Exodus 38 (BOECS)

1 Bezalel kpa numevɔsamlekpui la hã kple akasiati. Etame ƒe didime kple eƒe kekeme siaa nye mita eve kple desimita eve. Eƒe kɔkɔme nye mita ɖeka kple desimita etɔ̃. 2 Dzo ene nɔ dzogoe eneawo dzi; wokpa wo kpe ɖe numevɔsamlekpui la ŋu wonye nu blibo ɖeka. Wofa akɔbli ɖe numevɔsamlekpui la ŋu. 3 Etsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋunuwo, afilɔnuwo, gagbɛwo, gafluwo kple dzoɖesonuwo. 4 Emegbe la, egatsɔ akɔbli wɔ adzrala, eye wòlée ɖe vɔsamlekpui la te godoo, le titina na anyigba kple vɔsamlekpui la te, le teƒe si woado dzo ɖo. 5 Wotu akɔblisigɛ ene ɖe adzrala la ƒe akpa eveawo ŋu be woatsɔ atiawo aƒo ɖe wo me hena ekɔkɔ. 6 Wotsɔ akasiati wɔ ekɔtiawo hãe, eye wofa akɔbli ɖe wo ŋu. 7 Wotsɔ atiawo ƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi. Wotsɔ ʋuƒo wɔ vɔsamlekpui lae, eye do le eme. 8 Etsɔ akɔblihuhɔ̃e wɔ tsileze la kple eƒe zɔ. Nyɔnu siwo subɔna le agbadɔ la nu lae na ahuhɔ̃eawo wotsɔ wɔ woe. 9 Le esia megbe la, ewɔ xɔxɔnu ɖe agbadɔ la ŋu. Agbadɔ la ƒe akpa si le dziehe la didi mita blaene-vɔ-ene. Woxee kple avɔ si wolɔ̃ kple ɖetika ɣi, 10 ɖe kpɔti blaeve ŋu. Ke kpɔti blaeveawo ƒe afɔtiwo nye akɔbliga, eye wotsɔ klosaloga tu gatagbadzɛ siwo wotsɔ avɔawo kui la ɖe kpɔtiawo ŋu. 11 Woawɔ avɔ la nenema ke le anyiehe gome hã. Woaku avɔ mita blaene-vɔ-ene ɖe klosalogatagbadzɛawo ŋu, ɖe gakawo ŋu le kpɔtiawo ŋu. 12 Agbadɔ la keke mita blaeve-vɔ-ene le ɣetoɖoƒe gome. Wotsi avɔ la ɖe kpɔti ewo siwo te zɔ ɖekaɖeka le kple klosalogatagbadzɛawo kple klosalohelétiawo ŋu. 13 Ɣedzeƒe gome hã keke mita blaeve-vɔ-eve. 14 Avɔ la keke mita ade, desimita ade kple afã le agbadɔ la ƒe mɔnu ƒe akpa ɖeka. 15 Nenema ke wotsi avɔ si keke mita ade, desimita ade kple afã la ɖe mɔnu la ƒe akpa evelia si te ɖe xɔxɔnu la ŋu, ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te zɔ ɖekaɖeka le la ŋu. 16 Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ avɔ siwo wotsi ƒo xlã agbadɔ lae. 17 Akɔblizɔ nɔ kpɔti ɖe sia ɖe te. Wotsɔ klosalo wɔ gatagbadzɛawo kple helétiawo katã. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame. Wotsɔ klosalo wɔ heléti siwo ŋu wotsi avɔ la ɖo. 18 Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ xɔmemɔnuvɔ, eye wolɔ̃ nu ɖe eme kple aɖabɛ blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ ƒe ka. Xɔmemɔnuvɔ la didi mita asieke. Ekeke mita eve abe avɔ siwo wotsi ƒo xlã xɔxɔnu la dometɔ ɖeka ene. 19 Wotsii ɖe kpɔti ene ŋu. Akɔblizɔ nɔ kpɔti ɖe sia ɖe te. Wotsɔ klosalo wɔ gatagbadzɛawo kple helétiawo. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame. 20 Wotsɔ akɔbli tu tsyoti siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu kple xɔxɔnu la wɔwɔ me. 21 Nu siwo katã agbadɔ la tutu lɔ ɖe eme la woe nye: agbadɔ si nye nubablaɖaka la ƒe nɔƒe, esi Levi ƒe viwo lé da ɖi le Mose ƒe sedede nu, eye wowɔ esia le Aron ƒe viŋutsu, nunɔla Itamar ƒe kpɔkplɔ te. 22 Aɖaŋutɔwo ƒe tatɔwoe nye Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur si tso Yuda ƒe to la me ƒe tɔgbuiyɔvi. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa de se na Mose ene. 23 Bezalel ƒe kpeɖeŋutɔe nye Oholiab, ame si nye Ahisamak, tso Dan ƒe to la me la ƒe viŋutsu. Eya hã nye aɖaŋutɔ gã aɖe, eye wòde ŋgɔ le nukpakpa kple avɔlɔlɔ̃ me hekpe ɖe nulɔlɔ̃ ɖe avɔwo me kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi dada ƒe ka ŋu. 24 Sika si katã ŋu dɔ wowɔ le Kɔkɔeƒe la tutu me hekpe ɖe sika si wotsɔ wɔ nunyevɔsa tɔ ŋu la le “tɔn” ɖeka, le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. 25 Klosalo si woxɔ le amewo si la ƒe kpekpemee nye kilogram akpe etɔ̃, alafa ene blaetɔ̃, le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. 26 Ŋutsu siwo katã woxlẽ, woxɔ ƒe blaeve alo wu nenema la dometɔ ɖe sia ɖe dzɔ gram ade si woɖo na wo le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Ŋutsu siawo ƒe xexlẽmee nye akpe alafa ade kple etɔ̃, alafa atɔ̃ blaatɔ̃ (603,550). 27 Wotsɔ klosalo kilogram akpe etɔ̃ alafa ene (3,400) wɔ zɔwo na kɔkɔeƒe la ƒe sɔti kple kpɔti siwo ŋu wotsi xɔmetsovɔ la ɖo. Wotsɔ klosalo kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene wɔ zɔ ɖeka. 28 Wotsɔ klosalo si susɔ la fa ɖe kpɔtiawo tame, eye wotsɔ mamlɛa tu helétiawo kple gatagbadzɛawo. 29 Akɔbli si wokpɔ tso nunyevɔsa me la le “tɔn” eve kple afã, 30 eye wotsɔe tu zɔ na kpɔti siwo le agbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsɔ eya ke wɔ vɔsamlekpui la, lãyiga la kple nu siwo ŋu dɔ woawɔ le vɔsamlekpui la dzi, 31 kpɔti siwo ŋu wotsi avɔ ɖo ƒo xlã xɔxɔnu la ƒe zɔwo kple tsyoti siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu kple xɔxɔnu la wɔwɔ me.

In Other Versions

Exodus 38 in the ANGEFD

Exodus 38 in the ANTPNG2D

Exodus 38 in the AS21

Exodus 38 in the BAGH

Exodus 38 in the BBPNG

Exodus 38 in the BBT1E

Exodus 38 in the BDS

Exodus 38 in the BEV

Exodus 38 in the BHAD

Exodus 38 in the BIB

Exodus 38 in the BLPT

Exodus 38 in the BNT

Exodus 38 in the BNTABOOT

Exodus 38 in the BNTLV

Exodus 38 in the BOATCB

Exodus 38 in the BOATCB2

Exodus 38 in the BOBCV

Exodus 38 in the BOCNT

Exodus 38 in the BOGWICC

Exodus 38 in the BOHCB

Exodus 38 in the BOHCV

Exodus 38 in the BOHLNT

Exodus 38 in the BOHNTLTAL

Exodus 38 in the BOICB

Exodus 38 in the BOILNTAP

Exodus 38 in the BOITCV

Exodus 38 in the BOKCV

Exodus 38 in the BOKCV2

Exodus 38 in the BOKHWOG

Exodus 38 in the BOKSSV

Exodus 38 in the BOLCB

Exodus 38 in the BOLCB2

Exodus 38 in the BOMCV

Exodus 38 in the BONAV

Exodus 38 in the BONCB

Exodus 38 in the BONLT

Exodus 38 in the BONUT2

Exodus 38 in the BOPLNT

Exodus 38 in the BOSCB

Exodus 38 in the BOSNC

Exodus 38 in the BOTLNT

Exodus 38 in the BOVCB

Exodus 38 in the BOYCB

Exodus 38 in the BPBB

Exodus 38 in the BPH

Exodus 38 in the BSB

Exodus 38 in the CCB

Exodus 38 in the CUV

Exodus 38 in the CUVS

Exodus 38 in the DBT

Exodus 38 in the DGDNT

Exodus 38 in the DHNT

Exodus 38 in the DNT

Exodus 38 in the ELBE

Exodus 38 in the EMTV

Exodus 38 in the ESV

Exodus 38 in the FBV

Exodus 38 in the FEB

Exodus 38 in the GGMNT

Exodus 38 in the GNT

Exodus 38 in the HARY

Exodus 38 in the HNT

Exodus 38 in the IRVA

Exodus 38 in the IRVB

Exodus 38 in the IRVG

Exodus 38 in the IRVH

Exodus 38 in the IRVK

Exodus 38 in the IRVM

Exodus 38 in the IRVM2

Exodus 38 in the IRVO

Exodus 38 in the IRVP

Exodus 38 in the IRVT

Exodus 38 in the IRVT2

Exodus 38 in the IRVU

Exodus 38 in the ISVN

Exodus 38 in the JSNT

Exodus 38 in the KAPI

Exodus 38 in the KBT1ETNIK

Exodus 38 in the KBV

Exodus 38 in the KJV

Exodus 38 in the KNFD

Exodus 38 in the LBA

Exodus 38 in the LBLA

Exodus 38 in the LNT

Exodus 38 in the LSV

Exodus 38 in the MAAL

Exodus 38 in the MBV

Exodus 38 in the MBV2

Exodus 38 in the MHNT

Exodus 38 in the MKNFD

Exodus 38 in the MNG

Exodus 38 in the MNT

Exodus 38 in the MNT2

Exodus 38 in the MRS1T

Exodus 38 in the NAA

Exodus 38 in the NASB

Exodus 38 in the NBLA

Exodus 38 in the NBS

Exodus 38 in the NBVTP

Exodus 38 in the NET2

Exodus 38 in the NIV11

Exodus 38 in the NNT

Exodus 38 in the NNT2

Exodus 38 in the NNT3

Exodus 38 in the PDDPT

Exodus 38 in the PFNT

Exodus 38 in the RMNT

Exodus 38 in the SBIAS

Exodus 38 in the SBIBS

Exodus 38 in the SBIBS2

Exodus 38 in the SBICS

Exodus 38 in the SBIDS

Exodus 38 in the SBIGS

Exodus 38 in the SBIHS

Exodus 38 in the SBIIS

Exodus 38 in the SBIIS2

Exodus 38 in the SBIIS3

Exodus 38 in the SBIKS

Exodus 38 in the SBIKS2

Exodus 38 in the SBIMS

Exodus 38 in the SBIOS

Exodus 38 in the SBIPS

Exodus 38 in the SBISS

Exodus 38 in the SBITS

Exodus 38 in the SBITS2

Exodus 38 in the SBITS3

Exodus 38 in the SBITS4

Exodus 38 in the SBIUS

Exodus 38 in the SBIVS

Exodus 38 in the SBT

Exodus 38 in the SBT1E

Exodus 38 in the SCHL

Exodus 38 in the SNT

Exodus 38 in the SUSU

Exodus 38 in the SUSU2

Exodus 38 in the SYNO

Exodus 38 in the TBIAOTANT

Exodus 38 in the TBT1E

Exodus 38 in the TBT1E2

Exodus 38 in the TFTIP

Exodus 38 in the TFTU

Exodus 38 in the TGNTATF3T

Exodus 38 in the THAI

Exodus 38 in the TNFD

Exodus 38 in the TNT

Exodus 38 in the TNTIK

Exodus 38 in the TNTIL

Exodus 38 in the TNTIN

Exodus 38 in the TNTIP

Exodus 38 in the TNTIZ

Exodus 38 in the TOMA

Exodus 38 in the TTENT

Exodus 38 in the UBG

Exodus 38 in the UGV

Exodus 38 in the UGV2

Exodus 38 in the UGV3

Exodus 38 in the VBL

Exodus 38 in the VDCC

Exodus 38 in the YALU

Exodus 38 in the YAPE

Exodus 38 in the YBVTP

Exodus 38 in the ZBP