2 Kings 16 (BOECS)

1 Le Peka, Remalia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiadrelia me la, Ahaz, Yotam ƒe vi, zu fia le Yuda. 2 Ahaz xɔ ƒe blaeve esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiade. Mewɔ nu si dzɔ le Yehowa, eƒe Mawu la ŋkume abe ale si tɔgbuia, Fia David wɔ ene o. 3 Eto Israel fiawo ƒe ʋeme eye wòtsɔ Via ŋutsu gɔ̃ hã wɔ dzovɔsa eye wòdze ŋunyɔnu siwo ke dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ la yome. 4 Esaa vɔ eye wòdoa dzudzɔ hã le nuxeƒewo le toawo dzi kple le vɔsamlekpui geɖe siwo le atiwo te la dzi. 5 Siria fia Rezin kple Israel fia Peka, Remalia ƒe vi ho aʋa ɖe Ahaz ŋu eye woɖe to ɖe Yerusalem, ke womete ŋu ɖu edzi o. 6 Le ɣe ma ɣi la, Siria fia Rezin gbugbɔ Siria du si nye Elat la xɔ. Enya Yudatɔwo le dua me eye wòna Edomtɔwo yi ɖanɔ afi ma; wogale Elat va se ɖe egbe. 7 Fia Ahaz ɖo du ɖe Asiria fia, Tiglat Pilser eye wòɖe kuku nɛ be, “Wò subɔlawo kple viwòwoe míenye, meɖe kuku, va nàɖem tso Aram fia kple Israel fia, ame siwo tso ɖe ŋunye la ƒe asi me.” 8 Ahaz tsɔ klosalo kple sika si le gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me la ɖo ɖe Asiria fia la abe nunana ene. 9 Ale Asiriatɔwo dze Damasko, Siria ƒe fiadu dzi, woɖe aboyo dua me tɔwo yi ɖada ɖe Kir eye wowu Siria fia Rezin. 10 Azɔ la, Fia Ahaz yi Damasko be yeawɔ takpekpe kple Asiria fia Tigat Pilser. Ekpɔ vɔsamlekpui aɖe le Damasko. Eŋlɔ vɔsamlekpui la ƒe dzidzemewo da ɖi, ta vɔsamlekpui la, ɖɔe tsitotsito ɖo ɖe nunɔla Uria. 11 Ale nunɔla Uria tu vɔsamlekpui aɖe, wòsɔ ɖe tata si Fia Ahaz tsɔ ɖo ɖa tso Damasko la dzi eye wòwu enu hafi Fia Ahaz gbɔ. 12 Esi fia la gbɔ tso Damasko eye wòkpɔ vɔsamlekpuia la, ete ɖe eŋu eye wòsa vɔwo le edzi. 13 Fia la sa numevɔ kple nuɖuvɔ, kɔ nunovɔ ɖe edzi eye wòhlẽ ŋutifafavɔsa ƒe ʋu ɖe edzi. 14 Etsɔ akɔblivɔsamlekpui si nɔ gbedoxɔ la ŋgɔ, le gbedoxɔ la ƒe mɔnu kple vɔsamlekpui yeye la dome la yi ɖada ɖe vɔsamlekpui yeye la ƒe axadzi le anyiehe lɔƒo. 15 Fia Ahaz gblɔ na nunɔla Uria be wòawɔ vɔsamlekpui yeye la ŋu dɔ le numevɔwo, fiẽnuɖuvɔwo, fia ƒe numevɔwo kple nuɖuvɔwo kple ameawo ƒe vɔsawo kple woƒe nunovɔwo sasa me. Wòatsɔ numevɔsawo kple akpedavɔsawo ƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui yeye la ŋu, ke ye ŋutɔ yeawɔ akɔblivɔsamlekpui xoxo la ŋu dɔ hena nukaka ko. 16 Nunɔla Uria, wɔ fia Ahaz ƒe ɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ. 17 Fia Ahaz ɖe nyinɔ siwo dzi nuwo nɔ le gbedoxɔ la me ɖe ga siwo wotsɔ tso gae ɖe wo nɔewo dzi kple gazɔ gã si nɔ akɔblinyiawo dzi la da ɖe kpui la dzi. 18 Le bubudede Asiria fia ŋu ta la, Israel fia na woɖe Dzudzɔgbe ƒe agbadɔ si le gbedoxɔa me la ɖa eye wòna woɖe mɔnu tɔxɛ si fiawo tona gena ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la hã ɖa. 19 Woŋlɔ Fia Ahaz ƒe fiaɖuɖu ƒe ŋutinya mamlɛawo kple nu siwo wòwɔ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 20 Esi Ahaz ku la, woɖii ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ le David ƒe du la me. Ke via Hezekia zu fia ɖe eteƒe.

In Other Versions

2 Kings 16 in the ANGEFD

2 Kings 16 in the ANTPNG2D

2 Kings 16 in the AS21

2 Kings 16 in the BAGH

2 Kings 16 in the BBPNG

2 Kings 16 in the BBT1E

2 Kings 16 in the BDS

2 Kings 16 in the BEV

2 Kings 16 in the BHAD

2 Kings 16 in the BIB

2 Kings 16 in the BLPT

2 Kings 16 in the BNT

2 Kings 16 in the BNTABOOT

2 Kings 16 in the BNTLV

2 Kings 16 in the BOATCB

2 Kings 16 in the BOATCB2

2 Kings 16 in the BOBCV

2 Kings 16 in the BOCNT

2 Kings 16 in the BOGWICC

2 Kings 16 in the BOHCB

2 Kings 16 in the BOHCV

2 Kings 16 in the BOHLNT

2 Kings 16 in the BOHNTLTAL

2 Kings 16 in the BOICB

2 Kings 16 in the BOILNTAP

2 Kings 16 in the BOITCV

2 Kings 16 in the BOKCV

2 Kings 16 in the BOKCV2

2 Kings 16 in the BOKHWOG

2 Kings 16 in the BOKSSV

2 Kings 16 in the BOLCB

2 Kings 16 in the BOLCB2

2 Kings 16 in the BOMCV

2 Kings 16 in the BONAV

2 Kings 16 in the BONCB

2 Kings 16 in the BONLT

2 Kings 16 in the BONUT2

2 Kings 16 in the BOPLNT

2 Kings 16 in the BOSCB

2 Kings 16 in the BOSNC

2 Kings 16 in the BOTLNT

2 Kings 16 in the BOVCB

2 Kings 16 in the BOYCB

2 Kings 16 in the BPBB

2 Kings 16 in the BPH

2 Kings 16 in the BSB

2 Kings 16 in the CCB

2 Kings 16 in the CUV

2 Kings 16 in the CUVS

2 Kings 16 in the DBT

2 Kings 16 in the DGDNT

2 Kings 16 in the DHNT

2 Kings 16 in the DNT

2 Kings 16 in the ELBE

2 Kings 16 in the EMTV

2 Kings 16 in the ESV

2 Kings 16 in the FBV

2 Kings 16 in the FEB

2 Kings 16 in the GGMNT

2 Kings 16 in the GNT

2 Kings 16 in the HARY

2 Kings 16 in the HNT

2 Kings 16 in the IRVA

2 Kings 16 in the IRVB

2 Kings 16 in the IRVG

2 Kings 16 in the IRVH

2 Kings 16 in the IRVK

2 Kings 16 in the IRVM

2 Kings 16 in the IRVM2

2 Kings 16 in the IRVO

2 Kings 16 in the IRVP

2 Kings 16 in the IRVT

2 Kings 16 in the IRVT2

2 Kings 16 in the IRVU

2 Kings 16 in the ISVN

2 Kings 16 in the JSNT

2 Kings 16 in the KAPI

2 Kings 16 in the KBT1ETNIK

2 Kings 16 in the KBV

2 Kings 16 in the KJV

2 Kings 16 in the KNFD

2 Kings 16 in the LBA

2 Kings 16 in the LBLA

2 Kings 16 in the LNT

2 Kings 16 in the LSV

2 Kings 16 in the MAAL

2 Kings 16 in the MBV

2 Kings 16 in the MBV2

2 Kings 16 in the MHNT

2 Kings 16 in the MKNFD

2 Kings 16 in the MNG

2 Kings 16 in the MNT

2 Kings 16 in the MNT2

2 Kings 16 in the MRS1T

2 Kings 16 in the NAA

2 Kings 16 in the NASB

2 Kings 16 in the NBLA

2 Kings 16 in the NBS

2 Kings 16 in the NBVTP

2 Kings 16 in the NET2

2 Kings 16 in the NIV11

2 Kings 16 in the NNT

2 Kings 16 in the NNT2

2 Kings 16 in the NNT3

2 Kings 16 in the PDDPT

2 Kings 16 in the PFNT

2 Kings 16 in the RMNT

2 Kings 16 in the SBIAS

2 Kings 16 in the SBIBS

2 Kings 16 in the SBIBS2

2 Kings 16 in the SBICS

2 Kings 16 in the SBIDS

2 Kings 16 in the SBIGS

2 Kings 16 in the SBIHS

2 Kings 16 in the SBIIS

2 Kings 16 in the SBIIS2

2 Kings 16 in the SBIIS3

2 Kings 16 in the SBIKS

2 Kings 16 in the SBIKS2

2 Kings 16 in the SBIMS

2 Kings 16 in the SBIOS

2 Kings 16 in the SBIPS

2 Kings 16 in the SBISS

2 Kings 16 in the SBITS

2 Kings 16 in the SBITS2

2 Kings 16 in the SBITS3

2 Kings 16 in the SBITS4

2 Kings 16 in the SBIUS

2 Kings 16 in the SBIVS

2 Kings 16 in the SBT

2 Kings 16 in the SBT1E

2 Kings 16 in the SCHL

2 Kings 16 in the SNT

2 Kings 16 in the SUSU

2 Kings 16 in the SUSU2

2 Kings 16 in the SYNO

2 Kings 16 in the TBIAOTANT

2 Kings 16 in the TBT1E

2 Kings 16 in the TBT1E2

2 Kings 16 in the TFTIP

2 Kings 16 in the TFTU

2 Kings 16 in the TGNTATF3T

2 Kings 16 in the THAI

2 Kings 16 in the TNFD

2 Kings 16 in the TNT

2 Kings 16 in the TNTIK

2 Kings 16 in the TNTIL

2 Kings 16 in the TNTIN

2 Kings 16 in the TNTIP

2 Kings 16 in the TNTIZ

2 Kings 16 in the TOMA

2 Kings 16 in the TTENT

2 Kings 16 in the UBG

2 Kings 16 in the UGV

2 Kings 16 in the UGV2

2 Kings 16 in the UGV3

2 Kings 16 in the VBL

2 Kings 16 in the VDCC

2 Kings 16 in the YALU

2 Kings 16 in the YAPE

2 Kings 16 in the YBVTP

2 Kings 16 in the ZBP