James 1 (BOECS)

1 Nye, Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla gbɔe agbalẽ sia tso, Na Mawu ƒe ame siwo kaka ɖe xexea me godoo: Mele gbe dom na mi katã. 2 Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne dodokpɔ ƒomevi geɖewo tu mi la, mibui dzidzɔ sɔŋ, 3 elabena mienyae bena miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ hea dzidodo vanɛ. 4 Ele be dzidodo nawu eƒe dɔ nu, ale be miatsi, azu blibo, eye naneke mahiã mi o. 5 Ne ame aɖe hiã nunya la, nebia Mawu, ame si naa nu ame sia ame faa kple dɔmekɔkɔ, eye Mawu anae fɔbubumanɔmee. 6 Gake ne ebia la, ele nɛ be wòaxɔe ase ɖikeke manɔmee, elabena ame si kea ɖi la le abe ƒutsotsoe si ya ƒona yina gbɔna la ene. 7 Ame ma megasusu be yeaxɔ naneke tso Aƒetɔ la gbɔ o, 8 elabena enye dzi eve me susula, eye meli ke le nu siwo katã wòwɔna la me o. 9 Nɔvi si mele nɔƒe kɔkɔ aɖeke o la neƒo adegbe be wodo ye ɖe dzi. 10 Ke ame si si kesinɔnuwo le la neƒo adegbe be yemenye naneke o, elabena enu ava yi abe seƒoƒo si le gbedzi la ene. 11 Elabena ɣe dzena, eye ɣe la ƒe ŋusẽ nana gbe yrɔna, eye eƒe seƒoƒo duduna, ale wòbua eƒe nyonyo. Nenema ke kesinɔtɔ hã nu ava yi esime wòɖo eƒe agbe ƒe viviƒe. 12 Woayra ame si doa dzi le tetekpɔ me la, elabena ne enɔ te va se ɖe nuwuwu la, axɔ agbefiakuku si ƒe ŋugbe Mawu do na ame siwo lɔ̃nɛ la. 13 Ne wote ame aɖe kpɔ la, megagblɔ be, “Mawu le teyem kpɔ o,” elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖi ate Mawu kpɔ alo eya ŋutɔ hã nate ame aɖeke kpɔ o. 14 Ke boŋ ame sia ame ƒe didi vɔ̃woe tenɛ kpɔ, eye woblea enu hehenɛ dzonae. 15 Emegbe la, didi vɔ̃ la fɔa fu hedzia nu vɔ̃, eye ne nu vɔ̃ tsi nyuie la, edzia ku. 16 Nɔvi lɔlɔ̃awo, migana woable mi o. 17 Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe la, dziƒo wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔli trɔna ene o. 18 Enye eƒe lɔlɔ̃nu be wòadzi mí to nyateƒe ƒe nya la me, ale be míanye eƒe nuwɔwɔwo katã ƒe kutsetse gbãtɔ. 19 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, milé ŋku ɖe nu sia ŋu be: ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo kple dɔmedzoedodo me, 20 elabena ame ƒe dɔmedzoe mehea dzɔdzɔenyenye ƒe agbenɔnɔ si Mawu di la vanɛ o. 21 Eya ta miɖe ŋutilãmeɖiƒoƒowo katã ɖi kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ si bɔ ɖe mia dome la ɖi, eye miatsɔ ɖokuibɔbɔ axɔ nya si wodo ɖe mia me, esi si ŋusẽ le be wòaɖe miaƒe luʋɔwo. 22 Miganye nya la selawo ko, ahanɔ mia ɖokuiwo blem o, ke boŋ miwɔ ɖe nu si nya la gblɔ la dzi, 23 elabena ame aɖe si se nya la, eye mewɔ ɖe edzi o la ɖi ame aɖe si kpɔ eƒe mo le ahuhɔ̃e me. 24 Ke esi wòdzo le ahuhɔ̃ea gbɔ la, megaɖo ŋku ale si eƒe dzedzeme le la dzi o. 25 Ke ame si dzroa Mawu ƒe se si de blibo si naa ablɔɖe ame la me tsitotsito ɣe sia ɣi, eye meŋlɔa nu si wòsrɔ̃ la be o, ke boŋ wòwɔa edzi la, woayrae le nu si wòwɔna la me. 26 Ne ame aɖe gblɔ be yenye xɔsetɔ, ke mede ga eƒe aɖe o la, ele eɖokui blem, eye eƒe xɔse la hã nye dzodzro. 27 Xɔse si mía Mawu Fofo la xɔna abe esi le dzadzɛe, eye kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o lae nye esi be: woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxawo me, eye be amea maƒo ɖi eɖokui kple xexemenuwo o.

In Other Versions

James 1 in the ANGEFD

James 1 in the ANTPNG2D

James 1 in the AS21

James 1 in the BAGH

James 1 in the BBPNG

James 1 in the BBT1E

James 1 in the BDS

James 1 in the BEV

James 1 in the BHAD

James 1 in the BIB

James 1 in the BLPT

James 1 in the BNT

James 1 in the BNTABOOT

James 1 in the BNTLV

James 1 in the BOATCB

James 1 in the BOATCB2

James 1 in the BOBCV

James 1 in the BOCNT

James 1 in the BOGWICC

James 1 in the BOHCB

James 1 in the BOHCV

James 1 in the BOHLNT

James 1 in the BOHNTLTAL

James 1 in the BOICB

James 1 in the BOILNTAP

James 1 in the BOITCV

James 1 in the BOKCV

James 1 in the BOKCV2

James 1 in the BOKHWOG

James 1 in the BOKSSV

James 1 in the BOLCB

James 1 in the BOLCB2

James 1 in the BOMCV

James 1 in the BONAV

James 1 in the BONCB

James 1 in the BONLT

James 1 in the BONUT2

James 1 in the BOPLNT

James 1 in the BOSCB

James 1 in the BOSNC

James 1 in the BOTLNT

James 1 in the BOVCB

James 1 in the BOYCB

James 1 in the BPBB

James 1 in the BPH

James 1 in the BSB

James 1 in the CCB

James 1 in the CUV

James 1 in the CUVS

James 1 in the DBT

James 1 in the DGDNT

James 1 in the DHNT

James 1 in the DNT

James 1 in the ELBE

James 1 in the EMTV

James 1 in the ESV

James 1 in the FBV

James 1 in the FEB

James 1 in the GGMNT

James 1 in the GNT

James 1 in the HARY

James 1 in the HNT

James 1 in the IRVA

James 1 in the IRVB

James 1 in the IRVG

James 1 in the IRVH

James 1 in the IRVK

James 1 in the IRVM

James 1 in the IRVM2

James 1 in the IRVO

James 1 in the IRVP

James 1 in the IRVT

James 1 in the IRVT2

James 1 in the IRVU

James 1 in the ISVN

James 1 in the JSNT

James 1 in the KAPI

James 1 in the KBT1ETNIK

James 1 in the KBV

James 1 in the KJV

James 1 in the KNFD

James 1 in the LBA

James 1 in the LBLA

James 1 in the LNT

James 1 in the LSV

James 1 in the MAAL

James 1 in the MBV

James 1 in the MBV2

James 1 in the MHNT

James 1 in the MKNFD

James 1 in the MNG

James 1 in the MNT

James 1 in the MNT2

James 1 in the MRS1T

James 1 in the NAA

James 1 in the NASB

James 1 in the NBLA

James 1 in the NBS

James 1 in the NBVTP

James 1 in the NET2

James 1 in the NIV11

James 1 in the NNT

James 1 in the NNT2

James 1 in the NNT3

James 1 in the PDDPT

James 1 in the PFNT

James 1 in the RMNT

James 1 in the SBIAS

James 1 in the SBIBS

James 1 in the SBIBS2

James 1 in the SBICS

James 1 in the SBIDS

James 1 in the SBIGS

James 1 in the SBIHS

James 1 in the SBIIS

James 1 in the SBIIS2

James 1 in the SBIIS3

James 1 in the SBIKS

James 1 in the SBIKS2

James 1 in the SBIMS

James 1 in the SBIOS

James 1 in the SBIPS

James 1 in the SBISS

James 1 in the SBITS

James 1 in the SBITS2

James 1 in the SBITS3

James 1 in the SBITS4

James 1 in the SBIUS

James 1 in the SBIVS

James 1 in the SBT

James 1 in the SBT1E

James 1 in the SCHL

James 1 in the SNT

James 1 in the SUSU

James 1 in the SUSU2

James 1 in the SYNO

James 1 in the TBIAOTANT

James 1 in the TBT1E

James 1 in the TBT1E2

James 1 in the TFTIP

James 1 in the TFTU

James 1 in the TGNTATF3T

James 1 in the THAI

James 1 in the TNFD

James 1 in the TNT

James 1 in the TNTIK

James 1 in the TNTIL

James 1 in the TNTIN

James 1 in the TNTIP

James 1 in the TNTIZ

James 1 in the TOMA

James 1 in the TTENT

James 1 in the UBG

James 1 in the UGV

James 1 in the UGV2

James 1 in the UGV3

James 1 in the VBL

James 1 in the VDCC

James 1 in the YALU

James 1 in the YAPE

James 1 in the YBVTP

James 1 in the ZBP