Mark 9 (BOECS)

1 Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, mia dometɔ aɖewo, siwo le afi sia la anɔ agbe va se ɖe esime mawufiaɖuƒe la nava le ŋusẽ gã aɖe me.” 2 Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes woyi to kɔkɔ aɖe tame. Ame aɖeke menɔ teƒe sia o.Esi woɖo afi ma teti ko la, Yesu ƒe mo de asi keklẽ me kple ŋutikɔkɔe, 3 eye eƒe awu si wòdo la trɔ fu tititi. Awu la fu ale gbegbe be, naneke mele xexea me ate ŋu awɔe wòafu nenema o. 4 Azɔ Eliya kple Mose wova do ɖe Yesu gbɔ, wode asi dzeɖoɖo me kplii. 5 Petro gblɔ na Yesu be, “Nufiala, enyo na mí be míanɔ afi sia. Mína míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.” 6 (Egblɔ esia, elabena menya nu si wòagblɔ o, wovɔ̃ ŋutɔ.) 7 Esi Petro nɔ nya siawo gblɔm la, lilikpo aɖe va tsyɔ wo dzi, hexe ɣe la ŋkume. Gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me be, “Esia nye vinye lɔlɔ̃a. Miɖo toe.” 8 Kasia, nusrɔ̃la etɔ̃awo megakpɔ ame aɖeke le wo gbɔ o, negbe Yesu ɖeka ko, elabena Mose kple Eliya wodzo. 9 Esi wonɔ ɖiɖim tso toa dzi gbɔna la, Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, negbe le Amegbetɔ Vi la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe ko. 10 Ale nusrɔ̃lawo ɣla nya siawo ɖe woƒe dziwo me, gake zi geɖe la, woƒoa nu le eŋu, eye wobua ta me vevie le nu si tututu Yesu gblɔna be, “Tsitretsitsi tso ame kukuwo dome” la ŋu. 11 Wobiae be, “Nu ka ta agbalẽfialawo nɔa gbɔgblɔm be ele be Eliya nava gbã ɖo?” 12 Yesu ɖo eŋu be, “Le nyateƒe me la, Eliya va xoxo, eye wòɖɔ nuwo katã ɖo. Azɔ nu ka ta woŋlɔe ɖi le Amegbetɔ Vi la ŋu be, akpe fu geɖe, eye woagbe nu le egbɔ ɖo? 13 Ke mele egblɔm na mi be, Eliya va, wowɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔe la abe ale si woŋlɔe ɖi la ene.” 14 Esi wova ɖo toa te la, wokpɔ be ameha gã aɖe ƒo xlã nusrɔ̃la mamlɛawo, eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo nɔ nya hem kpli wo. 15 Esi ameha la kpɔ Yesu la, vɔvɔ̃ ɖo wo, ke woƒu du yi egbɔ be yewoado gbe nɛ. 16 Yesu bia wo be, “Nya ka tututu hem miele?” 17 Ame ɖeka le ameawo dome do ɣli gblɔ be, “Nufiala meɖe kuku, vinyee mekplɔ vɛ na wò be nàda gbe le eŋu nam. Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le eme si wɔe be mete ŋu ƒoa nu o. 18 Nyateƒe ne gbɔgbɔ baɖa sia dze edzi la, ekɔnɛ xlãna ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye futukpɔ dona le enu, eɖua aɖukli, eye eƒe lãme liana kakoo. Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃ la le eme, gake womete ŋui o.” 19 Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam.” 20 Ale wokplɔ ɖevi la yi na Yesu, gake kaka wòakpɔ Yesu ko la, gbɔgbɔ vɔ̃ la xlãe ɖe anyigba sesĩe; eƒo dablibɛ le anyigba, eye futukpɔ hã nɔ dodom le enu. 21 Yesu bia ɖevia fofo be, “Tso ɣe ka ɣi ke wòle dɔ sia lém?”Fofoa ɖo eŋu be, “Tso keke eƒe ɖevime ke. 22 Gbɔgbɔ vɔ̃ sia nana wòdzea dzo me alo tsi me, eye wòdi kokoko be yeawui. Ao! Meɖe kuku kpɔ míaƒe nublanui, ne àte ŋui la, nàwɔ nane tso eŋuti na mí.” 23 Yesu gabiae be, “Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko.” 24 Fofoa ɖo eŋu enumake be, “Xɔse le asinye. Ao, ve nunye be nye xɔse sia nadzi ɖe edzi!” 25 Yesu kpɔ be ameha la nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi, eya ta eɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Gbɔgbɔ maƒonu, tokunɔ gbɔgbɔ, meɖe gbe na wò be, nàdo go le ɖevi sia me fifi laa, mèkpɔ mɔ agage ɖe eme azɔ o.” 26 Gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, ganyama ɖevi la nublanuitɔe, hedo go le eme. Azɔ ɖevi la fa miamiamia ɖe anyigba, heli kpoo abe ɖe wòku ene. Ale ameawo katã gblɔ be eku. 27 Ke Yesu lé eƒe alɔnu, na wòtsi tsitre, eye nukutɔe la, eƒe lãme sẽ. 28 Azɔ esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe wonɔ aƒe si me wodze la, nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe o ɖo?” 29 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu siawo ƒomevi wɔwɔ hiã gbedodoɖa kple nutsitsidɔ.” 30 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le afi ma, eye woɖo ta Galilea nuto me. Yesu dze agbagba vevie be amewo nagakpɔ ye o, 31 edi be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe afia nu yeƒe nusrɔ̃lawo. Zi geɖe ne ele nu fiam wo la, egblɔna na wo be, “Woade Amegbetɔ Vi la asi, woawui, gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la, magatsi tsitre tso ame kukuwo dome.” 32 Nusrɔ̃lawo mete ŋu se nya siawo gɔme o, gake ale si woawɔ abiae la hã zu dɔ; wonɔ vɔvɔ̃m. 33 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaum. Esi wova ɖo aƒe si me wodze me la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi míenɔ mɔa dzi gbɔna ɖe, nya ka ʋlim mienɔ?” 34 Nyateƒe, nya sia ŋu ɖoɖo sesẽ na nusrɔ̃lawo, elabena nya si hem wonɔ la ku ɖe ame si nye wo katã ƒe amegã la ŋu. 35 Yesu nɔ anyi, yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Ame si di be yeanye mi katã ƒe amegã la, ele nɛ be wòanye suetɔ kekeake gbã, ɛ̃, ele be wòanye mi katã ƒe subɔla!” 36 Azɔ ekplɔ ɖevi sue aɖe va wo titinae, kɔe ɖe eƒe abɔwo dome, eye wògblɔ na wo be, 37 “Ame si axɔ ɖevi sue aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ema wòxɔ, eye ame si axɔm la, menye nyee wòxɔ o, ke boŋ Fofonye si dɔm lae wòxɔ!” 38 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yohanes la gblɔ nɛ be, “Nufiala, míekpɔ ame aɖe si tsɔ wò ŋkɔ nɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyamee le amewo me. Ale míegbe nɛ be megawɔe o, elabena menye mía dometɔ ɖeka wònye o.” 39 Yesu gblɔ nɛ be, “Migagbe nɛ o, elabena ame si le nukunu aɖe wɔm le nye ŋkɔ dzi la, mate ŋu anye nye futɔ o. 40 Ame si metsi tsitre ɖe mía ŋu o la, ele míaƒe akpa dzi. 41 Yesu yi edzi be, ‘Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe na tsi kplu ɖeka mi be miano elabena mienye Kristo tɔ la, ame sia mabu fetu si wòaxɔ la o.’ 42 “Gake ne ame aɖe awɔe be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu xɔse si le esi ɖe ŋunye la, ne wotsi kpe gã aɖe ɖe kɔ nɛ hekɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me la, anyo nɛ wu sãa. 43 Ne wò asi nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa. Enyo na wò be nàge ɖe mawufiaɖuƒe la me kple asikpo wu be asi eve nanɔ ŋuwò nàyi dzomavɔʋe me, afi si dzo metsina le o. [ 44 Afi si,“ ‘woƒe nye mekuna le o,eye dzo la hã metsina le o.]’ 45 Ne wò afɔ nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa. Enyo na wò be nàge ɖe agbe la me kple afɔkpo wu esi afɔ eve nanɔ asiwò, woakɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me. [ 46 Afi si,“ ‘woƒe nye mekuna le o,eye dzo la hã metsina le o.]’ 47 Nenye be wò ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le etome. Enyo na wò be nàyi mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka wu be nàyi dzomavɔʋe la me kple ŋku eve, 48 afi si,“ ‘woƒe nyẽ mekuna le o,eye dzo la hã metsina le o.’ 49 Eye woatsɔ dzo bibi ade dze ame sia ame wòatee.” 50 Yesu wu eƒe nuƒo la nu be, “Dze nye nu vevi aɖe, gake nenye be dze bu eƒe vivi la, womagate ŋu atsɔe ade naneke o; meganyo na naneke o, migabu vivi si le mia me la o! Minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”

In Other Versions

Mark 9 in the ANGEFD

Mark 9 in the ANTPNG2D

Mark 9 in the AS21

Mark 9 in the BAGH

Mark 9 in the BBPNG

Mark 9 in the BBT1E

Mark 9 in the BDS

Mark 9 in the BEV

Mark 9 in the BHAD

Mark 9 in the BIB

Mark 9 in the BLPT

Mark 9 in the BNT

Mark 9 in the BNTABOOT

Mark 9 in the BNTLV

Mark 9 in the BOATCB

Mark 9 in the BOATCB2

Mark 9 in the BOBCV

Mark 9 in the BOCNT

Mark 9 in the BOGWICC

Mark 9 in the BOHCB

Mark 9 in the BOHCV

Mark 9 in the BOHLNT

Mark 9 in the BOHNTLTAL

Mark 9 in the BOICB

Mark 9 in the BOILNTAP

Mark 9 in the BOITCV

Mark 9 in the BOKCV

Mark 9 in the BOKCV2

Mark 9 in the BOKHWOG

Mark 9 in the BOKSSV

Mark 9 in the BOLCB

Mark 9 in the BOLCB2

Mark 9 in the BOMCV

Mark 9 in the BONAV

Mark 9 in the BONCB

Mark 9 in the BONLT

Mark 9 in the BONUT2

Mark 9 in the BOPLNT

Mark 9 in the BOSCB

Mark 9 in the BOSNC

Mark 9 in the BOTLNT

Mark 9 in the BOVCB

Mark 9 in the BOYCB

Mark 9 in the BPBB

Mark 9 in the BPH

Mark 9 in the BSB

Mark 9 in the CCB

Mark 9 in the CUV

Mark 9 in the CUVS

Mark 9 in the DBT

Mark 9 in the DGDNT

Mark 9 in the DHNT

Mark 9 in the DNT

Mark 9 in the ELBE

Mark 9 in the EMTV

Mark 9 in the ESV

Mark 9 in the FBV

Mark 9 in the FEB

Mark 9 in the GGMNT

Mark 9 in the GNT

Mark 9 in the HARY

Mark 9 in the HNT

Mark 9 in the IRVA

Mark 9 in the IRVB

Mark 9 in the IRVG

Mark 9 in the IRVH

Mark 9 in the IRVK

Mark 9 in the IRVM

Mark 9 in the IRVM2

Mark 9 in the IRVO

Mark 9 in the IRVP

Mark 9 in the IRVT

Mark 9 in the IRVT2

Mark 9 in the IRVU

Mark 9 in the ISVN

Mark 9 in the JSNT

Mark 9 in the KAPI

Mark 9 in the KBT1ETNIK

Mark 9 in the KBV

Mark 9 in the KJV

Mark 9 in the KNFD

Mark 9 in the LBA

Mark 9 in the LBLA

Mark 9 in the LNT

Mark 9 in the LSV

Mark 9 in the MAAL

Mark 9 in the MBV

Mark 9 in the MBV2

Mark 9 in the MHNT

Mark 9 in the MKNFD

Mark 9 in the MNG

Mark 9 in the MNT

Mark 9 in the MNT2

Mark 9 in the MRS1T

Mark 9 in the NAA

Mark 9 in the NASB

Mark 9 in the NBLA

Mark 9 in the NBS

Mark 9 in the NBVTP

Mark 9 in the NET2

Mark 9 in the NIV11

Mark 9 in the NNT

Mark 9 in the NNT2

Mark 9 in the NNT3

Mark 9 in the PDDPT

Mark 9 in the PFNT

Mark 9 in the RMNT

Mark 9 in the SBIAS

Mark 9 in the SBIBS

Mark 9 in the SBIBS2

Mark 9 in the SBICS

Mark 9 in the SBIDS

Mark 9 in the SBIGS

Mark 9 in the SBIHS

Mark 9 in the SBIIS

Mark 9 in the SBIIS2

Mark 9 in the SBIIS3

Mark 9 in the SBIKS

Mark 9 in the SBIKS2

Mark 9 in the SBIMS

Mark 9 in the SBIOS

Mark 9 in the SBIPS

Mark 9 in the SBISS

Mark 9 in the SBITS

Mark 9 in the SBITS2

Mark 9 in the SBITS3

Mark 9 in the SBITS4

Mark 9 in the SBIUS

Mark 9 in the SBIVS

Mark 9 in the SBT

Mark 9 in the SBT1E

Mark 9 in the SCHL

Mark 9 in the SNT

Mark 9 in the SUSU

Mark 9 in the SUSU2

Mark 9 in the SYNO

Mark 9 in the TBIAOTANT

Mark 9 in the TBT1E

Mark 9 in the TBT1E2

Mark 9 in the TFTIP

Mark 9 in the TFTU

Mark 9 in the TGNTATF3T

Mark 9 in the THAI

Mark 9 in the TNFD

Mark 9 in the TNT

Mark 9 in the TNTIK

Mark 9 in the TNTIL

Mark 9 in the TNTIN

Mark 9 in the TNTIP

Mark 9 in the TNTIZ

Mark 9 in the TOMA

Mark 9 in the TTENT

Mark 9 in the UBG

Mark 9 in the UGV

Mark 9 in the UGV2

Mark 9 in the UGV3

Mark 9 in the VBL

Mark 9 in the VDCC

Mark 9 in the YALU

Mark 9 in the YAPE

Mark 9 in the YBVTP

Mark 9 in the ZBP