Ezekiel 3 (BOECS)

1 Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖu nu si le wò ŋkume, ɖu agbalẽ sia, eye nàɖaƒo nu na Israel ƒe aƒe la.” 2 Ale meke nye nu me, eye wòtsɔ agbalẽ la nam be maɖu. 3 Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖu agbalẽ si mele tsɔtsɔm na wò, eye nàtsɔe ayɔ wò dɔgbo.” Ale meɖui, eye wòvivi le nye nu me abe anyitsi ene. 4 Emegbe la, egblɔ nam be, “Ame vi, azɔ la, yi Israel ƒe aƒe la me, eye nàgblɔ nye nya na wo. 5 Nyemele ɖowòm ɖe ame siwo ƒe nuƒoƒo me mekɔ o, eye woƒe gbegbɔgblɔ sesẽ la gbɔ o, ke boŋ mele ɖowòm ɖe Israel ƒe aƒe me, 6 menye ɖe ame geɖewo, ame siwo ƒe nuƒoƒo me mekɔ, woƒe gbegbɔgblɔ sesẽ, eye màte ŋu ase woƒe nyawo gɔme la gbɔ o. Eme kɔ ƒãa be nenye woawo gbɔe meɖo wò ɖo la, woaɖo to wò. 7 Ke Israel ƒe aƒe la mele lɔlɔ̃m be yeaɖo to wò o, elabena womele lɔlɔ̃m be woaɖo tom o, elabena Israel ƒe aƒemetɔwo katã nye tosẽlawo kple kɔlialiatɔwo. 8 Ke mawɔ wò màna ta o, wò ŋkume asẽ, eye màna ta o abe woawo ke ene. 9 Mawɔ wò ŋgonu wòasẽ wu agakpe, eye wòasẽ wu gayibɔ. Mègavɔ̃ wo alo nàna woado ŋɔdzi na wò o, togbɔ be wotso ƒome dzeaglã me hã.” 10 Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖo to nyuie, eye nàlé nya siwo katã megblɔ na wò la me ɖe dzi me. 11 Yi mia detɔ siwo le aboyo me la gbɔ, eye nàƒo nu na wo. Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi,’ ne wosee loo alo wogbe esese.” 12 Mese hoowɔwɔ sesẽ aɖe ƒe ɖiɖi le megbenye be, “Woakafu Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.” 13 Nu gbagbeawo ƒe aʋalawo ƒe lili ɖe wo nɔewo ŋu ƒe ɖiɖi kple tasiaɖam ƒe afɔwo ƒe ɖiɖi sesĩe le wo xa. 14 Gbɔgbɔ la kɔm do ɖe dzi, eye wòkɔm dzoe. Meyi le vevesese kple dzikudodo ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti me, eye Yehowa ƒe asi sesẽ la nɔ dzinye 15 Meva ɖo aboyome siwo nɔ Tel Aviv, afi si te ɖe Kebar Tɔsisi la ŋu la gbɔ. Le afi ma, afi si wonɔ la, menɔ anyi ɖe wo dome ŋkeke adre, eye gbɔgblɔ bu ɖem. 16 Le ŋkeke adreawo ƒe nuwuwu la, Yehowa ƒe nya va nam be, 17 “Ame vi, mewɔ wò gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la, eya ta se nya si magblɔ la, eye nàna nuxɔxlɔ̃ wo tso gbɔnye. 18 Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi aɖe be, ‘Èle kuku ge godoo,’ eye mèxlɔ̃ nui alo ƒo nu kplii hena wòɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃ɖi ŋu, ale be wòaɖe eƒe agbe o la, ame vɔ̃ɖi ma aku le eƒe nu vɔ̃ ta, eye mabia eƒe ʋu ƒe akɔnta tso asiwò me. 19 Ke ne èxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi la, gake meɖe asi le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu alo trɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi o la, ekema aku le eƒe nu vɔ̃ ta, ke wò la, èɖe ɖokuiwò. 20 “Nenema ke, ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔ nu vɔ̃, eye meda nu si wòakli ɖe mɔ me nɛ la, aku. Esi mèxlɔ̃ nui o ta la, aku le eƒe nu vɔ̃ ta. Womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ la dzi o, eye mabia eƒe ʋu tso asiwò me. 21 Ke ne èxlɔ̃ nu ame dzɔdzɔe la be, megawɔ nu vɔ̃ o, eye mewɔ nu vɔ̃ o la, ekema anɔ agbe, elabena ese nuxɔxlɔ̃ eye àɖe ɖokuiwò.” 22 Yehowa ƒe asi nɔ dzinye le afi ma, eye wògblɔ nam be, “Tsi tsitre, nàyi bali la me, eye maƒo nu na wò le afi ma.” 23 Ale metsi tsitre, eye meyi bali la me. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe nɔ tsitre ɖe afi ma abe ŋutikɔkɔe si mekpɔ le Kebar Tɔsisi la to ene, eye metsyɔ mo anyi. 24 Gbɔgbɔ la ge ɖe menye, eye wòna metso ɖe tsitrenu. Eƒo nu nam gblɔ be, “Yi, nàtu ɖokuiwo ɖe wò aƒe me. 25 Ame vi, woabla wò kple ka, woabla wò ale be màte ŋu ado, age ɖe ameawo dome o. 26 Mana wò aɖe nalé ɖe wò aŋɔ ŋu le wò nu me ale be nàzu aɖetututɔ, eye màte ŋu aka mo na wo o, togbɔ be wonye ame dzeaglãwo hã. 27 Ke ne meƒo nu na wò la, maʋu nu na wò, eye nàgblɔ na ameawo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ.’ Ame sia ame si aɖo toe la, neɖo toe, eye ame sia ame si agbe toɖoɖoe la, negbe, elabena ƒome dzeaglãwo wonye.”

In Other Versions

Ezekiel 3 in the ANGEFD

Ezekiel 3 in the ANTPNG2D

Ezekiel 3 in the AS21

Ezekiel 3 in the BAGH

Ezekiel 3 in the BBPNG

Ezekiel 3 in the BBT1E

Ezekiel 3 in the BDS

Ezekiel 3 in the BEV

Ezekiel 3 in the BHAD

Ezekiel 3 in the BIB

Ezekiel 3 in the BLPT

Ezekiel 3 in the BNT

Ezekiel 3 in the BNTABOOT

Ezekiel 3 in the BNTLV

Ezekiel 3 in the BOATCB

Ezekiel 3 in the BOATCB2

Ezekiel 3 in the BOBCV

Ezekiel 3 in the BOCNT

Ezekiel 3 in the BOGWICC

Ezekiel 3 in the BOHCB

Ezekiel 3 in the BOHCV

Ezekiel 3 in the BOHLNT

Ezekiel 3 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 3 in the BOICB

Ezekiel 3 in the BOILNTAP

Ezekiel 3 in the BOITCV

Ezekiel 3 in the BOKCV

Ezekiel 3 in the BOKCV2

Ezekiel 3 in the BOKHWOG

Ezekiel 3 in the BOKSSV

Ezekiel 3 in the BOLCB

Ezekiel 3 in the BOLCB2

Ezekiel 3 in the BOMCV

Ezekiel 3 in the BONAV

Ezekiel 3 in the BONCB

Ezekiel 3 in the BONLT

Ezekiel 3 in the BONUT2

Ezekiel 3 in the BOPLNT

Ezekiel 3 in the BOSCB

Ezekiel 3 in the BOSNC

Ezekiel 3 in the BOTLNT

Ezekiel 3 in the BOVCB

Ezekiel 3 in the BOYCB

Ezekiel 3 in the BPBB

Ezekiel 3 in the BPH

Ezekiel 3 in the BSB

Ezekiel 3 in the CCB

Ezekiel 3 in the CUV

Ezekiel 3 in the CUVS

Ezekiel 3 in the DBT

Ezekiel 3 in the DGDNT

Ezekiel 3 in the DHNT

Ezekiel 3 in the DNT

Ezekiel 3 in the ELBE

Ezekiel 3 in the EMTV

Ezekiel 3 in the ESV

Ezekiel 3 in the FBV

Ezekiel 3 in the FEB

Ezekiel 3 in the GGMNT

Ezekiel 3 in the GNT

Ezekiel 3 in the HARY

Ezekiel 3 in the HNT

Ezekiel 3 in the IRVA

Ezekiel 3 in the IRVB

Ezekiel 3 in the IRVG

Ezekiel 3 in the IRVH

Ezekiel 3 in the IRVK

Ezekiel 3 in the IRVM

Ezekiel 3 in the IRVM2

Ezekiel 3 in the IRVO

Ezekiel 3 in the IRVP

Ezekiel 3 in the IRVT

Ezekiel 3 in the IRVT2

Ezekiel 3 in the IRVU

Ezekiel 3 in the ISVN

Ezekiel 3 in the JSNT

Ezekiel 3 in the KAPI

Ezekiel 3 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 3 in the KBV

Ezekiel 3 in the KJV

Ezekiel 3 in the KNFD

Ezekiel 3 in the LBA

Ezekiel 3 in the LBLA

Ezekiel 3 in the LNT

Ezekiel 3 in the LSV

Ezekiel 3 in the MAAL

Ezekiel 3 in the MBV

Ezekiel 3 in the MBV2

Ezekiel 3 in the MHNT

Ezekiel 3 in the MKNFD

Ezekiel 3 in the MNG

Ezekiel 3 in the MNT

Ezekiel 3 in the MNT2

Ezekiel 3 in the MRS1T

Ezekiel 3 in the NAA

Ezekiel 3 in the NASB

Ezekiel 3 in the NBLA

Ezekiel 3 in the NBS

Ezekiel 3 in the NBVTP

Ezekiel 3 in the NET2

Ezekiel 3 in the NIV11

Ezekiel 3 in the NNT

Ezekiel 3 in the NNT2

Ezekiel 3 in the NNT3

Ezekiel 3 in the PDDPT

Ezekiel 3 in the PFNT

Ezekiel 3 in the RMNT

Ezekiel 3 in the SBIAS

Ezekiel 3 in the SBIBS

Ezekiel 3 in the SBIBS2

Ezekiel 3 in the SBICS

Ezekiel 3 in the SBIDS

Ezekiel 3 in the SBIGS

Ezekiel 3 in the SBIHS

Ezekiel 3 in the SBIIS

Ezekiel 3 in the SBIIS2

Ezekiel 3 in the SBIIS3

Ezekiel 3 in the SBIKS

Ezekiel 3 in the SBIKS2

Ezekiel 3 in the SBIMS

Ezekiel 3 in the SBIOS

Ezekiel 3 in the SBIPS

Ezekiel 3 in the SBISS

Ezekiel 3 in the SBITS

Ezekiel 3 in the SBITS2

Ezekiel 3 in the SBITS3

Ezekiel 3 in the SBITS4

Ezekiel 3 in the SBIUS

Ezekiel 3 in the SBIVS

Ezekiel 3 in the SBT

Ezekiel 3 in the SBT1E

Ezekiel 3 in the SCHL

Ezekiel 3 in the SNT

Ezekiel 3 in the SUSU

Ezekiel 3 in the SUSU2

Ezekiel 3 in the SYNO

Ezekiel 3 in the TBIAOTANT

Ezekiel 3 in the TBT1E

Ezekiel 3 in the TBT1E2

Ezekiel 3 in the TFTIP

Ezekiel 3 in the TFTU

Ezekiel 3 in the TGNTATF3T

Ezekiel 3 in the THAI

Ezekiel 3 in the TNFD

Ezekiel 3 in the TNT

Ezekiel 3 in the TNTIK

Ezekiel 3 in the TNTIL

Ezekiel 3 in the TNTIN

Ezekiel 3 in the TNTIP

Ezekiel 3 in the TNTIZ

Ezekiel 3 in the TOMA

Ezekiel 3 in the TTENT

Ezekiel 3 in the UBG

Ezekiel 3 in the UGV

Ezekiel 3 in the UGV2

Ezekiel 3 in the UGV3

Ezekiel 3 in the VBL

Ezekiel 3 in the VDCC

Ezekiel 3 in the YALU

Ezekiel 3 in the YAPE

Ezekiel 3 in the YBVTP

Ezekiel 3 in the ZBP