Philippians 3 (BEV)

1 Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, midzɔ dzi le Aƒetɔ la me. Meɖe fu nam be maŋlɔ nu mawo ke aɖo ɖe mi o, elabena wonyo na miaƒe dedienɔnɔ. 2 Minɔ ŋudzɔ na avu mawo, ŋutsu mawo, ame siwo wɔa funyafunya ŋutilã, 3 elabena mí ame siwo subɔna le Mawu ƒe gbɔgbɔ me lae nye aʋatsotso nyuitɔ, ame siwo dzɔa dzi le Kristo Yesu me eye womeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋu o, 4 evɔ nye ya susu si ta wòle be maɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu la le asinye hafi. Ne ame aɖe bu be yeate ŋu aɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu la, nye la mewui, 5 elabena wotso aʋa nam le ŋkeke enyia gbe, metso Israel dukɔ me, tso Benyamin ƒe to la me, Hebritɔ tso Hebritɔwo me, le sea nu la, Farisitɔ menye. 6 Ke le hamea yometiti me la, ame aɖeke mewum o, eye le dzɔdzɔenyenye si tso sea me nu la, mokakamanɔŋutɔe menye. 7 Gake meɖe asi le nu siwo katã mebuna tsã be wonye viɖenuwo la ŋu eye metsɔ wo katã ƒu gbe be mate ŋu atsɔ nye xɔse kple mɔkpɔkpɔ ana Yesu ɖeka ko. 8 Ẽ, azɔ la, ne metsɔ nu siawo katã sɔ kple viɖe gã si mekpɔ le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya me la, womega ɖi naneke le nye ŋkume o. Esia ta metsɔ nu mawo katã ƒu gbe, eye mebu wo aɖukpodzinuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi, 9 eye mawɔ ɖeka kplii. Azɔ la, nyemegaɖoa ŋu ɖe nye dɔ nyui wɔwɔ ŋuti alo Mawu ƒe seawo dzi wɔwɔ ŋuti be woaɖem o, ke boŋ meɖoa dzi ɖe Kristo ŋuti be aɖem; elabena mɔ nyuitɔ si dzi míato awɔ ɖeka kple Mawu lae nye xɔse kple ŋuɖoɖo vevie ɖe Kristo ɖeka hɔ̃ ko ŋuti. 10 Azɔ la, meɖe asi le nu bubu ɖe sia ɖe ŋuti. Meva kpɔe be esia koe nye mɔ si dzi míato anya Kristo eye míanye nu hã tso ŋusẽ si fɔe ɖe agbe tso ku me la ŋu; to esia me míate ŋu ase nu si wònye be míakpe fu, aku kplii la hã gɔme. 11 Eya ta nu ka kee adzɔ hã la, nye hã manye ame siwo akpɔ gome le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple woƒe agbe yeye la me, la dometɔ ɖeka. 12 Menye ɖe mele gbɔgblɔm be nye asi su nu siawo katã dzi xoxo alo wowɔm mede blibo xoxo o, ke boŋ mele ŋusẽ dom nu be nye asi nasu nu si ta Kristo Yesu hã ƒe asi su dzinye ɖo la dzi. 13 Nɔvi lɔlɔ̃wo, nyemebu ɖokuinye be nye asi su edzi o. Ke nu ɖeka si mewɔna lae nye be; meŋlɔa nu siwo le megbenye la be eye mewɔa nye ŋutete ŋuti dɔ be maɖo nu si le ŋgɔ nye la gbɔ. 14 Mele dzisiɖoƒe la mi nyam vevie be maxɔ dziɖuɖudzesi si ta Mawu yɔm le Kristo Yesu me ɖo be manyi agbe mavɔ dome. 15 Aleae wòle be mí ame siwo tsi le xɔsea me la nakpɔ nu siawoe. Ke ne wò susu to vovo le nu siawo dometɔ aɖe ŋu la, Mawu aɖe eya hã afia wò. 16 Ke ɖeko miana míanɔ agbe ɖe nu si dzi míaƒe asi su la nu. 17 Nɔvi lɔlɔ̃wo, mikpe ɖe ame bubuwo ŋu ne miasrɔ̃ nye agbe ƒe kpɔɖeŋu eye mialé ŋku ɖe ame siwo zɔna ɖe ɖoɖo siwo míewɔ na mi nu la ŋuti. 18 Elabena egblɔe na mi zi geɖe kpɔ, eye megale egblɔm na mi fifia kple aɖatsi be, ame geɖewo le kristotɔwo ƒe mɔ dzi zɔm, esiwo, le nyateƒe me la, wonye Kristo ƒe atitsoga la ƒe futɔwo. 19 Woatsrɔ̃ gbidigbidi, elabena nu sia nu si dzro wo lae zua woƒe mawu; nu si wòle be wòakpe ŋu na wo la boŋ zua dada blibo na wo eye nu si ko ŋuti wobua tame lena lae nye agbenɔnɔ le anyigba dzi afii. 20 Ke míawo la dziƒoe nye mía de afi si mía Ɖela, Aƒetɔ Yesu Kristo le eye míele mɔ kpɔm be agatso afi ma ava. 21 Ne egatrɔ va la, atrɔ míaƒe ŋutilã siwo ŋu anyigbadzi gbɔdzɔgbɔdzɔ le la eye woazu ŋutikɔkɔe ŋutilã siwo ŋu ŋusẽ le abe eya ŋutɔ tɔ ene, to ŋusẽ triakɔ ma si wòatsɔ aɖu nu sia nu dzii le afi sia afi la ŋutidɔwɔwɔ me.

In Other Versions

Philippians 3 in the ANGEFD

Philippians 3 in the ANTPNG2D

Philippians 3 in the AS21

Philippians 3 in the BAGH

Philippians 3 in the BBPNG

Philippians 3 in the BBT1E

Philippians 3 in the BDS

Philippians 3 in the BHAD

Philippians 3 in the BIB

Philippians 3 in the BLPT

Philippians 3 in the BNT

Philippians 3 in the BNTABOOT

Philippians 3 in the BNTLV

Philippians 3 in the BOATCB

Philippians 3 in the BOATCB2

Philippians 3 in the BOBCV

Philippians 3 in the BOCNT

Philippians 3 in the BOECS

Philippians 3 in the BOGWICC

Philippians 3 in the BOHCB

Philippians 3 in the BOHCV

Philippians 3 in the BOHLNT

Philippians 3 in the BOHNTLTAL

Philippians 3 in the BOICB

Philippians 3 in the BOILNTAP

Philippians 3 in the BOITCV

Philippians 3 in the BOKCV

Philippians 3 in the BOKCV2

Philippians 3 in the BOKHWOG

Philippians 3 in the BOKSSV

Philippians 3 in the BOLCB

Philippians 3 in the BOLCB2

Philippians 3 in the BOMCV

Philippians 3 in the BONAV

Philippians 3 in the BONCB

Philippians 3 in the BONLT

Philippians 3 in the BONUT2

Philippians 3 in the BOPLNT

Philippians 3 in the BOSCB

Philippians 3 in the BOSNC

Philippians 3 in the BOTLNT

Philippians 3 in the BOVCB

Philippians 3 in the BOYCB

Philippians 3 in the BPBB

Philippians 3 in the BPH

Philippians 3 in the BSB

Philippians 3 in the CCB

Philippians 3 in the CUV

Philippians 3 in the CUVS

Philippians 3 in the DBT

Philippians 3 in the DGDNT

Philippians 3 in the DHNT

Philippians 3 in the DNT

Philippians 3 in the ELBE

Philippians 3 in the EMTV

Philippians 3 in the ESV

Philippians 3 in the FBV

Philippians 3 in the FEB

Philippians 3 in the GGMNT

Philippians 3 in the GNT

Philippians 3 in the HARY

Philippians 3 in the HNT

Philippians 3 in the IRVA

Philippians 3 in the IRVB

Philippians 3 in the IRVG

Philippians 3 in the IRVH

Philippians 3 in the IRVK

Philippians 3 in the IRVM

Philippians 3 in the IRVM2

Philippians 3 in the IRVO

Philippians 3 in the IRVP

Philippians 3 in the IRVT

Philippians 3 in the IRVT2

Philippians 3 in the IRVU

Philippians 3 in the ISVN

Philippians 3 in the JSNT

Philippians 3 in the KAPI

Philippians 3 in the KBT1ETNIK

Philippians 3 in the KBV

Philippians 3 in the KJV

Philippians 3 in the KNFD

Philippians 3 in the LBA

Philippians 3 in the LBLA

Philippians 3 in the LNT

Philippians 3 in the LSV

Philippians 3 in the MAAL

Philippians 3 in the MBV

Philippians 3 in the MBV2

Philippians 3 in the MHNT

Philippians 3 in the MKNFD

Philippians 3 in the MNG

Philippians 3 in the MNT

Philippians 3 in the MNT2

Philippians 3 in the MRS1T

Philippians 3 in the NAA

Philippians 3 in the NASB

Philippians 3 in the NBLA

Philippians 3 in the NBS

Philippians 3 in the NBVTP

Philippians 3 in the NET2

Philippians 3 in the NIV11

Philippians 3 in the NNT

Philippians 3 in the NNT2

Philippians 3 in the NNT3

Philippians 3 in the PDDPT

Philippians 3 in the PFNT

Philippians 3 in the RMNT

Philippians 3 in the SBIAS

Philippians 3 in the SBIBS

Philippians 3 in the SBIBS2

Philippians 3 in the SBICS

Philippians 3 in the SBIDS

Philippians 3 in the SBIGS

Philippians 3 in the SBIHS

Philippians 3 in the SBIIS

Philippians 3 in the SBIIS2

Philippians 3 in the SBIIS3

Philippians 3 in the SBIKS

Philippians 3 in the SBIKS2

Philippians 3 in the SBIMS

Philippians 3 in the SBIOS

Philippians 3 in the SBIPS

Philippians 3 in the SBISS

Philippians 3 in the SBITS

Philippians 3 in the SBITS2

Philippians 3 in the SBITS3

Philippians 3 in the SBITS4

Philippians 3 in the SBIUS

Philippians 3 in the SBIVS

Philippians 3 in the SBT

Philippians 3 in the SBT1E

Philippians 3 in the SCHL

Philippians 3 in the SNT

Philippians 3 in the SUSU

Philippians 3 in the SUSU2

Philippians 3 in the SYNO

Philippians 3 in the TBIAOTANT

Philippians 3 in the TBT1E

Philippians 3 in the TBT1E2

Philippians 3 in the TFTIP

Philippians 3 in the TFTU

Philippians 3 in the TGNTATF3T

Philippians 3 in the THAI

Philippians 3 in the TNFD

Philippians 3 in the TNT

Philippians 3 in the TNTIK

Philippians 3 in the TNTIL

Philippians 3 in the TNTIN

Philippians 3 in the TNTIP

Philippians 3 in the TNTIZ

Philippians 3 in the TOMA

Philippians 3 in the TTENT

Philippians 3 in the UBG

Philippians 3 in the UGV

Philippians 3 in the UGV2

Philippians 3 in the UGV3

Philippians 3 in the VBL

Philippians 3 in the VDCC

Philippians 3 in the YALU

Philippians 3 in the YAPE

Philippians 3 in the YBVTP

Philippians 3 in the ZBP