Exodus 7 (BOECS)

1 Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mewɔ wò abe Mawu ene na Farao, eye nɔviwò ŋutsu Aron abe wò nyagblɔɖila ene. 2 Gblɔ nu sia nu si ƒe se mede na wò la na Aron. Eya agblɔe na Farao, eye wòabia be Farao naɖe asi le Israelviwo ŋu woadzo le Egipte. 3 Ke mana Farao nasẽ dzi me, agbe. Ekema magawɔ dzesi dziŋɔ geɖewo le Egiptenyigba dzi. 4 Ke le esiawo megbe hã la, Farao maɖo to wò o. Ekema mana nye asi nava Egiptetɔwo dzi, mabu fɔ wo kple nukudɔ geɖewo, eye makplɔ nye amehawo, nye dukɔ, Israel, adzoe le Egiptenyigba dzi. 5 Ekema Egiptetɔwo adze sii be le nyateƒe me la, nyee nye Yehowa, ne meɖe nye ŋusẽ fia Egiptetɔwo, eye mekplɔ Israelviwo dzoe le wo dome.” 6 Mose kple Aron wowɔ nu si Yehowa ɖo na wo. 7 Mose xɔ ƒe blaenyi, eye Aron xɔ ƒe blaenyi-vɔ-etɔ̃ le ɣeyiɣi sia me, esi wodo ɖe Farao ŋkume. 8 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, 9 “Ne Farao abia be, ‘Miawɔ nukunu aɖe la,’ ekema gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ la da ɖe anyigba le Farao ŋkume,’ eye wòatrɔ azu da.” 10 Ale Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wowɔ nukunu la abe ale si Yehowa ɖo na wo ene. Aron ɖe asi le eƒe atikplɔ ŋu da ɖe anyigba le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye wòzu da. 11 Tete Farao yɔ eƒe nunyalawo kple afakalawo kple Egipte ƒe akunyawɔlawo. Woawo hã te ŋu wɔ nu ma ke kple woƒe akunyawɔwɔ! 12 Woawo hã ƒe atikplɔwo trɔ zu dawo esi wotsɔ wo da ɖe anyigba. Ke Aron ƒe atikplɔ lé woƒe atikplɔwo mi. 13 Farao gasẽ dzi me kokoko, eye meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔ do ŋgɔe ene. 14 Yehowa gblɔ na Mose be, “Farao ƒe dzi me sẽ, eye wògbe be yemaɖe asi le ameawo ŋu woadzo o. 15 “Togbɔ be nuwo anɔ alea hã la, gbugbɔ yi Farao gbɔ le ŋdi me, esime wòanɔ tɔsisi la to yim. Tsi tsitre ɖe tɔsisi la to, eye nàdo goe le afi ma; nàlé wò atikplɔ si zu da la ɖe asi. 16 Gblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gaɖom ɖa be mana nàɖe asi le yeƒe amewo ŋu woayi aɖasubɔ ye le gbedzi.’ Gake va se ɖe fifi meɖo tom o. 17 Azɔ la, Yehowa gblɔ be, ‘Èle si dze gee be nyee nye Yehowa, elabena megblɔ na Mose be wòatsɔ eƒe atikplɔ la aƒo Nil tɔsisi la ƒe tsi dzi, eye tɔsisi la atrɔ azu ʋu! 18 Tɔmelãwo aku, eye tsi la aʋẽ ale be Egiptetɔwo magalɔ̃ be yewoanoe o.’ ” 19 Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ do ɖe Egipte tsiwo katã dzi ekema Egipte tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo, tsi si woku da ɖi katã atrɔ zu ʋu! Ʋu anɔ afi sia afi le Egiptenyigba dzi, anɔ tsitɔkpowo kple kpezɔwo gɔ̃ hã me.’ ” 20 Mose kple Aron wowɔ nu si Yehowa ɖo na wo be woawɔ. Aron ƒo Nil tɔsisi la kple eƒe atikplɔ la, eye tɔsisi la trɔ zu ʋu le Farao kple eŋumewo katã ŋkume. 21 Tɔmelãwo katã ku, tsi la ƒaƒã ale be, Egiptetɔwo megate ŋu noe o. Ʋu xɔ Egiptenyigba ƒe akpa sia akpa dzi. 22 Egiptetɔwo ƒe akunyawɔlawo hã wɔ woƒe nunya ɣaɣlawo ŋu dɔ, eye woawo hã wotrɔ tsi wòzu ʋu. Nu sia na Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko. Meɖo to Mose kple Aron o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene tututu. 23 Mose kple Aron ƒe wɔnawo mewɔ dɔ aɖeke ɖe edzi o; etrɔ yi eƒe fiasã me. 24 Egiptetɔwo ɖe vudowo ɖe tɔsisi la to be yewoakpɔ tsi nono, elabena womate ŋu ano tɔsisi la me tsi o. 25 Nil tɔsisi la trɔ zu ʋu ŋkeke adre sɔŋ esi Yehowa gblẽe.

In Other Versions

Exodus 7 in the ANGEFD

Exodus 7 in the ANTPNG2D

Exodus 7 in the AS21

Exodus 7 in the BAGH

Exodus 7 in the BBPNG

Exodus 7 in the BBT1E

Exodus 7 in the BDS

Exodus 7 in the BEV

Exodus 7 in the BHAD

Exodus 7 in the BIB

Exodus 7 in the BLPT

Exodus 7 in the BNT

Exodus 7 in the BNTABOOT

Exodus 7 in the BNTLV

Exodus 7 in the BOATCB

Exodus 7 in the BOATCB2

Exodus 7 in the BOBCV

Exodus 7 in the BOCNT

Exodus 7 in the BOGWICC

Exodus 7 in the BOHCB

Exodus 7 in the BOHCV

Exodus 7 in the BOHLNT

Exodus 7 in the BOHNTLTAL

Exodus 7 in the BOICB

Exodus 7 in the BOILNTAP

Exodus 7 in the BOITCV

Exodus 7 in the BOKCV

Exodus 7 in the BOKCV2

Exodus 7 in the BOKHWOG

Exodus 7 in the BOKSSV

Exodus 7 in the BOLCB

Exodus 7 in the BOLCB2

Exodus 7 in the BOMCV

Exodus 7 in the BONAV

Exodus 7 in the BONCB

Exodus 7 in the BONLT

Exodus 7 in the BONUT2

Exodus 7 in the BOPLNT

Exodus 7 in the BOSCB

Exodus 7 in the BOSNC

Exodus 7 in the BOTLNT

Exodus 7 in the BOVCB

Exodus 7 in the BOYCB

Exodus 7 in the BPBB

Exodus 7 in the BPH

Exodus 7 in the BSB

Exodus 7 in the CCB

Exodus 7 in the CUV

Exodus 7 in the CUVS

Exodus 7 in the DBT

Exodus 7 in the DGDNT

Exodus 7 in the DHNT

Exodus 7 in the DNT

Exodus 7 in the ELBE

Exodus 7 in the EMTV

Exodus 7 in the ESV

Exodus 7 in the FBV

Exodus 7 in the FEB

Exodus 7 in the GGMNT

Exodus 7 in the GNT

Exodus 7 in the HARY

Exodus 7 in the HNT

Exodus 7 in the IRVA

Exodus 7 in the IRVB

Exodus 7 in the IRVG

Exodus 7 in the IRVH

Exodus 7 in the IRVK

Exodus 7 in the IRVM

Exodus 7 in the IRVM2

Exodus 7 in the IRVO

Exodus 7 in the IRVP

Exodus 7 in the IRVT

Exodus 7 in the IRVT2

Exodus 7 in the IRVU

Exodus 7 in the ISVN

Exodus 7 in the JSNT

Exodus 7 in the KAPI

Exodus 7 in the KBT1ETNIK

Exodus 7 in the KBV

Exodus 7 in the KJV

Exodus 7 in the KNFD

Exodus 7 in the LBA

Exodus 7 in the LBLA

Exodus 7 in the LNT

Exodus 7 in the LSV

Exodus 7 in the MAAL

Exodus 7 in the MBV

Exodus 7 in the MBV2

Exodus 7 in the MHNT

Exodus 7 in the MKNFD

Exodus 7 in the MNG

Exodus 7 in the MNT

Exodus 7 in the MNT2

Exodus 7 in the MRS1T

Exodus 7 in the NAA

Exodus 7 in the NASB

Exodus 7 in the NBLA

Exodus 7 in the NBS

Exodus 7 in the NBVTP

Exodus 7 in the NET2

Exodus 7 in the NIV11

Exodus 7 in the NNT

Exodus 7 in the NNT2

Exodus 7 in the NNT3

Exodus 7 in the PDDPT

Exodus 7 in the PFNT

Exodus 7 in the RMNT

Exodus 7 in the SBIAS

Exodus 7 in the SBIBS

Exodus 7 in the SBIBS2

Exodus 7 in the SBICS

Exodus 7 in the SBIDS

Exodus 7 in the SBIGS

Exodus 7 in the SBIHS

Exodus 7 in the SBIIS

Exodus 7 in the SBIIS2

Exodus 7 in the SBIIS3

Exodus 7 in the SBIKS

Exodus 7 in the SBIKS2

Exodus 7 in the SBIMS

Exodus 7 in the SBIOS

Exodus 7 in the SBIPS

Exodus 7 in the SBISS

Exodus 7 in the SBITS

Exodus 7 in the SBITS2

Exodus 7 in the SBITS3

Exodus 7 in the SBITS4

Exodus 7 in the SBIUS

Exodus 7 in the SBIVS

Exodus 7 in the SBT

Exodus 7 in the SBT1E

Exodus 7 in the SCHL

Exodus 7 in the SNT

Exodus 7 in the SUSU

Exodus 7 in the SUSU2

Exodus 7 in the SYNO

Exodus 7 in the TBIAOTANT

Exodus 7 in the TBT1E

Exodus 7 in the TBT1E2

Exodus 7 in the TFTIP

Exodus 7 in the TFTU

Exodus 7 in the TGNTATF3T

Exodus 7 in the THAI

Exodus 7 in the TNFD

Exodus 7 in the TNT

Exodus 7 in the TNTIK

Exodus 7 in the TNTIL

Exodus 7 in the TNTIN

Exodus 7 in the TNTIP

Exodus 7 in the TNTIZ

Exodus 7 in the TOMA

Exodus 7 in the TTENT

Exodus 7 in the UBG

Exodus 7 in the UGV

Exodus 7 in the UGV2

Exodus 7 in the UGV3

Exodus 7 in the VBL

Exodus 7 in the VDCC

Exodus 7 in the YALU

Exodus 7 in the YAPE

Exodus 7 in the YBVTP

Exodus 7 in the ZBP