Mark 9 (BEV)

1 Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Mia dometɔ aɖewo siwo le afi sia la anɔ agbe va sa ɖe esime mawufiaɖuƒea nava le ŋusẽ gã aɖe me.” 2 Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes yi to kɔkɔ aɖe tame. Ame aɖeke menɔ teƒe sia o.Esi wo ɖo afi ma teti ko la Yesu ƒe mo de asi keklẽ me kple ŋutikɔkɔe, 3 eye eƒe awu si wòdo la trɔ fu pampampam. Awu la fu ale gbegbe be, naneke mele xexeame ate ŋu awɔe wòafu nenema o. 4 Azɔ Eliya kple Mose va do ɖe Yesu gbɔ eye wode asi dzeɖoɖo me kplii. 5 Petro gblɔ na Yesu be, “Nufiala, enyo na mí be míanɔ afi sia. Mína míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.” 6 Egblɔ esia elabena menya nu si wòagblɔ o, wovɔ̃ ŋutɔ. 7 Esi Petro nɔ nya siawo gblɔm la, alilikpo aɖe va tsyɔ wo dzi eye wòxe ɣe ŋkume. Gbe aɖe ɖi tso alilikpoa me be, “Esia nye vinye lɔlɔ̃a. Miɖo to Eyama.” 8 Kasia nusrɔ̃la etɔ̃awo megakpɔ ame aɖeke le wo gbɔ o negbe Yesu ɖeka ko, elabena Mose kple Eliya wodzo. 9 Esi wonɔ ɖiɖim tso toa dzi gbɔna la, Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, negbe le yeƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe ko. 10 Ale nusrɔ̃lawo ɣla nya siawo ɖe woƒe dziwo me. Gake zi geɖe la, woƒoa nu le eŋu eye wobua ta me vevie le nu si tututu Yesu wɔnɛ be, “Tsitretsitsi tso ame kukuwo dome” la ŋu. 11 Farisitɔwo kple agbalẽfialawo nɔa gbɔgblɔm ɖaa be, ele be Eliya natrɔ va hafi Mesia la nate ŋu ava. Nya sia me mekɔ na nusrɔ̃lawo o, eya ta wobia Yesu be wòaɖe eme na yewo. 12 Yesu ɖo eŋu be, “Le nyateƒe me la Eliya va xoxo eye wò ɖɔ nuwo katã ɖo. Azɔ nu ka ta woŋlɔ̃e ɖi le Amegbetɔvi la ŋu be akpe fu geɖe eye woagbe nu le egbɔ? 13 Ke mele gblɔm na mi be Eliya va eye wowɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔ lae, abe ale si woŋlɔ̃e ɖii la ene.” 14 Wova ɖo toa te eye wokpɔe be ameha gã aɖe ƒo xlã nusrɔ̃la asieke mamleawo. Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo nɔ nuka hem kpli wo. 15 Esi ameha la kpɔ Yesu la vɔvɔ̃ lé wo ke woƒu du yi egbɔ be yewoaɖado gbe nɛ. 16 Yesu bia wo be, “Nya ka tututu hem miele?” 17 Ame ɖeka le ameawo dome do ɣli gblɔ be, “Nufiala meɖe kuku vinyee mekplɔ vɛ na wò be nàda gbe le eŋu nam. Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le eme si wɔe be mete ŋu ƒoa nu o. 18 Nyateƒe ne gbɔgbɔ baɖa sia dze edzi la, etsɔnɛ xlãna ɖe anyi ŋɔdzitɔe eye futukpɔ dona le enu bɔbɔbɔ; eɖua aɖukli eye eya ame bliboa ƒe lãme liana sesĩe. Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃ sia le eme gake womete ŋui o.” 19 Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ na wo be, “Mi xɔse ʋeetɔ siawo, ŋkeke nenie wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Ale ke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam.” 20 Ale wokplɔ ɖevi la yii na Yesu. Gake kaka wòakpɔ Yesu ko la gbɔgbɔ vɔ̃ la xlãe ɖe anyigba sesĩe; eƒo dablibɛ le anyigba eye futukpɔ hã nɔ dodom le enu. 21 Yesu bia ɖevia fofo be, “Tso ɣekaɣi ke wòle dɔ sia lém?” Fofoa ɖo eŋu be, “Tso keke eƒe ɖevime ke, 22 Gbɔgbɔ vɔ̃ sia nana wodzea dzo me alo tsi me eye wòdi kokoko be yeawui. Ao! Meɖe kuku kpɔ míaƒe nublanui, eye ne àte ŋui la, nàwɔ nane tso eŋuti na mí.” 23 Yesu gabiae be, “Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko.” 24 Fofo la ɖo eŋu enumake be, “Xɔse le asinye. Ao, ve nunye be nye xɔse sia nadzi ɖe edzi!” 25 Yesu kpɔ be ameha la nɔ dzidzim ɖe edzi eya ta eɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “O, gbɔgbɔ maƒonu, tokunɔ gbɔgbɔ, meɖe gbe na wò be nàdo go le ɖevi sia me enumake eye mèkpɔ mɔ agage ɖe eme azɔ o.” 26 Gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, ganyama ɖevia nublanuitɔe eye wòdo go le eme. Azɔ ɖevia fa miamiamia ɖe anyigba eye wòli kpoo abe ɖe wòku ene. Ale ameawo katã gblɔ be, eku. 27 Ke Yesu lé eƒe alɔnu eye wòna wòtsi tre eye nukutɔe la eƒe lãme sẽ. 28 Azɔ esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe wonɔ aƒe si me wodze la, nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ ma dogoe o?” 29 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu siawo ƒomevi wɔwɔ hiã gbedodoɖa kple nutsitsidɔ.” 30 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le nuto sia me eye woɖo ta Galilea nutoa me. Yesu dze agbagba vevie be amewo nagakpɔ ye o, 31 elabena edi be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe afia nu eƒe nusrɔ̃lawo. Zi geɖe ne ele nu fiam wo la egblɔna na wo be, “Nye Mesia la, woadem asi eye woawum. Gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la magatsi tre tso ame kukuwo dome.” 32 Nusrɔ̃lawo mete ŋu se nya siawo gɔme o gake ale si woawɔ abia la hã zu dɔ elabena wonɔ vɔvɔ̃m. 33 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaum. Esi wova ɖo aƒe si me wodze eye woƒe mo dze anyi vɔ la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi míenɔ mɔa dzi gbɔna ɖe, nya ka me dzrom mienɔ?” 34 Nyateƒe, nya sia ŋu ɖoɖo sesẽ na nusrɔ̃lawo elabena nya si hem wonɔ la ku ɖe ame si nye wo katã ƒe gãtɔ la ŋu. 35 Yesu bɔbɔ nɔ anyi, eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo wuieveawo ƒo ƒui eye wògblɔ na wo be, “Ame si di be yeanye mi katã ƒe gãtɔ la ele nɛ be wòanye suetɔ kekeake gbã, ẽ ele be wòanye mi katã ƒe subɔla!” 36 Azɔ ekplɔ ɖevi aɖe va wo titinae, kɔe ɖe eƒe abɔwo dome eye wògblɔ na wo be, 37 “Ame si axɔ ɖevi aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee ma wòxɔ, eye ame si axɔm la, menye nyee wòxɔ o, ke boŋ Fofonye si dɔm ɖa lae wòxɔ!” 38 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yohanes la gblɔ nɛ be, “Nufiala, míekpɔ ame aɖe si tsɔ wò ŋkɔ nɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyamii le amewo me. Ale míegbe nɛ be megawɔe o, elabena menye mía dometɔ ɖekae wònye o.” 39 Yesu gblɔ nɛ be, “Migagbe nɛ o, elabena ame si le nukunu aɖe wɔm le nye ŋkɔ dzi la, mate ŋu anye futɔ o. 40 Ame si metsi tre ɖe mía ŋu o la, le míaƒe akpa dzi.” 41 Yesu yi edzi be, “Ne ame aɖe na tsi kplu ɖeka mi elabena mienye tɔnyewo la, magblɔe na mi kple kakaɖedzi geɖe be, ame sia mabu fetu si wòaxɔ la o. 42 “Gake na ame aɖe awɔe be ɖevi sue siawo ƒomevi ɖeka abu xɔse si le eme ɖe ŋunye la, ne wotsi kpe gã aɖe ɖe kɔ nɛ tsɔe ƒu gbe ɖe ƒu me la, anyo nɛ wu sã. 43 “Ne wò asi ɖia nu wò la, lãe ɖe. Enyo na wò be nage ɖe mawufiaɖuƒe la me kple asikpo wu be asi eve nanɔ ŋuwò nayi dzomavɔʋe la me, afi si dzo metsina le o. 44 Afi si woƒe nyẽ mekuna le o, eye wometsia dzo hã le na le o. 45 Ne wò afɔ ɖia nu wo la, lãe ɖa. Enyo na wò be nage ɖe agbe la me kple afɔkpo, wu esi afɔ eve nanɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me. 46 Afi si woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o. 47 Eye ne wò ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme. Enyo na wò be nayi mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka wu be nayi dzomavɔʋe la me kple ŋku eve. 48 Afi si woƒe nyẽ mekuna le o eye dzo la hã metsina le o, 49 eye woatsɔ dzobibi ade dze ame sia me wòatee.” 50 Yesu wu eƒe nuƒoa nu be, “Dze nye nu vevi aɖe gake nenye be dze bu eƒe vivi la, womagate ŋu atsɔe ade naneke o, elabena meganyo na naneke o. Eya ta migabu vivi si le mia me la o! Minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”

In Other Versions

Mark 9 in the ANGEFD

Mark 9 in the ANTPNG2D

Mark 9 in the AS21

Mark 9 in the BAGH

Mark 9 in the BBPNG

Mark 9 in the BBT1E

Mark 9 in the BDS

Mark 9 in the BHAD

Mark 9 in the BIB

Mark 9 in the BLPT

Mark 9 in the BNT

Mark 9 in the BNTABOOT

Mark 9 in the BNTLV

Mark 9 in the BOATCB

Mark 9 in the BOATCB2

Mark 9 in the BOBCV

Mark 9 in the BOCNT

Mark 9 in the BOECS

Mark 9 in the BOGWICC

Mark 9 in the BOHCB

Mark 9 in the BOHCV

Mark 9 in the BOHLNT

Mark 9 in the BOHNTLTAL

Mark 9 in the BOICB

Mark 9 in the BOILNTAP

Mark 9 in the BOITCV

Mark 9 in the BOKCV

Mark 9 in the BOKCV2

Mark 9 in the BOKHWOG

Mark 9 in the BOKSSV

Mark 9 in the BOLCB

Mark 9 in the BOLCB2

Mark 9 in the BOMCV

Mark 9 in the BONAV

Mark 9 in the BONCB

Mark 9 in the BONLT

Mark 9 in the BONUT2

Mark 9 in the BOPLNT

Mark 9 in the BOSCB

Mark 9 in the BOSNC

Mark 9 in the BOTLNT

Mark 9 in the BOVCB

Mark 9 in the BOYCB

Mark 9 in the BPBB

Mark 9 in the BPH

Mark 9 in the BSB

Mark 9 in the CCB

Mark 9 in the CUV

Mark 9 in the CUVS

Mark 9 in the DBT

Mark 9 in the DGDNT

Mark 9 in the DHNT

Mark 9 in the DNT

Mark 9 in the ELBE

Mark 9 in the EMTV

Mark 9 in the ESV

Mark 9 in the FBV

Mark 9 in the FEB

Mark 9 in the GGMNT

Mark 9 in the GNT

Mark 9 in the HARY

Mark 9 in the HNT

Mark 9 in the IRVA

Mark 9 in the IRVB

Mark 9 in the IRVG

Mark 9 in the IRVH

Mark 9 in the IRVK

Mark 9 in the IRVM

Mark 9 in the IRVM2

Mark 9 in the IRVO

Mark 9 in the IRVP

Mark 9 in the IRVT

Mark 9 in the IRVT2

Mark 9 in the IRVU

Mark 9 in the ISVN

Mark 9 in the JSNT

Mark 9 in the KAPI

Mark 9 in the KBT1ETNIK

Mark 9 in the KBV

Mark 9 in the KJV

Mark 9 in the KNFD

Mark 9 in the LBA

Mark 9 in the LBLA

Mark 9 in the LNT

Mark 9 in the LSV

Mark 9 in the MAAL

Mark 9 in the MBV

Mark 9 in the MBV2

Mark 9 in the MHNT

Mark 9 in the MKNFD

Mark 9 in the MNG

Mark 9 in the MNT

Mark 9 in the MNT2

Mark 9 in the MRS1T

Mark 9 in the NAA

Mark 9 in the NASB

Mark 9 in the NBLA

Mark 9 in the NBS

Mark 9 in the NBVTP

Mark 9 in the NET2

Mark 9 in the NIV11

Mark 9 in the NNT

Mark 9 in the NNT2

Mark 9 in the NNT3

Mark 9 in the PDDPT

Mark 9 in the PFNT

Mark 9 in the RMNT

Mark 9 in the SBIAS

Mark 9 in the SBIBS

Mark 9 in the SBIBS2

Mark 9 in the SBICS

Mark 9 in the SBIDS

Mark 9 in the SBIGS

Mark 9 in the SBIHS

Mark 9 in the SBIIS

Mark 9 in the SBIIS2

Mark 9 in the SBIIS3

Mark 9 in the SBIKS

Mark 9 in the SBIKS2

Mark 9 in the SBIMS

Mark 9 in the SBIOS

Mark 9 in the SBIPS

Mark 9 in the SBISS

Mark 9 in the SBITS

Mark 9 in the SBITS2

Mark 9 in the SBITS3

Mark 9 in the SBITS4

Mark 9 in the SBIUS

Mark 9 in the SBIVS

Mark 9 in the SBT

Mark 9 in the SBT1E

Mark 9 in the SCHL

Mark 9 in the SNT

Mark 9 in the SUSU

Mark 9 in the SUSU2

Mark 9 in the SYNO

Mark 9 in the TBIAOTANT

Mark 9 in the TBT1E

Mark 9 in the TBT1E2

Mark 9 in the TFTIP

Mark 9 in the TFTU

Mark 9 in the TGNTATF3T

Mark 9 in the THAI

Mark 9 in the TNFD

Mark 9 in the TNT

Mark 9 in the TNTIK

Mark 9 in the TNTIL

Mark 9 in the TNTIN

Mark 9 in the TNTIP

Mark 9 in the TNTIZ

Mark 9 in the TOMA

Mark 9 in the TTENT

Mark 9 in the UBG

Mark 9 in the UGV

Mark 9 in the UGV2

Mark 9 in the UGV3

Mark 9 in the VBL

Mark 9 in the VDCC

Mark 9 in the YALU

Mark 9 in the YAPE

Mark 9 in the YBVTP

Mark 9 in the ZBP