Acts 16 (BOECS)

1 Teƒe gbãtɔ si Paulo kple Sila de lae nye Derbe. Emegbe la, woyi Listra. Le afi sia la, wodo go nusrɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Timoteo, ame si dada nye Yudatɔ kple xɔsetɔ, ke fofoa nye Grikitɔ. 2 Timoteo nye ɖekakpui aɖe si ƒe dɔwɔwɔ dze kristotɔ siwo le Listra kple Ikonio la ŋu ŋutɔ. 3 Le esia ta la, Paulo bia tso esi be wòadze yewo yome le yewoƒe mɔzɔzɔ la me. Hafi woadze mɔ la, Paulo tso aʋa na Timoteo be wòaganye nuɖianu na Yudatɔ siwo le nuto la me o, elabena ele nyanya me na ame sia ame be Helatɔe nye Timoteo fofo. 4 Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi henɔ tsatsam le duwo me. Afi sia afi si woɖo la, wogblɔa nya siwo dzi apostolowo kple hamemegãwo ɖo kpee le Yerusalem la na wo be woalé wo me ɖe asi. 5 Esia na be hameawo tsi ɖe edzi le xɔse me, eye woƒe xexlẽme hã dzi ɖe edzi. 6 Tso afi ma la, woyi Frigia kple Galatia nuto me, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la meɖe mɔ na wo be woayi Asianyigba dzi le ɣeyiɣi sia me o. 7 Woto Misia liƒo dzi heyina Bitinia lɔƒo. Ke Yesu ƒe gbɔgbɔ gaxe mɔ na wo, eya ta womete ŋu yi Bitinia o, 8 ke boŋ woto Misia nuto me heyi Troa. 9 Le gbe ma gbe ƒe zã me la, Paulo kpɔ ŋutega aɖe. Ekpɔ ame aɖe si tsi tsitre ɖe Makedonia le Helanyigba dzi nɔ kuku ɖem nɛ be, “Tso ƒu la nàva mía gbɔ le Makedonia afi sia, ne nàva kpe ɖe mía ŋu.” 10 Enumake míeɖoe be míayi Makedonia, elabena edze na mí kɔtɛe be Mawu le mía ɖom ɖe afi ma be míaɖagblɔ nyanyui la. 11 Míeɖo tɔdziʋu le Troa va Samotrake, eye le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Neapoli. 12 Mlɔeba la, míeva ɖo Filipi si nye Romatɔwo ƒe du aɖe si le Makedonianyigba ƒe liƒo dzi tututu. Míenɔ afi ma ŋkeke geɖewo. 13 Le Dzudzɔgbe dzi la, míeyi tɔsisi aɖe si didi tso dua gbɔ vie la to, afi si míese be ame aɖewo ƒoa ƒu ɖo doa gbe ɖa le, eye gbe ma gbe la, míegblɔ mawunya na nyɔnu siwo va teƒea. 14 Nyɔnu siawo dometɔ ɖekae nye Lidia, si nye avɔdzrala aɖe tso Tiatira. Enye mawuvɔ̃la xoxo, eye esi Paulo nɔ nu ƒom la, Mawu ʋu eƒe dzi, eye wòxɔ nya siwo katã Paulo gblɔ la dzi se. 15 Esia ta míede mawutsi ta na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã, eye emegbe la, ekpe mí be míava dze yeƒe aƒe me. Lidia gblɔ na mí be, “Ne miexɔe se tututu be menye Aƒetɔ la dzixɔsela vavã la, ekema miva dze gbɔnye.” Eƒoe ɖe mía nu ʋuu va se ɖe esime míelɔ̃ ɖadze egbɔ. 16 Gbe ɖeka la, esi míenɔ mɔ dzi yina gbedoɖaƒe le tɔa to la, míedo go dɔlanyɔnuvi aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ, eye wòtea ŋu kaa nu na amewo, eye to esia me wòwɔa ga geɖe ŋutɔ na eƒe aƒetɔ, elabena kluvi wònye. 17 Ɖetugbi sia nɔ Paulo kple mía yome nɔ ɣli dom be, “Ame siawo la, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe dɔlawo wonye, eye ɖe wova be yewoafia ale si miawɔ be miakpɔ ɖeɖe la mi.” 18 Ɖetugbi la wɔ nu sia ŋkeke geɖe, ke gbe ɖeka la, eva glo Paulo, ale wòtrɔ ɖe ɖetugbi la ŋu heblu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ si le eme la ta be, “Mele gbe ɖem na wò le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be nàdo go le ɖetugbi sia me fifi laa!” Gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme enumake. 19 Nuwɔna sia do dziku na ɖetugbi sia ƒe aƒetɔwo, elabena wobu woƒe gakpɔmɔnu. Le esia ta la, wona wolé Paulo kple Silas hekplɔ wo yi dumegãwo ƒe ŋkume le dutoƒo. 20 Wotso wo nu le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume be, “Yudatɔ siawo va le to gblẽm na amewo le dua me 21 be woawɔ nu siwo tsi tsitre ɖe Romatɔwo ƒe sewo ŋu.” 22 Kasia, ameha gã aɖe va ƒo ƒu tsi tsitre ɖe wo ŋu. Ʋɔnudrɔ̃lawo na be wodze woƒe awuwo, eye woɖe gbe be woaƒo wo kple ati. 23 Esi woƒo wo wòte wo ŋu nyuie la, wotsɔ wo de gaxɔ me, eye wogblɔ na gaxɔdzikpɔla vevie be wòakpɔ wo dzi nyuie. 24 Le esia ta la, gaxɔdzikpɔla hã mefe kpli wo kura o. Etsɔ wo de gaxɔa ƒe gogloeaƒe ke, eye wòde ga afɔ na wo sesĩe. 25 Le zã bliboa me la, Paulo kple Silas wonɔ gbe dom ɖa, nɔ ha dzim, nɔ Mawu kafum. Gaxɔmenɔla bubuawo hã nɔ woƒe hawo sem. 26 Le zã ga wuieve me lɔƒo la, anyigba ʋuʋu sesĩe, eye gaxɔ blibo la ƒe gɔmeɖokpewo ʋuʋu kpekpekpe, ʋɔtruawo katã ʋu le wo ɖokuiwo si, eye ga si wode gaxɔmenɔla ɖe sia ɖe la ɖe ɖa. 27 Esi gaxɔdzikpɔla nyɔ tso alɔ̃ me, eye wòkpɔ be ʋɔtruawo katã nɔ ʋuʋu ɖi la, vɔvɔ̃ ɖoe, elabena ebu be gamenɔlawo katã si dzo. Le esia ta la, eɖe eƒe yi le aku me be yeawu ye ɖokui. 28 Ke Paulo do ɣli gblɔ nɛ be, “Nɔvi, mègawɔ nu vevi ɖokuiwò o; mí katã míele afi sia.” 29 Enumake gaxɔdzikpɔla la bia akaɖi; eƒu du yi ɖe eme, eye wòdze klo ɖe Paulo kple Silas ƒe afɔ nu le dzodzom nyanyanya. 30 Ekplɔ wo do goe hebia be, “Aƒetɔwo, nu kae le nam be mawɔ be makpɔ ɖeɖe?” 31 Woɖo eŋu nɛ be, “Xɔ Aƒetɔ Yesu dzi se, ekema wò kple wò aƒe blibo la miakpɔ xɔxɔ.” 32 Wogblɔ Aƒetɔ la ƒe nya na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã. 33 Le zã ma ke me la, gaxɔdzikpɔla klɔ woƒe abiwo na wo, eye enumake wode mawutsi ta na eya kple eƒe aƒe blibo la. 34 Ena nu wo woɖu, eye aƒea me tɔwo katã yɔ fũu kple dzidzɔ, elabena wotrɔ zu Mawu dzi xɔselawo. 35 Le ŋdi me la, ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo kpovitɔwo ɖe gaxɔdzikpɔla la kple gbeɖeɖe sia be, “Ɖe asi le ŋutsu mawo ŋu ne woadzo.” 36 Gaxɔdzikpɔla la gblɔ nya la na Paulo be, “Ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo gbe ɖa be woaɖe asi le wò kple Sila ŋuti, eya ta miate ŋu adzo azɔ. Miyi le ŋutifafa me.” 37 Ke Paulo gblɔ na kpovitɔwo be, “Woƒo mí le dutoƒo ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e togbɔ be míenye Romatɔwo hã; wode mí gaxɔ me, ke azɔ la, woaɖe mí ado goe le adzamea? Gbeɖe! Ɖeko woawo ŋutɔ nava hafi woakplɔ mí adoe.” 38 Kpovitɔ siwo wodɔ ɖo ɖe gaxɔdzikpɔla gbɔ la trɔ va gblɔ Paulo ƒe nya la na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ esi wose be Paulo kple Sila nye Romatɔwo ta. 39 Dumegãwo ɖe abla va wo gbɔ le gaxɔ la me, eye woɖe kuku na wo be woado go adzo le dua me. 40 Wodo go le gaxɔ la me. Ale Paulo kple Sila trɔ yi Lidia ƒe aƒe me, eye xɔsetɔwo va ƒo ƒu ɖe wo ŋu, eye wogagblɔ nyanyui la na wo hafi dzo le dua me.

In Other Versions

Acts 16 in the ANGEFD

Acts 16 in the ANTPNG2D

Acts 16 in the AS21

Acts 16 in the BAGH

Acts 16 in the BBPNG

Acts 16 in the BBT1E

Acts 16 in the BDS

Acts 16 in the BEV

Acts 16 in the BHAD

Acts 16 in the BIB

Acts 16 in the BLPT

Acts 16 in the BNT

Acts 16 in the BNTABOOT

Acts 16 in the BNTLV

Acts 16 in the BOATCB

Acts 16 in the BOATCB2

Acts 16 in the BOBCV

Acts 16 in the BOCNT

Acts 16 in the BOGWICC

Acts 16 in the BOHCB

Acts 16 in the BOHCV

Acts 16 in the BOHLNT

Acts 16 in the BOHNTLTAL

Acts 16 in the BOICB

Acts 16 in the BOILNTAP

Acts 16 in the BOITCV

Acts 16 in the BOKCV

Acts 16 in the BOKCV2

Acts 16 in the BOKHWOG

Acts 16 in the BOKSSV

Acts 16 in the BOLCB

Acts 16 in the BOLCB2

Acts 16 in the BOMCV

Acts 16 in the BONAV

Acts 16 in the BONCB

Acts 16 in the BONLT

Acts 16 in the BONUT2

Acts 16 in the BOPLNT

Acts 16 in the BOSCB

Acts 16 in the BOSNC

Acts 16 in the BOTLNT

Acts 16 in the BOVCB

Acts 16 in the BOYCB

Acts 16 in the BPBB

Acts 16 in the BPH

Acts 16 in the BSB

Acts 16 in the CCB

Acts 16 in the CUV

Acts 16 in the CUVS

Acts 16 in the DBT

Acts 16 in the DGDNT

Acts 16 in the DHNT

Acts 16 in the DNT

Acts 16 in the ELBE

Acts 16 in the EMTV

Acts 16 in the ESV

Acts 16 in the FBV

Acts 16 in the FEB

Acts 16 in the GGMNT

Acts 16 in the GNT

Acts 16 in the HARY

Acts 16 in the HNT

Acts 16 in the IRVA

Acts 16 in the IRVB

Acts 16 in the IRVG

Acts 16 in the IRVH

Acts 16 in the IRVK

Acts 16 in the IRVM

Acts 16 in the IRVM2

Acts 16 in the IRVO

Acts 16 in the IRVP

Acts 16 in the IRVT

Acts 16 in the IRVT2

Acts 16 in the IRVU

Acts 16 in the ISVN

Acts 16 in the JSNT

Acts 16 in the KAPI

Acts 16 in the KBT1ETNIK

Acts 16 in the KBV

Acts 16 in the KJV

Acts 16 in the KNFD

Acts 16 in the LBA

Acts 16 in the LBLA

Acts 16 in the LNT

Acts 16 in the LSV

Acts 16 in the MAAL

Acts 16 in the MBV

Acts 16 in the MBV2

Acts 16 in the MHNT

Acts 16 in the MKNFD

Acts 16 in the MNG

Acts 16 in the MNT

Acts 16 in the MNT2

Acts 16 in the MRS1T

Acts 16 in the NAA

Acts 16 in the NASB

Acts 16 in the NBLA

Acts 16 in the NBS

Acts 16 in the NBVTP

Acts 16 in the NET2

Acts 16 in the NIV11

Acts 16 in the NNT

Acts 16 in the NNT2

Acts 16 in the NNT3

Acts 16 in the PDDPT

Acts 16 in the PFNT

Acts 16 in the RMNT

Acts 16 in the SBIAS

Acts 16 in the SBIBS

Acts 16 in the SBIBS2

Acts 16 in the SBICS

Acts 16 in the SBIDS

Acts 16 in the SBIGS

Acts 16 in the SBIHS

Acts 16 in the SBIIS

Acts 16 in the SBIIS2

Acts 16 in the SBIIS3

Acts 16 in the SBIKS

Acts 16 in the SBIKS2

Acts 16 in the SBIMS

Acts 16 in the SBIOS

Acts 16 in the SBIPS

Acts 16 in the SBISS

Acts 16 in the SBITS

Acts 16 in the SBITS2

Acts 16 in the SBITS3

Acts 16 in the SBITS4

Acts 16 in the SBIUS

Acts 16 in the SBIVS

Acts 16 in the SBT

Acts 16 in the SBT1E

Acts 16 in the SCHL

Acts 16 in the SNT

Acts 16 in the SUSU

Acts 16 in the SUSU2

Acts 16 in the SYNO

Acts 16 in the TBIAOTANT

Acts 16 in the TBT1E

Acts 16 in the TBT1E2

Acts 16 in the TFTIP

Acts 16 in the TFTU

Acts 16 in the TGNTATF3T

Acts 16 in the THAI

Acts 16 in the TNFD

Acts 16 in the TNT

Acts 16 in the TNTIK

Acts 16 in the TNTIL

Acts 16 in the TNTIN

Acts 16 in the TNTIP

Acts 16 in the TNTIZ

Acts 16 in the TOMA

Acts 16 in the TTENT

Acts 16 in the UBG

Acts 16 in the UGV

Acts 16 in the UGV2

Acts 16 in the UGV3

Acts 16 in the VBL

Acts 16 in the VDCC

Acts 16 in the YALU

Acts 16 in the YAPE

Acts 16 in the YBVTP

Acts 16 in the ZBP