Mark 11 (BEV)

1 Esi wogogo Betfage kple Betania le Yerusalem gbɔ eye wova ɖo Amito la gbɔ la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woado ŋgɔ na yewo. 2 Egblɔ na wo be, “Miyi kɔƒe si le mia ŋgɔ la me. Ne miege ɖe eme teti ko la, miakpɔ tedzivi si womedo kpɔ o la le ka me. Mitui ne miakplɔe vɛ. 3 Ne ame aɖe bia mi be nu ka tae miele ka ɖemii hã la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le ehiãm eye agatrɔe vɛ kpuie.’ ” 4 Nusrɔ̃lawo eveawo dze mɔ eye wokpɔ tedzivi la le ka me le aƒe aɖe godo. Esi wonɔ ka tumi la, 5 ame aɖewo siwo nɔ tsi tre ɖe afi ma la bia wo be, “Nu ka tae miele ka tum tedzivia?” 6 Wogblɔ nya siwo Yesu be woagblɔ la, eye ameawo ɖe mɔ na wo. 7 Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu eye nusrɔ̃lawo ɖe woƒe awuwo ɖe edzi be wòadoe. 8 Ame geɖe siwo hã nɔ ameha la dome la ɖo woƒe awuwo ɖe mɔƒoa me le eŋgɔ be wòazɔ edzi eye ɖewo hã ŋe atilɔwo ɖo ɖe mɔƒoa me nɛ fũ. 9 Eya ŋutɔ nɔ titina, ame aɖewo nɔ eŋgɔ eye ɖewo hã nɔ eyome eye wo katã wonɔ ɣli dom dzidzɔtɔe be, “Hosana, woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ŋkɔ me.” 10 Woayra Mawu be wòtrɔ Mía Fofo David ƒe fiaɖuƒe la vɛ na mí. Hosana le dziƒo ʋĩ. 11 Ale wòge ɖe Yerusalem dua me eye woyi gbedoxɔ la me. Etsa ŋku godoo le teƒea, lé ŋku ɖe nu sia nu ŋu tsitotsito eye wòtrɔ dzo yi Betania kple nusrɔ̃la wuieveawo elabena zã nɔ dodom. 12 Le ŋufɔke ŋdi esi wotrɔ tso Betania gbɔna la, dɔ wu Yesu le mɔa dzi. 13 Ekpɔ gboti aɖe le eŋgɔ. Ati sia da ame ŋutɔ ale wòzɔ ɖe edzi be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi hã. Gake aŋgbawo koe nɔ atia dzi elabena eƒe kutseɣi me ɖo o. 14 Yesu ƒo fi de atia be, “Ame aɖeke magaɖu wò kutsetse aɖe kpɔ o tso fifia yi mavɔ me.” Nusrɔ̃lawo hã se nya si wògblɔ. 15 Esi wova ɖo Yerusalem la, eyi gbedoxɔa me ake eye wòde asi nudzralawo kple nuƒlelawo nyanya me do goe. Emu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, ekaka akpakpadzralawo hã ƒe agbadɔwo, 16 eye meɖe mɔ be ame aɖeke natsɔ naneke kura ato gbedoxɔa me o. 17 Egblɔ na ameawo bena, “Woŋlɔ ɖe mawunya me be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe na dukɔwo katã.’ Gake miawo mietsɔe wɔ adzoblasuwo ƒe nɔƒee.” 18 Esi Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe kplɔla bubuwo se nu si Yesu wɔ la, wode aɖaŋu le ale si woawɔ awui la ŋuti. Ke nane ɖe fu na wo ƒe susu. Eyae nye be, ame geɖewo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le Yesu ƒe nufiafia ŋuti, ale be ʋunyaʋunya ate ŋu adzɔ nenye be wote nu sia wɔwɔ kpɔ. 19 Abe ale si wowɔna ɖaa ene la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le dua me la fiẽ me lɔƒo. 20 Le ŋufɔke ŋdi la, wova to ati si Yesu ƒo fi de la ŋuti eye wokpɔ be ati blibo la yrɔ sũu. 21 Kasia Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ na atia la dzi, eye wòdo ɣli gblɔ be, “Kpɔ ɖa, Nufiala! Ati si nèƒo fi de la yrɔ!” 22 Yesu ɖo eŋu be, “Mawudzixɔse nanɔ mia si.” 23 “Nyateƒenya wonye be, nenye ame aɖe agblɔ na to sia be ‘Yi, natsɔ ɖokuiwo ƒu gbe ɖe atsiaƒu me’ eye ɖikeke aɖeke mele eƒe dzi me o, ke wòxɔe se be nu si yegblɔ ava me la, woawɔe nɛ. 24 Eya ta mele egblɔ na mi, nu sia nu si miabia to gbedodoɖa me la mixɔe se be miaxɔe, eye woaka mia si hã. 25 Gake ne miebe yewoado gbe ɖa la, mitsɔ ame siwo ƒe nyawo le dɔme na mi la ke wo gbã bena mia fofo si le dziƒo hã, natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.” 26 Ke ne mietsɔ ke amewo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi o. 27 Wova ɖo Yerusalem ake eye esi wonɔ tsa ɖim le gbedoxɔa me la Osɔfogawo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo va tui hebiae be, 28 “Ŋusẽ ka tututue le asiwò nètsɔ le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wo?” 29 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Hafi maɖo nya sia ŋu na mi la, miawo hã miɖo nye biabia ɖeka sia ŋu nam. 30 Yohanes ƒe mawutsidetaname ɖe ame ka gbɔ wòtso, Mawu gbɔe wòtso loo alo amewo gbɔe wòtsoa? Miɖo eŋu nam!” 31 Wodzro nya sia ŋu le wo ɖokuiwo dome eye wogblɔ be, “Ne míeɖo eŋu be Mawu gbɔe la, agblɔ be, ‘Enyo, nu ka tae míexɔe o ɖo?’ 32 Gake ne míegblɔ be menye Mawu gbɔe wòtso o la, ke míegblɔ nya aɖe, esi ana be ʋunyaʋunya adzɔ. Elabena amewo katã xɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.” 33 Eya ta wogblɔ nɛ be, “Míate ŋu aɖo eŋu na wò o. Míenya o.” Yesu hã gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ le nu siawo womii la na mi o.”

In Other Versions

Mark 11 in the ANGEFD

Mark 11 in the ANTPNG2D

Mark 11 in the AS21

Mark 11 in the BAGH

Mark 11 in the BBPNG

Mark 11 in the BBT1E

Mark 11 in the BDS

Mark 11 in the BHAD

Mark 11 in the BIB

Mark 11 in the BLPT

Mark 11 in the BNT

Mark 11 in the BNTABOOT

Mark 11 in the BNTLV

Mark 11 in the BOATCB

Mark 11 in the BOATCB2

Mark 11 in the BOBCV

Mark 11 in the BOCNT

Mark 11 in the BOECS

Mark 11 in the BOGWICC

Mark 11 in the BOHCB

Mark 11 in the BOHCV

Mark 11 in the BOHLNT

Mark 11 in the BOHNTLTAL

Mark 11 in the BOICB

Mark 11 in the BOILNTAP

Mark 11 in the BOITCV

Mark 11 in the BOKCV

Mark 11 in the BOKCV2

Mark 11 in the BOKHWOG

Mark 11 in the BOKSSV

Mark 11 in the BOLCB

Mark 11 in the BOLCB2

Mark 11 in the BOMCV

Mark 11 in the BONAV

Mark 11 in the BONCB

Mark 11 in the BONLT

Mark 11 in the BONUT2

Mark 11 in the BOPLNT

Mark 11 in the BOSCB

Mark 11 in the BOSNC

Mark 11 in the BOTLNT

Mark 11 in the BOVCB

Mark 11 in the BOYCB

Mark 11 in the BPBB

Mark 11 in the BPH

Mark 11 in the BSB

Mark 11 in the CCB

Mark 11 in the CUV

Mark 11 in the CUVS

Mark 11 in the DBT

Mark 11 in the DGDNT

Mark 11 in the DHNT

Mark 11 in the DNT

Mark 11 in the ELBE

Mark 11 in the EMTV

Mark 11 in the ESV

Mark 11 in the FBV

Mark 11 in the FEB

Mark 11 in the GGMNT

Mark 11 in the GNT

Mark 11 in the HARY

Mark 11 in the HNT

Mark 11 in the IRVA

Mark 11 in the IRVB

Mark 11 in the IRVG

Mark 11 in the IRVH

Mark 11 in the IRVK

Mark 11 in the IRVM

Mark 11 in the IRVM2

Mark 11 in the IRVO

Mark 11 in the IRVP

Mark 11 in the IRVT

Mark 11 in the IRVT2

Mark 11 in the IRVU

Mark 11 in the ISVN

Mark 11 in the JSNT

Mark 11 in the KAPI

Mark 11 in the KBT1ETNIK

Mark 11 in the KBV

Mark 11 in the KJV

Mark 11 in the KNFD

Mark 11 in the LBA

Mark 11 in the LBLA

Mark 11 in the LNT

Mark 11 in the LSV

Mark 11 in the MAAL

Mark 11 in the MBV

Mark 11 in the MBV2

Mark 11 in the MHNT

Mark 11 in the MKNFD

Mark 11 in the MNG

Mark 11 in the MNT

Mark 11 in the MNT2

Mark 11 in the MRS1T

Mark 11 in the NAA

Mark 11 in the NASB

Mark 11 in the NBLA

Mark 11 in the NBS

Mark 11 in the NBVTP

Mark 11 in the NET2

Mark 11 in the NIV11

Mark 11 in the NNT

Mark 11 in the NNT2

Mark 11 in the NNT3

Mark 11 in the PDDPT

Mark 11 in the PFNT

Mark 11 in the RMNT

Mark 11 in the SBIAS

Mark 11 in the SBIBS

Mark 11 in the SBIBS2

Mark 11 in the SBICS

Mark 11 in the SBIDS

Mark 11 in the SBIGS

Mark 11 in the SBIHS

Mark 11 in the SBIIS

Mark 11 in the SBIIS2

Mark 11 in the SBIIS3

Mark 11 in the SBIKS

Mark 11 in the SBIKS2

Mark 11 in the SBIMS

Mark 11 in the SBIOS

Mark 11 in the SBIPS

Mark 11 in the SBISS

Mark 11 in the SBITS

Mark 11 in the SBITS2

Mark 11 in the SBITS3

Mark 11 in the SBITS4

Mark 11 in the SBIUS

Mark 11 in the SBIVS

Mark 11 in the SBT

Mark 11 in the SBT1E

Mark 11 in the SCHL

Mark 11 in the SNT

Mark 11 in the SUSU

Mark 11 in the SUSU2

Mark 11 in the SYNO

Mark 11 in the TBIAOTANT

Mark 11 in the TBT1E

Mark 11 in the TBT1E2

Mark 11 in the TFTIP

Mark 11 in the TFTU

Mark 11 in the TGNTATF3T

Mark 11 in the THAI

Mark 11 in the TNFD

Mark 11 in the TNT

Mark 11 in the TNTIK

Mark 11 in the TNTIL

Mark 11 in the TNTIN

Mark 11 in the TNTIP

Mark 11 in the TNTIZ

Mark 11 in the TOMA

Mark 11 in the TTENT

Mark 11 in the UBG

Mark 11 in the UGV

Mark 11 in the UGV2

Mark 11 in the UGV3

Mark 11 in the VBL

Mark 11 in the VDCC

Mark 11 in the YALU

Mark 11 in the YAPE

Mark 11 in the YBVTP

Mark 11 in the ZBP