Mark 2 (BOECS)

1 Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yesu gatrɔ yi Kapernaum. Esi wòɖo afi ma la, eƒe ŋkɔ ɖi hoo le du blibo la me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. 2 Medidi kura hafi aƒe si me wònɔ la yɔ fũu kple amewo o. Aƒea me yɔ ale gbegbe be nɔƒe aɖeke meganɔ ʋɔtrua nu hã o. Yesu de asi mawunyagbɔgblɔ me na ameha la. 3 Sẽe la, ŋutsu ene aɖewo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi gbɔna Yesu gbɔe. 4 Ke le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, womete ŋu ɖo egbɔ o. Le esia ta woyi ɖaɖe do ɖe xɔ si me Yesu nɔ la tame, heɖiɖi dɔnɔ la kple eƒe aba ɖe ekɔme. 5 Yesu kpɔ be ŋutsu eneawo xɔe se vevie be yeate ŋu ayɔ dɔ wo nɔvi la, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò!” 6 Ke Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo nɔ afi ma la gblɔ le woƒe dzi me be, 7 “Nu ka! Ame sia gblɔ busunya! Ɖe wòbu be Mawue yenyea? Menya be Mawu ɖeka hɔ̃ɔ koe ate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake oa?” 8 Yesu nya nu si bum ameawo nɔ, eya ta egblɔ na wo enumake be, “Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea? 9 Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na lãmetututɔ la be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò loo alo woagblɔ nɛ be, “Tso, kɔ wò aba ne nàzɔ azɔli?” ’ 10 Be miadze sii be wona ŋusẽ Amegbetɔ Vi la be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi.” Egblɔ na lãmetututɔ la be, 11 “Mele egblɔm na wò be tsi tre! Ŋlɔ wò aba nàyi aƒe me!” 12 Ŋutsu la tso enumake, kɔ eƒe aba, eye wòzɔ to ameawo dome dzo. Ameawo katã ƒe nu ku. Wokafu Mawu, eye wogblɔ be, “Míekpɔ naneke teƒe alea kpɔ o!” 13 Yesu gado go yi ƒuta, eye wòfia nu ameha si kplɔe ɖo la. 14 Esi wòzɔ yina la, eva ke ɖe Levi, Alfeo ƒe vi ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme.” Levi tso enumake, eye wòdze Yesu yome. 15 Le fiẽ me la, Levi kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le yeƒe aƒe me. Dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla geɖewo hã nɔ ame siwo wòkpe la dome, elabena ame siawo ƒomevi hã nɔ Yesu yome. 16 Agbalẽfiala siwo tso Farisitɔwo dome la kpɔ Yesu wònɔ nu ɖum kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ale wobia eƒe nusrɔ̃lawo fewuɖutɔe be, “Nu ka ta miaƒe Aƒetɔ le nu ɖum kple nu vɔ̃ wɔla kple dugadzɔla siawo ɖo?” 17 Yesu se nya siwo gblɔm wonɔ la, ale wògblɔ na wo be, “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe. Menye ame dzɔdzɔewo ta meva ɖo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo ta, be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ.” 18 Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo tsia nu dɔna ɣe aɖewo ɣi. Gbe ɖeka esi wogatsi nu dɔ alea la, ame aɖewo va Yesu gbɔ va bia nu si ta eya ƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o ɖo. 19 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃wo natsi nu adɔ, agbe nuɖuɖu le eƒe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋua? Gbeɖe, zi ale si ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔ ko la, womatsi nu adɔ o 20 Gake ŋkeke aɖe li gbɔna, esi wole ŋugbetɔsrɔ̃ la kplɔ ge le wo gbɔ, ale woatsi nu adɔ. 21 “Menyo be woatsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o, elabena ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒe la, eye teƒe si vuvu la alolo ɖe edzi wu. 22 Womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o, elabena ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo la nawó, eye aha la kple lãgbalẽgolo la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye mee wòle be woakɔ aha yeye ɖo.” 23 Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe dzi esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖe me yina la, nusrɔ̃lawo ŋe bli aɖewo heɖu. 24 Farisitɔ aɖewo kpɔ wo, eye wobia Yesu be, “Nu ka ta wole nu si mele se nu o la wɔm le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi ɖo?” 25 Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽ nu si David kple eŋumewo wɔ, esi dɔ wu wo, eye woɖo xaxa me kpɔ oa? 26 Esi Abiata nye nunɔlagã la, David yi ɖe Mawu ƒe aƒe la me eye wòtsɔ abolo tɔxɛ si wotsɔ ɖo Mawu ŋkume la, eye eya kple etɔwo mae heɖu, togbɔ be mele se nu be ame aɖeke naɖu abolo sia o, negbe nunɔlawo ko.” 27 Egblɔ yi edzi be, “Dzudzɔgbe ŋkekea la, ɖe woɖoe anyi be wòaɖe vi na ame, menye be ame nazu kluvi na Dzudzɔgbe ŋkeke la o. 28 Gawu la, ŋusẽ le Amegbetɔ Vi la si ɖe Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi.”

In Other Versions

Mark 2 in the ANGEFD

Mark 2 in the ANTPNG2D

Mark 2 in the AS21

Mark 2 in the BAGH

Mark 2 in the BBPNG

Mark 2 in the BBT1E

Mark 2 in the BDS

Mark 2 in the BEV

Mark 2 in the BHAD

Mark 2 in the BIB

Mark 2 in the BLPT

Mark 2 in the BNT

Mark 2 in the BNTABOOT

Mark 2 in the BNTLV

Mark 2 in the BOATCB

Mark 2 in the BOATCB2

Mark 2 in the BOBCV

Mark 2 in the BOCNT

Mark 2 in the BOGWICC

Mark 2 in the BOHCB

Mark 2 in the BOHCV

Mark 2 in the BOHLNT

Mark 2 in the BOHNTLTAL

Mark 2 in the BOICB

Mark 2 in the BOILNTAP

Mark 2 in the BOITCV

Mark 2 in the BOKCV

Mark 2 in the BOKCV2

Mark 2 in the BOKHWOG

Mark 2 in the BOKSSV

Mark 2 in the BOLCB

Mark 2 in the BOLCB2

Mark 2 in the BOMCV

Mark 2 in the BONAV

Mark 2 in the BONCB

Mark 2 in the BONLT

Mark 2 in the BONUT2

Mark 2 in the BOPLNT

Mark 2 in the BOSCB

Mark 2 in the BOSNC

Mark 2 in the BOTLNT

Mark 2 in the BOVCB

Mark 2 in the BOYCB

Mark 2 in the BPBB

Mark 2 in the BPH

Mark 2 in the BSB

Mark 2 in the CCB

Mark 2 in the CUV

Mark 2 in the CUVS

Mark 2 in the DBT

Mark 2 in the DGDNT

Mark 2 in the DHNT

Mark 2 in the DNT

Mark 2 in the ELBE

Mark 2 in the EMTV

Mark 2 in the ESV

Mark 2 in the FBV

Mark 2 in the FEB

Mark 2 in the GGMNT

Mark 2 in the GNT

Mark 2 in the HARY

Mark 2 in the HNT

Mark 2 in the IRVA

Mark 2 in the IRVB

Mark 2 in the IRVG

Mark 2 in the IRVH

Mark 2 in the IRVK

Mark 2 in the IRVM

Mark 2 in the IRVM2

Mark 2 in the IRVO

Mark 2 in the IRVP

Mark 2 in the IRVT

Mark 2 in the IRVT2

Mark 2 in the IRVU

Mark 2 in the ISVN

Mark 2 in the JSNT

Mark 2 in the KAPI

Mark 2 in the KBT1ETNIK

Mark 2 in the KBV

Mark 2 in the KJV

Mark 2 in the KNFD

Mark 2 in the LBA

Mark 2 in the LBLA

Mark 2 in the LNT

Mark 2 in the LSV

Mark 2 in the MAAL

Mark 2 in the MBV

Mark 2 in the MBV2

Mark 2 in the MHNT

Mark 2 in the MKNFD

Mark 2 in the MNG

Mark 2 in the MNT

Mark 2 in the MNT2

Mark 2 in the MRS1T

Mark 2 in the NAA

Mark 2 in the NASB

Mark 2 in the NBLA

Mark 2 in the NBS

Mark 2 in the NBVTP

Mark 2 in the NET2

Mark 2 in the NIV11

Mark 2 in the NNT

Mark 2 in the NNT2

Mark 2 in the NNT3

Mark 2 in the PDDPT

Mark 2 in the PFNT

Mark 2 in the RMNT

Mark 2 in the SBIAS

Mark 2 in the SBIBS

Mark 2 in the SBIBS2

Mark 2 in the SBICS

Mark 2 in the SBIDS

Mark 2 in the SBIGS

Mark 2 in the SBIHS

Mark 2 in the SBIIS

Mark 2 in the SBIIS2

Mark 2 in the SBIIS3

Mark 2 in the SBIKS

Mark 2 in the SBIKS2

Mark 2 in the SBIMS

Mark 2 in the SBIOS

Mark 2 in the SBIPS

Mark 2 in the SBISS

Mark 2 in the SBITS

Mark 2 in the SBITS2

Mark 2 in the SBITS3

Mark 2 in the SBITS4

Mark 2 in the SBIUS

Mark 2 in the SBIVS

Mark 2 in the SBT

Mark 2 in the SBT1E

Mark 2 in the SCHL

Mark 2 in the SNT

Mark 2 in the SUSU

Mark 2 in the SUSU2

Mark 2 in the SYNO

Mark 2 in the TBIAOTANT

Mark 2 in the TBT1E

Mark 2 in the TBT1E2

Mark 2 in the TFTIP

Mark 2 in the TFTU

Mark 2 in the TGNTATF3T

Mark 2 in the THAI

Mark 2 in the TNFD

Mark 2 in the TNT

Mark 2 in the TNTIK

Mark 2 in the TNTIL

Mark 2 in the TNTIN

Mark 2 in the TNTIP

Mark 2 in the TNTIZ

Mark 2 in the TOMA

Mark 2 in the TTENT

Mark 2 in the UBG

Mark 2 in the UGV

Mark 2 in the UGV2

Mark 2 in the UGV3

Mark 2 in the VBL

Mark 2 in the VDCC

Mark 2 in the YALU

Mark 2 in the YAPE

Mark 2 in the YBVTP

Mark 2 in the ZBP