Philippians 4 (BEV)

1 Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃awo, melɔ̃ mi eye medi vevie be mava kpɔ mi ɖa elabena miawoe nye nye dzidzɔ kple nye fetu si maxɔ ɖe nye dɔwɔwɔwo ta. Eya ta xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, minɔ te sesĩe nyateƒetɔe le Aƒetɔ la me. 2 Meɖe kuku na Ewodia eye mele kuku ɖem na Sintike hã be gbe nadze gbe dzi na wo le Aƒetɔ la me. 3 Megale biabiam tso mi, nye hadɔwɔlawo si be miakpe ɖe nyɔnu siawo ŋuti elabena wowɔ dɔ kplim aduadu le nyanyui la kaka me na ame bubuwo; eye wowɔ dɔ kple Klemens kpakple nye dɔwɔla bubu siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbegbalẽa me la hã. 4 Dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me ɣesiaɣi. Megale egblɔm ake be dzi nadzɔ mi! 5 Mina ame sia ame nakpɔe adze sii be, miedia mia ɖokuitɔ o, ke boŋ miebua ame bubuwo ŋuti le nu sia nu si miewɔna la me. Miɖo ŋku edzi be Aƒetɔ la ƒe vava gogo. 6 Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ mido gbe ɖa le nu sia nu me. Migblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu, eye migaŋlɔ akpedada nɛ be le eƒe ŋuɖoɖo ta o. 7 Ne miewɔ esia la ekema Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo amegbetɔwo ƒe nugɔmesesewo katã ta la anɔ mia me. Eƒe ŋutifafa ana gbɔdzɔe miaƒe susuwo kple miaƒe dziwo le ale si miexɔ Kristo Yesu dzi se la nu. 8 Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃wo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo le dzɔdzɔe, nu siwo le dzadzɛ, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna ne nu nyui aɖe li alo nane li si wole be woakafu la mibu nu sia tɔgbewo ŋu. 9 Minɔ nu siwo katã miesrɔ̃ tso gbɔnye eye miekpɔm menɔa wɔwɔm la wɔwɔ dzi eye Ŋutifafa ƒe Mawu la anɔ anyi kple mi. 10 Medzɔ dzi le Aƒetɔ la me vevie be mlɔeba la, miegadze ŋkuɖoɖo dzinye gɔme. Le nyateƒe me la, mietsɔ ɖe le eme nam, gake ɖekoe miekpɔ asinu be miaɖee afi o. 11 Menye be ɖe mexaxa ɣeaɖekeɣi tae mele egblɔm ɖo o, elabena mesrɔ̃ ale si manɔ agbee le dzidzɔ me nenye be nu geɖe loo alo nu sue aɖe koe le asinye. 12 Menya ale si manɔ agbee, ne naneke mele asinye o loo alo ne nu sia nu le asinye. Mesrɔ̃ dzidzemekpɔkpɔ ƒe nu ɣaɣla le go ɖe sia ɖe me, le ƒoɖiɖi me loo alo le dɔwuame me, le nukpɔkpɔ me loo alo le hiã me. 13 Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya ame si doa ŋusẽm la me. 14 Ke hã la, miewɔe nyuie be miekpena ɖe ŋutinye le nye ɣeyiɣi sesẽ siawo me. 15 Abe ale si mienya nyuie ene la, esi meva gblɔ nyanyui la na mi zi gbãtɔ eye meyi nye mɔzɔzɔ dzi tso Makedonia la, mi Filipitɔwo koe zu nye hadɔwɔlawo le nunana kple nuxɔxɔ me. Hame bubu aɖeke mewɔ esia o. 16 Esi menɔ Tesalonika gɔ̃ hã la, mieɖo nu ɖem zi eve sɔŋ. 17 Togbɔ be mekpɔ ŋudzedze le miaƒe nunana ŋuti hã la, nu si gadzɔ dzi nam wu lae nye fetu gã si miava xɔ le mia ƒe dɔmenyowɔwɔ ta. 18 Fifi laa la, nu sia nu si mehiã la le asinye, le nyateƒe me la nuawo sɔ gbɔ gɔ̃ hã wu ale si mehiã! Esi Epafrodito va la, etsɔ nunana gbogbo siwo mieɖo ɖem la vɛ nam. Nunana siawo nye vɔsanu ʋeʋẽ lilĩli si dzea Mawu ŋu ŋutɔ. 19 Eye eyae ana miaƒe nuhiahiãwo katã mi tso eƒe ŋutikɔkɔe kesinɔnuwo me, le nu si Kristo Yesu wɔ na mí la ta. 20 Azɔ ŋutikɔkɔe woana Mawu mía Fofo la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen. 21 Medo gbe na kristotɔ siwo katã le afi ma; nɔvi siwo le gbɔnye la hã do gbe na mi. 22 Kristotɔ ɖe sia ɖe si le afi sia la di be mado gbe na mi na yewo, vevitɔ esiwo le dɔ wɔm le Kaisaro ƒe Fiasã me. 23 Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔwo.

In Other Versions

Philippians 4 in the ANGEFD

Philippians 4 in the ANTPNG2D

Philippians 4 in the AS21

Philippians 4 in the BAGH

Philippians 4 in the BBPNG

Philippians 4 in the BBT1E

Philippians 4 in the BDS

Philippians 4 in the BHAD

Philippians 4 in the BIB

Philippians 4 in the BLPT

Philippians 4 in the BNT

Philippians 4 in the BNTABOOT

Philippians 4 in the BNTLV

Philippians 4 in the BOATCB

Philippians 4 in the BOATCB2

Philippians 4 in the BOBCV

Philippians 4 in the BOCNT

Philippians 4 in the BOECS

Philippians 4 in the BOGWICC

Philippians 4 in the BOHCB

Philippians 4 in the BOHCV

Philippians 4 in the BOHLNT

Philippians 4 in the BOHNTLTAL

Philippians 4 in the BOICB

Philippians 4 in the BOILNTAP

Philippians 4 in the BOITCV

Philippians 4 in the BOKCV

Philippians 4 in the BOKCV2

Philippians 4 in the BOKHWOG

Philippians 4 in the BOKSSV

Philippians 4 in the BOLCB

Philippians 4 in the BOLCB2

Philippians 4 in the BOMCV

Philippians 4 in the BONAV

Philippians 4 in the BONCB

Philippians 4 in the BONLT

Philippians 4 in the BONUT2

Philippians 4 in the BOPLNT

Philippians 4 in the BOSCB

Philippians 4 in the BOSNC

Philippians 4 in the BOTLNT

Philippians 4 in the BOVCB

Philippians 4 in the BOYCB

Philippians 4 in the BPBB

Philippians 4 in the BPH

Philippians 4 in the BSB

Philippians 4 in the CCB

Philippians 4 in the CUV

Philippians 4 in the CUVS

Philippians 4 in the DBT

Philippians 4 in the DGDNT

Philippians 4 in the DHNT

Philippians 4 in the DNT

Philippians 4 in the ELBE

Philippians 4 in the EMTV

Philippians 4 in the ESV

Philippians 4 in the FBV

Philippians 4 in the FEB

Philippians 4 in the GGMNT

Philippians 4 in the GNT

Philippians 4 in the HARY

Philippians 4 in the HNT

Philippians 4 in the IRVA

Philippians 4 in the IRVB

Philippians 4 in the IRVG

Philippians 4 in the IRVH

Philippians 4 in the IRVK

Philippians 4 in the IRVM

Philippians 4 in the IRVM2

Philippians 4 in the IRVO

Philippians 4 in the IRVP

Philippians 4 in the IRVT

Philippians 4 in the IRVT2

Philippians 4 in the IRVU

Philippians 4 in the ISVN

Philippians 4 in the JSNT

Philippians 4 in the KAPI

Philippians 4 in the KBT1ETNIK

Philippians 4 in the KBV

Philippians 4 in the KJV

Philippians 4 in the KNFD

Philippians 4 in the LBA

Philippians 4 in the LBLA

Philippians 4 in the LNT

Philippians 4 in the LSV

Philippians 4 in the MAAL

Philippians 4 in the MBV

Philippians 4 in the MBV2

Philippians 4 in the MHNT

Philippians 4 in the MKNFD

Philippians 4 in the MNG

Philippians 4 in the MNT

Philippians 4 in the MNT2

Philippians 4 in the MRS1T

Philippians 4 in the NAA

Philippians 4 in the NASB

Philippians 4 in the NBLA

Philippians 4 in the NBS

Philippians 4 in the NBVTP

Philippians 4 in the NET2

Philippians 4 in the NIV11

Philippians 4 in the NNT

Philippians 4 in the NNT2

Philippians 4 in the NNT3

Philippians 4 in the PDDPT

Philippians 4 in the PFNT

Philippians 4 in the RMNT

Philippians 4 in the SBIAS

Philippians 4 in the SBIBS

Philippians 4 in the SBIBS2

Philippians 4 in the SBICS

Philippians 4 in the SBIDS

Philippians 4 in the SBIGS

Philippians 4 in the SBIHS

Philippians 4 in the SBIIS

Philippians 4 in the SBIIS2

Philippians 4 in the SBIIS3

Philippians 4 in the SBIKS

Philippians 4 in the SBIKS2

Philippians 4 in the SBIMS

Philippians 4 in the SBIOS

Philippians 4 in the SBIPS

Philippians 4 in the SBISS

Philippians 4 in the SBITS

Philippians 4 in the SBITS2

Philippians 4 in the SBITS3

Philippians 4 in the SBITS4

Philippians 4 in the SBIUS

Philippians 4 in the SBIVS

Philippians 4 in the SBT

Philippians 4 in the SBT1E

Philippians 4 in the SCHL

Philippians 4 in the SNT

Philippians 4 in the SUSU

Philippians 4 in the SUSU2

Philippians 4 in the SYNO

Philippians 4 in the TBIAOTANT

Philippians 4 in the TBT1E

Philippians 4 in the TBT1E2

Philippians 4 in the TFTIP

Philippians 4 in the TFTU

Philippians 4 in the TGNTATF3T

Philippians 4 in the THAI

Philippians 4 in the TNFD

Philippians 4 in the TNT

Philippians 4 in the TNTIK

Philippians 4 in the TNTIL

Philippians 4 in the TNTIN

Philippians 4 in the TNTIP

Philippians 4 in the TNTIZ

Philippians 4 in the TOMA

Philippians 4 in the TTENT

Philippians 4 in the UBG

Philippians 4 in the UGV

Philippians 4 in the UGV2

Philippians 4 in the UGV3

Philippians 4 in the VBL

Philippians 4 in the VDCC

Philippians 4 in the YALU

Philippians 4 in the YAPE

Philippians 4 in the YBVTP

Philippians 4 in the ZBP