Deuteronomy 30 (BOECS)

1 “Ne nu siawo katã, yayra kple fiƒode siwo mexlẽ na mi va mia dzi, miebu wo ŋuti esi miele dukɔ siwo me Yehowa, miaƒe Mawu la nya mi ɖo ɖa la dome, 2 eye mi kple mia viwo mietrɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu, hede asi eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi wɔwɔ me kple dzi blibo kple luʋɔ blibo la, 3 ekema Yehowa, miaƒe Mawu la aɖe mi tso aboyome, ave mia nu, eye wòaƒo mia nu ƒu tso dukɔ siwo katã dome wòakaka mi ɖo la me. 4 Togbɔ be mianɔ anyigba ƒe mlɔenu ke hã la, ayi aɖadi mi, eye wòagakplɔ mi va 5 mia tɔgbuiwo ƒe anyigba dzi. Anyigba la agazu mia tɔ. Yehowa miaƒe Mawu agawɔ nyui na mi, eye wòagayra mi wu ale si wòyra mia tɔgbuiwo kpɔ gɔ̃ hã. 6 Yehowa, miaƒe Mawu la akɔ mi kple mia viwo kple miaƒe tɔgbuiyɔviwo ƒe dziwo ŋuti, ale be miagalɔ̃e kple miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye Israel agagbɔ agbe. 7 Yehowa, miaƒe Mawu la aɖe eƒe fiƒodewo katã ɖa le mia dzi, eye wòatrɔ wo akɔ ɖe ame siwo léa fu mi, eye wotia mia yome la dzi. 8 Ke miawo la, ele na mi be miatrɔ va Yehowa gbɔ, eye miawɔ eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi. 9 Yehowa miaƒe Mawu ana nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi, eye wòana mia viwo, miaƒe lãwo kple miaƒe agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu, elabena Yehowa agakpɔ dzidzɔ le mia ŋu, abe ale si wòkpɔe le mia tɔgbuiwo ŋu ene. 10 Yehowa akpɔ dzidzɔ ne miawɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe Segbalẽ sia me la dzi, eye miatrɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋu kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo ko.” 11 “Menye ɖe se siwo dem mele na mi egbea la dzi wɔwɔ mele miaƒe ŋutete me o, 12 elabena se siawo mele dziƒo ʋĩi ale gbegbe be miagblɔ be, ‘Ame kae ayi dziƒo’ atsɔ wo vɛ na mí, be míase eye miawɔ wo dzi o. 13 Menye ɖe wole atsiaƒu la godo, eye wodidi tso mia gbɔ ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu agblɔ wo me nyawo na mi o. 14 Ke boŋ wote ɖe mia ŋu kpokploe, wole miaƒe dzi me kple miaƒe nu me, ale be miate ŋu awɔ wo dzi. 15 “Kpɔ ɖa, metsɔ agbe kple dzɔgbenyui, ku kple dzɔgbevɔ̃e da ɖe mia ŋkume egbea. Nu siawo ku ɖe miaƒe seawo dzi wɔwɔ kple wo dzi mawɔmawɔ ŋu. 16 Mede se na mi egbea be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miazɔ le eƒe mɔwo dzi, eye mialé eƒe sewo me ɖe asi, ale be mianɔ agbe, eye miazu dukɔ gã aɖe, ekema Yehowa ayra mi le anyigba si le mia tɔ zu ge la dzi. 17 Ke ne miaƒe dzi ato mɔ bubu, miawɔ nye seawo dzi o, ne woakplɔ mi atra mɔe, eye miasubɔ mawu bubuwo la, 18 ekema mele kpe ɖom edzi na mi be miatsrɔ̃ kokoko. Mianɔ agbe wòadidi, eye wòanyo na mi le anyigba si xɔ ge miala la dzi o. 19 “Meyɔ dziƒo kple anyigba abe ɖasefowo ene ɖe mia ŋu be egbe la, metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom, eya ta anyo be miatia agbe ale be miawo kple mia viwo siaa mianɔ agbe! 20 Mitia be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la. Miaɖo toe, eye miaku ɖe eŋu, elabena eyae nye miaƒe agbe kple miaƒe agbemeŋkekewo ƒe agbɔsɔsɔ. Ekema miate ŋu anɔ dedie le anyigba si Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob la dzi.”

In Other Versions

Deuteronomy 30 in the ANGEFD

Deuteronomy 30 in the ANTPNG2D

Deuteronomy 30 in the AS21

Deuteronomy 30 in the BAGH

Deuteronomy 30 in the BBPNG

Deuteronomy 30 in the BBT1E

Deuteronomy 30 in the BDS

Deuteronomy 30 in the BEV

Deuteronomy 30 in the BHAD

Deuteronomy 30 in the BIB

Deuteronomy 30 in the BLPT

Deuteronomy 30 in the BNT

Deuteronomy 30 in the BNTABOOT

Deuteronomy 30 in the BNTLV

Deuteronomy 30 in the BOATCB

Deuteronomy 30 in the BOATCB2

Deuteronomy 30 in the BOBCV

Deuteronomy 30 in the BOCNT

Deuteronomy 30 in the BOGWICC

Deuteronomy 30 in the BOHCB

Deuteronomy 30 in the BOHCV

Deuteronomy 30 in the BOHLNT

Deuteronomy 30 in the BOHNTLTAL

Deuteronomy 30 in the BOICB

Deuteronomy 30 in the BOILNTAP

Deuteronomy 30 in the BOITCV

Deuteronomy 30 in the BOKCV

Deuteronomy 30 in the BOKCV2

Deuteronomy 30 in the BOKHWOG

Deuteronomy 30 in the BOKSSV

Deuteronomy 30 in the BOLCB

Deuteronomy 30 in the BOLCB2

Deuteronomy 30 in the BOMCV

Deuteronomy 30 in the BONAV

Deuteronomy 30 in the BONCB

Deuteronomy 30 in the BONLT

Deuteronomy 30 in the BONUT2

Deuteronomy 30 in the BOPLNT

Deuteronomy 30 in the BOSCB

Deuteronomy 30 in the BOSNC

Deuteronomy 30 in the BOTLNT

Deuteronomy 30 in the BOVCB

Deuteronomy 30 in the BOYCB

Deuteronomy 30 in the BPBB

Deuteronomy 30 in the BPH

Deuteronomy 30 in the BSB

Deuteronomy 30 in the CCB

Deuteronomy 30 in the CUV

Deuteronomy 30 in the CUVS

Deuteronomy 30 in the DBT

Deuteronomy 30 in the DGDNT

Deuteronomy 30 in the DHNT

Deuteronomy 30 in the DNT

Deuteronomy 30 in the ELBE

Deuteronomy 30 in the EMTV

Deuteronomy 30 in the ESV

Deuteronomy 30 in the FBV

Deuteronomy 30 in the FEB

Deuteronomy 30 in the GGMNT

Deuteronomy 30 in the GNT

Deuteronomy 30 in the HARY

Deuteronomy 30 in the HNT

Deuteronomy 30 in the IRVA

Deuteronomy 30 in the IRVB

Deuteronomy 30 in the IRVG

Deuteronomy 30 in the IRVH

Deuteronomy 30 in the IRVK

Deuteronomy 30 in the IRVM

Deuteronomy 30 in the IRVM2

Deuteronomy 30 in the IRVO

Deuteronomy 30 in the IRVP

Deuteronomy 30 in the IRVT

Deuteronomy 30 in the IRVT2

Deuteronomy 30 in the IRVU

Deuteronomy 30 in the ISVN

Deuteronomy 30 in the JSNT

Deuteronomy 30 in the KAPI

Deuteronomy 30 in the KBT1ETNIK

Deuteronomy 30 in the KBV

Deuteronomy 30 in the KJV

Deuteronomy 30 in the KNFD

Deuteronomy 30 in the LBA

Deuteronomy 30 in the LBLA

Deuteronomy 30 in the LNT

Deuteronomy 30 in the LSV

Deuteronomy 30 in the MAAL

Deuteronomy 30 in the MBV

Deuteronomy 30 in the MBV2

Deuteronomy 30 in the MHNT

Deuteronomy 30 in the MKNFD

Deuteronomy 30 in the MNG

Deuteronomy 30 in the MNT

Deuteronomy 30 in the MNT2

Deuteronomy 30 in the MRS1T

Deuteronomy 30 in the NAA

Deuteronomy 30 in the NASB

Deuteronomy 30 in the NBLA

Deuteronomy 30 in the NBS

Deuteronomy 30 in the NBVTP

Deuteronomy 30 in the NET2

Deuteronomy 30 in the NIV11

Deuteronomy 30 in the NNT

Deuteronomy 30 in the NNT2

Deuteronomy 30 in the NNT3

Deuteronomy 30 in the PDDPT

Deuteronomy 30 in the PFNT

Deuteronomy 30 in the RMNT

Deuteronomy 30 in the SBIAS

Deuteronomy 30 in the SBIBS

Deuteronomy 30 in the SBIBS2

Deuteronomy 30 in the SBICS

Deuteronomy 30 in the SBIDS

Deuteronomy 30 in the SBIGS

Deuteronomy 30 in the SBIHS

Deuteronomy 30 in the SBIIS

Deuteronomy 30 in the SBIIS2

Deuteronomy 30 in the SBIIS3

Deuteronomy 30 in the SBIKS

Deuteronomy 30 in the SBIKS2

Deuteronomy 30 in the SBIMS

Deuteronomy 30 in the SBIOS

Deuteronomy 30 in the SBIPS

Deuteronomy 30 in the SBISS

Deuteronomy 30 in the SBITS

Deuteronomy 30 in the SBITS2

Deuteronomy 30 in the SBITS3

Deuteronomy 30 in the SBITS4

Deuteronomy 30 in the SBIUS

Deuteronomy 30 in the SBIVS

Deuteronomy 30 in the SBT

Deuteronomy 30 in the SBT1E

Deuteronomy 30 in the SCHL

Deuteronomy 30 in the SNT

Deuteronomy 30 in the SUSU

Deuteronomy 30 in the SUSU2

Deuteronomy 30 in the SYNO

Deuteronomy 30 in the TBIAOTANT

Deuteronomy 30 in the TBT1E

Deuteronomy 30 in the TBT1E2

Deuteronomy 30 in the TFTIP

Deuteronomy 30 in the TFTU

Deuteronomy 30 in the TGNTATF3T

Deuteronomy 30 in the THAI

Deuteronomy 30 in the TNFD

Deuteronomy 30 in the TNT

Deuteronomy 30 in the TNTIK

Deuteronomy 30 in the TNTIL

Deuteronomy 30 in the TNTIN

Deuteronomy 30 in the TNTIP

Deuteronomy 30 in the TNTIZ

Deuteronomy 30 in the TOMA

Deuteronomy 30 in the TTENT

Deuteronomy 30 in the UBG

Deuteronomy 30 in the UGV

Deuteronomy 30 in the UGV2

Deuteronomy 30 in the UGV3

Deuteronomy 30 in the VBL

Deuteronomy 30 in the VDCC

Deuteronomy 30 in the YALU

Deuteronomy 30 in the YAPE

Deuteronomy 30 in the YBVTP

Deuteronomy 30 in the ZBP