Deuteronomy 17 (BOECS)

1 “Mègatsɔ nyitsu alo alẽ si le dɔ lém alo esi nane wɔ la sa vɔe na Yehowa, wò Mawu la gbeɖegbeɖe o. Yehowa, wò Mawu la bua nunana siawo abe ŋunyɔnu ene. 2 “Ne ame aɖe, ŋutsu alo nyɔnu, le du aɖe me le anyigba blibo la dzi da le wò nubabla si nèwɔ kple Yehowa wò Mawu dzi 3 to mawu bubuwo, ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo subɔsubɔ me, nu siwo ŋu mede se na mi le vevie la, 4 ku nya la me tsitotsito gbã, ne nàkpɔ be ɖikeke aɖe le nya la ƒe nyateƒenyenye me hã. 5 Ne nya la nye nyateƒe la, ekema woahe ŋutsu la alo nyɔnu la ayi dua godo, eye woaƒu kpee le afi ma wòaku. 6 Ke mègawu ame aɖeke le ɖasefo ɖeka pɛ ko ƒe ɖaseɖiɖi ta o. Ele be ɖasefoawo nade eve alo etɔ̃ kokoko. 7 Na ɖasefoawo naƒu kpee gbã hafi ame bubuawo naƒui. To esia me la, àɖe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia dome.” 8 “Ne nya aɖe dzɔ si sesẽ akpa na wò dɔdrɔ̃, le kpɔɖeŋu me, ne wotsɔ hlɔ̃nya aɖe ɖe ame aɖe ŋu le esime ɖaseɖiɖi gobii aɖeke mele eŋu o, alo ne wote ame aɖe ɖe eme la, ekema ele be nàtsɔ nya la ayi Yehowa, wò Mawu la ƒe kɔkɔeƒe, 9 na nunɔlawo kple Levitɔwo, eye ʋɔnudrɔ̃la si le nya drɔ̃m le ɣe ma ɣi la natso nya la me. 10 Le eƒe nyametsotso megbe la, womagbugbɔ nya la adrɔ̃ o. Woawɔ ɖe se la dzi nyaɖenyanui. 11 Ele be woawɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃la la ƒe nyametsotso dzi pɛpɛpɛ. 12 Ne ame si ŋu wotsɔ nya la ɖo gbe be yemaxɔ nunɔla la alo ʋɔnudrɔ̃la si Yehowa Mawu ɖo na nyadɔdrɔ̃ la ƒe nyametsotso o la, nu si woawɔe koe nye be woawui. Ele be woaɖe nu vɔ̃ wɔla siawo tɔgbi ɖa le Israelviwo dome. 13 Ekema ame sia ame ase nya si dzɔ ɖe ame si gbe be yemaxɔ Yehowa ƒe nyametsotso o la dzi. Nu sia ana woavɔ̃, eye womagatsi tsitre ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la ƒe nyametsotso ŋu o.” 14 “Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi, eye nèxɔe la, de asi tamebubu me be, ‘Ele be fia nanɔ mía si abe dukɔ bubu siwo ƒo xlã mí la ene!’ 15 Kpɔ egbɔ be yeɖo ame si, Yehowa, wò Mawu la atia la fiae. Ele be wòanye Israelvi, menye amedzro o. 16 Kpɔ egbɔ be meƒle sɔ geɖewo na eɖokui o, eye medɔ eƒe amewo ɖe Egipte be woaƒle sɔwo tso afi ma vɛ na ye hã o, elabena Yehowa gblɔ na wò be, ‘Mègatrɔ yi Egipte gbeɖe o.’ 17 Mele be fia la naɖe srɔ̃ geɖe o; ne menye nenema o la, eƒe dzi atrɔ ɖa tso Yehowa gbɔ. Mele be wòakpɔ hotsui guduu hã o. 18 “Ne woɖoe fiae, eye wònɔ eƒe fiazikpui dzi abe fia ene la, ekema ele be wòaŋlɔ se siawo katã tso agbalẽ si le Levitɔwo, ame siwo nye nunɔlawo la si me. 19 Ele be eƒe seawo ƒe ŋɔŋlɔ sia nanɔ esi ɣe sia ɣi, eye wòaxlẽ nu tso eme gbe sia gbe le eƒe agbe me ale be, wòasrɔ̃ ale si wòavɔ̃ Yehowa, eƒe Mawu la to seawo katã dzi wɔwɔ me. 20 Se siawo xexlẽ ɣe sia ɣi ana be fia la mabu be yenyo wu Israelvi bubuawo o. Kpe ɖe esia ŋu la, axe mɔ nɛ be matrɔ tso Mawu ƒe seawo gbɔ le mɔ suetɔ kekeake nu o, eye wòana be eƒe fiaɖuɖu nadidi, eye wòadze edzi. Ekema via ŋutsuwo aɖu fia ɖe eyome.”

In Other Versions

Deuteronomy 17 in the ANGEFD

Deuteronomy 17 in the ANTPNG2D

Deuteronomy 17 in the AS21

Deuteronomy 17 in the BAGH

Deuteronomy 17 in the BBPNG

Deuteronomy 17 in the BBT1E

Deuteronomy 17 in the BDS

Deuteronomy 17 in the BEV

Deuteronomy 17 in the BHAD

Deuteronomy 17 in the BIB

Deuteronomy 17 in the BLPT

Deuteronomy 17 in the BNT

Deuteronomy 17 in the BNTABOOT

Deuteronomy 17 in the BNTLV

Deuteronomy 17 in the BOATCB

Deuteronomy 17 in the BOATCB2

Deuteronomy 17 in the BOBCV

Deuteronomy 17 in the BOCNT

Deuteronomy 17 in the BOGWICC

Deuteronomy 17 in the BOHCB

Deuteronomy 17 in the BOHCV

Deuteronomy 17 in the BOHLNT

Deuteronomy 17 in the BOHNTLTAL

Deuteronomy 17 in the BOICB

Deuteronomy 17 in the BOILNTAP

Deuteronomy 17 in the BOITCV

Deuteronomy 17 in the BOKCV

Deuteronomy 17 in the BOKCV2

Deuteronomy 17 in the BOKHWOG

Deuteronomy 17 in the BOKSSV

Deuteronomy 17 in the BOLCB

Deuteronomy 17 in the BOLCB2

Deuteronomy 17 in the BOMCV

Deuteronomy 17 in the BONAV

Deuteronomy 17 in the BONCB

Deuteronomy 17 in the BONLT

Deuteronomy 17 in the BONUT2

Deuteronomy 17 in the BOPLNT

Deuteronomy 17 in the BOSCB

Deuteronomy 17 in the BOSNC

Deuteronomy 17 in the BOTLNT

Deuteronomy 17 in the BOVCB

Deuteronomy 17 in the BOYCB

Deuteronomy 17 in the BPBB

Deuteronomy 17 in the BPH

Deuteronomy 17 in the BSB

Deuteronomy 17 in the CCB

Deuteronomy 17 in the CUV

Deuteronomy 17 in the CUVS

Deuteronomy 17 in the DBT

Deuteronomy 17 in the DGDNT

Deuteronomy 17 in the DHNT

Deuteronomy 17 in the DNT

Deuteronomy 17 in the ELBE

Deuteronomy 17 in the EMTV

Deuteronomy 17 in the ESV

Deuteronomy 17 in the FBV

Deuteronomy 17 in the FEB

Deuteronomy 17 in the GGMNT

Deuteronomy 17 in the GNT

Deuteronomy 17 in the HARY

Deuteronomy 17 in the HNT

Deuteronomy 17 in the IRVA

Deuteronomy 17 in the IRVB

Deuteronomy 17 in the IRVG

Deuteronomy 17 in the IRVH

Deuteronomy 17 in the IRVK

Deuteronomy 17 in the IRVM

Deuteronomy 17 in the IRVM2

Deuteronomy 17 in the IRVO

Deuteronomy 17 in the IRVP

Deuteronomy 17 in the IRVT

Deuteronomy 17 in the IRVT2

Deuteronomy 17 in the IRVU

Deuteronomy 17 in the ISVN

Deuteronomy 17 in the JSNT

Deuteronomy 17 in the KAPI

Deuteronomy 17 in the KBT1ETNIK

Deuteronomy 17 in the KBV

Deuteronomy 17 in the KJV

Deuteronomy 17 in the KNFD

Deuteronomy 17 in the LBA

Deuteronomy 17 in the LBLA

Deuteronomy 17 in the LNT

Deuteronomy 17 in the LSV

Deuteronomy 17 in the MAAL

Deuteronomy 17 in the MBV

Deuteronomy 17 in the MBV2

Deuteronomy 17 in the MHNT

Deuteronomy 17 in the MKNFD

Deuteronomy 17 in the MNG

Deuteronomy 17 in the MNT

Deuteronomy 17 in the MNT2

Deuteronomy 17 in the MRS1T

Deuteronomy 17 in the NAA

Deuteronomy 17 in the NASB

Deuteronomy 17 in the NBLA

Deuteronomy 17 in the NBS

Deuteronomy 17 in the NBVTP

Deuteronomy 17 in the NET2

Deuteronomy 17 in the NIV11

Deuteronomy 17 in the NNT

Deuteronomy 17 in the NNT2

Deuteronomy 17 in the NNT3

Deuteronomy 17 in the PDDPT

Deuteronomy 17 in the PFNT

Deuteronomy 17 in the RMNT

Deuteronomy 17 in the SBIAS

Deuteronomy 17 in the SBIBS

Deuteronomy 17 in the SBIBS2

Deuteronomy 17 in the SBICS

Deuteronomy 17 in the SBIDS

Deuteronomy 17 in the SBIGS

Deuteronomy 17 in the SBIHS

Deuteronomy 17 in the SBIIS

Deuteronomy 17 in the SBIIS2

Deuteronomy 17 in the SBIIS3

Deuteronomy 17 in the SBIKS

Deuteronomy 17 in the SBIKS2

Deuteronomy 17 in the SBIMS

Deuteronomy 17 in the SBIOS

Deuteronomy 17 in the SBIPS

Deuteronomy 17 in the SBISS

Deuteronomy 17 in the SBITS

Deuteronomy 17 in the SBITS2

Deuteronomy 17 in the SBITS3

Deuteronomy 17 in the SBITS4

Deuteronomy 17 in the SBIUS

Deuteronomy 17 in the SBIVS

Deuteronomy 17 in the SBT

Deuteronomy 17 in the SBT1E

Deuteronomy 17 in the SCHL

Deuteronomy 17 in the SNT

Deuteronomy 17 in the SUSU

Deuteronomy 17 in the SUSU2

Deuteronomy 17 in the SYNO

Deuteronomy 17 in the TBIAOTANT

Deuteronomy 17 in the TBT1E

Deuteronomy 17 in the TBT1E2

Deuteronomy 17 in the TFTIP

Deuteronomy 17 in the TFTU

Deuteronomy 17 in the TGNTATF3T

Deuteronomy 17 in the THAI

Deuteronomy 17 in the TNFD

Deuteronomy 17 in the TNT

Deuteronomy 17 in the TNTIK

Deuteronomy 17 in the TNTIL

Deuteronomy 17 in the TNTIN

Deuteronomy 17 in the TNTIP

Deuteronomy 17 in the TNTIZ

Deuteronomy 17 in the TOMA

Deuteronomy 17 in the TTENT

Deuteronomy 17 in the UBG

Deuteronomy 17 in the UGV

Deuteronomy 17 in the UGV2

Deuteronomy 17 in the UGV3

Deuteronomy 17 in the VBL

Deuteronomy 17 in the VDCC

Deuteronomy 17 in the YALU

Deuteronomy 17 in the YAPE

Deuteronomy 17 in the YBVTP

Deuteronomy 17 in the ZBP