Ezekiel 32 (BOECS)

1 Le ƒe wuievelia ƒe ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe gbe va nam be, 2 “Ame vi, kpa konyifaha aɖe tso Farao, Egipte fia ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Èle abe dzata ene le dukɔwo dome, èle abe lã dziŋɔ aɖe ene le atsiaƒuwo me. Èle tsi ƒum le wò tɔsisiwo me,“ ‘Èle tsi la trom kple wò afɔwo,Eye nèna ba ge ɖe tsiawo me. 3 “ ‘Aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi,“ ‘Ameha gã aɖe akpe ɖe ŋunye,Mada nye ɖɔ ɖe dziwò,Eye woahe wò ava gota le nye ɖɔ me. 4 Matsɔ wò aƒu gbe ɖe anyigba dzi,Eye mada wò ɖe gbedzi,Mana dziƒoxeviwo katã nadze ɖe dziwò,Eye anyigbadzilã wɔadãwo katãNanya avuzi le dziwò. 5 Makaka wò ŋutilã ɖe toawo dzi,Eye mana balimewo nayɔ fũu kple wò kukua. 6 Mana wò ʋu natsa le anyigba la dzi,Ayi keke toawo te ke,Eye balimewo ayɔ fũu kple wò ŋutilã. 7 Ne mena nuwò yi la,Matsyɔ nu dziƒo nu.Mana woƒe ɣletiviwo nado viviti.Matsɔ lilikpo atsyɔ ɣe ŋkume,Eye ɣleti magana kekeli o. 8 Dziƒokaɖi keklẽwo katã,Mana woado viviti ɖe dziwò.Mahe viviti ava wò anyigba dzi,Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 9 Maɖe fu na dukɔ geɖewo ƒe dzi,Ne mehe wò tsɔtsrɔ̃ vɛ,Le dukɔwo dome.Le anyigba siwo mènya o la dzi. 10 Mana dukɔ geɖewo ƒe nu naku ɖe tawò,Eye woƒe fiawo nadzo nyanyanyaKple vɔvɔ̃ ɖe tawò,Ne menye nye yi le yame le woƒe ŋkume.Le wò anyidzedze ƒe ŋkeke la dzi la,Wo dometɔ ɖe sia ɖe adzo nyanyanyaƔeawo katã ɣi ɖe eƒe agbe ta. 11 “ ‘Elabena aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ,“ ‘Babilonia fia ƒe yiAdo ɖe ŋuwò. 12 Mana wò amewo natsi ame sesẽwo,Ame siwo sẽa ŋuta wuLe dukɔwo katã dome la ƒe yinu.Woatsi Egipte ƒe dada nu,Eye woaɖu eƒe ame gbogboawo dzi. 13 Matsrɔ̃ eƒe nyiwo katãTso tsi gãwo to,Tsi gã siwo ame ƒe afɔ magablu o,Eye nyiwo ƒe afɔwo magablu ba ɖe wo me o. 14 Ekema mana eƒe tsiwo nadze anyi,Eye mana woatsa abe ami ene.’Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 15 “Ne mena Egipte zu gbegbe,Meɖe nu sia nu si le edzi ɖa,Eye meƒo ame siwo katã le edzi ƒu anyi la,Ekema woanya be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa. 16 “Esiae nye konyifaha si woadzi nɛ. Dukɔawo ƒe vinyɔnuviwo adzii nɛ. Woadzii na Egipte kple eƒe amewo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” 17 Le ƒe wuievelia ƒe ɣletia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be, 18 “Ame vi, fa avi ɖe Egipte ƒe ame gbogboawo ŋu, eye nàna woayi tome, Egipte kple dukɔ sesẽwo ƒe vinyɔnuviwo kple ame siwo yi aʋlime. 19 Gblɔ na wo be, ‘Ɖe wònyo na mi wu ale si wònyo na ame bubuwoea? Miyi tome, eye miamlɔ bolotɔwo dome.’ 20 Woamlɔ ame siwo tsi yinu la dome. Wolé yi la ɖe asi, mina woakplɔe adzoe kple eƒe ame gbogboawo. 21 Le yɔdo la me la, kplɔla ŋusẽtɔwo agblɔ tso Egipte kple ame siwo wòtsɔ aʋae la ŋu be, ‘Wova ɖo tome, eye woamlɔ bolotɔwo, ame siwo tsi yinu la dome.’ 22 “Asiria le afi ma kple eƒe aʋakɔ blibo la; eƒe ame siwo wowu la ƒe yɔdowo ƒo xlãe, ame siwo katã tsi yinu. 23 Woƒe yɔdowo le do la ƒe gogloƒe, eye eƒe aʋakɔ la ƒo xlã yɔdo la. Wowu ame siwo katã do ŋɔdzi na agbagbeawo ƒe anyigba, wotsi yi nu. 24 “Elam le afi ma, eye eƒe amehawo katã ɖe to ɖe eƒe yɔdo, Ame tsiaʋawo sɔŋ wonye, eye wotsi yinu, wonye bolotɔwo yi tsiẽƒe, woawoe de ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe ɖe aʋlimeyilawo ŋu. 25 Wotsɔ eya kple eƒe amehawo katã mlɔ Ame tsiaʋawo dome, woƒe yɔdowo ɖe to ɖee, bolotɔwo sɔŋ wonye, eye woda yi wo, elabena wode ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe ɖe aʋlimeyilawo ŋu; Ame tsiaʋawo dome wokɔ wo mlɔe. 26 “Mesek kple Tubal le afi ma kple woƒe ame gbogboawo katã, ƒo xlã yɔdoawo. Wo katã wonye bolotɔwo, wowu wo kple yi, elabena wokaka woƒe ŋɔdzidoname ɖe agbagbeawo ƒe anyigba dzi. 27 Ɖe womemlɔ aʋawɔla bubuawo, ame siwo nye bolotɔwo dome, ame siwo ku, woyi yɔdo la me kple woƒe aʋawɔnuwo, ame siwo ƒe yi wotsɔ da ɖe woƒe ta te oa? Woƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe le woƒe ƒuwo dzi togbɔ be aʋawɔla siawo ƒe ŋɔdzidoname xɔ agbagbeawo ƒe anyigba dzi hã. 28 “Wò hã, O! Farao, woagbã wò gudugudu, eye nàmlɔ bolotɔwo kple ame siwo tsi yinu la dome. 29 “Edom le afi ma, eƒe fiawo kple fiaviŋutsuwo katã. Togbɔ be wonye ŋusẽtɔwo hã la, wotsɔ wo mlɔ ame siwo tsi yinu la dome. Womlɔ bolotɔwo kple ame siwo yi aʋlime la dome. 30 “Anyiehe fiaviwo katã kple Sidontɔwo katã le afi ma. Woyi aʋlime kple ŋukpe kple ame siwo wowu le ŋɔdzi si woƒe ŋusẽ do na amewo megbe. Womlɔ anyi aʋamatsomatsoe kple ame siwo yi aʋlime. 31 “Farao, eya kple eƒe aʋakɔ blibo la, akpɔ wo, eye woafa akɔ na wo le woƒe ame gbogbo siwo tsi yi nu la ta. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 32 Togbɔ be meɖe mɔ, wòdo ŋɔdzi na amewo le agbagbeawo ƒe anyigba dzi hã la, woakɔ Farao kple eƒe ame gbogboawo katã amlɔ bolotɔwo kple ame siwo tsi yinu la dome.” Aƒetɔ Yehowa gblɔe.

In Other Versions

Ezekiel 32 in the ANGEFD

Ezekiel 32 in the ANTPNG2D

Ezekiel 32 in the AS21

Ezekiel 32 in the BAGH

Ezekiel 32 in the BBPNG

Ezekiel 32 in the BBT1E

Ezekiel 32 in the BDS

Ezekiel 32 in the BEV

Ezekiel 32 in the BHAD

Ezekiel 32 in the BIB

Ezekiel 32 in the BLPT

Ezekiel 32 in the BNT

Ezekiel 32 in the BNTABOOT

Ezekiel 32 in the BNTLV

Ezekiel 32 in the BOATCB

Ezekiel 32 in the BOATCB2

Ezekiel 32 in the BOBCV

Ezekiel 32 in the BOCNT

Ezekiel 32 in the BOGWICC

Ezekiel 32 in the BOHCB

Ezekiel 32 in the BOHCV

Ezekiel 32 in the BOHLNT

Ezekiel 32 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 32 in the BOICB

Ezekiel 32 in the BOILNTAP

Ezekiel 32 in the BOITCV

Ezekiel 32 in the BOKCV

Ezekiel 32 in the BOKCV2

Ezekiel 32 in the BOKHWOG

Ezekiel 32 in the BOKSSV

Ezekiel 32 in the BOLCB

Ezekiel 32 in the BOLCB2

Ezekiel 32 in the BOMCV

Ezekiel 32 in the BONAV

Ezekiel 32 in the BONCB

Ezekiel 32 in the BONLT

Ezekiel 32 in the BONUT2

Ezekiel 32 in the BOPLNT

Ezekiel 32 in the BOSCB

Ezekiel 32 in the BOSNC

Ezekiel 32 in the BOTLNT

Ezekiel 32 in the BOVCB

Ezekiel 32 in the BOYCB

Ezekiel 32 in the BPBB

Ezekiel 32 in the BPH

Ezekiel 32 in the BSB

Ezekiel 32 in the CCB

Ezekiel 32 in the CUV

Ezekiel 32 in the CUVS

Ezekiel 32 in the DBT

Ezekiel 32 in the DGDNT

Ezekiel 32 in the DHNT

Ezekiel 32 in the DNT

Ezekiel 32 in the ELBE

Ezekiel 32 in the EMTV

Ezekiel 32 in the ESV

Ezekiel 32 in the FBV

Ezekiel 32 in the FEB

Ezekiel 32 in the GGMNT

Ezekiel 32 in the GNT

Ezekiel 32 in the HARY

Ezekiel 32 in the HNT

Ezekiel 32 in the IRVA

Ezekiel 32 in the IRVB

Ezekiel 32 in the IRVG

Ezekiel 32 in the IRVH

Ezekiel 32 in the IRVK

Ezekiel 32 in the IRVM

Ezekiel 32 in the IRVM2

Ezekiel 32 in the IRVO

Ezekiel 32 in the IRVP

Ezekiel 32 in the IRVT

Ezekiel 32 in the IRVT2

Ezekiel 32 in the IRVU

Ezekiel 32 in the ISVN

Ezekiel 32 in the JSNT

Ezekiel 32 in the KAPI

Ezekiel 32 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 32 in the KBV

Ezekiel 32 in the KJV

Ezekiel 32 in the KNFD

Ezekiel 32 in the LBA

Ezekiel 32 in the LBLA

Ezekiel 32 in the LNT

Ezekiel 32 in the LSV

Ezekiel 32 in the MAAL

Ezekiel 32 in the MBV

Ezekiel 32 in the MBV2

Ezekiel 32 in the MHNT

Ezekiel 32 in the MKNFD

Ezekiel 32 in the MNG

Ezekiel 32 in the MNT

Ezekiel 32 in the MNT2

Ezekiel 32 in the MRS1T

Ezekiel 32 in the NAA

Ezekiel 32 in the NASB

Ezekiel 32 in the NBLA

Ezekiel 32 in the NBS

Ezekiel 32 in the NBVTP

Ezekiel 32 in the NET2

Ezekiel 32 in the NIV11

Ezekiel 32 in the NNT

Ezekiel 32 in the NNT2

Ezekiel 32 in the NNT3

Ezekiel 32 in the PDDPT

Ezekiel 32 in the PFNT

Ezekiel 32 in the RMNT

Ezekiel 32 in the SBIAS

Ezekiel 32 in the SBIBS

Ezekiel 32 in the SBIBS2

Ezekiel 32 in the SBICS

Ezekiel 32 in the SBIDS

Ezekiel 32 in the SBIGS

Ezekiel 32 in the SBIHS

Ezekiel 32 in the SBIIS

Ezekiel 32 in the SBIIS2

Ezekiel 32 in the SBIIS3

Ezekiel 32 in the SBIKS

Ezekiel 32 in the SBIKS2

Ezekiel 32 in the SBIMS

Ezekiel 32 in the SBIOS

Ezekiel 32 in the SBIPS

Ezekiel 32 in the SBISS

Ezekiel 32 in the SBITS

Ezekiel 32 in the SBITS2

Ezekiel 32 in the SBITS3

Ezekiel 32 in the SBITS4

Ezekiel 32 in the SBIUS

Ezekiel 32 in the SBIVS

Ezekiel 32 in the SBT

Ezekiel 32 in the SBT1E

Ezekiel 32 in the SCHL

Ezekiel 32 in the SNT

Ezekiel 32 in the SUSU

Ezekiel 32 in the SUSU2

Ezekiel 32 in the SYNO

Ezekiel 32 in the TBIAOTANT

Ezekiel 32 in the TBT1E

Ezekiel 32 in the TBT1E2

Ezekiel 32 in the TFTIP

Ezekiel 32 in the TFTU

Ezekiel 32 in the TGNTATF3T

Ezekiel 32 in the THAI

Ezekiel 32 in the TNFD

Ezekiel 32 in the TNT

Ezekiel 32 in the TNTIK

Ezekiel 32 in the TNTIL

Ezekiel 32 in the TNTIN

Ezekiel 32 in the TNTIP

Ezekiel 32 in the TNTIZ

Ezekiel 32 in the TOMA

Ezekiel 32 in the TTENT

Ezekiel 32 in the UBG

Ezekiel 32 in the UGV

Ezekiel 32 in the UGV2

Ezekiel 32 in the UGV3

Ezekiel 32 in the VBL

Ezekiel 32 in the VDCC

Ezekiel 32 in the YALU

Ezekiel 32 in the YAPE

Ezekiel 32 in the YBVTP

Ezekiel 32 in the ZBP