John 14 (BEV)

1 Yesu yi edzi gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migana vɔvɔ̃ naɖo mi eye miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o. Mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye hã dzinye se. 2 Fofonye ƒeme la xɔ nyui geɖewo li, ne ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi. Meyina afi ma be madzra teƒe ɖo ɖi na mi. 3 Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi la, matrɔ ava akplɔ mi be mianɔ gbɔnye ale be afi si mele la miawo hã mianɔ afi ma. 4 Mienya afi si meyina la xoxo eye mienya mɔ la hã.” 5 Toma gblɔ nɛ be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, mienya afi si nèyina o, ale ke wɔ miate ŋu anya mɔ la?” 6 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko. 7 Ne ɖe mienya ame si ƒomevi menye la, anye ne mienya ame si ƒomevi Fofonye hã nye. Tso azɔ dzi la, mienya ame si Fofonye nye eye miekpɔe hã!” 8 Filipo gblɔ be, “Aƒetɔ, fia Fofo la mi ekema miaƒe dzi adze eme.” 9 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Filipo, ke va se ɖe fifi hã la, mènya ame si ƒomevi menye o. Ke esi meli kpli mi ŋkeke siawo katã hã mienyam kpɔ oa? Ame sia ame si kpɔm la, Fofo lae ma wòkpɔ. Ke nu ka wɔ miegale didim be yewoakpɔ Fofo la? 10 Ɖe miexɔe se be, mele Fofo la me eye Fofo la hã le menye oa? Nya siwo katã megblɔna la menye nye ŋutɔ nye nyawoe o, ke boŋ wonye Fofonye si le menye la ƒe nyawo. Fofo la wɔa eƒe dɔwo to dzinye. 11 Miawo ya mixɔe se ko be mele Fofo la me eye Fofo la hã le menye. Ne miate ŋu axɔ ase le mɔ sia nu o la, ekema mixɔ dzinye se le nukunu gã geɖe siwo mewɔ miekpɔ la ta. 12 “Le nyateƒe me, mele egblɔm na mi be ame sia ame si xɔa dzinye sena la awɔ dɔ siwo katã mele wɔwɔm, eye awɔ dɔ gãwo wu esiwo mewɔ, elabena meyina ɖe fofo la gbɔ. 13 Mawɔ nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la na mi ale be Vi la nakɔ Fofo la ŋuti. 14 Ẽ, ne miebia nane to nye ŋkɔ dzi ko la, mawɔe na mi. 15 “Ne mielɔ̃am la, miawɔ nye sewo dzi. 16 “Mabia Fofo la, wòaɖo Nyaxɔɖeakɔla bubu ɖe mi, 17 ame si nye nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ, be wòanɔ anyi kpli mi yi ɖe mavɔ me. Xexeame mate ŋu axɔ Nyaxɔɖeakɔla sia o elabena mekpɔnɛ alo dzea sii o. Ke miawo la, mienyae elabena ele mia me eye wòanɔ anyi kpli mi. 18 Nye la, nyemegblẽ mi ɖi abe tsyɔ̃eviwo ene o, matrɔ ava mia gbɔ. 19 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la xexeametɔwo magakpɔm o ke miawo ya miakpɔm elabena mele agbe eye miawo hã mianɔ agbe. 20 Gbe ma gbe la, mianya be mele Fofo la me, eye miawo miele menye eye nye hã mele mia me. 21 Ame si wɔna ɖe nye nyawo dzi la, eyae lɔ̃am, eye ame si lɔ̃am la, Fofonye hã alɔ̃e, nye hã malɔ̃e eye maɖe ɖokuinye afiae.” 22 Yuda, ke menye Yuda Iskariɔt o, ke boŋ nusrɔ̃la bubu si tsɔ ŋkɔ sia la biae be, “Aƒetɔ, nu ka ta wònye be mí nusrɔ̃lawo koe nèle ɖokuiwo ɖe ge afia ke menye xexeame katã o?” 23 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Elabena ele be maɖe ɖokuinye afia ame siwo lɔ̃m eye wowɔa nye gbe dzi. Fofo la hã alɔ̃ wo eye nye kple Fofo la miava nɔ wo gbɔ. 24 Ame sia ame si mewɔa nye gbe dzi o la, melɔ̃am o. Nya siwo gblɔm mele la menye nye ŋutɔ tɔnye o ke boŋ etso Fofo si dɔm ɖa la gbɔ. 25 Mele nya siawo gblɔm na mi fifia esi megale mia gbɔ. 26 Ke ne Fofo la dɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe, Akɔfala la, ɖo ɖe nye teƒe la, afia nu geɖewo mi eye wòagagbugbɔ kpe aɖo nu siwo katã megblɔ na mi la dzi na mi. 27 “Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi. Nye ŋutɔ nye ŋutifafa tsɔm mele na mi. Menye xexeame tɔ ƒomevi o. Eya ta migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya kple vɔvɔ̃ o, eye dzika hã megatso mia ƒo o. 28 “Miese megblɔ be, ‘Madzo eye magatrɔ agbɔ va mia gbɔ.’ Ne mielɔ̃m la dzi adzɔ mi be mele dzodzom yina ɖe Fofo la gbɔ elabena Fofo la lolo wum. 29 Megblɔ nya siawo na mi hafi woava dzɔ ale be ne wova dzɔ la ne miaxɔ dzinye ase. 30 “Nyemagayi nuƒoƒo na mi dzi fũu o elabena xexe sia me dziɖula le mɔ dzi gbɔna. Mekpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o, 31 gake ele be xexeame nanyae be melɔ̃ Fofo la eye be mewɔa nu si tututu Fofo la ɖo nam be mawɔ. Azɔ la, mina míadzo.

In Other Versions

John 14 in the ANGEFD

John 14 in the ANTPNG2D

John 14 in the AS21

John 14 in the BAGH

John 14 in the BBPNG

John 14 in the BBT1E

John 14 in the BDS

John 14 in the BHAD

John 14 in the BIB

John 14 in the BLPT

John 14 in the BNT

John 14 in the BNTABOOT

John 14 in the BNTLV

John 14 in the BOATCB

John 14 in the BOATCB2

John 14 in the BOBCV

John 14 in the BOCNT

John 14 in the BOECS

John 14 in the BOGWICC

John 14 in the BOHCB

John 14 in the BOHCV

John 14 in the BOHLNT

John 14 in the BOHNTLTAL

John 14 in the BOICB

John 14 in the BOILNTAP

John 14 in the BOITCV

John 14 in the BOKCV

John 14 in the BOKCV2

John 14 in the BOKHWOG

John 14 in the BOKSSV

John 14 in the BOLCB

John 14 in the BOLCB2

John 14 in the BOMCV

John 14 in the BONAV

John 14 in the BONCB

John 14 in the BONLT

John 14 in the BONUT2

John 14 in the BOPLNT

John 14 in the BOSCB

John 14 in the BOSNC

John 14 in the BOTLNT

John 14 in the BOVCB

John 14 in the BOYCB

John 14 in the BPBB

John 14 in the BPH

John 14 in the BSB

John 14 in the CCB

John 14 in the CUV

John 14 in the CUVS

John 14 in the DBT

John 14 in the DGDNT

John 14 in the DHNT

John 14 in the DNT

John 14 in the ELBE

John 14 in the EMTV

John 14 in the ESV

John 14 in the FBV

John 14 in the FEB

John 14 in the GGMNT

John 14 in the GNT

John 14 in the HARY

John 14 in the HNT

John 14 in the IRVA

John 14 in the IRVB

John 14 in the IRVG

John 14 in the IRVH

John 14 in the IRVK

John 14 in the IRVM

John 14 in the IRVM2

John 14 in the IRVO

John 14 in the IRVP

John 14 in the IRVT

John 14 in the IRVT2

John 14 in the IRVU

John 14 in the ISVN

John 14 in the JSNT

John 14 in the KAPI

John 14 in the KBT1ETNIK

John 14 in the KBV

John 14 in the KJV

John 14 in the KNFD

John 14 in the LBA

John 14 in the LBLA

John 14 in the LNT

John 14 in the LSV

John 14 in the MAAL

John 14 in the MBV

John 14 in the MBV2

John 14 in the MHNT

John 14 in the MKNFD

John 14 in the MNG

John 14 in the MNT

John 14 in the MNT2

John 14 in the MRS1T

John 14 in the NAA

John 14 in the NASB

John 14 in the NBLA

John 14 in the NBS

John 14 in the NBVTP

John 14 in the NET2

John 14 in the NIV11

John 14 in the NNT

John 14 in the NNT2

John 14 in the NNT3

John 14 in the PDDPT

John 14 in the PFNT

John 14 in the RMNT

John 14 in the SBIAS

John 14 in the SBIBS

John 14 in the SBIBS2

John 14 in the SBICS

John 14 in the SBIDS

John 14 in the SBIGS

John 14 in the SBIHS

John 14 in the SBIIS

John 14 in the SBIIS2

John 14 in the SBIIS3

John 14 in the SBIKS

John 14 in the SBIKS2

John 14 in the SBIMS

John 14 in the SBIOS

John 14 in the SBIPS

John 14 in the SBISS

John 14 in the SBITS

John 14 in the SBITS2

John 14 in the SBITS3

John 14 in the SBITS4

John 14 in the SBIUS

John 14 in the SBIVS

John 14 in the SBT

John 14 in the SBT1E

John 14 in the SCHL

John 14 in the SNT

John 14 in the SUSU

John 14 in the SUSU2

John 14 in the SYNO

John 14 in the TBIAOTANT

John 14 in the TBT1E

John 14 in the TBT1E2

John 14 in the TFTIP

John 14 in the TFTU

John 14 in the TGNTATF3T

John 14 in the THAI

John 14 in the TNFD

John 14 in the TNT

John 14 in the TNTIK

John 14 in the TNTIL

John 14 in the TNTIN

John 14 in the TNTIP

John 14 in the TNTIZ

John 14 in the TOMA

John 14 in the TTENT

John 14 in the UBG

John 14 in the UGV

John 14 in the UGV2

John 14 in the UGV3

John 14 in the VBL

John 14 in the VDCC

John 14 in the YALU

John 14 in the YAPE

John 14 in the YBVTP

John 14 in the ZBP