Mark 2 (BEV)
1 Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yesu gatrɔ yi Kapernaum. Esi wò ɖo afi ma la, eƒe ŋkɔ ɖi hoo le du bliboa me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. 2 Medidi kura hafi aƒe si me wònɔ la yɔ fũ kple amewo o. Aƒea me yɔ ale gbegbe be nɔƒe aɖeke kura meganɔ anyi o. Yesu de asi mawunyagbɔgblɔ me na ameha la. 3 Sẽ la, ŋutsu ene aɖewo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi gbɔna Yesu gbɔe. 4 Ke le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, womete ŋu ɖo egbɔ tututu o. Le esia ta woyi ɖaɖe do ɖe xɔ si me Yesu nɔ la tame eye woɖiɖi dɔnɔa ɖɔɖɔɖɔ hedro ɖe ekɔme. 5 Yesu kpɔ be ŋutsu eneawo xɔe se vevie be yeate ŋu akpe ɖe wo nɔvi la ŋu, eya ta egblɔ na dɔnɔa be, “Vinye wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò!” 6 Ke Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo nɔ afi ma la gblɔ be, 7 “Nu ka! Ame sia gblɔ busunya! Ɖe wòbu be Mawue yenyea? Menya be Mawu ɖeka hɔ̃ koe ate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake oa?” 8 Yesu nya nu si bum ameawo nɔ eya ta egblɔ na wo enumake be, “Ale ke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea? 9 Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na lãmetututɔ la be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò;’ loo alo woagblɔ nɛ be, ‘Tsi tre, tsɔ wò aba ne nàzɔ azɔlĩ’? 10 Be miadze sii be wona ŋusẽ Amegbetɔ Vi la be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi.” Egblɔ na lãmetututɔ la be 11 “Mele egblɔm na wo be tsi tre, tsɔ wò aba eye nàyi aƒeme!” 12 Ŋutsua tsi tre enumake. Efɔ eƒe aba la, eye wòzɔ to nukpɔlawo dome dzo. Nukpɔlawo katã ƒe nu ku. Wokafu Mawu, eye wogblɔ be, “Míekpɔ naneke teƒe alea kpɔ o!” 13 Yesu gado go yi ƒuta eye wòfia nu ameha si kplɔe ɖo la. 14 Esi wòzɔ yina la eva ke ɖe Levi, Alfeo vi, ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃la.” Levi tso enumake eye wòdze Yesu yome. 15 Le fiẽ la, Levi kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le ye ƒeme. Dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla geɖewo hã nɔ ame siwo wòkpe la dome, elabena ame siawo ƒomevi hã nɔ Yesu yome. 16 Agbalẽfiala siwo tso Farisitɔwo dome la kpɔ Yesu wònɔ nu ɖum kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo ale wobia eƒe nusrɔ̃lawo fewuɖutɔe be, “Nu ka ta miaƒe Aƒetɔ le nu ɖum kple nu vɔ̃ wɔla siawo?” 17 Yesu se nya siwo gblɔm wonɔ ale wògblɔ na wo be, “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o ke boŋ dɔnɔwoe. Menye ame dzɔdzɔewo tae meva ɖo o ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo tae be maxlɔ̃ nu wo ne woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ.” 18 Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo tsia nu dɔna ɣeaɖewoɣi. Gbe ɖeka esi wogatsi nu dɔ alea la, ame aɖewo va Yesu gbɔ va bia nu si ta eya ƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o. 19 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃wo natsi nu adɔ agbe nuɖuɖu le eƒe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋua? Gbeɖe, zi ale si ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔ ko la, womatsi nu adɔ o. 20 Gake ŋkeke aɖe li gbɔna esi wole ŋugbetɔsrɔ̃ la kplɔ ge le wo gbɔ, ale woatsi nu adɔ. 21 Menyo be woatsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o, elabena ne wowɔe alea la, avɔ yeye la ahoɖa le teƒea eye teƒe si vuvu la alolo ɖe edzi wu. 22 Womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o elabena ne wowɔ esia la aha yeyea ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo la awo eye ahaa kple lãgbalẽgolo la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye mee wòle be woakɔ aha yeye ɖo.” 23 Gbe ɖeka le Sabat dzi esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖe me yine la, nusrɔ̃lawo ŋe bli aɖewo he ɖu. 24 Farisitɔ aɖewo kpɔ wo eye wogblɔ na Yesu be, “Medze be wò nusrɔ̃lawo nawɔ nenem nu sia ƒomevi o ɖe. Etsi tre ɖe míaƒe sewo ŋu be woaŋe nu le Sabat ŋkekea dzi elabena esɔ kple dɔwɔwɔ le Sabat dzi.” 25 Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽ nu si David kple eŋumewo wɔ esi dɔ wu wo eye woxaxa kpɔ oa? 26 Esi Abiata nye Osɔfogã la, David geɖe Mawu ƒeme eye woɖu abolo kɔkɔe si wòle be Osɔfowo ɖeɖe ko naɖu la, eye wòna eŋume aɖewo hã woɖu oa?” 27 Egblɔ yi edzi be, “Sabat ŋkekea la, ɖe woɖoe anyi be wòaɖe vi na ame, menye be ame nazu kluvi na Sabat ŋkekea o. 28 Gawu la, ŋusẽ le nye Mesia la si ɖe Sabat ŋkekea dzi.”