Romans 5 (BEV)

1 Eya ta azɔ la, esi wodzra mí kple Mawu dome ɖo to ale si míexɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se ta la, ŋutifafa vavãtɔ ate ŋu anɔ mí kple Mawu dome le nu si Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ la, wɔ na mí ta. 2 Elabena le míaƒe xɔse ta la, ekplɔ mí va afi sia, afi si mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ le, afi si míetsi tsitre ɖo eye míele mɔ kpɔm dzidzɔtɔe le xɔse me be míava zu nu si tututu Mawu ɖo ɖe mía ŋu be míava zu. 3 Míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne nukpekeamewo kple tetekpɔwo va mía dzi elabena míenya be wonye nu nyuiwo na mí, wokpena ɖe mía ŋu be míasrɔ̃ dzidodo. 4 Dzidodo doa ŋusẽ míaƒe nɔnɔme eye wòkpena ɖe mia ŋu be míaxɔ Mawu dzi ase wu, ɣesiaɣi si míawɔ eŋudɔ va se ɖe esime le nuwuwu la, míaƒe mɔkpɔkpɔ kple xɔse va sẽa ŋu eye wonɔa te. 5 Ekema ne eva eme alea la, kakaɖedzi nɔa mía me le nyadzɔdzɔ ɖe sia ɖe me be nu sia nu anyo, elabena míenya ale si Mawu lɔ̃a mí. Míesea Mawu ƒe lɔlɔ̃ sia le mía me elabena Mawu tsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na mí be wòatsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ ayɔ míaƒe dzime. 6 Kpɔ ɖa, le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, esi míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ko la Kristo va ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta. 7 Mebɔ be ame aɖe naku ɖe ame dzɔdzɔe ta o ke ame nyui ya la, ɖewohĩ ame aɖe ado dzi be yeaku ɖe eya ta. 8 Gake Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia mí le esia me be esi míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta. 9 Eye esi wòtsɔ eƒe ʋu wɔ esiawo katã na mí, ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo, eye azɔ esi eya ŋutɔ tso afia na mí la, ale ke gbegbe wòagawɔ na mí wu? Azɔ la, aɖe mí tso Mawu ƒe dɔmedzoe siwo katã gbɔna la me. 10 Eye, esi míenye eƒe futɔwo tsã, gake Via ƒe ku gbugbɔ mí va Mawu gbɔe la, ele be yayra geɖewo nanɔ esi na mí le esi míenye xɔlɔ̃awo azɔ eye wòle agbe le mía me la ta. 11 Fifia miekpɔ dzidzɔ le míaƒe ƒomedodo wɔnuku kple Mawu ŋuti. Ƒomedodo yeye sia tso nu si míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo wɔ na mí to eƒe ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta la me. Ku sia wɔ mí Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwoe. 12 To Adam ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ me la, nu vɔ̃ ge ɖe amegbetɔƒome blibo la me. Eƒe nu vɔ̃ he ku va xexe blibo la me, ale nu sia nu de asi tsitsi kple kuku me, elabena ame sia ame wɔ nu vɔ̃. 13 Míenya be Adam ƒe nu vɔ̃e he esia vɛ, elabena, togbɔ be amewo nɔa nu vɔ̃ wɔm tso Adam dzi va ɖo Mose ƒe ɣeyiɣiwo me hã la, Mawu medrɔ̃ ʋɔnu wo, tso kufia na wo le eƒe sewo dzi dada ta o, elabena mena eƒe sewo wo haɖe o, eye megblɔ nu si wòdi be woawɔ la hã na wo o. 14 Eya ta woƒe ŋutilã ƒe kuku metso woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo gbɔ o, elabena woawo ŋutɔ meda Mawu ƒe se tɔxɛ ma dzi eye woɖu atikutsetse si ŋu wode se ɖo la abe Adam ene o.Vovototo gã ŋutɔe le Adam kple Kristo si meva haɖe o la dome! 15 Nenema ke vovototo gã ŋutɔe le amegbetɔ ƒe nu vɔ̃ kple Mawu ƒe tsɔtsɔke dome!Elabena ame ɖeka sia, Adam, he ku vɛ na ame geɖewo to eƒe nu vɔ̃ me. Ke ame bubu ɖeka sia, Yesu Kristo, he tsɔtsɔke vɛ na ame geɖewo to Mawu ƒe amenuveve me. 16 Adam ƒe nu vɔ̃ ɖeka he tohehe si nye ku la vɛ na ame geɖewo le esime Kristo ɖe míaƒe nu vɔ̃ gbogboawo ɖa faa eye wòna agbe si me ŋutikɔkɔe le la mí ɖe nu vɔ̃ teƒe. 17 Adam ɖeka ƒe nu vɔ̃ na ku zu fia ɖe ame sia ame dzi, ke ame siwo axɔ Mawu ƒe tsɔtsɔke ƒe nunana la, woazu fiawo le agbe sia me le Yesu Kristo ɖeka la ta. 18 Nyateƒe, Adam ƒe nu vɔ̃ he tohehe vɛ na ame sia ame, ke Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye dzra Mawu kple amewo dome ɖo ale be woate ŋu anɔ agbe. 19 Adam na ame geɖewo zu nu vɔ̃ wɔlawo elabena meɖo to Mawu o; Kristo na be ame geɖewo nakpɔ xɔxɔ le Mawu gbɔ elabena eɖo to Mawu. 20 Wotsɔ Se Ewoawo na amegbetɔwo ale be ame sia ame nanya ale si gbegbe wògbe mewɔ Mawu ƒe sewo dzi o. Ke zi ale si nu míedzea si míaƒe nu vɔ̃ wɔlawo nyenye la, zi nenema kee míedzea si Mawu ƒe amenuveve gbãgo la kple ale si wònaa tsɔtsɔke míi. 21 Tsã la, nu vɔ̃ ɖu ame sia ame dzi eye wòkplɔ amewo katã de ku me; ke azɔ la, Mawu ƒe amenuveve ɖu dzi ɖe eteƒe eye wòna mí kple Mawu dome le nyuie ale míekpɔa agbe mavɔ la to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi.

In Other Versions

Romans 5 in the ANGEFD

Romans 5 in the ANTPNG2D

Romans 5 in the AS21

Romans 5 in the BAGH

Romans 5 in the BBPNG

Romans 5 in the BBT1E

Romans 5 in the BDS

Romans 5 in the BHAD

Romans 5 in the BIB

Romans 5 in the BLPT

Romans 5 in the BNT

Romans 5 in the BNTABOOT

Romans 5 in the BNTLV

Romans 5 in the BOATCB

Romans 5 in the BOATCB2

Romans 5 in the BOBCV

Romans 5 in the BOCNT

Romans 5 in the BOECS

Romans 5 in the BOGWICC

Romans 5 in the BOHCB

Romans 5 in the BOHCV

Romans 5 in the BOHLNT

Romans 5 in the BOHNTLTAL

Romans 5 in the BOICB

Romans 5 in the BOILNTAP

Romans 5 in the BOITCV

Romans 5 in the BOKCV

Romans 5 in the BOKCV2

Romans 5 in the BOKHWOG

Romans 5 in the BOKSSV

Romans 5 in the BOLCB

Romans 5 in the BOLCB2

Romans 5 in the BOMCV

Romans 5 in the BONAV

Romans 5 in the BONCB

Romans 5 in the BONLT

Romans 5 in the BONUT2

Romans 5 in the BOPLNT

Romans 5 in the BOSCB

Romans 5 in the BOSNC

Romans 5 in the BOTLNT

Romans 5 in the BOVCB

Romans 5 in the BOYCB

Romans 5 in the BPBB

Romans 5 in the BPH

Romans 5 in the BSB

Romans 5 in the CCB

Romans 5 in the CUV

Romans 5 in the CUVS

Romans 5 in the DBT

Romans 5 in the DGDNT

Romans 5 in the DHNT

Romans 5 in the DNT

Romans 5 in the ELBE

Romans 5 in the EMTV

Romans 5 in the ESV

Romans 5 in the FBV

Romans 5 in the FEB

Romans 5 in the GGMNT

Romans 5 in the GNT

Romans 5 in the HARY

Romans 5 in the HNT

Romans 5 in the IRVA

Romans 5 in the IRVB

Romans 5 in the IRVG

Romans 5 in the IRVH

Romans 5 in the IRVK

Romans 5 in the IRVM

Romans 5 in the IRVM2

Romans 5 in the IRVO

Romans 5 in the IRVP

Romans 5 in the IRVT

Romans 5 in the IRVT2

Romans 5 in the IRVU

Romans 5 in the ISVN

Romans 5 in the JSNT

Romans 5 in the KAPI

Romans 5 in the KBT1ETNIK

Romans 5 in the KBV

Romans 5 in the KJV

Romans 5 in the KNFD

Romans 5 in the LBA

Romans 5 in the LBLA

Romans 5 in the LNT

Romans 5 in the LSV

Romans 5 in the MAAL

Romans 5 in the MBV

Romans 5 in the MBV2

Romans 5 in the MHNT

Romans 5 in the MKNFD

Romans 5 in the MNG

Romans 5 in the MNT

Romans 5 in the MNT2

Romans 5 in the MRS1T

Romans 5 in the NAA

Romans 5 in the NASB

Romans 5 in the NBLA

Romans 5 in the NBS

Romans 5 in the NBVTP

Romans 5 in the NET2

Romans 5 in the NIV11

Romans 5 in the NNT

Romans 5 in the NNT2

Romans 5 in the NNT3

Romans 5 in the PDDPT

Romans 5 in the PFNT

Romans 5 in the RMNT

Romans 5 in the SBIAS

Romans 5 in the SBIBS

Romans 5 in the SBIBS2

Romans 5 in the SBICS

Romans 5 in the SBIDS

Romans 5 in the SBIGS

Romans 5 in the SBIHS

Romans 5 in the SBIIS

Romans 5 in the SBIIS2

Romans 5 in the SBIIS3

Romans 5 in the SBIKS

Romans 5 in the SBIKS2

Romans 5 in the SBIMS

Romans 5 in the SBIOS

Romans 5 in the SBIPS

Romans 5 in the SBISS

Romans 5 in the SBITS

Romans 5 in the SBITS2

Romans 5 in the SBITS3

Romans 5 in the SBITS4

Romans 5 in the SBIUS

Romans 5 in the SBIVS

Romans 5 in the SBT

Romans 5 in the SBT1E

Romans 5 in the SCHL

Romans 5 in the SNT

Romans 5 in the SUSU

Romans 5 in the SUSU2

Romans 5 in the SYNO

Romans 5 in the TBIAOTANT

Romans 5 in the TBT1E

Romans 5 in the TBT1E2

Romans 5 in the TFTIP

Romans 5 in the TFTU

Romans 5 in the TGNTATF3T

Romans 5 in the THAI

Romans 5 in the TNFD

Romans 5 in the TNT

Romans 5 in the TNTIK

Romans 5 in the TNTIL

Romans 5 in the TNTIN

Romans 5 in the TNTIP

Romans 5 in the TNTIZ

Romans 5 in the TOMA

Romans 5 in the TTENT

Romans 5 in the UBG

Romans 5 in the UGV

Romans 5 in the UGV2

Romans 5 in the UGV3

Romans 5 in the VBL

Romans 5 in the VDCC

Romans 5 in the YALU

Romans 5 in the YAPE

Romans 5 in the YBVTP

Romans 5 in the ZBP