1 Kings 4 (BOECS)

1 Ale Fia Solomo ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi. 2 Eƒe dumegãwoe nye: Azaria, Zadok ƒe vi nye nunɔla; 3 Elihoref kple Ahiya, Sisa ƒe viwo nye nuŋlɔlawo;Yehosafat, Ahilud ƒe vi nye ame si ŋlɔa takpekpemenyawo dana ɖi eye wòkpɔa nu xoxowo dzi; 4 Benaya, Yehoiada ƒe vi nye aʋafia na dukɔ la;Zadok kple Abiata nye nunɔlawo. 5 Azaria, Natan ƒe vi nye dukɔ la ƒe dɔnunɔlawo ƒe tatɔ;Zabud, Natan ƒe vi nye nunɔla na Fia la ŋutɔ eye wòganye Fia la xɔlɔ̃ tɔxɛ; 6 Ahisa kpɔa fiasã la ƒe nuwo dzi kple fiasã la me nyawo gbɔ;Adoniram, Abda ƒe vi kpɔa dudɔwɔwɔwo dzi. 7 Solomo gatia dzikpɔla wuieve ɖe Israel blibo la nu, ame ɖeka tso to ɖeka me, ame siwo ƒe dɔe nye be woadi nuɖuɖu na fiasã la me. Wo dometɔ ɖe sia ɖe wɔa dɔ sia ɣleti ɖeka le ƒe sia ƒe me. 8 Ame wuieve siawo kple teƒe siwo wodzɔa nuɖuɖu le la woe nye esiawo: Ben Hur dzɔa nu le Efraim ƒe tonyigba ŋu; 9 Ben Deker dzɔa nu le Makaz, Saalbim, Bet Semes kple Elon Betanan; 10 Ben Hesed dzɔa nu le Arubɔt kple Soko kple Hefernyigba blibo la dzi; 11 Ben Abinadab, ame si ɖe Solomo ƒe vinyɔnu, Tafat la dzɔa nu le Dor ƒe tonyigbawo dzi; 12 Bana, Ahilud ƒe vi dzɔa nu le Taanak, Megido, Bet Sean dzɔa nu le Zaretan gbɔ le Yezreel te kple anyigba si tso Betsan yi Abel Mehola heyi Yokmeam la dzi; 13 Ben Geber dzɔa nu le Ramot Gilead kple Yair, Manase ƒe vi ƒe kɔƒe, le Gilead kple Argob nutowo me le Basan kple du blaade siwo woɖo gli ƒo xlãe eye wode akɔbligbowo wo nu la me. 14 Ahinadab, Ido ƒe vi dzɔa nu le Mahanaim; 15 Ahimaaz, ame si ɖe Basemat, Solomo ƒe vinyɔnu bubu la dzɔa nu le Naftali; 16 Bana, Husai ƒe vi, dzɔa nu le Aser kple Alɔt; 17 Yehosafat, Pania ƒe vi dzɔa nu le Isaka; 18 Simei, Ela ƒe vi dzɔa nu le Benyamin; 19 Geber, Uri ƒe vi dzɔa nu le Gilead kple anyigba siwo nye Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia kple Fia Ɔg, Basan fia tɔ tsã la dzi. Dɔdzikpɔla ɖeka kpɔa ame siawo kple woƒe dɔwo dzi. 20 Israel kple Yuda nye dukɔ si kpɔ kesinɔnu geɖe; woƒe amewo sɔ gbɔ eye dzidzeme nɔ anyigba la dzi. 21 Fia Solomo ɖu anyigba blibo la dzi tso Frat tɔsisi la to va yi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi va tɔ Egiptetɔwo ƒe liƒo. Dukɔ siwo dzi wòɖu la, dzɔ nu nɛ eye wosubɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me. 22 Nuɖuɖu si Solomo hiã le fiasã la me gbe sia gbe woe nye wɔ memi kilolita ade kple afã, wɔ bubu, kilolita wuietɔ̃ kple afã, 23 nyitsu dami ewo siwo wonyi le nyikpo me, nyi blaeve siwo wonyi le gbeɖuƒewo, alẽ alafa ɖeka eye ɣe aɖewo ɣi la, wowɔa sẽ, zi, sãde kple xevi damiwo ŋu dɔ. 24 Fiaɖuƒe siwo katã nɔ Frat tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, tso Tifsa yi Gaza la nɔ Fia Solomo ƒe fiaɖuƒe me eye ŋutifafa nɔ anyigba blibo la dzi. 25 Le Fia Solomo ƒe agbenɔɣi blibo la me la, ŋutifafa kple dedinɔnɔ nɔ Yuda kple Israel siaa eye aƒe kple agble nɔ ƒome ɖe sia ɖe si. 26 Tasiaɖamŋusɔ akpe ene (4,000), siwo wowɔ nɔƒe na, kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Fia Solomo si. 27 Nuɖuɖudzikpɔla siawo dzɔa nuɖuɖu na Solomo kple eŋumewo ɣleti sia ɣleti 28 eye wonaa ƒo kple aƒla fia la ƒe sɔwo hã. 29 Mawu na nunya blibo kple gɔmesese deto Solomo le mɔ geɖewo nu. 30 Eƒe nunya de ŋgɔ wu nunyala gã siwo tso Ɣedzeƒe kple esiwo tso Egipte la tɔwo. 31 Enya nu wu Etan, Ezrahitɔ la kple Heman, Kalkol kple Darda, ame siwo nye Mahol ƒe viwo. Exɔ ŋkɔ le dukɔ siwo ƒo xlãe la me. 32 Eto lododo akpe etɔ̃ vɛ eye wòkpa ha akpe ɖeka kple atɔ̃. 33 Enya nu tso nu gbagbewo abe lãwo, xewo, dawo kple tɔmelãwo ene ŋu. Eganya nu tso atiwo hã ŋu, tso Lebanon ƒe sedati gãwo dzi va se ɖe kakle siwo tsina le gli dzedzewo me la ŋuti. 34 Fiawo dɔa amewo tso anyigba geɖewo dzi ɖona ɖe egbɔ be woaxɔ aɖaŋuɖoɖo tso egbɔ.

In Other Versions

1 Kings 4 in the ANGEFD

1 Kings 4 in the ANTPNG2D

1 Kings 4 in the AS21

1 Kings 4 in the BAGH

1 Kings 4 in the BBPNG

1 Kings 4 in the BBT1E

1 Kings 4 in the BDS

1 Kings 4 in the BEV

1 Kings 4 in the BHAD

1 Kings 4 in the BIB

1 Kings 4 in the BLPT

1 Kings 4 in the BNT

1 Kings 4 in the BNTABOOT

1 Kings 4 in the BNTLV

1 Kings 4 in the BOATCB

1 Kings 4 in the BOATCB2

1 Kings 4 in the BOBCV

1 Kings 4 in the BOCNT

1 Kings 4 in the BOGWICC

1 Kings 4 in the BOHCB

1 Kings 4 in the BOHCV

1 Kings 4 in the BOHLNT

1 Kings 4 in the BOHNTLTAL

1 Kings 4 in the BOICB

1 Kings 4 in the BOILNTAP

1 Kings 4 in the BOITCV

1 Kings 4 in the BOKCV

1 Kings 4 in the BOKCV2

1 Kings 4 in the BOKHWOG

1 Kings 4 in the BOKSSV

1 Kings 4 in the BOLCB

1 Kings 4 in the BOLCB2

1 Kings 4 in the BOMCV

1 Kings 4 in the BONAV

1 Kings 4 in the BONCB

1 Kings 4 in the BONLT

1 Kings 4 in the BONUT2

1 Kings 4 in the BOPLNT

1 Kings 4 in the BOSCB

1 Kings 4 in the BOSNC

1 Kings 4 in the BOTLNT

1 Kings 4 in the BOVCB

1 Kings 4 in the BOYCB

1 Kings 4 in the BPBB

1 Kings 4 in the BPH

1 Kings 4 in the BSB

1 Kings 4 in the CCB

1 Kings 4 in the CUV

1 Kings 4 in the CUVS

1 Kings 4 in the DBT

1 Kings 4 in the DGDNT

1 Kings 4 in the DHNT

1 Kings 4 in the DNT

1 Kings 4 in the ELBE

1 Kings 4 in the EMTV

1 Kings 4 in the ESV

1 Kings 4 in the FBV

1 Kings 4 in the FEB

1 Kings 4 in the GGMNT

1 Kings 4 in the GNT

1 Kings 4 in the HARY

1 Kings 4 in the HNT

1 Kings 4 in the IRVA

1 Kings 4 in the IRVB

1 Kings 4 in the IRVG

1 Kings 4 in the IRVH

1 Kings 4 in the IRVK

1 Kings 4 in the IRVM

1 Kings 4 in the IRVM2

1 Kings 4 in the IRVO

1 Kings 4 in the IRVP

1 Kings 4 in the IRVT

1 Kings 4 in the IRVT2

1 Kings 4 in the IRVU

1 Kings 4 in the ISVN

1 Kings 4 in the JSNT

1 Kings 4 in the KAPI

1 Kings 4 in the KBT1ETNIK

1 Kings 4 in the KBV

1 Kings 4 in the KJV

1 Kings 4 in the KNFD

1 Kings 4 in the LBA

1 Kings 4 in the LBLA

1 Kings 4 in the LNT

1 Kings 4 in the LSV

1 Kings 4 in the MAAL

1 Kings 4 in the MBV

1 Kings 4 in the MBV2

1 Kings 4 in the MHNT

1 Kings 4 in the MKNFD

1 Kings 4 in the MNG

1 Kings 4 in the MNT

1 Kings 4 in the MNT2

1 Kings 4 in the MRS1T

1 Kings 4 in the NAA

1 Kings 4 in the NASB

1 Kings 4 in the NBLA

1 Kings 4 in the NBS

1 Kings 4 in the NBVTP

1 Kings 4 in the NET2

1 Kings 4 in the NIV11

1 Kings 4 in the NNT

1 Kings 4 in the NNT2

1 Kings 4 in the NNT3

1 Kings 4 in the PDDPT

1 Kings 4 in the PFNT

1 Kings 4 in the RMNT

1 Kings 4 in the SBIAS

1 Kings 4 in the SBIBS

1 Kings 4 in the SBIBS2

1 Kings 4 in the SBICS

1 Kings 4 in the SBIDS

1 Kings 4 in the SBIGS

1 Kings 4 in the SBIHS

1 Kings 4 in the SBIIS

1 Kings 4 in the SBIIS2

1 Kings 4 in the SBIIS3

1 Kings 4 in the SBIKS

1 Kings 4 in the SBIKS2

1 Kings 4 in the SBIMS

1 Kings 4 in the SBIOS

1 Kings 4 in the SBIPS

1 Kings 4 in the SBISS

1 Kings 4 in the SBITS

1 Kings 4 in the SBITS2

1 Kings 4 in the SBITS3

1 Kings 4 in the SBITS4

1 Kings 4 in the SBIUS

1 Kings 4 in the SBIVS

1 Kings 4 in the SBT

1 Kings 4 in the SBT1E

1 Kings 4 in the SCHL

1 Kings 4 in the SNT

1 Kings 4 in the SUSU

1 Kings 4 in the SUSU2

1 Kings 4 in the SYNO

1 Kings 4 in the TBIAOTANT

1 Kings 4 in the TBT1E

1 Kings 4 in the TBT1E2

1 Kings 4 in the TFTIP

1 Kings 4 in the TFTU

1 Kings 4 in the TGNTATF3T

1 Kings 4 in the THAI

1 Kings 4 in the TNFD

1 Kings 4 in the TNT

1 Kings 4 in the TNTIK

1 Kings 4 in the TNTIL

1 Kings 4 in the TNTIN

1 Kings 4 in the TNTIP

1 Kings 4 in the TNTIZ

1 Kings 4 in the TOMA

1 Kings 4 in the TTENT

1 Kings 4 in the UBG

1 Kings 4 in the UGV

1 Kings 4 in the UGV2

1 Kings 4 in the UGV3

1 Kings 4 in the VBL

1 Kings 4 in the VDCC

1 Kings 4 in the YALU

1 Kings 4 in the YAPE

1 Kings 4 in the YBVTP

1 Kings 4 in the ZBP