James 1 (BEV)
1 Agbalẽ sia tso Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla, gbɔ na Yudatɔ kristotɔ siwo kaka ɖe xexeame godoo. Mele gbe dom na mi katã. 2 Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne dodokpɔ ƒomevi geɖewo tu mi la mibui dzidzɔ sɔŋ, 3 elabena mienyae bena miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ hea dzidodo vanɛ. 4 Ele be dzidodo nawu eƒe dɔ nu ale be miatsi azu blibo eye naneke mahiã mi o. 5 Ne ame aɖe hiã nunya la nebia Mawu ame si naa ame sia ame faa kple dɔmekɔkɔ eye Mawu anae fɔbubumanɔmee. 6 Gake ne ebia la ele nɛ be wòaxɔe ase ɖikekemanɔmee elabena ame si kea ɖi la le abe ƒutsotsoe si ya ƒona yina gbɔna la ene. 7 Ame ma megasusu be yeaxɔ naneke tso Aƒetɔ la gbɔ o. 8 Elabena enye dzime eve susula eye meli ke le nu siwo katã wowɔna la me o. 9 Nɔvi si mele nɔƒe kɔkɔ aɖeke o la neƒo adegbe be wodo ye ɖe dzi. 10 Ke ame si si kesinɔnuwo le la neƒo adegbe be yemenye naneke o elabena enu ava yi abe seƒoƒo le gbedzi ene. 11 Elabena ɣe dzena eye ɣe la ƒe ŋusẽ naa gbe yrɔna eye eƒe seƒoƒo duduna, ale wòbua eƒe anidzedze. Nenema ke kesinɔtɔ hã nu ava yi esime wòɖo eƒe agbe ƒe viviƒe. 12 Woayra ame si doa dzi le tetekpɔ me elabena ne enɔ te va se ɖe nuwuwu la axɔ agbefiakuku esi ƒe ŋugbe Mawu do na ame siwo lɔ̃nɛ. 13 Ne wote ame aɖe kpɔ la megagblɔ be, “Mawu le teyem kpɔ o.” Elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖi ate Mawu kpɔ alo eya ŋutɔ hã nate ame aɖeke akpɔ o. 14 Ke boŋ ame sia ame ƒe didi vɔ̃woe tenɛ kpɔna eye woblea enu hehenɛ dzonae. 15 Emegbe la didi vɔ̃ la fɔa fu hedzia nu vɔ̃ eye ne nu vɔ̃ tsi nyuie la edzia ku. 16 Nɔvi lɔlɔ̃awo, migana woable mi o. 17 Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe dziƒoe wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔlĩ trɔnae ene o. 18 Enye eƒe lɔlɔ̃nu be wòadzi mí to nyateƒe ƒe nya la me ale be míanye eƒe nuwɔwɔwo katã ƒe kutsetse gbãtɔ. 19 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, milé ŋku ɖe nu sia ŋu be: ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo kple dzikudodo me, 20 elabena ame ƒe dziku mehea dzɔdzɔenyenye ƒe agbenɔnɔ si Mawu di la vanɛ o. 21 Eya ta miɖe ŋutilãmeɖiƒoƒowo katã ɖi kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ si bɔ ɖe mia dome la ɖi, eye miatsɔ ɖokuibɔbɔ axɔ nya si wodo ɖe mia me esi si ŋusẽ le be wòaɖe miaƒe luʋɔwo. 22 Miganye nya la selawo ko ahanɔ mia ɖokuiwo blem o, ke boŋ miwɔ ɖe nu si nya la gblɔ dzi. 23 Elabena ame aɖe si se nya la eye mewɔ ɖe edzi o ɖi ame aɖe si kpɔ eƒe mo le ahuhɔ̃e me. 24 Ke esi wodzo le ahuhɔ̃ea gbɔ la megaɖo ŋku ale si eƒe dzedzeme le la dzi o. 25 Ke ame si dzroa Mawu ƒe se si de blibo, si naa ablɔɖe ame la me tsitotsito ɣesiaɣi eye meŋlɔa nu si wòsrɔ̃ la be o ke boŋ wòwɔa edzi la woayrae le nu si wòwɔna la me. 26 Ne ame aɖe gblɔ be yenye xɔsetɔ ke mede ga eƒe aɖe o la le eɖokui blem eye eƒe xɔse la hã nye dzodzro. 27 Xɔse si mía Mawu Fofo la xɔna abe esi le dzadzɛ eye kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o lae nye esi be: woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxa me, eye be amea maƒo ɖi eɖokui kple xexemenuwo o.
In Other Versions
James 1 in the ANGEFD
James 1 in the ANTPNG2D
James 1 in the AS21
James 1 in the BAGH
James 1 in the BBPNG
James 1 in the BBT1E
James 1 in the BDS
James 1 in the BHAD
James 1 in the BIB
James 1 in the BLPT
James 1 in the BNT
James 1 in the BNTABOOT
James 1 in the BNTLV
James 1 in the BOATCB
James 1 in the BOATCB2
James 1 in the BOBCV
James 1 in the BOCNT
James 1 in the BOECS
James 1 in the BOGWICC
James 1 in the BOHCB
James 1 in the BOHCV
James 1 in the BOHLNT
James 1 in the BOHNTLTAL
James 1 in the BOICB
James 1 in the BOILNTAP
James 1 in the BOITCV
James 1 in the BOKCV
James 1 in the BOKCV2
James 1 in the BOKHWOG
James 1 in the BOKSSV
James 1 in the BOLCB
James 1 in the BOLCB2
James 1 in the BOMCV
James 1 in the BONAV
James 1 in the BONCB
James 1 in the BONLT
James 1 in the BONUT2
James 1 in the BOPLNT
James 1 in the BOSCB
James 1 in the BOSNC
James 1 in the BOTLNT
James 1 in the BOVCB
James 1 in the BOYCB
James 1 in the BPBB
James 1 in the BPH
James 1 in the BSB
James 1 in the CCB
James 1 in the CUV
James 1 in the CUVS
James 1 in the DBT
James 1 in the DGDNT
James 1 in the DHNT
James 1 in the DNT
James 1 in the ELBE
James 1 in the EMTV
James 1 in the ESV
James 1 in the FBV
James 1 in the FEB
James 1 in the GGMNT
James 1 in the GNT
James 1 in the HARY
James 1 in the HNT
James 1 in the IRVA
James 1 in the IRVB
James 1 in the IRVG
James 1 in the IRVH
James 1 in the IRVK
James 1 in the IRVM
James 1 in the IRVM2
James 1 in the IRVO
James 1 in the IRVP
James 1 in the IRVT
James 1 in the IRVT2
James 1 in the IRVU
James 1 in the ISVN
James 1 in the JSNT
James 1 in the KAPI
James 1 in the KBT1ETNIK
James 1 in the KBV
James 1 in the KJV
James 1 in the KNFD
James 1 in the LBA
James 1 in the LBLA
James 1 in the LNT
James 1 in the LSV
James 1 in the MAAL
James 1 in the MBV
James 1 in the MBV2
James 1 in the MHNT
James 1 in the MKNFD
James 1 in the MNG
James 1 in the MNT
James 1 in the MNT2
James 1 in the MRS1T
James 1 in the NAA
James 1 in the NASB
James 1 in the NBLA
James 1 in the NBS
James 1 in the NBVTP
James 1 in the NET2
James 1 in the NIV11
James 1 in the NNT
James 1 in the NNT2
James 1 in the NNT3
James 1 in the PDDPT
James 1 in the PFNT
James 1 in the RMNT
James 1 in the SBIAS
James 1 in the SBIBS
James 1 in the SBIBS2
James 1 in the SBICS
James 1 in the SBIDS
James 1 in the SBIGS
James 1 in the SBIHS
James 1 in the SBIIS
James 1 in the SBIIS2
James 1 in the SBIIS3
James 1 in the SBIKS
James 1 in the SBIKS2
James 1 in the SBIMS
James 1 in the SBIOS
James 1 in the SBIPS
James 1 in the SBISS
James 1 in the SBITS
James 1 in the SBITS2
James 1 in the SBITS3
James 1 in the SBITS4
James 1 in the SBIUS
James 1 in the SBIVS
James 1 in the SBT
James 1 in the SBT1E
James 1 in the SCHL
James 1 in the SNT
James 1 in the SUSU
James 1 in the SUSU2
James 1 in the SYNO
James 1 in the TBIAOTANT
James 1 in the TBT1E
James 1 in the TBT1E2
James 1 in the TFTIP
James 1 in the TFTU
James 1 in the TGNTATF3T
James 1 in the THAI
James 1 in the TNFD
James 1 in the TNT
James 1 in the TNTIK
James 1 in the TNTIL
James 1 in the TNTIN
James 1 in the TNTIP
James 1 in the TNTIZ
James 1 in the TOMA
James 1 in the TTENT
James 1 in the UBG
James 1 in the UGV
James 1 in the UGV2
James 1 in the UGV3
James 1 in the VBL
James 1 in the VDCC
James 1 in the YALU
James 1 in the YAPE
James 1 in the YBVTP
James 1 in the ZBP