Matthew 9 (BEV)

1 Yesu gatrɔ ge ɖe ʋua me eye wòtso ƒua va Kapernaum, si nye wo de du me. 2 Eɖo afi ma eteƒe medidi hafi ame aɖewo kɔ ŋutsu aɖe si le lãmetutudɔ lém la ɖe aba dzi vɛ o. Yesu kpɔ be ameawo ƒe xɔse de to ŋutɔ eya ta egblɔ na dɔnɔa be, “Vinye, wò dzi nedze eme elabena wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.” 3 Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo siwo nɔ afi ma se nya siwo do le Yesu nu la gblɔ na wo nɔewo be, “Nu ka! Ame sia gblɔ busunya.” 4 Yesu nya nu si nɔ woƒe susu me eya ta wòbia wo be, “Nu ka tae miele nu baɖa siawo ƒomevi susum ɖo? 5 Mibu eŋuti kpɔ be kae le bɔbɔe wu, be woagblɔ na ame sia be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò,’ alo woagblɔ nɛ be, ‘Ttsi tre nazɔ azɔli?’ 6 Ke azɔ mafia mi bena ŋusẽ le nye Mesia la si le anyigba sia dzi be matsɔ nu vɔ̃wo ake eye mada gbe le ame sia ŋu atsɔ aɖe ŋusẽ sia fia mi.” Esi wògblɔ nya sia vɔ la etrɔ ɖe dɔnɔ la gbɔ gblɔ nɛ bena, “Tsi tre nàŋlɔ wò aba ne nàzɔ ayi aƒeme!” 7 Amea tsi tre enumake eye wofɔ eƒe nuwo heyi aƒeme. 8 Nyateƒe vɔvɔ̃ gã aɖe dze ameha bliboa dzi elabena Yesu wɔ nukunu sia le woawo ŋutɔ ŋkume wokpɔ eye wokafu Mawu be wòna ŋusẽ triakɔ sia tɔgbi amegbetɔ! 9 Esi Yesu nɔ tsa ɖim le dua me la, eva ke ɖe dugadzɔla aɖe si woyɔna be Mateo la ŋu wònɔ afi si wodzɔa duga lena. Yesu yɔe gblɔ nɛ bena, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃la.” Mateo tso enumake eye wòdze Yesu yome. 10 Gbe ma gbe fiẽ la, Mateo kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le ye gbɔ. Dugadzɔlawo kple ame baɖa bubuwo hã nɔ amekpekpeawo dome. 11 Faristitɔwo kpɔ esia ale wobia Yesu ƒe nusrɔ̃lawo bena, “Nu ka ta miaƒe nufiala dea ha kple ame tovowo abe esiawo ene?” 12 Yesu se nya la eye wòɖo eŋu na wo gblɔ be, “Ame siwo mele dɔ lém o la mehiã atikewɔla o, ke boŋ ame siwo le dɔ lém lae hiãe. 13 Ke miyi miasrɔ̃ nu si gblɔm mawunya sia le, ‘Nublanuikpɔkpɔe medi ke menye vɔsa o.’ Nyemeva be mayɔ ame dzɔdzɔewo o ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo.” 14 Gbe ɖeka la, Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae bena, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna abe ale si mí kple Faristɔwo míewɔna ene o?” 15 Yesu hã bia wo bena, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo nanɔ konyi fam, atsi nu adɔ le esime wòle wo gbɔa? Ɣeyiɣi li gbɔna esime woakplɔe adzoe le wo gbɔ. Eye le ɣemaɣi me la woagbe nuɖuɖu àtsi nu adɔ. 16 “Womate ŋu atsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o, ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒea eye teƒe si vuvu la akeke ɖe edzi wu. 17 Nenema ke womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o. Ne wowɔ esia la, aha yeyea ƒe ŋusẽ awɔe be lãgbalẽgolo la awo eye ahaa kple goe la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye ko me woate ŋu akɔ aha yeye ɖo. Ekema aha la kple lãgbalẽgolo la katã woanɔ dedie.” 18 Le esime Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe ƒe amegã aɖe va egbɔ va dze klo ɖe eŋkume hede ta agu nɛ. Egblɔ na Yesu bena, “Vinye nyɔnuvi ku fifi laa gake mexɔe se be àte ŋu ana wòagagbɔ agbe nenye be èva ka asi eŋu ko.” 19 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta amegã la ƒeme enumake. 20 Esime wonɔ mɔa dzi la, nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ la va ka asi eƒe awu to, 21 elabena egblɔ le eɖokui me bena, “Nenye be meka asi eƒe awu to teti ko la nye lãme asẽ.” 22 Yesu trɔ ɖe eŋu gblɔ nɛ bena, “Vinyɔnuvi wò dzi nedze eme! Wò xɔse la da gbe le ŋuwò.” Tso gbe ma gbe ko la nyɔnua ƒe dɔa vɔ nɛ keŋ. 23 Esi Yesu va ɖo amegã la ƒeme la, ekpɔ be amewo nɔ avi fam hoo eye wonɔ kuteƒehawo hã dzim. 24 Yesu gblɔ bena, “Mina ame siawo katã nado go le xɔa me, elabena ɖevia meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle.” Ame siwo se nya sia la, ɖu fewu le eŋu eye ɖewo hã koe. 25 Wonya ameha la do goe mlɔeba. Yesu yi afi si wotsɔ ɖevia mlɔe eye wòlé eƒe alɔnu. Nyɔnuvia nyɔ enumake, eti kpo ɖi le aba la dzi eye eƒe lãme se. 26 Nukunu sia kaka ɖe nuto bliboa katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe. 27 Le esime Yesu do go le aƒea me yina la, ŋkuagbãtɔ eve kplɔe ɖo henɔ ɣli dom bena, “O, Fia David Vi la, kpɔ nublanui na mí.” 28 Wokplɔe ɖo yi aƒe si me wòge ɖo, tete Yesu trɔ ɖe wo ŋu bia wo bena, “Miexɔe se be mate ŋu aʋu ŋku na mia?” Woɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, Aƒetɔ.” 29 Ale Yesu tɔ asi woƒe ŋkuwo hegblɔ bena, “Ava eme na mi abe alesi miexɔe se ene.” 30 Enumake woƒe ŋkuwo ʋu eye wode asi nukpɔkpɔ me nyuie. Yesu de se na wo vevie bena womegagblɔ nu si yewɔ na wo la na ame aɖeke o. 31 Ke ameawo mewɔ ɖe Yesu ƒe didi dzi o ke boŋ esi wodo ɖe ablɔ dzi ko la, wokaka nu si wò wɔ na wo la eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le du bliboa me. 32 Esi Yesu nɔ dzodzom le afi ma la, wokplɔ ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ eye metea ŋu ƒoa nu o la, vɛ nɛ. 33 Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le amea me eye wòde asi nuƒoƒo me enumake. Nu sia wɔ nuku na ameha la ŋutɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, womekpɔ esia tɔgbi kpɔ le Israel o. 34 Ke Farisitɔwo ya gblɔ bena, “Nu si ta wòte ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃woe nye be, Satana si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la le eya ŋutɔ me.” 35 Yesu tsa le kɔƒe kple du siwo le ŋuto ma me la me kpe ɖo, enɔ mawunya gblɔ le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo eye wònɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe la ƒe nyanyui la hã. Eye afi sia afi si wòyi la, eda gbe le dɔ vovovo lelawo ŋu. 36 Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ elabena nu geɖewo nɔ fu ɖem na wo ke womenya nu si woawɔ o. Ɖe ko wonɔ abe alẽha si kplɔla meli na o la ene. 37 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Agblemenukuawo sɔ gbɔ ŋutɔ gake dɔwɔlawo mesɔ gbɔ kura o! 38 Eya ta mibia agbletɔa be wòadɔ dɔwɔla geɖewo ɖa be woawɔ dɔ le eƒe agblewo me.”

In Other Versions

Matthew 9 in the ANGEFD

Matthew 9 in the ANTPNG2D

Matthew 9 in the AS21

Matthew 9 in the BAGH

Matthew 9 in the BBPNG

Matthew 9 in the BBT1E

Matthew 9 in the BDS

Matthew 9 in the BHAD

Matthew 9 in the BIB

Matthew 9 in the BLPT

Matthew 9 in the BNT

Matthew 9 in the BNTABOOT

Matthew 9 in the BNTLV

Matthew 9 in the BOATCB

Matthew 9 in the BOATCB2

Matthew 9 in the BOBCV

Matthew 9 in the BOCNT

Matthew 9 in the BOECS

Matthew 9 in the BOGWICC

Matthew 9 in the BOHCB

Matthew 9 in the BOHCV

Matthew 9 in the BOHLNT

Matthew 9 in the BOHNTLTAL

Matthew 9 in the BOICB

Matthew 9 in the BOILNTAP

Matthew 9 in the BOITCV

Matthew 9 in the BOKCV

Matthew 9 in the BOKCV2

Matthew 9 in the BOKHWOG

Matthew 9 in the BOKSSV

Matthew 9 in the BOLCB

Matthew 9 in the BOLCB2

Matthew 9 in the BOMCV

Matthew 9 in the BONAV

Matthew 9 in the BONCB

Matthew 9 in the BONLT

Matthew 9 in the BONUT2

Matthew 9 in the BOPLNT

Matthew 9 in the BOSCB

Matthew 9 in the BOSNC

Matthew 9 in the BOTLNT

Matthew 9 in the BOVCB

Matthew 9 in the BOYCB

Matthew 9 in the BPBB

Matthew 9 in the BPH

Matthew 9 in the BSB

Matthew 9 in the CCB

Matthew 9 in the CUV

Matthew 9 in the CUVS

Matthew 9 in the DBT

Matthew 9 in the DGDNT

Matthew 9 in the DHNT

Matthew 9 in the DNT

Matthew 9 in the ELBE

Matthew 9 in the EMTV

Matthew 9 in the ESV

Matthew 9 in the FBV

Matthew 9 in the FEB

Matthew 9 in the GGMNT

Matthew 9 in the GNT

Matthew 9 in the HARY

Matthew 9 in the HNT

Matthew 9 in the IRVA

Matthew 9 in the IRVB

Matthew 9 in the IRVG

Matthew 9 in the IRVH

Matthew 9 in the IRVK

Matthew 9 in the IRVM

Matthew 9 in the IRVM2

Matthew 9 in the IRVO

Matthew 9 in the IRVP

Matthew 9 in the IRVT

Matthew 9 in the IRVT2

Matthew 9 in the IRVU

Matthew 9 in the ISVN

Matthew 9 in the JSNT

Matthew 9 in the KAPI

Matthew 9 in the KBT1ETNIK

Matthew 9 in the KBV

Matthew 9 in the KJV

Matthew 9 in the KNFD

Matthew 9 in the LBA

Matthew 9 in the LBLA

Matthew 9 in the LNT

Matthew 9 in the LSV

Matthew 9 in the MAAL

Matthew 9 in the MBV

Matthew 9 in the MBV2

Matthew 9 in the MHNT

Matthew 9 in the MKNFD

Matthew 9 in the MNG

Matthew 9 in the MNT

Matthew 9 in the MNT2

Matthew 9 in the MRS1T

Matthew 9 in the NAA

Matthew 9 in the NASB

Matthew 9 in the NBLA

Matthew 9 in the NBS

Matthew 9 in the NBVTP

Matthew 9 in the NET2

Matthew 9 in the NIV11

Matthew 9 in the NNT

Matthew 9 in the NNT2

Matthew 9 in the NNT3

Matthew 9 in the PDDPT

Matthew 9 in the PFNT

Matthew 9 in the RMNT

Matthew 9 in the SBIAS

Matthew 9 in the SBIBS

Matthew 9 in the SBIBS2

Matthew 9 in the SBICS

Matthew 9 in the SBIDS

Matthew 9 in the SBIGS

Matthew 9 in the SBIHS

Matthew 9 in the SBIIS

Matthew 9 in the SBIIS2

Matthew 9 in the SBIIS3

Matthew 9 in the SBIKS

Matthew 9 in the SBIKS2

Matthew 9 in the SBIMS

Matthew 9 in the SBIOS

Matthew 9 in the SBIPS

Matthew 9 in the SBISS

Matthew 9 in the SBITS

Matthew 9 in the SBITS2

Matthew 9 in the SBITS3

Matthew 9 in the SBITS4

Matthew 9 in the SBIUS

Matthew 9 in the SBIVS

Matthew 9 in the SBT

Matthew 9 in the SBT1E

Matthew 9 in the SCHL

Matthew 9 in the SNT

Matthew 9 in the SUSU

Matthew 9 in the SUSU2

Matthew 9 in the SYNO

Matthew 9 in the TBIAOTANT

Matthew 9 in the TBT1E

Matthew 9 in the TBT1E2

Matthew 9 in the TFTIP

Matthew 9 in the TFTU

Matthew 9 in the TGNTATF3T

Matthew 9 in the THAI

Matthew 9 in the TNFD

Matthew 9 in the TNT

Matthew 9 in the TNTIK

Matthew 9 in the TNTIL

Matthew 9 in the TNTIN

Matthew 9 in the TNTIP

Matthew 9 in the TNTIZ

Matthew 9 in the TOMA

Matthew 9 in the TTENT

Matthew 9 in the UBG

Matthew 9 in the UGV

Matthew 9 in the UGV2

Matthew 9 in the UGV3

Matthew 9 in the VBL

Matthew 9 in the VDCC

Matthew 9 in the YALU

Matthew 9 in the YAPE

Matthew 9 in the YBVTP

Matthew 9 in the ZBP