwo katã le woƒe asaɖawo me la dzi. 16 Ame siwo katã tsi agbe tso dukɔ siwo wɔ avu kple Yerusalem me la ayi aɖasubɔ Fia si nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe sia ƒe, eye woaɖu Agbadɔmeŋkekenyuiwo. 17 Ne ame siwo le anyigba la dzi dometɔ aɖe meyi ɖe Yerusalem ɖasubɔ Fia si nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la o la, tsi madza na wo o. 18 Ne Egiptetɔwo meyi ɖakpɔ gome le eme o la, tsi madza na wo o. Yehowa aƒo wo kple dɔvɔ̃ siwo wòtsɔ ƒo dukɔ siwo meyi ɖe Agbadɔmeŋkekenyuiɖuƒe o. 19 Esia anye Egipte kple dukɔ bubu siwo meyi Agbadɔmeŋkekenyuiɖuƒe o la ƒe tohehe. 20 Gbe ma gbe la, woaŋlɔ ɖe gavi siwo wode kɔ na sɔwo la dzi be, “ÈLE KƆKƆE NA YEHOWA,” eye nuɖaze siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la anɔ abe agba kɔkɔe siwo le vɔsamlekpui la ƒe ŋkume ene. 21 Nuɖaze ɖe sia ɖe si le Yerusalem kple Yuda la anɔ kɔkɔe na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, eye ame siwo katã va vɔsaƒe la atsɔ nuɖaze aɖewo aɖa nu le wo me, eye gbe ma gbe la, Kanaantɔ aɖeke maganɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me o.
In Other Versions
Zechariah 14 in the ANGEFD
Zechariah 14 in the ANTPNG2D
Zechariah 14 in the AS21
Zechariah 14 in the BAGH
Zechariah 14 in the BBPNG
Zechariah 14 in the BBT1E
Zechariah 14 in the BDS
Zechariah 14 in the BEV
Zechariah 14 in the BHAD
Zechariah 14 in the BIB
Zechariah 14 in the BLPT
Zechariah 14 in the BNT
Zechariah 14 in the BNTABOOT
Zechariah 14 in the BNTLV
Zechariah 14 in the BOATCB
Zechariah 14 in the BOATCB2
Zechariah 14 in the BOBCV
Zechariah 14 in the BOCNT
Zechariah 14 in the BOGWICC
Zechariah 14 in the BOHCB
Zechariah 14 in the BOHCV
Zechariah 14 in the BOHLNT
Zechariah 14 in the BOHNTLTAL
Zechariah 14 in the BOICB
Zechariah 14 in the BOILNTAP
Zechariah 14 in the BOITCV
Zechariah 14 in the BOKCV
Zechariah 14 in the BOKCV2
Zechariah 14 in the BOKHWOG
Zechariah 14 in the BOKSSV
Zechariah 14 in the BOLCB
Zechariah 14 in the BOLCB2
Zechariah 14 in the BOMCV
Zechariah 14 in the BONAV
Zechariah 14 in the BONCB
Zechariah 14 in the BONLT
Zechariah 14 in the BONUT2
Zechariah 14 in the BOPLNT
Zechariah 14 in the BOSCB
Zechariah 14 in the BOSNC
Zechariah 14 in the BOTLNT
Zechariah 14 in the BOVCB
Zechariah 14 in the BOYCB
Zechariah 14 in the BPBB
Zechariah 14 in the BPH
Zechariah 14 in the BSB
Zechariah 14 in the CCB
Zechariah 14 in the CUV
Zechariah 14 in the CUVS
Zechariah 14 in the DBT
Zechariah 14 in the DGDNT
Zechariah 14 in the DHNT
Zechariah 14 in the DNT
Zechariah 14 in the ELBE
Zechariah 14 in the EMTV
Zechariah 14 in the ESV
Zechariah 14 in the FBV
Zechariah 14 in the FEB
Zechariah 14 in the GGMNT
Zechariah 14 in the GNT
Zechariah 14 in the HARY
Zechariah 14 in the HNT
Zechariah 14 in the IRVA
Zechariah 14 in the IRVB
Zechariah 14 in the IRVG
Zechariah 14 in the IRVH
Zechariah 14 in the IRVK
Zechariah 14 in the IRVM
Zechariah 14 in the IRVM2
Zechariah 14 in the IRVO
Zechariah 14 in the IRVP
Zechariah 14 in the IRVT
Zechariah 14 in the IRVT2
Zechariah 14 in the IRVU
Zechariah 14 in the ISVN
Zechariah 14 in the JSNT
Zechariah 14 in the KAPI
Zechariah 14 in the KBT1ETNIK
Zechariah 14 in the KBV
Zechariah 14 in the KJV
Zechariah 14 in the KNFD
Zechariah 14 in the LBA
Zechariah 14 in the LBLA
Zechariah 14 in the LNT
Zechariah 14 in the LSV
Zechariah 14 in the MAAL
Zechariah 14 in the MBV
Zechariah 14 in the MBV2
Zechariah 14 in the MHNT
Zechariah 14 in the MKNFD
Zechariah 14 in the MNG
Zechariah 14 in the MNT
Zechariah 14 in the MNT2
Zechariah 14 in the MRS1T
Zechariah 14 in the NAA
Zechariah 14 in the NASB
Zechariah 14 in the NBLA
Zechariah 14 in the NBS
Zechariah 14 in the NBVTP
Zechariah 14 in the NET2
Zechariah 14 in the NIV11
Zechariah 14 in the NNT
Zechariah 14 in the NNT2
Zechariah 14 in the NNT3
Zechariah 14 in the PDDPT
Zechariah 14 in the PFNT
Zechariah 14 in the RMNT
Zechariah 14 in the SBIAS
Zechariah 14 in the SBIBS
Zechariah 14 in the SBIBS2
Zechariah 14 in the SBICS
Zechariah 14 in the SBIDS
Zechariah 14 in the SBIGS
Zechariah 14 in the SBIHS
Zechariah 14 in the SBIIS
Zechariah 14 in the SBIIS2
Zechariah 14 in the SBIIS3
Zechariah 14 in the SBIKS
Zechariah 14 in the SBIKS2
Zechariah 14 in the SBIMS
Zechariah 14 in the SBIOS
Zechariah 14 in the SBIPS
Zechariah 14 in the SBISS
Zechariah 14 in the SBITS
Zechariah 14 in the SBITS2
Zechariah 14 in the SBITS3
Zechariah 14 in the SBITS4
Zechariah 14 in the SBIUS
Zechariah 14 in the SBIVS
Zechariah 14 in the SBT
Zechariah 14 in the SBT1E
Zechariah 14 in the SCHL
Zechariah 14 in the SNT
Zechariah 14 in the SUSU
Zechariah 14 in the SUSU2
Zechariah 14 in the SYNO
Zechariah 14 in the TBIAOTANT
Zechariah 14 in the TBT1E
Zechariah 14 in the TBT1E2
Zechariah 14 in the TFTIP
Zechariah 14 in the TFTU
Zechariah 14 in the TGNTATF3T
Zechariah 14 in the THAI
Zechariah 14 in the TNFD
Zechariah 14 in the TNT
Zechariah 14 in the TNTIK
Zechariah 14 in the TNTIL
Zechariah 14 in the TNTIN
Zechariah 14 in the TNTIP
Zechariah 14 in the TNTIZ
Zechariah 14 in the TOMA
Zechariah 14 in the TTENT
Zechariah 14 in the UBG
Zechariah 14 in the UGV
Zechariah 14 in the UGV2
Zechariah 14 in the UGV3
Zechariah 14 in the VBL
Zechariah 14 in the VDCC
Zechariah 14 in the YALU
Zechariah 14 in the YAPE
Zechariah 14 in the YBVTP
Zechariah 14 in the ZBP