John 18 (BOECS)

1 Esi Yesu do gbe ɖa vɔ la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo ɖato Kidron Bali la me. Woyi egodo, eye woyi abɔ aɖe si le afi ma la me. 2 Azɔ Yuda, ame si de Yesu asi la hã nya teƒe sia, elabena Yesu kplɔa eƒe nusrɔ̃lawo yina afi ma edziedzi. 3 Ale Yuda va abɔ la me, eye wònɔ ŋgɔ na nunɔlagãwo, Farisitɔwo, asrafowo kple kpovitɔwo. Ale wodze mɔ kple akakatiwo kple akaɖiwo kple aʋawɔnuwo va do ɖe abɔ la me afi si Yesu le. 4 Yesu nya nu siwo katã le dzɔdzɔ ge ɖe dzi la. Eyi wo gbɔ, eye wòbia wo be, “Ame ka dim miele?” 5 Wogblɔ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.”Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyee nye esi.” (Eye Yuda, ame si fia eyomemɔ la hã nɔ tsitre ɖe wo gbɔ le afi ma.) 6 Esi Yesu gblɔ be, “Nyee nye esi,” la, ameawo katã zɔ yi megbe, eye wodze anyi. 7 Yesu gabia wo be, “Ame ka dim miele?”Eye wogblɔ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.” 8 Yesu gblɔ be, “Megblɔe na mi be nyee nye esi. Nenye nye dim miele la, ekema mina ame siawo nadzo.” 9 Yesu gblɔ nya sia bena wòawu nya si wògblɔ ɖi la nu be, “Nyemebu ame siwo nètsɔ nam la dometɔ aɖeke o.” 10 Ke Simɔn Petro ɖe eƒe yi le aku me, eye wòkpa ɖusimeto na Malkus, nunɔlagãtɔ la ƒe subɔla. 11 Yesu gblɔ na Petro be, “Tsɔ wò yi la de aku me. Ɖe mele be mano kplu si Fofo la tsɔ nam la oa?” 12 Ale Yudatɔwo ƒe kpovitɔwo kple asrafowo kpakple asrafomegãwo lé Yesu, eye woblae. 13 Gbã la, wokplɔe yi na Anas, si nye Kayafa to, ame si nye nunɔlagã le ƒe ma me. 14 Kayafae nye ame si ɖo aɖaŋu na Yudatɔwo be anyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔ la ta. 15 Simɔn Petro kple nusrɔ̃la ɖeka wodze Yesu yome. Esi nunɔlagã la dze si nusrɔ̃la sia ta la, woɖe mɔ nɛ wòge ɖe nunɔlagã la ƒe xɔxɔnu, 16 gake enɔ na Petro be wòalala le agboa nu. Nusrɔ̃la bubu sia, ame si nunɔlagã la nya la, trɔ gbɔ va ƒo nu na ɖetugbi si nɔ agboa nu dzɔm, eye wòɖe mɔ na Petro wòge ɖe eme. 17 Dɔlanyɔnuvi la bia Petro be, “Menye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?”Petro ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, menye eƒe nusrɔ̃la menye o.” 18 Vuvɔ nɔ wɔwɔm, ale subɔlawo kple kpovitɔwo nɔ dzo ƒum be woƒe lãme naxɔ dzo. Ale Petro hã tsi tsitre ɖe wo gbɔ nɔ dzoa ƒum. 19 Nunɔlagã la bia gbe Yesu tso eƒe nusrɔ̃lawo kple eƒe nufiafia ŋu. 20 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Meƒo nu le dutoƒo na xexea me. Mefia nu edziedzi le ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔ la me, afi si Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo. Nyemegblɔ nya aɖeke le ɣaɣlaƒe o. 21 Nu ka ta miele gbe biamem ɖo? Mibia gbe ame siwo se nye nyawo. Wose nya siwo megblɔ la.” 22 Esi Yesu gblɔ nya sia la, asrafo siwo le Yesu ŋu dzɔm la dometɔ ɖeka ƒo tome nɛ hegblɔ be, “Nenema wòle be nàɖo nya ŋu na nunɔlagã lae?” 23 Yesu gblɔ nɛ be, “Ne megblɔ nya vɔ̃ aɖe la, ekema tɔ asi nya vɔ̃ si megblɔ la dzi. Gake ne nyateƒe gblɔm mele la, nu ka ta nèƒom ɖo?” 24 Ale Yesu nɔ babla, eye Anas na wokplɔe yi na Kayafa, nunɔlagã la. 25 Esi Simɔn Petro ganɔ dzoa ƒum la, ame bubu gabiae be, “Menye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?”Petro gasẽ nu gblɔ be, “Gbeɖe, menye eƒe nusrɔ̃lae menye o.” 26 Nunɔlagã la ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka si nye ame si ƒe to Petro kpa la ƒe ƒometɔ aɖe hã bia Petro be, “Menye wòe mekpɔ le abɔa me, nèle Yesu ŋu oa?” 27 Ke Petro gasẽ nu be yemenya Yesu o, eye enumake, koklo ku atɔ. 28 Ale Yudatɔwo kplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ yi ɖe Roma mɔmefia ƒe aƒe mee. Esi ŋu ke ta la, ame siwo kplɔ Yesu ɖo la gbe be yewomage ɖe aƒea me o, elabena womedi be yewoagblẽ kɔ ɖo na yewo ɖokuiwo o; wodi be yewoaɖu Ŋutitotoŋkeke la. 29 Ale Pilato, Roma mɔmefia la ŋutɔ do go va kpe wo, eye wòbia wo be, “Nya ka mietsɔ ɖe ame sia ŋu?” 30 Woɖo eŋu nɛ be, “Ɖe ame sia menye hlɔ̃dola o la, míele ekplɔ ge vɛ na wò o.” 31 Pilato gblɔ be, “Mia ŋutɔwo, mikplɔe yii, eye miatsɔ miaƒe sewo adrɔ̃ ʋɔnui.”Yudatɔwo gaɖo eŋu nɛ be, “Ŋusẽ mele mía si be míatso kufia na ame aɖeke o.” 32 Esia dzɔ be nya siwo Yesu gblɔ ɖi tso ku si ƒomevi wòaku ŋu la nava eme. 33 Pilato trɔ yi ɖe eƒe fiasã la me, eye wòna wokplɔ Yesu va egbɔe, eye wòbiae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” 34 Yesu biae be, “Wò ŋutɔ wò susu nu nèbia nya sia ɖo loo alo ame aɖee gblɔe na wòa?” 35 Pilato ɖo eŋu dɔmedzoetɔe be, “Yudatɔe menye hafi nèle nya sia biamem mahã? Wò ŋutɔ wò amewo kple miaƒe nunɔlagãwoe kplɔ wò va gbɔnyee? Nu ka nèwɔ? Agɔ ka nèdze?” 36 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o. Ɖe nye fiaɖuƒe tso xexe sia me la, ne nye dɔlawo awɔ aʋa ɖe nunye be Yudatɔwo ƒe amegãwo malém o. Nye fiaɖuƒe tso teƒe bubu.” 37 Pilato gabiae be, “Ekema fiae nenye nyateƒea?”Yesu ɖo eŋu be, “Ègblɔ nyateƒe be fiae menye. Le nyateƒe me la, susu sia ta wodzim ɖo, eye esia tae meva xexea me ɖo, be maɖi ɖase tso nyateƒe la ŋu. Ame sia ame si xɔ nyateƒe la dzi se la ɖoa tom.” 38 Pilato biae be, “Nu kae nye nyateƒe la?” Esi Pilato gblɔ nya sia la, egado go ɖagblɔ na Yudatɔwo be, “Nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le ame sia ŋu o. 39 Gake enye míaƒe kɔnu be maɖe asi le gamenɔla ɖeka ŋuti na mi le Ŋutitotoŋkeke la dzi. Miedi be maɖe asi le ‘Yudatɔwo ƒe fia’ la ŋuti na mia?” 40 Ke ameawo do ɣli gblɔ be, “Gbeɖe, menye eya o! Ɖe asi le Barabas ŋu na mí!” Baraba sia nye adzodala aɖe si wode gaxɔ me la.

In Other Versions

John 18 in the ANGEFD

John 18 in the ANTPNG2D

John 18 in the AS21

John 18 in the BAGH

John 18 in the BBPNG

John 18 in the BBT1E

John 18 in the BDS

John 18 in the BEV

John 18 in the BHAD

John 18 in the BIB

John 18 in the BLPT

John 18 in the BNT

John 18 in the BNTABOOT

John 18 in the BNTLV

John 18 in the BOATCB

John 18 in the BOATCB2

John 18 in the BOBCV

John 18 in the BOCNT

John 18 in the BOGWICC

John 18 in the BOHCB

John 18 in the BOHCV

John 18 in the BOHLNT

John 18 in the BOHNTLTAL

John 18 in the BOICB

John 18 in the BOILNTAP

John 18 in the BOITCV

John 18 in the BOKCV

John 18 in the BOKCV2

John 18 in the BOKHWOG

John 18 in the BOKSSV

John 18 in the BOLCB

John 18 in the BOLCB2

John 18 in the BOMCV

John 18 in the BONAV

John 18 in the BONCB

John 18 in the BONLT

John 18 in the BONUT2

John 18 in the BOPLNT

John 18 in the BOSCB

John 18 in the BOSNC

John 18 in the BOTLNT

John 18 in the BOVCB

John 18 in the BOYCB

John 18 in the BPBB

John 18 in the BPH

John 18 in the BSB

John 18 in the CCB

John 18 in the CUV

John 18 in the CUVS

John 18 in the DBT

John 18 in the DGDNT

John 18 in the DHNT

John 18 in the DNT

John 18 in the ELBE

John 18 in the EMTV

John 18 in the ESV

John 18 in the FBV

John 18 in the FEB

John 18 in the GGMNT

John 18 in the GNT

John 18 in the HARY

John 18 in the HNT

John 18 in the IRVA

John 18 in the IRVB

John 18 in the IRVG

John 18 in the IRVH

John 18 in the IRVK

John 18 in the IRVM

John 18 in the IRVM2

John 18 in the IRVO

John 18 in the IRVP

John 18 in the IRVT

John 18 in the IRVT2

John 18 in the IRVU

John 18 in the ISVN

John 18 in the JSNT

John 18 in the KAPI

John 18 in the KBT1ETNIK

John 18 in the KBV

John 18 in the KJV

John 18 in the KNFD

John 18 in the LBA

John 18 in the LBLA

John 18 in the LNT

John 18 in the LSV

John 18 in the MAAL

John 18 in the MBV

John 18 in the MBV2

John 18 in the MHNT

John 18 in the MKNFD

John 18 in the MNG

John 18 in the MNT

John 18 in the MNT2

John 18 in the MRS1T

John 18 in the NAA

John 18 in the NASB

John 18 in the NBLA

John 18 in the NBS

John 18 in the NBVTP

John 18 in the NET2

John 18 in the NIV11

John 18 in the NNT

John 18 in the NNT2

John 18 in the NNT3

John 18 in the PDDPT

John 18 in the PFNT

John 18 in the RMNT

John 18 in the SBIAS

John 18 in the SBIBS

John 18 in the SBIBS2

John 18 in the SBICS

John 18 in the SBIDS

John 18 in the SBIGS

John 18 in the SBIHS

John 18 in the SBIIS

John 18 in the SBIIS2

John 18 in the SBIIS3

John 18 in the SBIKS

John 18 in the SBIKS2

John 18 in the SBIMS

John 18 in the SBIOS

John 18 in the SBIPS

John 18 in the SBISS

John 18 in the SBITS

John 18 in the SBITS2

John 18 in the SBITS3

John 18 in the SBITS4

John 18 in the SBIUS

John 18 in the SBIVS

John 18 in the SBT

John 18 in the SBT1E

John 18 in the SCHL

John 18 in the SNT

John 18 in the SUSU

John 18 in the SUSU2

John 18 in the SYNO

John 18 in the TBIAOTANT

John 18 in the TBT1E

John 18 in the TBT1E2

John 18 in the TFTIP

John 18 in the TFTU

John 18 in the TGNTATF3T

John 18 in the THAI

John 18 in the TNFD

John 18 in the TNT

John 18 in the TNTIK

John 18 in the TNTIL

John 18 in the TNTIN

John 18 in the TNTIP

John 18 in the TNTIZ

John 18 in the TOMA

John 18 in the TTENT

John 18 in the UBG

John 18 in the UGV

John 18 in the UGV2

John 18 in the UGV3

John 18 in the VBL

John 18 in the VDCC

John 18 in the YALU

John 18 in the YAPE

John 18 in the YBVTP

John 18 in the ZBP