Romans 5 (BOECS)

1 Eya ta esi wotso afia na mí to xɔse me la, ŋutifafa le mí kple Mawu dome to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, 2 ame si me mɔnukpɔkpɔ su mía si le to xɔse me heyina ɖe amenuveve sia gbɔ si me míetsia tsitre ɖo la. Eye míeƒoa adegbe le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋuti. 3 Ke menye esia ɖeɖe ko o, ke boŋ míeƒoa adegbe le míaƒe fukpekpewo me hã, elabena míenya be fukpekpe dzia dzidodo; 4 ke dzidodo dzia kelili, eye kelili dzia mɔkpɔkpɔ. 5 Ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o, elabena wotrɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ kɔ ɖe míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si wona mí la me. 6 Kpɔ ɖa, le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, esi míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ko la, Kristo va ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta. 7 Elabena asesẽ hafi ame aɖe naku ɖe ame dzɔdzɔe ta, ke ame nyui la, ɖewohĩ ame aɖe ado dzi be yeaku ɖe eta. 8 Ke Mawu ɖe eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ fia mí le esia me be: Esi míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta. 9 Azɔ la, esi wotso afia na mí to eƒe ʋu me la, woaɖe mí tso Mawu ƒe dɔmedzoe me to eya amea me! 10 Elabena esi míenye Mawu ƒe futɔwo tsã, eye míewɔ ɖeka kple Mawu to Via ƒe ku me la, míakpɔ ɖeɖe wu to eƒe agbe me. 11 Ke menye esia ɖeɖe ko o, ke boŋ míeƒoa adegbe le Mawu me hã, to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, ame si me míewɔ ɖeka kple Mawu le azɔ. 12 Eya ta ale si nu vɔ̃ va xexea me to ame ɖeka dzi, eye ku va to nu vɔ̃ wɔwɔ me la, nenema ke ku va amewo katã dzi, elabena wo katã wɔ nu vɔ̃. 13 Nu vɔ̃ le xexea me hafi se la va, gake womebua nu vɔ̃ na ame aɖeke ne se meli o. 14 Gake ku ɖu fia tso Adam ƒe ɣeyiɣiwo dzi va se ɖe Mose ƒe ɣeyiɣiwo dzi, ɖe ame siwo mewɔ nu vɔ̃ si sɔ kple Adam ƒe sedzimawɔmawɔ o la dzi, ame si nye ame si gbɔna la ƒe kpɔɖeŋu. 15 Gake ale si vodada li la, menye nenema kee nye amenuveve ƒe nunana hã o; elabena ne ame geɖewo ku ɖe ame ɖeka ƒe vodada ta la, ekema Mawu ƒe amenuveve kple nunana si va to Yesu Kristo ƒe amenuveve me la sɔ gbɔ geɖe wu hegbã go ɖe ame geɖewo dzi. 16 Eye menye ame ɖeka si wɔ nu vɔ̃ la ta Mawu ƒe nunana la va ɖo o; elabena fɔbubu va to ʋɔnudɔdrɔ̃ ame ɖeka ƒe nu vɔ̃ me, ke wotso afia na ame geɖewo to amenuveve la me. 17 Elabena nenye be to ame ɖeka ƒe vodada me ku ɖu fia to ame ɖeka ma dzi la, ekema ame siwo xɔ dzɔdzɔenyenye ƒe amenuveve kple nunana ƒe agbɔsɔsɔ la, woaɖu fia geɖe wu le agbe me to Yesu Kristo ɖeka dzi. 18 Eya ta ale si to vodada ɖeka me fɔbubu va amewo katã dzi la, nenema ke agbe ƒe afiatsotso va na amewo katã to nu dzɔdzɔe ɖeka wɔwɔ me. 19 Elabena ale si to ame ɖeka ƒe tomaɖomaɖo me ame geɖewo zu nu vɔ̃ wɔlawo la, nenema ke to ame ɖeka ƒe toɖoɖo me la, woawɔ ame geɖewo woazu ame dzɔdzɔewo. 20 Se la va bena vodada la nasɔ gbɔ ɖe edzi. Gake afi si nu vɔ̃ sɔ gbɔ le la, amenuveve la sɔ gbɔ ɖe edzi wu, 21 be ale si nu vɔ̃ ɖu fia le ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fia to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ dzi.

In Other Versions

Romans 5 in the ANGEFD

Romans 5 in the ANTPNG2D

Romans 5 in the AS21

Romans 5 in the BAGH

Romans 5 in the BBPNG

Romans 5 in the BBT1E

Romans 5 in the BDS

Romans 5 in the BEV

Romans 5 in the BHAD

Romans 5 in the BIB

Romans 5 in the BLPT

Romans 5 in the BNT

Romans 5 in the BNTABOOT

Romans 5 in the BNTLV

Romans 5 in the BOATCB

Romans 5 in the BOATCB2

Romans 5 in the BOBCV

Romans 5 in the BOCNT

Romans 5 in the BOGWICC

Romans 5 in the BOHCB

Romans 5 in the BOHCV

Romans 5 in the BOHLNT

Romans 5 in the BOHNTLTAL

Romans 5 in the BOICB

Romans 5 in the BOILNTAP

Romans 5 in the BOITCV

Romans 5 in the BOKCV

Romans 5 in the BOKCV2

Romans 5 in the BOKHWOG

Romans 5 in the BOKSSV

Romans 5 in the BOLCB

Romans 5 in the BOLCB2

Romans 5 in the BOMCV

Romans 5 in the BONAV

Romans 5 in the BONCB

Romans 5 in the BONLT

Romans 5 in the BONUT2

Romans 5 in the BOPLNT

Romans 5 in the BOSCB

Romans 5 in the BOSNC

Romans 5 in the BOTLNT

Romans 5 in the BOVCB

Romans 5 in the BOYCB

Romans 5 in the BPBB

Romans 5 in the BPH

Romans 5 in the BSB

Romans 5 in the CCB

Romans 5 in the CUV

Romans 5 in the CUVS

Romans 5 in the DBT

Romans 5 in the DGDNT

Romans 5 in the DHNT

Romans 5 in the DNT

Romans 5 in the ELBE

Romans 5 in the EMTV

Romans 5 in the ESV

Romans 5 in the FBV

Romans 5 in the FEB

Romans 5 in the GGMNT

Romans 5 in the GNT

Romans 5 in the HARY

Romans 5 in the HNT

Romans 5 in the IRVA

Romans 5 in the IRVB

Romans 5 in the IRVG

Romans 5 in the IRVH

Romans 5 in the IRVK

Romans 5 in the IRVM

Romans 5 in the IRVM2

Romans 5 in the IRVO

Romans 5 in the IRVP

Romans 5 in the IRVT

Romans 5 in the IRVT2

Romans 5 in the IRVU

Romans 5 in the ISVN

Romans 5 in the JSNT

Romans 5 in the KAPI

Romans 5 in the KBT1ETNIK

Romans 5 in the KBV

Romans 5 in the KJV

Romans 5 in the KNFD

Romans 5 in the LBA

Romans 5 in the LBLA

Romans 5 in the LNT

Romans 5 in the LSV

Romans 5 in the MAAL

Romans 5 in the MBV

Romans 5 in the MBV2

Romans 5 in the MHNT

Romans 5 in the MKNFD

Romans 5 in the MNG

Romans 5 in the MNT

Romans 5 in the MNT2

Romans 5 in the MRS1T

Romans 5 in the NAA

Romans 5 in the NASB

Romans 5 in the NBLA

Romans 5 in the NBS

Romans 5 in the NBVTP

Romans 5 in the NET2

Romans 5 in the NIV11

Romans 5 in the NNT

Romans 5 in the NNT2

Romans 5 in the NNT3

Romans 5 in the PDDPT

Romans 5 in the PFNT

Romans 5 in the RMNT

Romans 5 in the SBIAS

Romans 5 in the SBIBS

Romans 5 in the SBIBS2

Romans 5 in the SBICS

Romans 5 in the SBIDS

Romans 5 in the SBIGS

Romans 5 in the SBIHS

Romans 5 in the SBIIS

Romans 5 in the SBIIS2

Romans 5 in the SBIIS3

Romans 5 in the SBIKS

Romans 5 in the SBIKS2

Romans 5 in the SBIMS

Romans 5 in the SBIOS

Romans 5 in the SBIPS

Romans 5 in the SBISS

Romans 5 in the SBITS

Romans 5 in the SBITS2

Romans 5 in the SBITS3

Romans 5 in the SBITS4

Romans 5 in the SBIUS

Romans 5 in the SBIVS

Romans 5 in the SBT

Romans 5 in the SBT1E

Romans 5 in the SCHL

Romans 5 in the SNT

Romans 5 in the SUSU

Romans 5 in the SUSU2

Romans 5 in the SYNO

Romans 5 in the TBIAOTANT

Romans 5 in the TBT1E

Romans 5 in the TBT1E2

Romans 5 in the TFTIP

Romans 5 in the TFTU

Romans 5 in the TGNTATF3T

Romans 5 in the THAI

Romans 5 in the TNFD

Romans 5 in the TNT

Romans 5 in the TNTIK

Romans 5 in the TNTIL

Romans 5 in the TNTIN

Romans 5 in the TNTIP

Romans 5 in the TNTIZ

Romans 5 in the TOMA

Romans 5 in the TTENT

Romans 5 in the UBG

Romans 5 in the UGV

Romans 5 in the UGV2

Romans 5 in the UGV3

Romans 5 in the VBL

Romans 5 in the VDCC

Romans 5 in the YALU

Romans 5 in the YAPE

Romans 5 in the YBVTP

Romans 5 in the ZBP