1 Chronicles 17 (BOECS)

1 Esi David ɖi ɖe eme le eƒe fiasã la me la, egblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, “Kpɔ ɖa! Mele xɔ siwo me wofa sedatiwo ɖo la me, ke Yehowa ƒe nubablaɖaka la ya le agbadɔ te.” 2 Natan ɖo eŋu nɛ be, “Wɔ nu si nèɖo ɖe ta me be yeawɔ elabena Mawu li kpli wò.” 3 Ke Mawu gblɔ na Natan le zã ma me be, 4 “Yi, nàgblɔ na nye dɔla, David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye si: Menye wòe atu xɔ nam manɔ eme o. 5 Tso esime meɖe Israel tso Egipte la, agbadɔwo ko me menɔna, meʋu tso agbadɔ ɖeka me yi bubu me va se ɖe egbe. 6 Afi sia afi si meɖe zɔ kple Israelviwo yi la, ɖe megblɔ na woƒe kplɔla siwo mede se na be woakplɔ nye dukɔ la dometɔ aɖe kpɔ be, “Nu ka ŋutie mietu sedatixɔ nam o mahã?” ’ 7 “Gblɔ na nye dɔla David be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la le gbɔgblɔm na wò be; meɖe wò le alẽkplɔdɔ nu eye meɖo wò fiae ɖe nye dukɔ Israel dzi; 8 menɔ kpli wò le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ wò futɔwo. Mana wò ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me. 9 Gawu la, mana teƒe nye dukɔ, Israel, mali ke wo ɖe afi ma ale be aƒe nanɔ woawo ŋutɔ si eye ame aɖeke magaɖe fu na wo o. Ame vɔ̃ɖiwo magate wo ɖe anyi azɔ abe ale si wowɔ le gɔmedzedzea me ene 10 alo abe ale si wowɔ tso esime meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ, Israel dzi ene o. Mabɔbɔ wò futɔwo ɖe anyi. Mele gbeƒã ɖem na wò be, Yehowa ŋutɔ atso aƒe na wò. 11 “ ‘Ne wò ɣeyiɣi de le anyigba sia dzi eye nèku la, matsɔ viwòwo dometɔ ɖeka aɖo wò fiazikpui la dzi eye mana eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋusẽ. 12 Eyae anye ame si atu gbedoxɔ nam eye mana eƒe dzidzimeviwo naɖu fia tegbetegbe. 13 Manye fofoa eye eya anye vinye. Nyemaɖe nye amenuveve kple lɔ̃lɔ ɖa le edzi abe ame si ɖu fia do ŋgɔ nɛ ene o. 14 Matsɔe aɖo nye aƒe kple nye fiaɖuƒe nu tegbetegbe ale eƒe dzidzimeviwo aɖu fia ɣeawo katã ɣi.’ ” 15 Ale Natan gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ la na David. 16 Ale Fia David ɖanɔ anyi ɖe Yehowa ŋkume eye wòdo gbe ɖa be,“Oo, Yehowa Mawu, ame kae menye eye nu kae nye nye ƒome be nètsɔ nu siawo katã nam? 17 Oo Mawu, abe esiawo ɖe womesɔ gbɔ le wò ŋkume o ene la, ègaƒo nu tso nu si wò dɔla ƒe aƒe anye le etsɔ si gbɔna la ŋuti. Oo Yehowa Mawu, èle kpɔyem abe nye koe nye ame si de ŋgɔ wu le amewo katã dome ene. 18 “Nya kae David agagblɔ na wò le bubu si nède wò dɔla ŋu ŋuti? Elabena ènya wò dɔla, 19 Oo Yehowa. Le wò dɔla ta kple le wò lɔlɔ̃nu me, èwɔ nu gã sia eye nèna wonya wò ŋugbedodo gã siawo katã. 20 “Oo Yehowa, ame aɖeke mele abe wò ene o eye mawu aɖeke meli o negbe wò ko abe ale si míesee kple míawo ŋutɔ ƒe towo ene. 21 Eye dukɔ kae le abe wò dukɔ, Israel ene, dukɔ ɖeka si le anyigba dzi, esi ƒe Mawu ɖaɖe dukɔ ma na eɖokui? Eye wòwɔ ŋkɔ na eɖokui to nukunu gãwo kple ŋɔdzinu dzɔatsuwo wɔwɔ me eye nènya dukɔwo le wò dukɔ si nèɖe tso Egipte la ŋgɔ. 22 Èwɔ Israel, wò dukɔ, wònye tɔwò tegbetegbe eye wò, Oo Yehowa, nèzu woƒe Mawu. 23 “Azɔ la, Oo Yehowa, na be wò ŋugbe si nèdo ɖe wò dɔla kple eƒe aƒe ŋu la nali ke tegbetegbe. Wɔ abe ale si nèdo ŋugbee ene, 24 ale be wòali ke eye wò ŋkɔ anye gã tegbee. Ekema amewo agblɔ be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, Mawu si le Israel dzi ɖum la, eyae nye Israel ƒe Mawu!’ Eye wò dɔla, David ƒe aƒe ali ke le ŋkuwòme. 25 “Wò, nye Mawu, èɖee fia wò dɔla be yeatu xɔ nɛ eya ta dzideƒo le wò dɔla si be wòado gbe ɖa na wò. 26 Oo Yehowa, ènye Mawu vavã! Ètsɔ nu nyui siawo do ŋugbee na wò dɔla. 27 Azɔ la, edze ŋuwò be nàyra wò dɔla ƒe aƒe be wòayi edzi anɔ wò ŋkume tegbee elabena, Oo Yehowa, wòe yrae eya ta yayra anɔ edzi tegbetegbe.”

In Other Versions

1 Chronicles 17 in the ANGEFD

1 Chronicles 17 in the ANTPNG2D

1 Chronicles 17 in the AS21

1 Chronicles 17 in the BAGH

1 Chronicles 17 in the BBPNG

1 Chronicles 17 in the BBT1E

1 Chronicles 17 in the BDS

1 Chronicles 17 in the BEV

1 Chronicles 17 in the BHAD

1 Chronicles 17 in the BIB

1 Chronicles 17 in the BLPT

1 Chronicles 17 in the BNT

1 Chronicles 17 in the BNTABOOT

1 Chronicles 17 in the BNTLV

1 Chronicles 17 in the BOATCB

1 Chronicles 17 in the BOATCB2

1 Chronicles 17 in the BOBCV

1 Chronicles 17 in the BOCNT

1 Chronicles 17 in the BOGWICC

1 Chronicles 17 in the BOHCB

1 Chronicles 17 in the BOHCV

1 Chronicles 17 in the BOHLNT

1 Chronicles 17 in the BOHNTLTAL

1 Chronicles 17 in the BOICB

1 Chronicles 17 in the BOILNTAP

1 Chronicles 17 in the BOITCV

1 Chronicles 17 in the BOKCV

1 Chronicles 17 in the BOKCV2

1 Chronicles 17 in the BOKHWOG

1 Chronicles 17 in the BOKSSV

1 Chronicles 17 in the BOLCB

1 Chronicles 17 in the BOLCB2

1 Chronicles 17 in the BOMCV

1 Chronicles 17 in the BONAV

1 Chronicles 17 in the BONCB

1 Chronicles 17 in the BONLT

1 Chronicles 17 in the BONUT2

1 Chronicles 17 in the BOPLNT

1 Chronicles 17 in the BOSCB

1 Chronicles 17 in the BOSNC

1 Chronicles 17 in the BOTLNT

1 Chronicles 17 in the BOVCB

1 Chronicles 17 in the BOYCB

1 Chronicles 17 in the BPBB

1 Chronicles 17 in the BPH

1 Chronicles 17 in the BSB

1 Chronicles 17 in the CCB

1 Chronicles 17 in the CUV

1 Chronicles 17 in the CUVS

1 Chronicles 17 in the DBT

1 Chronicles 17 in the DGDNT

1 Chronicles 17 in the DHNT

1 Chronicles 17 in the DNT

1 Chronicles 17 in the ELBE

1 Chronicles 17 in the EMTV

1 Chronicles 17 in the ESV

1 Chronicles 17 in the FBV

1 Chronicles 17 in the FEB

1 Chronicles 17 in the GGMNT

1 Chronicles 17 in the GNT

1 Chronicles 17 in the HARY

1 Chronicles 17 in the HNT

1 Chronicles 17 in the IRVA

1 Chronicles 17 in the IRVB

1 Chronicles 17 in the IRVG

1 Chronicles 17 in the IRVH

1 Chronicles 17 in the IRVK

1 Chronicles 17 in the IRVM

1 Chronicles 17 in the IRVM2

1 Chronicles 17 in the IRVO

1 Chronicles 17 in the IRVP

1 Chronicles 17 in the IRVT

1 Chronicles 17 in the IRVT2

1 Chronicles 17 in the IRVU

1 Chronicles 17 in the ISVN

1 Chronicles 17 in the JSNT

1 Chronicles 17 in the KAPI

1 Chronicles 17 in the KBT1ETNIK

1 Chronicles 17 in the KBV

1 Chronicles 17 in the KJV

1 Chronicles 17 in the KNFD

1 Chronicles 17 in the LBA

1 Chronicles 17 in the LBLA

1 Chronicles 17 in the LNT

1 Chronicles 17 in the LSV

1 Chronicles 17 in the MAAL

1 Chronicles 17 in the MBV

1 Chronicles 17 in the MBV2

1 Chronicles 17 in the MHNT

1 Chronicles 17 in the MKNFD

1 Chronicles 17 in the MNG

1 Chronicles 17 in the MNT

1 Chronicles 17 in the MNT2

1 Chronicles 17 in the MRS1T

1 Chronicles 17 in the NAA

1 Chronicles 17 in the NASB

1 Chronicles 17 in the NBLA

1 Chronicles 17 in the NBS

1 Chronicles 17 in the NBVTP

1 Chronicles 17 in the NET2

1 Chronicles 17 in the NIV11

1 Chronicles 17 in the NNT

1 Chronicles 17 in the NNT2

1 Chronicles 17 in the NNT3

1 Chronicles 17 in the PDDPT

1 Chronicles 17 in the PFNT

1 Chronicles 17 in the RMNT

1 Chronicles 17 in the SBIAS

1 Chronicles 17 in the SBIBS

1 Chronicles 17 in the SBIBS2

1 Chronicles 17 in the SBICS

1 Chronicles 17 in the SBIDS

1 Chronicles 17 in the SBIGS

1 Chronicles 17 in the SBIHS

1 Chronicles 17 in the SBIIS

1 Chronicles 17 in the SBIIS2

1 Chronicles 17 in the SBIIS3

1 Chronicles 17 in the SBIKS

1 Chronicles 17 in the SBIKS2

1 Chronicles 17 in the SBIMS

1 Chronicles 17 in the SBIOS

1 Chronicles 17 in the SBIPS

1 Chronicles 17 in the SBISS

1 Chronicles 17 in the SBITS

1 Chronicles 17 in the SBITS2

1 Chronicles 17 in the SBITS3

1 Chronicles 17 in the SBITS4

1 Chronicles 17 in the SBIUS

1 Chronicles 17 in the SBIVS

1 Chronicles 17 in the SBT

1 Chronicles 17 in the SBT1E

1 Chronicles 17 in the SCHL

1 Chronicles 17 in the SNT

1 Chronicles 17 in the SUSU

1 Chronicles 17 in the SUSU2

1 Chronicles 17 in the SYNO

1 Chronicles 17 in the TBIAOTANT

1 Chronicles 17 in the TBT1E

1 Chronicles 17 in the TBT1E2

1 Chronicles 17 in the TFTIP

1 Chronicles 17 in the TFTU

1 Chronicles 17 in the TGNTATF3T

1 Chronicles 17 in the THAI

1 Chronicles 17 in the TNFD

1 Chronicles 17 in the TNT

1 Chronicles 17 in the TNTIK

1 Chronicles 17 in the TNTIL

1 Chronicles 17 in the TNTIN

1 Chronicles 17 in the TNTIP

1 Chronicles 17 in the TNTIZ

1 Chronicles 17 in the TOMA

1 Chronicles 17 in the TTENT

1 Chronicles 17 in the UBG

1 Chronicles 17 in the UGV

1 Chronicles 17 in the UGV2

1 Chronicles 17 in the UGV3

1 Chronicles 17 in the VBL

1 Chronicles 17 in the VDCC

1 Chronicles 17 in the YALU

1 Chronicles 17 in the YAPE

1 Chronicles 17 in the YBVTP

1 Chronicles 17 in the ZBP