Deuteronomy 11 (BOECS)

1 “Ele be nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nàwɔ eƒe sewo katã dzi. 2 Miɖo to! Nyemele nu ƒom fifia na mia viwo, ame siwo mekpɔ eƒe tohehe na Egiptetɔwo alo eƒe gãnyenye kple ŋusẽ teƒe kpɔ o. 3 Womenɔ afi ma kpɔ nukunu siwo wòwɔ le Egipte ɖe Farao kple eƒe anyigba blibo la ŋu o. 4 Womekpɔ nu si Mawu wɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔwo, woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo, ale si wònyrɔ wo ɖe Ƒu Dzĩ la me esi wodze mia yome kple ale si Yehowa na woƒe ŋusẽ ɖe mia ŋu nu ku va se ɖe egbeŋkeke sia dzi o! 5 Womekpɔ ale si Yehowa kpɔ mia dzi ɣe sia ɣi le ƒe siwo katã me mienɔ tsaglalã tsam le gbedzi va se ɖe esime mieɖo afi sia o. 6 Womenɔ afi ma esime Datan kple Abiram, Eliab ƒe viŋutsuwo kple Ruben ƒe dzidzimeviwo wɔ nu vɔ̃, eye anyigba ke nu mi wo, woƒe aƒemetɔwo, agbadɔwo kple woƒe nuwo katã le Israelviwo katã ŋkume o! 7 “Ke miawo la, miekpɔ Yehowa ƒe nukunu gã siawo teƒe, 8 eya ta wòle be miawɔ se siwo mele mia nam egbe la dzi pɛpɛpɛ ale be miate ŋu akpɔ ŋusẽ be miayi anyigba si dzi miele gege ge ɖo fifia, eye miaxɔe. 9 Ne miewɔ seawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo kple miawo kple miaƒe dzidzimeviwo la dzi. Anyigba la nye anyigba wɔnuku aɖe si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo!’ 10 Anyigba si dzi miage ɖo, eye miaxɔ la, mele abe Egiptenyigba, afi si mietso, afi si wòhiã le be miadze tɔʋu suewo ɖe miaƒe agblewo me, ana tsi nato wo me hena miaƒe agblemenukuwo ƒe wɔwɔ ene o. 11 Anyigba nyui aɖe si dzi towo kple balimewo le, eye tsi dzana le nyuie la wònye, 12 anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la ŋutɔ léa be na, eye eƒe ŋku le anyigba la ŋu ɣe sia ɣi tso ŋkeke yi ŋkeke le ƒe blibo la me! 13 “Ne miawɔ ɖe Yehowa ƒe se siwo katã mele mia na ge egbe la dzi pɛpɛpɛ, eye ne mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo, eye miasubɔe la, 14 ekema agana adametsi kple kelemetsi nadza na mi ale be miate ŋu akpɔ bli fũu kple waintsetse geɖewo kple ami sɔ gbɔ. 15 Ana lãnyiƒe damawo mi hena miaƒe lãwo, eye miawo ŋutɔ miakpɔ nu aɖu, aɖi ƒo nyuie. 16 “Ke mikpɔ nyuie be miaƒe dzi nagatrɔ le Yehowa yome be miasubɔ mawu bubuwo o. 17 Ne miesubɔ mawu bubuwo la, Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu, eye wòatu dziƒo nu ale be tsi magadza o, eye agblemenukuwo mawɔ o. Ekema miatsrɔ̃ enumake le anyigba nyui si Yehowa na mi la dzi, 18 eya ta milé se siawo ɖe ta me. Mibla wo ɖe miaƒe asiwo ŋu ale be woanɔ ŋku dzi na mi, eye miawɔ wo dzi. Mibla wo ɖe miaƒe ŋgonu le miaƒe ŋkuwo dome. 19 Mifia wo mia viwo; miƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me, ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple do ŋgɔ na ŋdinuɖuɖu! 20 Miŋlɔ wo ɖe miaƒe ʋɔtrutiwo ŋu le miaƒe aƒewo me kple miaƒe agbowo ŋu, 21 ale be zi ale si dziŋgɔli anɔ anyi le mia tame ko la, mi kple mia viwo miakpɔ gome le agbe vivi si le mia lalam le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo la dzi. 22 “Ne miewɔ ɖe se siwo katã mede na mi dzi pɛpɛpɛ, ne mielɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, ne miezɔ ɖe eƒe ɖoɖowo katã dzi, eye mielé ɖe eŋu la, 23 ekema Yehowa anya dukɔwo katã ɖa le mia ŋgɔ, aleke gbegbe woasɔ gbɔ wu mi, eye woasẽ wu mi hã! 24 Afi sia afi si miaɖo afɔe la, anyigba la anye mia tɔ. Miaƒe liƒowo akeke tso Negeb ƒe anyigbeme ayi Lebanon, agatso Frat tɔsisi la ŋu, ayi Domeƒu la ŋu. 25 Ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la ade vɔvɔ̃ ameawo me ɖe mia ŋu do ŋgɔ na mi, afi sia afi si miayi abe ale si wòdo ŋugbe na mi ene tututu. 26 “Kpɔ ɖa, metsɔ yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom egbea be miatia. 27 Miaxɔ yayra ne miewɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo metsɔ le mia nam egbe la dzi, 28 ke fiƒode ava mia dzi ne miegbe seawo dzi wɔwɔ, eye miesubɔ dukɔ bubu siawo ƒe mawuwo. 29 Ne Yehowa, miaƒe Mawu la kplɔ mi yi anyigba la dzi be miaxɔe la, ekema woaɖe gbeƒã yayra le Gerizim to dzi, eye woaɖe gbeƒã fiƒode le Ebal to dzi! 30 Gerizim kple Ebal wonye towo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, afi si Kanaantɔwo le, le gbegbe si te ɖe Gilgal ŋu, afi si More ƒe ati gãwo le. 31 Mitso Yɔdan tɔsisi la, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu le mia nam la dzi. 32 Ke ele na mi be miawɔ ɖe se siwo katã mele mia nam egbea la dzi.”

In Other Versions

Deuteronomy 11 in the ANGEFD

Deuteronomy 11 in the ANTPNG2D

Deuteronomy 11 in the AS21

Deuteronomy 11 in the BAGH

Deuteronomy 11 in the BBPNG

Deuteronomy 11 in the BBT1E

Deuteronomy 11 in the BDS

Deuteronomy 11 in the BEV

Deuteronomy 11 in the BHAD

Deuteronomy 11 in the BIB

Deuteronomy 11 in the BLPT

Deuteronomy 11 in the BNT

Deuteronomy 11 in the BNTABOOT

Deuteronomy 11 in the BNTLV

Deuteronomy 11 in the BOATCB

Deuteronomy 11 in the BOATCB2

Deuteronomy 11 in the BOBCV

Deuteronomy 11 in the BOCNT

Deuteronomy 11 in the BOGWICC

Deuteronomy 11 in the BOHCB

Deuteronomy 11 in the BOHCV

Deuteronomy 11 in the BOHLNT

Deuteronomy 11 in the BOHNTLTAL

Deuteronomy 11 in the BOICB

Deuteronomy 11 in the BOILNTAP

Deuteronomy 11 in the BOITCV

Deuteronomy 11 in the BOKCV

Deuteronomy 11 in the BOKCV2

Deuteronomy 11 in the BOKHWOG

Deuteronomy 11 in the BOKSSV

Deuteronomy 11 in the BOLCB

Deuteronomy 11 in the BOLCB2

Deuteronomy 11 in the BOMCV

Deuteronomy 11 in the BONAV

Deuteronomy 11 in the BONCB

Deuteronomy 11 in the BONLT

Deuteronomy 11 in the BONUT2

Deuteronomy 11 in the BOPLNT

Deuteronomy 11 in the BOSCB

Deuteronomy 11 in the BOSNC

Deuteronomy 11 in the BOTLNT

Deuteronomy 11 in the BOVCB

Deuteronomy 11 in the BOYCB

Deuteronomy 11 in the BPBB

Deuteronomy 11 in the BPH

Deuteronomy 11 in the BSB

Deuteronomy 11 in the CCB

Deuteronomy 11 in the CUV

Deuteronomy 11 in the CUVS

Deuteronomy 11 in the DBT

Deuteronomy 11 in the DGDNT

Deuteronomy 11 in the DHNT

Deuteronomy 11 in the DNT

Deuteronomy 11 in the ELBE

Deuteronomy 11 in the EMTV

Deuteronomy 11 in the ESV

Deuteronomy 11 in the FBV

Deuteronomy 11 in the FEB

Deuteronomy 11 in the GGMNT

Deuteronomy 11 in the GNT

Deuteronomy 11 in the HARY

Deuteronomy 11 in the HNT

Deuteronomy 11 in the IRVA

Deuteronomy 11 in the IRVB

Deuteronomy 11 in the IRVG

Deuteronomy 11 in the IRVH

Deuteronomy 11 in the IRVK

Deuteronomy 11 in the IRVM

Deuteronomy 11 in the IRVM2

Deuteronomy 11 in the IRVO

Deuteronomy 11 in the IRVP

Deuteronomy 11 in the IRVT

Deuteronomy 11 in the IRVT2

Deuteronomy 11 in the IRVU

Deuteronomy 11 in the ISVN

Deuteronomy 11 in the JSNT

Deuteronomy 11 in the KAPI

Deuteronomy 11 in the KBT1ETNIK

Deuteronomy 11 in the KBV

Deuteronomy 11 in the KJV

Deuteronomy 11 in the KNFD

Deuteronomy 11 in the LBA

Deuteronomy 11 in the LBLA

Deuteronomy 11 in the LNT

Deuteronomy 11 in the LSV

Deuteronomy 11 in the MAAL

Deuteronomy 11 in the MBV

Deuteronomy 11 in the MBV2

Deuteronomy 11 in the MHNT

Deuteronomy 11 in the MKNFD

Deuteronomy 11 in the MNG

Deuteronomy 11 in the MNT

Deuteronomy 11 in the MNT2

Deuteronomy 11 in the MRS1T

Deuteronomy 11 in the NAA

Deuteronomy 11 in the NASB

Deuteronomy 11 in the NBLA

Deuteronomy 11 in the NBS

Deuteronomy 11 in the NBVTP

Deuteronomy 11 in the NET2

Deuteronomy 11 in the NIV11

Deuteronomy 11 in the NNT

Deuteronomy 11 in the NNT2

Deuteronomy 11 in the NNT3

Deuteronomy 11 in the PDDPT

Deuteronomy 11 in the PFNT

Deuteronomy 11 in the RMNT

Deuteronomy 11 in the SBIAS

Deuteronomy 11 in the SBIBS

Deuteronomy 11 in the SBIBS2

Deuteronomy 11 in the SBICS

Deuteronomy 11 in the SBIDS

Deuteronomy 11 in the SBIGS

Deuteronomy 11 in the SBIHS

Deuteronomy 11 in the SBIIS

Deuteronomy 11 in the SBIIS2

Deuteronomy 11 in the SBIIS3

Deuteronomy 11 in the SBIKS

Deuteronomy 11 in the SBIKS2

Deuteronomy 11 in the SBIMS

Deuteronomy 11 in the SBIOS

Deuteronomy 11 in the SBIPS

Deuteronomy 11 in the SBISS

Deuteronomy 11 in the SBITS

Deuteronomy 11 in the SBITS2

Deuteronomy 11 in the SBITS3

Deuteronomy 11 in the SBITS4

Deuteronomy 11 in the SBIUS

Deuteronomy 11 in the SBIVS

Deuteronomy 11 in the SBT

Deuteronomy 11 in the SBT1E

Deuteronomy 11 in the SCHL

Deuteronomy 11 in the SNT

Deuteronomy 11 in the SUSU

Deuteronomy 11 in the SUSU2

Deuteronomy 11 in the SYNO

Deuteronomy 11 in the TBIAOTANT

Deuteronomy 11 in the TBT1E

Deuteronomy 11 in the TBT1E2

Deuteronomy 11 in the TFTIP

Deuteronomy 11 in the TFTU

Deuteronomy 11 in the TGNTATF3T

Deuteronomy 11 in the THAI

Deuteronomy 11 in the TNFD

Deuteronomy 11 in the TNT

Deuteronomy 11 in the TNTIK

Deuteronomy 11 in the TNTIL

Deuteronomy 11 in the TNTIN

Deuteronomy 11 in the TNTIP

Deuteronomy 11 in the TNTIZ

Deuteronomy 11 in the TOMA

Deuteronomy 11 in the TTENT

Deuteronomy 11 in the UBG

Deuteronomy 11 in the UGV

Deuteronomy 11 in the UGV2

Deuteronomy 11 in the UGV3

Deuteronomy 11 in the VBL

Deuteronomy 11 in the VDCC

Deuteronomy 11 in the YALU

Deuteronomy 11 in the YAPE

Deuteronomy 11 in the YBVTP

Deuteronomy 11 in the ZBP