1 Samuel 13 (BOECS)

1 Saul xɔ ƒe blaetɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe blaene-vɔ-eve, ɖe Israel dzi; 2 etia aʋawɔla tɔxɛ akpe etɔ̃ (3,000) tso Israel. Ekplɔ wo dometɔ akpe eve ɖe eɖokui ŋuti yi Mikmas kple Betel to la dzi eye wògblẽ akpe ɖeka mamlɛa ɖe Yonatan, Saul ƒe vi gbɔ le Benyamin ƒe anyigba dzi. Eɖo asrafo bubuawo ɖe aƒe me. 3 Yonatan si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo le Geba eye nya sia ɖi le Filistitɔwo ƒe anyigba blibo la dzi. Eye Saul ku aʋakpẽ le Israelnyigba blibo la dzi eye wòɖe gbeƒã be “Hebritɔwo katã nesee.” 4 Ale Israel dukɔ la se nyadzɔdzɔ la be: Saul tsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe dzɔlawo eye Israel zu nuɖianu na Filistitɔwo. Ale woyɔ Israel ƒe aʋakɔ blibo la ƒo ƒu ɖe Saul ŋu le Gilgal. 5 Filistitɔwo ƒo ƒu aʋakɔ gã aɖe si me tasiaɖam akpe etɔ̃ (3,000) kple sɔdola akpe ade (6,000) kple afɔzɔla siwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene la nɔ be woawɔ aʋa kple Israel. Woƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas, le Bet Aven ƒe ɣedzeƒe gome. 6 Esi Israel ŋutsuwo kpɔ xaxa gã si me wonɔ kple ale si womimi woƒe aʋakɔ la ɖoe la, wosi yi ɖaɣla ɖe agadowo, avekɔewo, kpewo tome kple ʋewo me kple vudo siwo me tsi menɔ o la me. 7 Hebritɔ aɖewo gɔ̃ la tso Yɔdan tɔsisi la eye wosi yi Gad kple Gileadnyigbawo gɔ̃ hã dzi. Saul ya tsi Gilgal eye aʋakɔ siwo nɔ eŋu la dzo nyanyanya le vɔvɔ̃ ta. 8 Elala ŋkeke adre abe ale si Samuel ɖoe nɛ ene, gake Samuel meva Gilgal o eye Saul ƒe asrafowo de asi kaka le eŋu me. 9 Ale wògblɔ be, “Mitsɔ numevɔsa kple akpedavɔsa vɛ nam.” Ale Saul sa numevɔ la. 10 Esi wòwu vɔsawo nu vɔ tetee ko la, Samuel va do. Saul yi be yeakpee ado gbe nɛ. 11 Samuel biae be, “Nu kae nye esi nèwɔ?”Saul ɖo eŋu be, “Esi mekpɔ be nye aʋawɔlawo le kakam le ŋunye, evɔ mèva ɖo le ɣeyiɣi si nèɖo nam la dzi o, gawu la Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas. 12 Eya ta mesusui be azɔ la, Filistitɔwo ava dze dzinye le Gilgal evɔ nyemebia amenuveve tso Yehowa gbɔ o! Esia zi dzinye eye mewɔ numevɔsa la.” 13 Samuel gblɔ be, “Èwɔ bometsinu, mèlé Yehowa, wò Mawu la ƒe se si wòde na wò la me ɖe asi o. Nenye ɖe nèlé eme ɖe asi la, anye ne aɖo wò fiaɖuƒe la anyi le Israel hena ɣeyiɣiawo katã. 14 Ke azɔ la, wò fiaɖuƒe mali ke o. Yehowa di ame si eƒe dzi di la na eɖokui eye wòɖoe eƒe dukɔ la ƒe kplɔlae elabena mèlé Yehowa ƒe sedede me ɖe asi o.” 15 Tete Samuel dzo le Gilgal yi Gibea le Benyaminviwo ƒe anyigba dzi.Esi Saul xlẽ eƒe aʋawɔlawo la, ekpɔ be ame alafa ade koe susɔ! 16 Saul kple Yonatan kple ame alafa ade siawo ƒu asaɖa anyi ɖe Gibea le Benyaminviwo ƒe anyigba dzi le esime Filistitɔwo ganɔ Mikmas. 17 Filistitɔwo ƒe aʋalɔgo etɔ̃ ho tso woƒe asaɖa me be yewoayi aɖaha nuwo. Aʋalɔgo ɖeka ɖo ta Ofra le Sual nyigba dzi; 18 aʋalɔgo evelia yi Bet Horon eye etɔ̃lia ɖo ta liƒo si le Zeboim ƒe balime te ɖe gbegbe la ŋu la dzi. 19 Gbede aɖeke menɔ Israelnyigba blibo la dzi le ŋkeke mawo me o elabena Filistitɔwo gblɔ bena, ne menye nenema o la, Hebritɔwo ava tu yiwo alo akplɔwo! 20 Eya ta ɣe sia ɣi si Israelviwo di be yewoanyre yewoƒe agbleŋlɔnuwo, fiawo kple nuxanuwo la, wotsɔa wo yia Filistitɔwo ƒe gbedewo gbɔ. 21 Nenye be wonyre agbleŋlɔnuawo la, woxea klosaloga gram enyi, nenema kee nye fi hã, ke woxea klosaloga gram ene ɖe gaflu kple fiawo hekpe ɖe nuŋɔnuwo nyenyre ŋuti. 22 Ale yi alo akplɔ aɖeke menɔ Israel ƒe aʋakɔ blibo la si gbe ma gbe o negbe ɖekaɖeka siwo nɔ Saul kple Yonatan si ko. 23 Azɔ Filistitɔwo ɖe asrafo aɖewo woyi ɖaxɔ mɔ si ɖo ta Mikmas.

In Other Versions

1 Samuel 13 in the ANGEFD

1 Samuel 13 in the ANTPNG2D

1 Samuel 13 in the AS21

1 Samuel 13 in the BAGH

1 Samuel 13 in the BBPNG

1 Samuel 13 in the BBT1E

1 Samuel 13 in the BDS

1 Samuel 13 in the BEV

1 Samuel 13 in the BHAD

1 Samuel 13 in the BIB

1 Samuel 13 in the BLPT

1 Samuel 13 in the BNT

1 Samuel 13 in the BNTABOOT

1 Samuel 13 in the BNTLV

1 Samuel 13 in the BOATCB

1 Samuel 13 in the BOATCB2

1 Samuel 13 in the BOBCV

1 Samuel 13 in the BOCNT

1 Samuel 13 in the BOGWICC

1 Samuel 13 in the BOHCB

1 Samuel 13 in the BOHCV

1 Samuel 13 in the BOHLNT

1 Samuel 13 in the BOHNTLTAL

1 Samuel 13 in the BOICB

1 Samuel 13 in the BOILNTAP

1 Samuel 13 in the BOITCV

1 Samuel 13 in the BOKCV

1 Samuel 13 in the BOKCV2

1 Samuel 13 in the BOKHWOG

1 Samuel 13 in the BOKSSV

1 Samuel 13 in the BOLCB

1 Samuel 13 in the BOLCB2

1 Samuel 13 in the BOMCV

1 Samuel 13 in the BONAV

1 Samuel 13 in the BONCB

1 Samuel 13 in the BONLT

1 Samuel 13 in the BONUT2

1 Samuel 13 in the BOPLNT

1 Samuel 13 in the BOSCB

1 Samuel 13 in the BOSNC

1 Samuel 13 in the BOTLNT

1 Samuel 13 in the BOVCB

1 Samuel 13 in the BOYCB

1 Samuel 13 in the BPBB

1 Samuel 13 in the BPH

1 Samuel 13 in the BSB

1 Samuel 13 in the CCB

1 Samuel 13 in the CUV

1 Samuel 13 in the CUVS

1 Samuel 13 in the DBT

1 Samuel 13 in the DGDNT

1 Samuel 13 in the DHNT

1 Samuel 13 in the DNT

1 Samuel 13 in the ELBE

1 Samuel 13 in the EMTV

1 Samuel 13 in the ESV

1 Samuel 13 in the FBV

1 Samuel 13 in the FEB

1 Samuel 13 in the GGMNT

1 Samuel 13 in the GNT

1 Samuel 13 in the HARY

1 Samuel 13 in the HNT

1 Samuel 13 in the IRVA

1 Samuel 13 in the IRVB

1 Samuel 13 in the IRVG

1 Samuel 13 in the IRVH

1 Samuel 13 in the IRVK

1 Samuel 13 in the IRVM

1 Samuel 13 in the IRVM2

1 Samuel 13 in the IRVO

1 Samuel 13 in the IRVP

1 Samuel 13 in the IRVT

1 Samuel 13 in the IRVT2

1 Samuel 13 in the IRVU

1 Samuel 13 in the ISVN

1 Samuel 13 in the JSNT

1 Samuel 13 in the KAPI

1 Samuel 13 in the KBT1ETNIK

1 Samuel 13 in the KBV

1 Samuel 13 in the KJV

1 Samuel 13 in the KNFD

1 Samuel 13 in the LBA

1 Samuel 13 in the LBLA

1 Samuel 13 in the LNT

1 Samuel 13 in the LSV

1 Samuel 13 in the MAAL

1 Samuel 13 in the MBV

1 Samuel 13 in the MBV2

1 Samuel 13 in the MHNT

1 Samuel 13 in the MKNFD

1 Samuel 13 in the MNG

1 Samuel 13 in the MNT

1 Samuel 13 in the MNT2

1 Samuel 13 in the MRS1T

1 Samuel 13 in the NAA

1 Samuel 13 in the NASB

1 Samuel 13 in the NBLA

1 Samuel 13 in the NBS

1 Samuel 13 in the NBVTP

1 Samuel 13 in the NET2

1 Samuel 13 in the NIV11

1 Samuel 13 in the NNT

1 Samuel 13 in the NNT2

1 Samuel 13 in the NNT3

1 Samuel 13 in the PDDPT

1 Samuel 13 in the PFNT

1 Samuel 13 in the RMNT

1 Samuel 13 in the SBIAS

1 Samuel 13 in the SBIBS

1 Samuel 13 in the SBIBS2

1 Samuel 13 in the SBICS

1 Samuel 13 in the SBIDS

1 Samuel 13 in the SBIGS

1 Samuel 13 in the SBIHS

1 Samuel 13 in the SBIIS

1 Samuel 13 in the SBIIS2

1 Samuel 13 in the SBIIS3

1 Samuel 13 in the SBIKS

1 Samuel 13 in the SBIKS2

1 Samuel 13 in the SBIMS

1 Samuel 13 in the SBIOS

1 Samuel 13 in the SBIPS

1 Samuel 13 in the SBISS

1 Samuel 13 in the SBITS

1 Samuel 13 in the SBITS2

1 Samuel 13 in the SBITS3

1 Samuel 13 in the SBITS4

1 Samuel 13 in the SBIUS

1 Samuel 13 in the SBIVS

1 Samuel 13 in the SBT

1 Samuel 13 in the SBT1E

1 Samuel 13 in the SCHL

1 Samuel 13 in the SNT

1 Samuel 13 in the SUSU

1 Samuel 13 in the SUSU2

1 Samuel 13 in the SYNO

1 Samuel 13 in the TBIAOTANT

1 Samuel 13 in the TBT1E

1 Samuel 13 in the TBT1E2

1 Samuel 13 in the TFTIP

1 Samuel 13 in the TFTU

1 Samuel 13 in the TGNTATF3T

1 Samuel 13 in the THAI

1 Samuel 13 in the TNFD

1 Samuel 13 in the TNT

1 Samuel 13 in the TNTIK

1 Samuel 13 in the TNTIL

1 Samuel 13 in the TNTIN

1 Samuel 13 in the TNTIP

1 Samuel 13 in the TNTIZ

1 Samuel 13 in the TOMA

1 Samuel 13 in the TTENT

1 Samuel 13 in the UBG

1 Samuel 13 in the UGV

1 Samuel 13 in the UGV2

1 Samuel 13 in the UGV3

1 Samuel 13 in the VBL

1 Samuel 13 in the VDCC

1 Samuel 13 in the YALU

1 Samuel 13 in the YAPE

1 Samuel 13 in the YBVTP

1 Samuel 13 in the ZBP