Acts 12 (BEV)

1 Le ɣemaɣi me la fia Herodes lé hamevi aɖewo heɖoe be yeawɔ fu wo le xɔse la ta. 2 Ale wòwu Yakobo, Yohanes nɔvi la, kple yi. 3 Herodes kpɔ be nuwɔna sia do dzidzɔ na Yudatɔwo ƒe dumemegãwo ŋutɔ eya ta ena wolé Petro hã le esime wonɔ Ŋutitotoŋkeke la ɖum, eye wòdee gaxɔ me. 4 Ena asrafo wuiade nɔ eŋu dzɔm. Herodes ɖoe be ne woɖu Ŋutitotoŋkekea vɔ la, yeaɖe asi le Petro ŋu na Yudatɔwo woadrɔ̃ ʋɔnui eye woawui. 5 Ke hamea katã nɔ gbe dom ɖa vevie atraɖii na Mawu be Petro nanɔ dedie le gaxɔa me. 6 Le zã si do ŋgɔ na gbe si gbe woɖo be woawu Petro me la, Petro nɔ alɔ̃ dɔm le asrafo eve dome. Wode ga asi nɛ sesĩe. Asrafo bubuwo hã ganɔ gaxɔa ƒe agbonu dzɔm. 7 Kasia Aƒetɔ ƒe dɔla aɖe va do eye Kekeli klẽ ɖe gaxɔ la me. Dɔla la ƒo Petro ƒe axame henyɔe tso alɔ̃ me. Egblɔ nɛ be, “Netsɔ, tsi tre!” Enumake gakɔsɔkɔsɔ la ge le Petro ƒe alɔnu. 8 Tete mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Do wò awuwo kple wò afɔkpa.” Petro wɔ nenema eye mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Bla wò alidzi sesĩe ne nàdze yonyeme.” 9 Petro wɔ abe ale si mawudɔla la gblɔ nɛ la ene eye wòdze eyome do go le gaxɔa me. Nu siwo nɔ dzɔdzɔm la wɔ na Petro abe drɔ̃e kum wònɔ alo ŋutega kpɔm wònɔ ene. Mexɔe se be kodzogbe yenɔ o. 10 Wozɔ to agbo gbãtɔ eveawo me bɔbɔe eye esi wova ɖo agbo ga mamlɛa si wotsɔ gakpo wɔe gbɔ la, agboa ŋutɔ ʋu le eɖokui si ale be wodo go hege ɖe dua ƒe ablɔ ŋutɔ dzi. Esi wogazɔ yi ŋgɔgbe vie ko la, mawudɔla la bu le Petro gbɔ. 11 Azɔ ko hafi Petro nya nu si tututu dzɔ eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyateƒe, Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòva ɖem le Herodes kple Yudatɔwo ƒe tame vɔ̃ si woɖo ɖe ŋunye la me.” 12 Petro nɔ tsitre, bu tame sẽ, eye wòɖoe be yeayi Maria si nye Marko Yohanes dada ƒeme, afi si hametɔ geɖewo ƒo ƒu ɖo, henɔ gbe dom ɖa le. 13 Esi Petro va ɖo aƒea ƒe agbo nu la eƒo ʋɔa eye nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Roda la va be yeaʋui. Ke gbã la, ebia ame si nɔ ʋɔa ƒom la ƒe ŋkɔ ta se. 14 Esi Roda se Petro ƒe gbe le agboa godo la dzi dzɔe ale gbegbe be wòƒu du yi ɖe aƒea me ɖagblɔe na ƒuƒoƒea be Petro va le agboa nu le eƒom. 15 Ameawo mexɔ nyɔnuvia ƒe nya sia dzi se o eye ame aɖewo gblɔ nɛ gɔ̃ be, “Ewɔ abe ɖe wò susu da ene.” Ke eganɔ gbe tem ɖe edzi na ameawo be Petro ƒe gbee yese. Ale wogblɔ be, “Ɖewohĩ eƒe dzikpɔdɔlae le agboa nu.” Elabena woxɔe se be wowui xoxo. 16 Ke Petro ganɔ ʋɔa ƒoƒo dzi ŋusẽtɔe. Mlɔeba la, woyi ɖaʋu agboa eye esi wokpɔ Petro la gbɔgblɔ bu ɖe wo ŋutɔ. 17 Petro bia tso wo si be woazi ɖoɖoe kpoo ale wògblɔ ale si Mawu ɖee le gaxɔa me la na wo. Ebia tso wo si be woana Yakobo kple ame mamlɛawo nanya nu le nu si dzɔ la ŋu eye eya ŋutɔ dzo yi teƒe bubu afi si wòanɔ dedie le. 18 Le fɔŋli me la zi gã aɖe tɔ le gaxɔa me. Ame aɖeke menya afi si Petro to o. 19 Esi Herodes dɔ ame ɖo ɖa be woakplɔ Petro vɛ eye womekpɔe o la, ena wolé asrafo wuiadeawo katã drɔ̃ ʋɔnu wo eye wotso kufia na wo hewu wo enumake. Le esia megbe la Herodes dzo yi ɖanɔ Kaisarea vie. 20 Le esime Herodes nɔ Kaisarea la, ame dɔdɔ aɖewo tso Tiro kple Sidon va egbɔ. Herodes melɔ̃a Tiro kple Sidontɔwo ƒe nya kura o. Le esia ta ame dɔdɔawo va dze xɔlɔ̃ Blasto si nye agbalẽŋlɔla gã le fia la ƒeme gbɔ eye wobia tso esi be wòaɖe kuku na Herodes ɖe yewo nu ale be ŋutifafa nava yewo kple fia la dome. Esia hiã vevie elabena Tiro kple Sidontɔwo kpɔa woƒe nunyiame tso dukɔ siwo dzi ɖum Herodes le la gbɔ. 21 Woɖo ŋkeke na ame dɔdɔawo be woava kpɔ Herodes, esi ŋkekea ɖo la, wova ƒo ƒu, eye Herodes do eƒe fiawu nɔ eƒe fiazikpui dzi, heƒo nu na amehawo. 22 Esi wòƒo nu vɔ la, amehawo do ɣli kple dzidzɔ heda ŋkɔ ɖe Herodes dzi be, “Eƒo nu abe mawu aɖe ene eye menye abe amegbetɔ ene o.” Esia na be dzi dzɔ Herodes ŋutɔ eye wòkɔ eɖokui ɖe dzi hlodzoo. 23 Enumake, mawudɔla aɖe ƒo Herodes eye wòna dɔléle aɖe dze edzi. Ŋɔ viwo ge ɖe eƒe lãme eye woɖui wòku, elabena elɔ̃ be amewo nasubɔ ye le esi wòatsɔ bubu na Mawu teƒe. 24 Le ɣeyiɣi siawo me la nyanyui la nɔ ta kekem alɔtsɔtsɔe eye ame geɖewo trɔ zu xɔsetɔwo. 25 Barnaba kple Saul gaɖi tsa va Yerusalem eye esi wowu dɔ si wɔ ge woyi nu tete ko la wogatrɔ dzo yi Antrioxia eye wokplɔ Marko Yohanes hã yii.

In Other Versions

Acts 12 in the ANGEFD

Acts 12 in the ANTPNG2D

Acts 12 in the AS21

Acts 12 in the BAGH

Acts 12 in the BBPNG

Acts 12 in the BBT1E

Acts 12 in the BDS

Acts 12 in the BHAD

Acts 12 in the BIB

Acts 12 in the BLPT

Acts 12 in the BNT

Acts 12 in the BNTABOOT

Acts 12 in the BNTLV

Acts 12 in the BOATCB

Acts 12 in the BOATCB2

Acts 12 in the BOBCV

Acts 12 in the BOCNT

Acts 12 in the BOECS

Acts 12 in the BOGWICC

Acts 12 in the BOHCB

Acts 12 in the BOHCV

Acts 12 in the BOHLNT

Acts 12 in the BOHNTLTAL

Acts 12 in the BOICB

Acts 12 in the BOILNTAP

Acts 12 in the BOITCV

Acts 12 in the BOKCV

Acts 12 in the BOKCV2

Acts 12 in the BOKHWOG

Acts 12 in the BOKSSV

Acts 12 in the BOLCB

Acts 12 in the BOLCB2

Acts 12 in the BOMCV

Acts 12 in the BONAV

Acts 12 in the BONCB

Acts 12 in the BONLT

Acts 12 in the BONUT2

Acts 12 in the BOPLNT

Acts 12 in the BOSCB

Acts 12 in the BOSNC

Acts 12 in the BOTLNT

Acts 12 in the BOVCB

Acts 12 in the BOYCB

Acts 12 in the BPBB

Acts 12 in the BPH

Acts 12 in the BSB

Acts 12 in the CCB

Acts 12 in the CUV

Acts 12 in the CUVS

Acts 12 in the DBT

Acts 12 in the DGDNT

Acts 12 in the DHNT

Acts 12 in the DNT

Acts 12 in the ELBE

Acts 12 in the EMTV

Acts 12 in the ESV

Acts 12 in the FBV

Acts 12 in the FEB

Acts 12 in the GGMNT

Acts 12 in the GNT

Acts 12 in the HARY

Acts 12 in the HNT

Acts 12 in the IRVA

Acts 12 in the IRVB

Acts 12 in the IRVG

Acts 12 in the IRVH

Acts 12 in the IRVK

Acts 12 in the IRVM

Acts 12 in the IRVM2

Acts 12 in the IRVO

Acts 12 in the IRVP

Acts 12 in the IRVT

Acts 12 in the IRVT2

Acts 12 in the IRVU

Acts 12 in the ISVN

Acts 12 in the JSNT

Acts 12 in the KAPI

Acts 12 in the KBT1ETNIK

Acts 12 in the KBV

Acts 12 in the KJV

Acts 12 in the KNFD

Acts 12 in the LBA

Acts 12 in the LBLA

Acts 12 in the LNT

Acts 12 in the LSV

Acts 12 in the MAAL

Acts 12 in the MBV

Acts 12 in the MBV2

Acts 12 in the MHNT

Acts 12 in the MKNFD

Acts 12 in the MNG

Acts 12 in the MNT

Acts 12 in the MNT2

Acts 12 in the MRS1T

Acts 12 in the NAA

Acts 12 in the NASB

Acts 12 in the NBLA

Acts 12 in the NBS

Acts 12 in the NBVTP

Acts 12 in the NET2

Acts 12 in the NIV11

Acts 12 in the NNT

Acts 12 in the NNT2

Acts 12 in the NNT3

Acts 12 in the PDDPT

Acts 12 in the PFNT

Acts 12 in the RMNT

Acts 12 in the SBIAS

Acts 12 in the SBIBS

Acts 12 in the SBIBS2

Acts 12 in the SBICS

Acts 12 in the SBIDS

Acts 12 in the SBIGS

Acts 12 in the SBIHS

Acts 12 in the SBIIS

Acts 12 in the SBIIS2

Acts 12 in the SBIIS3

Acts 12 in the SBIKS

Acts 12 in the SBIKS2

Acts 12 in the SBIMS

Acts 12 in the SBIOS

Acts 12 in the SBIPS

Acts 12 in the SBISS

Acts 12 in the SBITS

Acts 12 in the SBITS2

Acts 12 in the SBITS3

Acts 12 in the SBITS4

Acts 12 in the SBIUS

Acts 12 in the SBIVS

Acts 12 in the SBT

Acts 12 in the SBT1E

Acts 12 in the SCHL

Acts 12 in the SNT

Acts 12 in the SUSU

Acts 12 in the SUSU2

Acts 12 in the SYNO

Acts 12 in the TBIAOTANT

Acts 12 in the TBT1E

Acts 12 in the TBT1E2

Acts 12 in the TFTIP

Acts 12 in the TFTU

Acts 12 in the TGNTATF3T

Acts 12 in the THAI

Acts 12 in the TNFD

Acts 12 in the TNT

Acts 12 in the TNTIK

Acts 12 in the TNTIL

Acts 12 in the TNTIN

Acts 12 in the TNTIP

Acts 12 in the TNTIZ

Acts 12 in the TOMA

Acts 12 in the TTENT

Acts 12 in the UBG

Acts 12 in the UGV

Acts 12 in the UGV2

Acts 12 in the UGV3

Acts 12 in the VBL

Acts 12 in the VDCC

Acts 12 in the YALU

Acts 12 in the YAPE

Acts 12 in the YBVTP

Acts 12 in the ZBP