1 Peter 2 (BOECS)

1 Eya ta miɖe vɔ̃ɖoɖo ɖe ame ŋu kple beble katã ɖa le mia ɖokuiwo ŋu, nenema kee nye alakpanuwɔwɔ, ŋubiabiã kple ameŋugbegblẽ ƒomevi ɖe sia ɖe hã. 2 Eye abe vidzĩwo ene la, midi gbɔgbɔmenotsi tsimatɔ vevie, ale be to esia me la, miatsi le miaƒe ɖeɖe la me 3 azɔ esi mieɖɔe kpɔ, henya be Aƒetɔ la nyo. 4 Kristo gbɔe mieva, ame si nye Mawu ƒe gbedoxɔ la ƒe dzogoedzikpe gbagbe. Amewo gbee, gake Mawu tiae hede bubu gã aɖe eŋu. 5 Ke miawo hã, abe kpe gbagbewo ene la, wotsɔ mi le gbɔgbɔmegbedoxɔ tum. Gawu la, mienye eƒe nunɔla kɔkɔewo, ame siwo asa gbɔgbɔmevɔ siwo dze Mawu ŋu la to Yesu Kristo ƒe avuléle dzi. 6 Elabena wogblɔ le mawunya me be,“Kpɔ ɖa mele kpe aɖe ɖom ɖe Zion,dzogoedzikpe si wotia, eye asixɔxɔ le eŋu,ame si atsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ ada ɖe edzi la,ŋu mele ekpe ge akpɔ gbeɖe o.” 7 Azɔ la, hena mi ame siwo xɔe se la, kpe sia nye kpe xɔasi na mi. Ke na ame siwo mexɔe se o la,“Kpe si xɔtulawo gbe la,eyae va zu dzogoedzikpe,” 8 kpe,“Si nana amewo klia nu,eye wònye agakpe si nana wodzea anyi,”Woklia nu, elabena wogbe toɖoɖo nyanyui la, esi hã nye nu si woɖo wo ɖi na. 9 Ke miawo la, mienye ame tiatiawo, fia la ƒe nunɔlawo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu ŋutɔ tɔ, be miaɖe gbeƒã ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe nukukekeli me la ƒe kafukafu. 10 Tsã la, mienye dukɔ o, ke azɔ la, miezu Mawu ƒe dukɔ. Tsã la, womekpɔ nublanui na mi o, ke azɔ la, wokpɔ nublanui na mi. 11 Nɔvi veviwo, mele eƒom ɖe mia nu be abe amedzrowo kple mɔzɔlawo le xexea me ene la, be mite ɖa xaa tso ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃ siwo wɔa aʋa kple miaƒe luʋɔ la gbɔ. 12 Minɔ agbe dzadzɛ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, ale be togbɔ be wotsoa mia nu be miewɔ vɔ̃ hã la, woakpɔ miaƒe dɔ nyuiwo, eye woakafu Mawu le ŋkeke si dzi wòava asrã mí akpɔ. 13 Le Aƒetɔ la ta la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na dziɖuɖu si woɖo anyi ɖe amegbetɔwo dome, eɖanye fia la, abe ŋusẽtɔ kɔkɔtɔ kekeake ene, 14 alo mɔmefia siwo woɖo ɖa be woahe to na nu gbegblẽ wɔlawo, eye woakafu nu nyui wɔlawo o. 15 Elabena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wònye be to nu nyui wɔwɔ me la, miatsi bometsilawo ƒe numanyamanya ƒe nuƒowo nu. 16 Minɔ agbe abe ablɔɖeviwo ene, gake migawɔ miaƒe ablɔɖe la ŋu dɔ abe mɔɖeɖe na nu vɔ̃ wɔwɔ ene o; minɔ agbe abe Mawu ƒe dɔlawo ene. 17 Mide bubu ame sia ame ŋu, milɔ̃ hadede kple xɔsetɔwo, mivɔ̃ Mawu, eye mide bubu fia la ŋu. 18 Mi kluviwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na miaƒe aƒetɔwo le bubudede ame ŋu blibo me, menye na esiwo nyo, eye wobua mia ŋuti ɖeɖe ko o, ke boŋ na esiwo nye ŋutasẽlawo hã. 19 Elabena enye nu dzeame ne ame aɖe se veve, gake hedo dzi kpe fu si medze na hafi o, le esi wònya Mawu ta. 20 Gake viɖe ka wòanye na mi ne woƒo mi ɖe vɔ̃ si miewɔ la ta, eye miedo dzi? Ke ne miekpe fu le nyuiwɔwɔ ta, eye miedo dzi la, enye nu dzeame le Mawu gbɔ. 21 Esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, elabena Kristo kpe fu ɖe mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze eyome. 22 “Elabena mewɔ vɔ̃ aɖeke o,eye womekpɔ alakpa aɖeke le eƒe nu me o.” 23 Esi wodzui la, meɖo eŋu o, esi wòkpe fu la, meƒo fi de ame o, ke boŋ etsɔ eɖokui de asi na ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. 24 Ke eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖe eƒe ŋutilã me le ati ŋuti, ale be míaku na nu vɔ̃, eye míanɔ agbe na dzɔdzɔenyenye, eye to eƒe abi si wòxɔ me la, míekpɔ dɔyɔyɔ. 25 Elabena mienɔ abe alẽ siwo tra mɔ la ene, ke azɔ la, mietrɔ gbɔ va Alẽkplɔla la kple miaƒe luʋɔwo dzi kpɔla la gbɔ.

In Other Versions

1 Peter 2 in the ANGEFD

1 Peter 2 in the ANTPNG2D

1 Peter 2 in the AS21

1 Peter 2 in the BAGH

1 Peter 2 in the BBPNG

1 Peter 2 in the BBT1E

1 Peter 2 in the BDS

1 Peter 2 in the BEV

1 Peter 2 in the BHAD

1 Peter 2 in the BIB

1 Peter 2 in the BLPT

1 Peter 2 in the BNT

1 Peter 2 in the BNTABOOT

1 Peter 2 in the BNTLV

1 Peter 2 in the BOATCB

1 Peter 2 in the BOATCB2

1 Peter 2 in the BOBCV

1 Peter 2 in the BOCNT

1 Peter 2 in the BOGWICC

1 Peter 2 in the BOHCB

1 Peter 2 in the BOHCV

1 Peter 2 in the BOHLNT

1 Peter 2 in the BOHNTLTAL

1 Peter 2 in the BOICB

1 Peter 2 in the BOILNTAP

1 Peter 2 in the BOITCV

1 Peter 2 in the BOKCV

1 Peter 2 in the BOKCV2

1 Peter 2 in the BOKHWOG

1 Peter 2 in the BOKSSV

1 Peter 2 in the BOLCB

1 Peter 2 in the BOLCB2

1 Peter 2 in the BOMCV

1 Peter 2 in the BONAV

1 Peter 2 in the BONCB

1 Peter 2 in the BONLT

1 Peter 2 in the BONUT2

1 Peter 2 in the BOPLNT

1 Peter 2 in the BOSCB

1 Peter 2 in the BOSNC

1 Peter 2 in the BOTLNT

1 Peter 2 in the BOVCB

1 Peter 2 in the BOYCB

1 Peter 2 in the BPBB

1 Peter 2 in the BPH

1 Peter 2 in the BSB

1 Peter 2 in the CCB

1 Peter 2 in the CUV

1 Peter 2 in the CUVS

1 Peter 2 in the DBT

1 Peter 2 in the DGDNT

1 Peter 2 in the DHNT

1 Peter 2 in the DNT

1 Peter 2 in the ELBE

1 Peter 2 in the EMTV

1 Peter 2 in the ESV

1 Peter 2 in the FBV

1 Peter 2 in the FEB

1 Peter 2 in the GGMNT

1 Peter 2 in the GNT

1 Peter 2 in the HARY

1 Peter 2 in the HNT

1 Peter 2 in the IRVA

1 Peter 2 in the IRVB

1 Peter 2 in the IRVG

1 Peter 2 in the IRVH

1 Peter 2 in the IRVK

1 Peter 2 in the IRVM

1 Peter 2 in the IRVM2

1 Peter 2 in the IRVO

1 Peter 2 in the IRVP

1 Peter 2 in the IRVT

1 Peter 2 in the IRVT2

1 Peter 2 in the IRVU

1 Peter 2 in the ISVN

1 Peter 2 in the JSNT

1 Peter 2 in the KAPI

1 Peter 2 in the KBT1ETNIK

1 Peter 2 in the KBV

1 Peter 2 in the KJV

1 Peter 2 in the KNFD

1 Peter 2 in the LBA

1 Peter 2 in the LBLA

1 Peter 2 in the LNT

1 Peter 2 in the LSV

1 Peter 2 in the MAAL

1 Peter 2 in the MBV

1 Peter 2 in the MBV2

1 Peter 2 in the MHNT

1 Peter 2 in the MKNFD

1 Peter 2 in the MNG

1 Peter 2 in the MNT

1 Peter 2 in the MNT2

1 Peter 2 in the MRS1T

1 Peter 2 in the NAA

1 Peter 2 in the NASB

1 Peter 2 in the NBLA

1 Peter 2 in the NBS

1 Peter 2 in the NBVTP

1 Peter 2 in the NET2

1 Peter 2 in the NIV11

1 Peter 2 in the NNT

1 Peter 2 in the NNT2

1 Peter 2 in the NNT3

1 Peter 2 in the PDDPT

1 Peter 2 in the PFNT

1 Peter 2 in the RMNT

1 Peter 2 in the SBIAS

1 Peter 2 in the SBIBS

1 Peter 2 in the SBIBS2

1 Peter 2 in the SBICS

1 Peter 2 in the SBIDS

1 Peter 2 in the SBIGS

1 Peter 2 in the SBIHS

1 Peter 2 in the SBIIS

1 Peter 2 in the SBIIS2

1 Peter 2 in the SBIIS3

1 Peter 2 in the SBIKS

1 Peter 2 in the SBIKS2

1 Peter 2 in the SBIMS

1 Peter 2 in the SBIOS

1 Peter 2 in the SBIPS

1 Peter 2 in the SBISS

1 Peter 2 in the SBITS

1 Peter 2 in the SBITS2

1 Peter 2 in the SBITS3

1 Peter 2 in the SBITS4

1 Peter 2 in the SBIUS

1 Peter 2 in the SBIVS

1 Peter 2 in the SBT

1 Peter 2 in the SBT1E

1 Peter 2 in the SCHL

1 Peter 2 in the SNT

1 Peter 2 in the SUSU

1 Peter 2 in the SUSU2

1 Peter 2 in the SYNO

1 Peter 2 in the TBIAOTANT

1 Peter 2 in the TBT1E

1 Peter 2 in the TBT1E2

1 Peter 2 in the TFTIP

1 Peter 2 in the TFTU

1 Peter 2 in the TGNTATF3T

1 Peter 2 in the THAI

1 Peter 2 in the TNFD

1 Peter 2 in the TNT

1 Peter 2 in the TNTIK

1 Peter 2 in the TNTIL

1 Peter 2 in the TNTIN

1 Peter 2 in the TNTIP

1 Peter 2 in the TNTIZ

1 Peter 2 in the TOMA

1 Peter 2 in the TTENT

1 Peter 2 in the UBG

1 Peter 2 in the UGV

1 Peter 2 in the UGV2

1 Peter 2 in the UGV3

1 Peter 2 in the VBL

1 Peter 2 in the VDCC

1 Peter 2 in the YALU

1 Peter 2 in the YAPE

1 Peter 2 in the YBVTP

1 Peter 2 in the ZBP