1 Chronicles 29 (BOECS)

1 Fia David trɔ ɖe ameha la gbɔ azɔ hegblɔ na wo be, “Vinye Solomo, ame si Mawu tia be wòanye Israel fia yeyea la, ɖekakpui dzaa aɖe ko wònye, mekpɔ nuteƒe o, ke dɔ si dze ŋgɔe la nye dɔ gã aɖe elabena gbedoxɔ si wòatu la menye xɔ bubu aɖe ko wòanye o. Yehowa Mawu ŋutɔ ƒe xɔe! 2 Mewɔ nu sia nu si le nye ŋutete me eye medi nu siwo katã hiã na xɔ la tutu, esiwo nye sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ, ati, ‘oni’ kple kpe xɔasi bubuwo, adzagba xɔasiwo kple kpeɣi. 3 Azɔ esi wònye ɖe metsɔ ɖokuinye sa vɔe ɖe nye Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu ta la, metsɔ nye ŋutɔ nye kesinɔnu siwo nye sika kple klosalo kpe ɖe xɔtunu siwo medi da ɖi la ŋu hena nye Mawu la ƒe gbedoxɔ la tutu. 4 “Mena sika nyuitɔ tso Ofir ‘tɔn’ alafa ɖeka (100) kple klosalo nyuitɔ ‘tɔn’ alafa eve blaene (240) be woatsɔ afa ɖe gliawo ŋu 5 eye sikanuwɔlawo kple klosalonuwɔlawo natsɔ wo awɔ sikanuwo kple klosalonuwo. Azɔ la, ame kae lɔ̃ be yeakɔ ye ɖokui ŋuti egbea na Yehowa?” 6 Tete ƒometatɔwo, Israel ƒe towo ƒe tatɔwo, asrafo akpe ɖeka kple asrafo alafa ɖeka nunɔlawo kple fia la ƒe dɔnunɔlawo na nu lɔlɔ̃nutɔe. 7 Wona nu hena dɔwɔwɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋuti. Wona sika “tɔn” alafa ɖeka blaadre (170), sika kilogram blaenyi-vɔ-ene kple klosalo “tɔn” alafa etɔ̃ blaene-vɔ-atɔ̃ (345) kple akɔbli “tɔn” alafa ade kple ewo (610) kple gayibɔ “tɔn” akpe etɔ̃ alafa ene blaatɔ̃ (3,450). 8 Wogatsɔ kpe xɔasi sɔ gbɔ aɖe na Yehiel, Gerson ƒe dzidzimevi aɖe be, wòatsɔ ade gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe. 9 Ame sia ame kpɔ dzidzɔ le lɔlɔ̃nununanakpekpeɖeŋunana ƒe mɔnukpɔkpɔ sia ŋu. Fia David ŋutɔ hã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ. 10 David ganɔ ameha blibo la ŋkume eye wòkafu Yehowa gblɔ bena,“Oo, Yehowa, mía fofo Israel ƒe Mawu,woakafu wò ŋkɔ tegbetegbe. 11 Tɔwòe nye ŋusẽ, ŋutikɔkɔe,dziɖuɖu kple gãnyenye.Oo, Yehowa, tɔwòe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi,míekafu wò be nu sia nu le wò dzikpɔkpɔ te. 12 Wò ɖeka gbɔ ko kesinɔnuwo kple bubu tsona;wòe nye amegbetɔƒomea dziɖula.Asiwòmee gãnyenye kple ŋusẽ leeye wòe naa gãnyenye kple ŋusẽ ame. 13 Oo, mía Mawu, míeda akpe na wòeye míekafu wò ŋkɔ kɔkɔe la. 14 “Ke ame kae menye eye ame kawoe nye amewo nye be nàɖe mɔ na mí be míana nane wò? Gbɔwòe nu sia nu si le mía si la tso eye nu si nye tɔwò xoxo la ko míetsɔ na wò! 15 Elabena, ɣeyiɣi kpui aɖe ko míanɔ afi sia; míenye amedzro le anyigba dzi abe ale si mía fofowo nɔ do ŋgɔ na mí ene. Míaƒe ŋkekewo le anyigba dzi le abe vɔvɔlĩ ene; wo nu yina kaba eye wo teƒe buna. 16 Oo, Yehowa, míaƒe Mawu, nu siwo katã míeƒo ƒu da ɖi be míatsɔ atu gbedoxɔ na wò ŋkɔ kɔkɔe la, tso wò ŋutɔ gbɔwò! Tɔwòe wo katã nye! 17 Nye Mawu, menya be èdoa amewo kpɔna be yeanya ne wonye ame nyuiwo elabena èkpɔa ŋudzedze le ame nyuiwo ŋu. Mewɔ nu siawo katã kple tameɖoɖo nyui, mekpɔ wò amewo esime wona nuwo lɔlɔ̃nutɔe kple dzidzɔ. 18 Oo, Yehowa, mía fofowo, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu! Na wòanye wò amewo ƒe didi be yewoaɖo to wò ɣe sia ɣi eye nàkpɔ egbɔ be woƒe lɔlɔ̃ na wò metrɔ gbeɖe o. 19 Na dzi nyui si trɔ ɖe Mawu ŋu la vinye, Solomo, ale be wòawɔ wò sewo dzi le nu suetɔwo kekeake me eye wòakpɔ mɔ na wò gbedoxɔ si tutu ta mewɔ dzadzraɖo siawo katã la ƒe nuwuwu.” 20 Azɔ la, David gblɔ na ameawo katã be, “Mikafu Yehowa, miaƒe Mawu la” eye wokafu Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la. Wode ta agu le Yehowa kple fia la ŋkume. 21 Esi ŋu ke la, wotsɔ nyitsu akpe ɖeka (1,000), agbo akpe ɖeka kple alẽvi akpe ɖeka sa numevɔ na Yehowa. Wosa numevɔ kple vɔsa bubu geɖewo ɖe Israel nu. 22 Emegbe la, woɖu nu eye wono nu le Yehowa ŋkume kple dzidzɔ gã aɖe.Wogaɖo Fia David ƒe vi, Solomo, woƒe Fiae zi evelia kpe ɖe Fia David ŋu. Wosi ami nɛ le Yehowa ŋkume abe woƒe kplɔla ene eye wosi ami na Zadok abe woƒe Nunɔla ene. 23 Ale Mawu na Fia Solomo xɔ fofoa, David ƒe fiazikpui. Nu dze edzi nɛ ŋutɔ eye Israel blibo la ɖo toe. 24 Dukɔ la kplɔlawo, asrafomegãwo kple nɔviawo katã ka atam be yewoanɔ fia la yome. 25 Yehowa na Israelviwo katã lɔ̃e, kesinɔnu geɖewo nɔ esi eye bubu nɔ eŋu wu fofoa. 26 David, Yese ƒe viŋutsu, ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi. 27 Eɖu fia ɖe Israel dzi ƒe blaene, ƒe adre le Hebron, ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ le Yerusalem. 28 Etsi ŋutɔ, enye kesinɔtɔ kple bubume gã aɖe hafi ku eye via Solomo ɖu fia ɖe eteƒe. 29 Woŋlɔ Fia David ƒe ŋutinya tsitotsito ɖe Nyagblɔɖila Samuel ƒe agbalẽ me, ɖe ŋutinya si Nyagblɔɖila Natan ŋlɔ la me kple esi Nyagblɔɖila Gad ŋlɔ la me. 30 Nuŋlɔɖi siawo ƒo nu tso Fia David ƒe fiaɖuɖu, eƒe ŋusẽ, nu siwo katã dzɔ ɖe eya ŋutɔ dzi, Israel dukɔ la dzi kple dukɔ siwo ƒo xlã Israel dukɔ ƒe fiawo dzi la ŋu.

In Other Versions

1 Chronicles 29 in the ANGEFD

1 Chronicles 29 in the ANTPNG2D

1 Chronicles 29 in the AS21

1 Chronicles 29 in the BAGH

1 Chronicles 29 in the BBPNG

1 Chronicles 29 in the BBT1E

1 Chronicles 29 in the BDS

1 Chronicles 29 in the BEV

1 Chronicles 29 in the BHAD

1 Chronicles 29 in the BIB

1 Chronicles 29 in the BLPT

1 Chronicles 29 in the BNT

1 Chronicles 29 in the BNTABOOT

1 Chronicles 29 in the BNTLV

1 Chronicles 29 in the BOATCB

1 Chronicles 29 in the BOATCB2

1 Chronicles 29 in the BOBCV

1 Chronicles 29 in the BOCNT

1 Chronicles 29 in the BOGWICC

1 Chronicles 29 in the BOHCB

1 Chronicles 29 in the BOHCV

1 Chronicles 29 in the BOHLNT

1 Chronicles 29 in the BOHNTLTAL

1 Chronicles 29 in the BOICB

1 Chronicles 29 in the BOILNTAP

1 Chronicles 29 in the BOITCV

1 Chronicles 29 in the BOKCV

1 Chronicles 29 in the BOKCV2

1 Chronicles 29 in the BOKHWOG

1 Chronicles 29 in the BOKSSV

1 Chronicles 29 in the BOLCB

1 Chronicles 29 in the BOLCB2

1 Chronicles 29 in the BOMCV

1 Chronicles 29 in the BONAV

1 Chronicles 29 in the BONCB

1 Chronicles 29 in the BONLT

1 Chronicles 29 in the BONUT2

1 Chronicles 29 in the BOPLNT

1 Chronicles 29 in the BOSCB

1 Chronicles 29 in the BOSNC

1 Chronicles 29 in the BOTLNT

1 Chronicles 29 in the BOVCB

1 Chronicles 29 in the BOYCB

1 Chronicles 29 in the BPBB

1 Chronicles 29 in the BPH

1 Chronicles 29 in the BSB

1 Chronicles 29 in the CCB

1 Chronicles 29 in the CUV

1 Chronicles 29 in the CUVS

1 Chronicles 29 in the DBT

1 Chronicles 29 in the DGDNT

1 Chronicles 29 in the DHNT

1 Chronicles 29 in the DNT

1 Chronicles 29 in the ELBE

1 Chronicles 29 in the EMTV

1 Chronicles 29 in the ESV

1 Chronicles 29 in the FBV

1 Chronicles 29 in the FEB

1 Chronicles 29 in the GGMNT

1 Chronicles 29 in the GNT

1 Chronicles 29 in the HARY

1 Chronicles 29 in the HNT

1 Chronicles 29 in the IRVA

1 Chronicles 29 in the IRVB

1 Chronicles 29 in the IRVG

1 Chronicles 29 in the IRVH

1 Chronicles 29 in the IRVK

1 Chronicles 29 in the IRVM

1 Chronicles 29 in the IRVM2

1 Chronicles 29 in the IRVO

1 Chronicles 29 in the IRVP

1 Chronicles 29 in the IRVT

1 Chronicles 29 in the IRVT2

1 Chronicles 29 in the IRVU

1 Chronicles 29 in the ISVN

1 Chronicles 29 in the JSNT

1 Chronicles 29 in the KAPI

1 Chronicles 29 in the KBT1ETNIK

1 Chronicles 29 in the KBV

1 Chronicles 29 in the KJV

1 Chronicles 29 in the KNFD

1 Chronicles 29 in the LBA

1 Chronicles 29 in the LBLA

1 Chronicles 29 in the LNT

1 Chronicles 29 in the LSV

1 Chronicles 29 in the MAAL

1 Chronicles 29 in the MBV

1 Chronicles 29 in the MBV2

1 Chronicles 29 in the MHNT

1 Chronicles 29 in the MKNFD

1 Chronicles 29 in the MNG

1 Chronicles 29 in the MNT

1 Chronicles 29 in the MNT2

1 Chronicles 29 in the MRS1T

1 Chronicles 29 in the NAA

1 Chronicles 29 in the NASB

1 Chronicles 29 in the NBLA

1 Chronicles 29 in the NBS

1 Chronicles 29 in the NBVTP

1 Chronicles 29 in the NET2

1 Chronicles 29 in the NIV11

1 Chronicles 29 in the NNT

1 Chronicles 29 in the NNT2

1 Chronicles 29 in the NNT3

1 Chronicles 29 in the PDDPT

1 Chronicles 29 in the PFNT

1 Chronicles 29 in the RMNT

1 Chronicles 29 in the SBIAS

1 Chronicles 29 in the SBIBS

1 Chronicles 29 in the SBIBS2

1 Chronicles 29 in the SBICS

1 Chronicles 29 in the SBIDS

1 Chronicles 29 in the SBIGS

1 Chronicles 29 in the SBIHS

1 Chronicles 29 in the SBIIS

1 Chronicles 29 in the SBIIS2

1 Chronicles 29 in the SBIIS3

1 Chronicles 29 in the SBIKS

1 Chronicles 29 in the SBIKS2

1 Chronicles 29 in the SBIMS

1 Chronicles 29 in the SBIOS

1 Chronicles 29 in the SBIPS

1 Chronicles 29 in the SBISS

1 Chronicles 29 in the SBITS

1 Chronicles 29 in the SBITS2

1 Chronicles 29 in the SBITS3

1 Chronicles 29 in the SBITS4

1 Chronicles 29 in the SBIUS

1 Chronicles 29 in the SBIVS

1 Chronicles 29 in the SBT

1 Chronicles 29 in the SBT1E

1 Chronicles 29 in the SCHL

1 Chronicles 29 in the SNT

1 Chronicles 29 in the SUSU

1 Chronicles 29 in the SUSU2

1 Chronicles 29 in the SYNO

1 Chronicles 29 in the TBIAOTANT

1 Chronicles 29 in the TBT1E

1 Chronicles 29 in the TBT1E2

1 Chronicles 29 in the TFTIP

1 Chronicles 29 in the TFTU

1 Chronicles 29 in the TGNTATF3T

1 Chronicles 29 in the THAI

1 Chronicles 29 in the TNFD

1 Chronicles 29 in the TNT

1 Chronicles 29 in the TNTIK

1 Chronicles 29 in the TNTIL

1 Chronicles 29 in the TNTIN

1 Chronicles 29 in the TNTIP

1 Chronicles 29 in the TNTIZ

1 Chronicles 29 in the TOMA

1 Chronicles 29 in the TTENT

1 Chronicles 29 in the UBG

1 Chronicles 29 in the UGV

1 Chronicles 29 in the UGV2

1 Chronicles 29 in the UGV3

1 Chronicles 29 in the VBL

1 Chronicles 29 in the VDCC

1 Chronicles 29 in the YALU

1 Chronicles 29 in the YAPE

1 Chronicles 29 in the YBVTP

1 Chronicles 29 in the ZBP