John 18 (BEV)
1 Esi Yesu wu nya siawo nu la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo do go yi ɖatso tɔsisi si woyɔna be Kidron la heyi egodo eye woyi abɔ aɖe si le afi ma la me. 2 Yuda, ame si de Yesu asi la hã nya teƒe sia elabena Yesu kplɔa eƒe nusrɔ̃lawo yina afi ma edziedzi. 3 Osɔfogãwo kple Farisitɔwo ɖe asrafowo kple kpovitɔwo kpe ɖe Yuda ŋu bena woava lé Yesu. Ale wodze mɔ kple akakatiwo kple akaɖiwo kpakple aʋawɔnuwo va do ɖe abɔa me afi si Yesu le. 4 Yesu nya nu siwo katã le dzɔdzɔ ge ɖe dzi. Ezɔ ɖe ameawo dzi eye wòbia wo be, “Ame ka dim miele?” 5 Woɖo eŋu nɛ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyee nye esi.” Yuda, ame si fia eyomemɔ la hã le tsitre ɖe wo gbɔ le afi ma. 6 Esi Yesu gblɔ nya sia ko la, ameawo katã dze anyi. 7 Yesu gabia wo ake be, “Ame ka tututu dim miele?”Eye wogaɖo eŋu nɛ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.” 8 Yesu te gbe ɖe edzi na wo ake be, “Megblɔe na mi be, nyee nye esi, azɔ le esime wònye nye dim miele ta la, mina ame siawo ya nadzo le ŋutifafa me.” 9 Yesu gblɔ nya sia bena wòwu nya si wògblɔ ɖi do ŋgɔ nu be, “Nyemebu ame siwo nètsɔ nam la ƒe ɖeke o.” 10 Ke Simɔn Petro ɖe eƒe yi le aku me eye wòkpa ɖusimeto na Malkus, Osɔfo gãtɔ la ƒe dɔla. 11 Yesu trɔ gblɔ na Petro bena, “Tsɔ wò yi la de aku me. Ɖe mele be mano kplu si Fofo la tsɔ nam la oa?” 12 Ale Yudatɔwo ƒe kpovitɔwo kple asrafowo kpakple asrafomegãwo lé Yesu eye woblae. 13 Gbã la, wokplɔe yi na Anas, si nye Kayafa to. Kayafaenye Osɔfo gãtɔ le ƒe ma me eye 14 eyae nye ame si ɖo aɖaŋu na Yudatɔwo bena, “Enyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta tsɔ wu be dukɔ bliboa natsrɔ̃.” 15 Simɔn Petro kple nusrɔ̃la ɖeka dze amehawo yome. Le esi nusrɔ̃la bubu sia dze si Osɔfo gãtɔ ta la, woɖe mɔ na eya faa wòge ɖe aƒea me. 16 Ke enɔ na Petro be wòalala le agboa nu. Nusrɔ̃la keme, ame si Nunɔlagã la nya nyuie la, trɔ gbɔ va ƒo nu na ɖetugbi si nɔ agboa nu dzɔm eye wòna mɔ Petro wòge ɖe eme. 17 Enumake nyɔnuvi la bia Petro bena, “Menye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?”Petro ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, menye eƒe nusrɔ̃la menye o.” 18 Kpovitɔwo kple subɔviwo do dzo nɔ ƒuƒum ɣemaɣi elabena vuvɔ nɔ wɔwɔm sesĩe. Ale Petro hã va tsi tre ɖe wo dome nɔ dzoa ƒum. 19 Le ʋɔnua la, Osɔfo gãtɔ la bia Yesu ame siwo nye eƒe nusrɔ̃lawo kple nu si tututu wòle wo fiam. 20 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame geɖewo nya nu si fiam mele, elabena mefia nu zi geɖe le ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔ la me, Yudatɔwo ƒe amegãwo katã ɖoa to nya siwo megblɔna, eye nya aɖeke meli si megblɔna le ɣaɣlɛƒe si nyemegblɔna le dutoƒo o. 21 Eya ta menye nyee wòle be miabia nya siae o, ke boŋ mibia ame siwo va ɖoa to nye nyawo. Wo dometɔ aɖewo hã le afi sia eya ta mibia wo.” 22 Asrafo siwo le Yesu ŋu dzɔm la dometɔ ɖeka ƒo tome nɛ zi ɖeka hebiae bena, “Nenema wòle be nàɖo nya ŋui na Osɔfo gãtɔ la?” 23 Yesu gblɔ nɛ bena, “Nenye be alakpa dam mele la, ekema tɔ asi nu si nye alakpa le nye nuƒoa me la dzi nam. Ke ne nyateƒe tom mele la, ɖe wòle be nàƒo tome na ame si le nyateƒe tom la mahã?” 24 Ale Anas na wobla Yesu eye wokplɔe yi Kayafa, Osɔfo gãtɔ la gbɔe. 25 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Simɔn Petro ganɔ dzoa ƒum eye ame bubu gabiae bena, “Menye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?” Petro ɖo eŋu be, “Gbeɖe, menye eƒe nusrɔ̃lae menye o.” 26 Osɔfo gãtɔ la ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka si nye ame si ƒe to Petro kpa la ƒe ƒometɔ aɖe la bia Petro bena, “Menye wòe mekpɔ le abɔa me, nèle Yesu ŋu oa?” 27 Ke Petro gasẽ nu bena, yemenya Yesu o. Eye enumake la koklo ku atɔ. 28 Kayafa hã drɔ̃ ʋɔnu Yesu, eye wòwu eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu le fɔŋli. Tso afi sia le wokplɔe yi ɖe Roma gɔvina la ƒe aƒemee. Ame siwo ke tsɔ nya ɖe Yesu ŋu la gbe bena yewomage ɖe aƒea me o, elabena ne woyi afi ma la, ekema wogblẽ kɔ na wo ɖokui, eye ne woƒo ɖi wo ɖokui alea la, womana mɔ wo woaɖu Ŋutitotolẽvi la o. 29 Ale Pilato, Roma gɔvina la ŋutɔ do go va kpe wo eye wòbia wo bena, “Nya kae mietsɔ ɖe ame sia ŋu eye nu kae miebe ewɔ?” 30 Ameawo hã da gbe ɖe Pilato bena, “Ɖe ame sia mewɔ nu vɔ̃ɖi aɖeke o la, míele ekplɔ ge ava afi siae o.” 31 Pilato ɖo eŋu na wo bena, “Ne ele alea la, mikplɔe yii eye miatsɔ miawo ŋutɔ ƒe sewo adrɔ̃ ʋɔnui.” Ameawo gaɖo eŋu nɛ be, “Ɖe miedi bena miaklãe ɖe ati ŋu eya tae mieva bena nàda asi ɖe ɖoɖo sia dzi.” 32 Esia wu nyagblɔɖi si Yesu gblɔ ɖi tso ale si wole ewu gee la nu. 33 Pilato trɔ yi ɖe eƒe fiasã la me, ene wokplɔ Yesu va egbɔe eye wòbia be, “Woe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” 34 Yesu biae bena, “Susu ka nue nèbia nya sia ɖo? Le Yudatɔwo ƒe susu nu loo alo le wò susu nua?” 35 Pilato ɖo eŋu kple dziku be, “Yudatɔe menye hafi nèle nya ma biamem hã? Menye wò ŋutɔ mia de tɔwo kple woƒe Osɔfogãwoẽ kplɔ wò va afi sia oa? Nu ka tae wokplɔ wò vɛ ɖo? Agɔ kae nèdze?” 36 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nye la, menye anyigbadzifiae menye o. Nenye anyigbadzifiae menye la, anye ne nye amewo awɔ aʋa ɖe nunye esi Yudatɔwo ƒe amegãwo va lém. Nye fiaɖuƒea metso xexe sia me o.” 37 Pilato gabiae bena, “Ekema fiae nenye nyateƒea?”Yesu ɖo eŋu be, “Ele me nenema, eye fiaɖuɖu tae wodzim ɖo. Eye esi meva xexe sia me la, ɖe meva bena magblɔ nyateƒe la afia ame sia ame. Ame siwo katã xɔ nyateƒe la dzi se lae nye nye nusrɔ̃lawo.” 38 Pilato to ɣli enumake bena, “Nu kae nye nyateƒe la?” Edo go ɖagblɔ na Yudatɔwo be, “Nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le ame sia ŋu o. 39 Azɔ kɔnu aɖe le mia si si mewɔna na mi ƒe sia ƒe le Ŋutitotoŋkeke la dzi, eyae nye be maɖe asi le ame siwo le gaxɔ me la dometɔ si mielɔ̃ la ŋu na mi. Eya ta ne enye miaƒe didi la, maɖe asi le ‘Yudatɔwo ƒe fia’ la ŋu na mi.” 40 Ke ameawo ƒe mo nyra eye wodo ɣli sesĩe be, “Gbeɖe! Mègaɖe asi le ame sia ŋu o, ke boŋ ɖe asi le Baraba ŋu na mi!” Baraba siae nye adzodala aɖe si wode gaxɔ me.