Colossians 2 (BOECS)

1 Adzɔ dzi nam ŋutɔ nenye be ɖe mianya ale si meʋlina ŋutɔ ɖe miawo kple ame siwo le Laodikea la kple nɔvi vevi bubu siwo menyam kura o la hã ta. 2 Nu si mebia Mawu na mi lae nye be dzideƒo nanɔ mia si, eye lɔlɔ̃ ƒe ŋusẽ nabla mi ɖekae, ale be miate ŋu akpɔ mɔnu anya Kristo le kakaɖedzi me kple gɔmesese deto vavãtɔ, elabena Mawu ƒe ɖoɖo ɣaɣla si wòva ɖe fia mlɔeba lae nye Kristo ŋutɔ. 3 Eya mee wòɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo. 4 Mele nya siawo gblɔm na mi elabena mele vɔvɔ̃m be ame aɖe ate ŋu ava ble mi alo ado lã mi to eƒe aɖe ŋanɛ nyawo gbɔgblɔ na mi me. 5 Togbɔ be nyemele mia gbɔ le ŋutilã me o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me. Mekpɔ dzidzɔ, elabena miele agbe nɔm nyuie, eye miaƒe xɔse hã le ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le Kristo me. 6 Azɔ abe ale si miexɔ Yesu Kristo, Aƒetɔ la dzi se be aɖe mi ene la, mixɔ se nenema ke le miaƒe gbe sia gbe ƒe nuwɔnawo me. 7 Mili ke ɖe eya amea me blibo eye miaxɔ nunyiame tso egbɔ. Mikpɔ egbɔ be mietsi ɖe edzi le xɔse me. Mina dzidzɔ kple akpedada nayɔ miaƒe agbe me fũu ɖe nu gã siwo katã wòwɔ na mi la ta. 8 Migana ame aɖeke nakplɔ mi ayi aboyo me to xexemenunya kple beble dzodzro me o. Wotu wo ɖe amegbetɔ ƒe nunya kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo dzi, ke menye ɖe nu siwo Kristo gblɔ dzi o. 9 Elabena Mawu ƒe blibonyenye la katã nɔ Kristo me le ŋutilã ƒe dzedzeme nu, 10 eye blibonyenye sia yɔ mi fũu le Kristo si nye ta na ŋusẽwo kple dziɖulanyenyewo katã me. 11 Eya amea me hã wotso aʋa na mi, le esime mieɖe miaƒe dzɔdzɔmenu vɔ̃ si nye ŋutilã la ɖa, menye kple aʋatsotso si wotsɔ asi tsoe o, ke esi wowɔ to Kristo me la boŋ. 12 To mawutsideta me, mieku kplii, eye mietsi tsitre kplii to miaƒe xɔse si le Mawu ƒe ŋusẽ si fɔe tso ame kukuwo dome la me. 13 Esime mienye ame kukuwo le dzidadawo me, eye mienye Yudaviwo o ta, Mawu na be miekpɔ gome le Kristo ƒe agbenɔnɔ me, elabena etsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi, 14 eye wòtutu nya si wotsɔ ɖe mia ŋuti la ɖa, vodada siawo nye eƒe se siwo dzi mieda le la. Etsɔ nu vɔ̃ siawo katã klã ɖe atitsoga ŋuti, eye wòɖe wo ɖa. 15 To esia me la, eɖe gbɔgbɔwo ƒe dziɖuɖu kple ŋusẽ ɖa, eye wòdo ŋukpe wo le gaglãgbe, eye wòkpɔ dziɖuɖu ɖe wo dzi. 16 Eya ta migana ame aɖeke naɖe ɖeklemi kpli mi le nu si mieɖuna alo nona ŋu loo, alo ale si miawo mieɖua Yudatɔwo ƒe azãwo, ŋkekenyuiwo, dzinu yeye ƒe wɔnawo kple Dzudzɔgbe ŋkekewo o la ta o. 17 Elabena esiawo nye nu siwo gbɔna la ƒe vɔvɔli; ke nu la ŋutɔ le Kristo me va. 18 Migana ame aɖeke nable mi be esi miegbe be yewomasubɔ mawudɔlawo abe ale si wogblɔ na mi ene o ta la, miele tsɔtsrɔ̃ ge o. Wogblɔna be yewokpɔ ŋutega, eye yewonya be ele be miasubɔ mawudɔlawo. Ame siawo nye dadalawo togbɔ be wogblɔna be yewonye ɖokuibɔbɔɖeanyilawo hã. Susu wɔnuku le wo si. 19 Ke womeku ɖe Kristo si nye ta si ŋu mi ame siwo katã nye eƒe ŋutilã la ku ɖo la ŋu o, elabena eƒe lãmeka sesẽwo Mawu tsɔ bla mí ɖekae, eye míetea ŋu tsina, elabena míexɔa nunyiame kple ŋusẽ tso eya ɖeka ko gbɔ. 20 Le nyateƒe me, esi mieku kple Kristo ta la, mievo tso nu si xexemetɔwo buna tso ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti la ƒe asi me. Ne ele alea la, nu ka ta miegale wo wɔwɔ dzi, eye woƒe se mawo gabla mi ɖo? 21 “Wobe migaɖu esi o! Migaɖɔ ekemɛ kpɔ o! Eye wobe migaka asi nuɖuɖu aɖewo ya ŋuti kura o!” Nu ka tae? 22 Nu siawo katã le gbegblẽ ge to wo ŋuti dɔ wɔwɔ me le amewo ƒe sededewo kple nufiafiawo nu. 23 Se siawo anya dze se nyuiwoe, elabena wonye se siwo hiã ameɖokuitsɔtsɔke kple ɖokuibɔbɔ blibo kpakple fuwɔwɔ ame ƒe ŋutilã, eye wo dzi wɔwɔ sesẽ, gake ŋusẽ aɖeke mele wo si be ame natsɔ aɖu eƒe susuwo kple dzodzro vɔ̃wo dzi o. Ɖeko wonana ame dana.

In Other Versions

Colossians 2 in the ANGEFD

Colossians 2 in the ANTPNG2D

Colossians 2 in the AS21

Colossians 2 in the BAGH

Colossians 2 in the BBPNG

Colossians 2 in the BBT1E

Colossians 2 in the BDS

Colossians 2 in the BEV

Colossians 2 in the BHAD

Colossians 2 in the BIB

Colossians 2 in the BLPT

Colossians 2 in the BNT

Colossians 2 in the BNTABOOT

Colossians 2 in the BNTLV

Colossians 2 in the BOATCB

Colossians 2 in the BOATCB2

Colossians 2 in the BOBCV

Colossians 2 in the BOCNT

Colossians 2 in the BOGWICC

Colossians 2 in the BOHCB

Colossians 2 in the BOHCV

Colossians 2 in the BOHLNT

Colossians 2 in the BOHNTLTAL

Colossians 2 in the BOICB

Colossians 2 in the BOILNTAP

Colossians 2 in the BOITCV

Colossians 2 in the BOKCV

Colossians 2 in the BOKCV2

Colossians 2 in the BOKHWOG

Colossians 2 in the BOKSSV

Colossians 2 in the BOLCB

Colossians 2 in the BOLCB2

Colossians 2 in the BOMCV

Colossians 2 in the BONAV

Colossians 2 in the BONCB

Colossians 2 in the BONLT

Colossians 2 in the BONUT2

Colossians 2 in the BOPLNT

Colossians 2 in the BOSCB

Colossians 2 in the BOSNC

Colossians 2 in the BOTLNT

Colossians 2 in the BOVCB

Colossians 2 in the BOYCB

Colossians 2 in the BPBB

Colossians 2 in the BPH

Colossians 2 in the BSB

Colossians 2 in the CCB

Colossians 2 in the CUV

Colossians 2 in the CUVS

Colossians 2 in the DBT

Colossians 2 in the DGDNT

Colossians 2 in the DHNT

Colossians 2 in the DNT

Colossians 2 in the ELBE

Colossians 2 in the EMTV

Colossians 2 in the ESV

Colossians 2 in the FBV

Colossians 2 in the FEB

Colossians 2 in the GGMNT

Colossians 2 in the GNT

Colossians 2 in the HARY

Colossians 2 in the HNT

Colossians 2 in the IRVA

Colossians 2 in the IRVB

Colossians 2 in the IRVG

Colossians 2 in the IRVH

Colossians 2 in the IRVK

Colossians 2 in the IRVM

Colossians 2 in the IRVM2

Colossians 2 in the IRVO

Colossians 2 in the IRVP

Colossians 2 in the IRVT

Colossians 2 in the IRVT2

Colossians 2 in the IRVU

Colossians 2 in the ISVN

Colossians 2 in the JSNT

Colossians 2 in the KAPI

Colossians 2 in the KBT1ETNIK

Colossians 2 in the KBV

Colossians 2 in the KJV

Colossians 2 in the KNFD

Colossians 2 in the LBA

Colossians 2 in the LBLA

Colossians 2 in the LNT

Colossians 2 in the LSV

Colossians 2 in the MAAL

Colossians 2 in the MBV

Colossians 2 in the MBV2

Colossians 2 in the MHNT

Colossians 2 in the MKNFD

Colossians 2 in the MNG

Colossians 2 in the MNT

Colossians 2 in the MNT2

Colossians 2 in the MRS1T

Colossians 2 in the NAA

Colossians 2 in the NASB

Colossians 2 in the NBLA

Colossians 2 in the NBS

Colossians 2 in the NBVTP

Colossians 2 in the NET2

Colossians 2 in the NIV11

Colossians 2 in the NNT

Colossians 2 in the NNT2

Colossians 2 in the NNT3

Colossians 2 in the PDDPT

Colossians 2 in the PFNT

Colossians 2 in the RMNT

Colossians 2 in the SBIAS

Colossians 2 in the SBIBS

Colossians 2 in the SBIBS2

Colossians 2 in the SBICS

Colossians 2 in the SBIDS

Colossians 2 in the SBIGS

Colossians 2 in the SBIHS

Colossians 2 in the SBIIS

Colossians 2 in the SBIIS2

Colossians 2 in the SBIIS3

Colossians 2 in the SBIKS

Colossians 2 in the SBIKS2

Colossians 2 in the SBIMS

Colossians 2 in the SBIOS

Colossians 2 in the SBIPS

Colossians 2 in the SBISS

Colossians 2 in the SBITS

Colossians 2 in the SBITS2

Colossians 2 in the SBITS3

Colossians 2 in the SBITS4

Colossians 2 in the SBIUS

Colossians 2 in the SBIVS

Colossians 2 in the SBT

Colossians 2 in the SBT1E

Colossians 2 in the SCHL

Colossians 2 in the SNT

Colossians 2 in the SUSU

Colossians 2 in the SUSU2

Colossians 2 in the SYNO

Colossians 2 in the TBIAOTANT

Colossians 2 in the TBT1E

Colossians 2 in the TBT1E2

Colossians 2 in the TFTIP

Colossians 2 in the TFTU

Colossians 2 in the TGNTATF3T

Colossians 2 in the THAI

Colossians 2 in the TNFD

Colossians 2 in the TNT

Colossians 2 in the TNTIK

Colossians 2 in the TNTIL

Colossians 2 in the TNTIN

Colossians 2 in the TNTIP

Colossians 2 in the TNTIZ

Colossians 2 in the TOMA

Colossians 2 in the TTENT

Colossians 2 in the UBG

Colossians 2 in the UGV

Colossians 2 in the UGV2

Colossians 2 in the UGV3

Colossians 2 in the VBL

Colossians 2 in the VDCC

Colossians 2 in the YALU

Colossians 2 in the YAPE

Colossians 2 in the YBVTP

Colossians 2 in the ZBP